Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nunana Dzidzɔtɔe Tso Dzi Me

Nunana Dzidzɔtɔe Tso Dzi Me

Nunana Dzidzɔtɔe Tso Dzi Me

PAULO ŋlɔ ku ɖe nunana ŋu bena: “Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene,” eye wògagblɔ kpee be: “Menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” (2 Kor. 9:7) Yehowa mezinɛ ɖe ame aɖeke dzi be wòado alɔ tadedeagu dzadzɛa o. Enaa mɔnukpɔkpɔ esubɔlawo be woaɖe woƒe ɖokuitsɔtsɔ na eya amea afia to woƒe nunana faa dzidzɔtɔe dzi. Eye le ŋutinya katã me la, eƒe amewo tsɔ dzonɔameme wɔ esia. Bu eƒe kpɔɖeŋu etɔ̃ aɖewo ŋu kpɔ.

Esi Yehowa kplɔ Israel viwo do goe tso Egipte vɔ la, ebia tso wo si be woatu avɔgbadɔ la. Wohiã nu geɖewo hena avɔgbadɔa tutu, eya ta wokpe Israel viwo be woadzɔ nu. Le esia ta, ‘ame sia ame si wòdzɔ dzi na’ la dzɔ sika kple klosalo, atsyɔ̃ɖonuwo, kple nu bubuwo. Ameawo dzɔ nu ale gbegbe be woɖe gbeƒãe be woadzudzɔ nuawo dzɔdzɔ.—2 Mose 35:5, 21; 36:6, 7.

Le ƒe alafa nanewo megbe esi wòva hiã be woatu gbedoxɔa la, mɔnukpɔkpɔa gasu Mawu ƒe amewo si be woado alɔ tadedeagu dzadzɛa. Fia David ŋutɔ dzɔ nu gbogbo aɖewo hena gbedoxɔa tutu, eye wòkpe ame bubuwo be woawo hã nadzɔ nu. Ameawo dzɔ nu kple dzonɔameme. Ne wobu sika kple klosalo siwo wodzɔ la ɖeɖe dzaa ƒe home la, ewu dɔlar biliɔn 100 sɔŋ le egbegbe ƒe asixɔxɔ nu! Dukɔ la kpɔ dzidzɔ le esi wolɔ̃ faa na nu Yehowa ta.—1 Kron. 29:3-9; 2 Kron. 5:1.

Yesu Kristo yomedzela gbãtɔawo hã ɖe nunana dzidzɔtɔe ƒe gbɔgbɔ ma tɔgbi fia. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, ame siwo anɔ abe 3,000 ene siwo dometɔ geɖe metso Yerusalem o la, xɔ nyɔnyrɔ. Nɔviawo dzɔ nu ɣeyiɣi aɖe bene woatsɔ akpe ɖe ame siwo dzi nu mede o la ŋu bene woayi edzi anɔ dugã la me asrɔ̃ nu geɖe wu tso woƒe xɔse yeyea ŋu. Nɔviawo dzra woƒe nunɔamesiwo hetsɔ ga la vae na apostoloawo bene woatsɔe ado alɔ ame siwo hiã na kpekpeɖeŋu. Ðikeke mele eme o be dzi anya dzɔ Yehowa ŋutɔ esi wòkpɔ xɔse kple lɔlɔ̃ɖeɖefia ma gbegbe teƒe!—Dɔw. 2:41-47.

Egbea la, Kristotɔwo gale woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ga zãm tsɔ le alɔ dom tadedeagu dzadzɛa faa dzidzɔtɔe. Àkpɔ mɔnu vovovo siwo dzi nàte ŋu ato awɔ esia la le aɖaka si le ete me.

[Aɖaka si le axa 18, 19]

MƆ SIWO DZI AME AÐEWO TONA DZƆA NU

NUDZƆDZƆ HENA XEXEA ME KATÃ ƑE DƆA

Ame geɖe ɖoa ga home aɖe koŋ ɖi si wodana ɖe nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ ɖo be, “Xexea Me Katã Ƒe Dɔa” me.

Ɣleti sia ɣleti la, hamewo ɖoa ga siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le woƒe dukɔa me. Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖe Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., Attention Treasurer’s Office, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483 tẽe, alo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nudzɔlaa le me. (Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖo siwo dze le ete me la hã ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nudzɔlaa le me.) Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽ siwo woaɖo ɖa to adrɛs si le etame dzi la dzi be, woaxee na “Watchtower.” Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu, si aɖe nu me be ɖe wotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ.

NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO

Woate ŋu adzɔ ga le ɖoɖo tɔxɛ sia nu na Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania be wòazã ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu. Gake ne gaa dzɔla bia gaa la, woagatrɔe anae. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatsɛ, ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame alo nàzã telefonxexlẽdzesi si nye (718) 560-7500 atsɔ aƒo ka na dɔwɔƒea.

NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO

Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubu siwo dzi woato akpe asi ɖe xexea me katã ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋu hã li. Esiawo ƒe ɖewoe nye:

Nugblẽfexexe: Ame ate ŋu atia Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania be eyae woaxe yeƒe nugblẽfe na ne yeku alo be eyae woaxe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega na.

Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Ame ate ŋu ana Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania naxɔ ga si wòda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo; alo habɔbɔa naxɔ amea ƒe dzudzɔxɔxɔ le dɔ me ƒe ga esime amea gakpɔtɔ le agbe loo, alo le eƒe ku megbe, le mia gbɔ gadzraɖoƒeɖoɖowo nu.

Ga Si Wode Dɔ Aɖe Me Kple Esi Wodo Na Dɔwɔƒewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania wòanye nunana si wotsɔ ke keŋkeŋ alo woagblɔ be woaxee na Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania le nudzɔlaa ƒe ku megbe.

Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana wòanye nu si ŋu woɖe asi le keŋkeŋ, alo ne aƒe si me nunalaa lee wònye la, woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi nɛ be wòanɔ eme le eƒe agbenɔɣi. Ele be nunalaa nana alɔdzedɔwɔƒe si le woƒe dukɔa me nanya hafi wòawɔ aƒe alo anyigba siawo tsɔtsɔ na ŋuti gbalẽwo.

Nunanaɖoɖo Si Me Woɖea Nane Le Naa Nunalaa Ƒe Sia Ƒe: Nunanaɖoɖo sia nye ɖoɖo si me wotsɔa ame ƒe ga alo nunɔamesi siwo ŋu nya aɖeke meku ɖo o naa dɔwɔƒe aɖe si Yehowa Ðasefowo zãna alo si le woƒe dzikpɔkpɔ te. Woxea ga home aɖe koŋ na nunalaa, alo na ame si nunalaa tia la, ƒe sia ƒe le eƒe agbenɔɣi katã ɖe eƒe nunana la teƒe. Woɖea adzɔxexe ƒe agba dzi kpɔtɔna na nunalaa le ƒe si me wòtsɔ nua na.

Domenyinumagbalẽwo Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Ame ate ŋu ato domenyinumagbalẽ, si wòwɔ le setɔwo gbɔ, dzi ana eƒe nunɔamesi alo ga nazu Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania tɔ le eƒe ku megbe, alo woate ŋu atia Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania wòanɔ ame siwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nu siwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe la ta o.

Abe ale si nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo koŋ ɖe nunana siawo tɔgbi ŋu. Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ɖe Eŋlisi kple Spain gbewo me, be wòakɔ nu me na ame siwo di be yewoado alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔa, to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ ana nyatakaka tso mɔnu vovovo siwo dzi ame ate ŋu ato ana nu fifia alo awɔ ɖoɖo be woatsɔ yeƒe kesinɔnu aɖewo ana habɔbɔa le yeƒe ku megbe ŋu. Esi ame geɖe xlẽ agbalẽ gbadza la hedzro nu me kple woawo ŋutɔwo ƒe setɔwo alo adzɔxexe ŋu ɖaŋuɖolawo vɔ megbe la, wote ŋu kpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe subɔsubɔdɔa, kple dɔ siwo wowɔna tsɔ kpena ɖe ame siwo hiã tu ŋu la ŋu, eye wokpɔ viɖe geɖe le woƒe adzɔxenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Woate ŋu abia agbalẽ gbadza sia ƒe ɖe tso Nunana Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea gbɔ tẽe.

Ne èdi nyatakaka geɖe wu la, àte ŋu abia Nunana Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea, to adrɛs si le ete la zazã atsɔ aŋlɔ agbalẽ na wo me loo, alo nàƒo ka na wo, alo nàbia alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nèle me.

Charitable Planning Office

Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

100 Watchtower Drive

Patterson, New York 12563-9204

Telephone: (845) 306-0707