Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe wòasɔ be nɔvinyɔnu nabla ta ne ele Biblia me nuƒowo gɔme ɖem ɖe tokunɔgbe me le Kristotɔwo ƒe kpekpewo, takpekpe suewo alo takpekpe gãwo mea?

Ne míagblɔe gbadzaa la, ele be nyɔnu Kristotɔ nabla ta ne ele nu siwo nye srɔ̃aŋutsu alo nɔviŋutsu Kristotɔ aɖe ƒe agbanɔamedzi hafi la wɔm. Esia wɔ ɖeka kple gɔmeɖose si dze le apostolo Paulo ƒe nya siawo me be, “nyɔnu sia nyɔnu, si metsyɔa nu ta hafi doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi o la, doa ŋukpe eƒe ta,” elabena “nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu.” (1 Kor. 11:3-10) Ne nɔvinyɔnu bla ta le nɔnɔme nyui me ɖokuibɔbɔtɔe le nɔnɔme siawo tɔgbi me la, ke ele eɖem le fiafiam be yebɔbɔ ye ɖokui ɖe Kristo hamea ƒe teokrasiɖoɖowo te.—1 Tim. 2:11, 12. *

Ekema ɖe wòle be nɔvinyɔnu nabla ta ne ele dutoƒonuƒo si nɔviŋutsu aɖe le ƒoƒom la gɔme ɖem ɖe tokunɔgbe mea? Ele eme be nya si nɔviŋutsua le gbɔgblɔm la gɔme ko ɖem nɔvinyɔnua le ɖe tokunɔgbea me ya. Ne míagblɔe la, menye eyae le nua fiam o, ke boŋ nɔviŋutsu si le nuƒoa ƒom hafi eya le egɔme ɖem lae le nua fiam. Ke hã, vovototo gã aɖe le gbegɔmeɖeɖe ɖe tokunɔgbe me kple egɔmeɖeɖe ɖe gbe si wogblɔna me dome. Le gbe siwo wogblɔna gome la, nyaselawo ƒe susu ate ŋu anɔ nuƒolaa ŋu eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woaganɔ to ɖom gbegɔmeɖelaa hã. Zi geɖe la, afi si nɔvinyɔnu siwo ɖea gbe gɔme le nɔnɔme mawo me nɔna la menyea esi hea susu yia wo dzi o. Ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã la, wotea ŋu nana wonɔa anyi hafi nɔa gbea gɔme ɖem alo ne wole tsitrenu hã la, wodzea ŋgɔ nuƒolaa boŋ, ke menye nyaselawo o. Eya ta mahiã be nɔvinyɔnu si le gbe gɔme ɖem ɖe gbe si wogblɔna me la nabla ta o.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mɔɖaŋununya ƒe nutovɛ yeye siwo ŋu dɔ wɔm wole fifia ne wole nuƒowo gɔme ɖem ɖe tokunɔgbe me la wɔnɛ be gbegɔmeɖelaa koŋ ŋue nyaselawo ƒe susu nɔna wu. Zi geɖe la, gbegɔmeɖelaa dzena le sinimakpe gã aɖe dzi nyaselawo kpɔna, evɔ nuƒolaa ŋutɔ medzena ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã o. Eya ta asɔ be nɔvinyɔnu si le gbea gɔme ɖem ɖe tokunɔgbe me la naɖee afia be nyagɔmeɖela koe yenye ke menye nufiala o, to tababla dzi.

Le esi wotrɔ asi le mɔfiameawo ŋu alea ta la, ne wole Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe dɔdeasi vovovowo, kple wɔwɔfiawo wɔm, alo ne wole nya ŋu ɖom le Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃, Subɔsubɔ Kpekpe kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me eye wòhiã be woaɖe wo gɔme ɖe, nu kae woawɔ? Ðe wòahiã be nɔvinyɔnu si ɖea gbe gɔme ɖe tokunɔgbe me la nabla ta le nɔnɔme mawo mea? Edze abe mahiã be nɔvinyɔnua nabla ta le nɔnɔme aɖewo me o ene, elabena vavalawo katã ate ŋu akpɔe adze sii be menye eyae nye ame si le kpekpea dzi kpɔm o. Le kpɔɖeŋu me, mahiã be wòabla ta ne ele nyaselawo ƒe nyaŋuɖoɖowo, dɔdeasi siwo wɔm nɔvinyɔnuwo le le sukua me, alo wɔwɔfiawo gɔme ɖem o. Gake ne ele nuƒo siwo nɔviŋutsuwo ƒona le kpekpe siawo me gɔme ɖem, ne ele Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla alo Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla ƒe nyawo gɔme ɖem, alo le ŋgɔ xɔm le hadzidzi gɔme ɖeɖe me la, ele be wòabla ta. Le kpekpe aɖe me la, ate ŋu ahiã be nɔvinyɔnu aɖe naɖe gbe gɔme na nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, ɖeviwo, kple hamemetsitsiwo. Le ema ta la, asɔ wu be nɔvinyɔnu gbegɔmeɖela nabla ta le kpekpe bliboa wɔɣi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, July 15, 2002, axa 26-27 memama 1-4, 6-9 hena numeɖeɖe geɖe wu ku ɖe nyɔnu Kristotɔwo ƒe tababla ŋu.