Dɔ Geɖe Wɔwɔ Le Mawusubɔsubɔ Me Dzidzɔtɔe
Dɔ Geɖe Wɔwɔ Le Mawusubɔsubɔ Me Dzidzɔtɔe
YEHOWA di be nàkpɔ dzidzɔ. (Ps. 100:2) Abe esubɔlawo dometɔ ɖeka ene la, ɖewohĩ vovo mele wò hã ŋuwò kura o. Ðewohĩ nu geɖe gbɔ kpɔkpɔ medze ŋgɔwò alea gbegbe esime nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Mawu o, gake fifia la, ŋutilãmedɔwo kple gbɔgbɔmegbanɔamedziwo gbɔ kpɔkpɔ na nèsena le ɖokuiwò me be yexaxa. Ðewohĩ etena ɖe dziwò gɔ̃ hã be mètea ŋu wɔa nu siwo katã nèɖo be yeawɔ la dea goe o. Aleke nàwɔ ada asɔ ahayi edzi anɔ ‘Yehowa ƒe dzidzɔ’ la me?—Nex. 8:10.
Ɣeyiɣi sesẽwo mee nèle agbe le, eye anɔ eme be èle akɔ kpem kple nɔnɔme sesẽ geɖewo, eya ta ehiã be nàwɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu nyuie. Eya ta apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ la dometɔ aɖewo asɔ na wò nyuie be: “Mikpɔ nyuie, be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miƒle ɣeyiɣi si sɔ la na mia ɖokui, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.”—Ef. 5:15, 16.
Esi aɖaŋuɖoɖo sia le susu me na wò la, aleke nàte ŋu aɖo taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo bɔbɔe la na ɖokuiwò, ahada asɔ le ɖokuisinusɔsrɔ̃, ƒomea dzi kpɔkpɔ, gbeadzisubɔsubɔdɔa, dɔwɔɖui, kple dɔ bubu siwo hiã la katã gbɔ kpɔkpɔ me?
Èɖo ŋku dzidzɔ si nèkpɔ esi nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ la dzia? Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze si va su asiwò la gbɔe wò dzidzɔkpɔkpɔa tso. Anɔ eme be èsrɔ̃ nu veviedodotɔe ɣleti gbogbo aɖewo hafi sidzedze kple dzidzɔ ma su asiwò. Gake ɖikeke mele eme o be wò agbagbadzedzeawo ɖe vi. Nu siwo nèva srɔ̃ la trɔ wò agbenɔnɔ wòganyo ɖe edzi.
Be nàyi edzi anɔ dzidzɔ sia kpɔm la, ele be nànɔ ɖokuiwò nyim le gbɔgbɔ me. Ne esesẽna na wò be nàkpɔ ɣeyiɣi na Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ la, ke ele be nàgbugbɔ ŋku alé ɖe wò ɖoɖowɔɖiwo ŋu. Ne miniti ʋɛ aɖewo koe nètea ŋu srɔ̃a nu hedea ŋugble le ŋkeke bliboa me hã la, ana nàgate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu, eye ɖikeke mele eme o be esia ana nànɔ dzidzɔ geɖe wu kpɔm.
Mawu subɔla akpa gãtɔ ate ŋu aɖe asi le nu siwo mele vevie tututu o la wɔwɔ ŋu, bene woakpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe nu siwo le vevie wu la ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae mezãna ɖe xexememagazinewo alo nyadzɔdzɔgbalẽwo xexlẽ, televisionkpɔkpɔ, toɖoɖo hadzidziwo, alo modzakaɖedɔwo ŋu?’ Nenye be míeda sɔ le nu siawo wɔwɔ me ko hafi míate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ. (1 Tim. 4:8) Ne ède dzesii be yemetea ŋu wɔa ɖoɖo ɖe ɣeyiɣi ŋu nyuie o la, ke dze agbagba nàgbugbɔ asi atrɔ le wò ɖoɖowɔɖiwo ŋu.
Adam, si nye srɔ̃ŋutsu aɖe, si si vi etɔ̃ le, eye wòganye hamemetsitsi la, gblɔ nu si kpena ɖe eŋu ale: “Medzea agbagba be manɔ agbe tsɛ. Meƒoa asa na modzakaɖedɔ siwo xɔa ɣeyiɣi geɖe le ame si, kple nunɔamesi siwo gbɔ kpɔkpɔ bia dɔ geɖe la ƒeƒle. Menye be ɖe metea nu ɖokuinye le agbe me o—nya la koe nye be mekpɔa dzidzɔ ɖe modzakaɖeɖe siwo maxɔ ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe le asinye o la ŋu.”
Ŋugbledede le nu nyui siwo do go tso wò nyametsotsowo me ŋu ate ŋu ana nàganɔ dzidzɔ geɖe wu kpɔm, eye wòana nukpɔsusu nyui nanɔ asiwò. Le kpɔɖeŋu me, Mariusz, si nye hamemetsitsi si si vi etɔ̃ le la gblɔ be: “Esi meva te Biblia sɔsrɔ̃ la, kakaɖedzi kple mɔkpɔkpɔ va nɔ asinye ɖe etsɔme ŋu. Enuenu la, megakpɔtɔ doa go nɔnɔme sesẽwo, eye wo dometɔ aɖewo la, Yehowa koe nya nu tso wo ŋu. Gake eƒe kpekpeɖeŋu wɔe be mekpɔa mɔ na etsɔme kple dzidzɔ.”
Abe ale si wònɔ le Mariusz gome ene la, nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ maɖe dzimaɖitsitsi ɖa keŋkeŋ ya o. Gake ate ŋu ana wò dzi nadze eme wu eye nàte ŋu anɔ te ɖe agbemekuxiwo nu nyuie wu. Lododowo ƒe agbalẽa gblɔ be: “Hiãtɔ ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃; ke dzi kpɔdzidzɔ enye aglotutu atraɖi.” (Lod. 15:15) De ŋugble le lɔlɔ̃ si Mawu ɖe fia wò la hã ŋu. Ŋugbledede alea ate ŋu ado ŋusẽ lɔlɔ̃ si le asiwò nɛ ahana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu le Mawu subɔsubɔ me.—Mat. 22:37.
Ne ƒomewo tsɔ Yehowa kple eƒe nudidiwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me la, woakpɔ dzidzɔ geɖe wu. Ne woɖea Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo fiana la, masɔmasɔwo dzi ɖena kpɔtɔna, wo dome nɔa kplikplikpli, eye wokpɔa dzidzɔ geɖe wu. Ekema aƒea me anye afi si tomefafa kple ɖekawɔwɔ axɔ aƒe ɖo.—Ps. 133:1.
Ne ƒomea kpɔa gome le gbɔgbɔmedɔwo me ɖekae la, ana woƒe dzidzɔkpɔkpɔ nagade to ɖe edzi wu. Mariusz gblɔ be: “Ɣeyiɣi si míezãna ɖekae abe ƒome ene la le vevie nam ŋutɔ. Srɔ̃nye hã kpea asi ɖe ŋunye ŋutɔ. Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, enɔa ŋunye, eɖanye le gbeadzisubɔsubɔdɔa me alo ne mele gome kpɔm le takpekpewɔƒewo dzadzraɖodɔwo me, eye edoa velia nam ne meyina dutoƒonuƒo ƒo ge le hame bubuwo me. Esia dea dzi ƒo nam ŋutɔ.”
Wobia tso Kristotɔwo si le Ŋɔŋlɔawo me be woakpɔ woƒe ƒomewo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo. (1 Tim. 5:8) Gake ne ŋutilãmedɔwo xɔa wò ɣeyiɣi kple wò ŋusẽ geɖe akpa la, ate ŋu ana màgakpɔ dzidzɔ le Mawu subɔsubɔ me o. Do gbe ɖa le eŋu na Yehowa. (Ps. 55:23) Ame aɖewo de dzesii be, hafi yewoate ŋu atsɔ Mawu Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ la, ele be yewoadi dɔwɔɖui bubu. Mele be Kristotɔ aɖeke nana ga home si wòakpɔ tso dɔ aɖe si xɔa ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe le esi me la, nana wòaŋe aɖaba aƒu gbɔgbɔmenuwo, siwo le vevie wu la dzi o.—Lod. 22:3.
Ðewohĩ àkpɔe be nu si ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe nye be nàŋlɔ nu deamedzi kple nu madeamedzi siwo le dɔ aɖe si nàva wɔ alo esi wɔm nèle fifia me la ɖi. Ele eme be fetu nyui kple dɔ si naa dzidzeme ame wɔwɔ dzroa ame ya. Gake ɖe dɔ si wɔm nèle fifia la ɖea mɔ na wò nèkpɔa wò ƒomea ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ gbɔ nyuiea? Bu nu siawo katã ŋu nyuie ne nàwɔ nyametsotso si ana ƒomedodo si le mia kple Yehowa dome la nanye nu vevitɔ na wò le agbe me.
Ne èkpɔe be wò dɔwɔɖui mele mɔ ɖem na wò be nàwɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi o la, ke ehiã be nàwɔ asitɔtrɔ. Kristotɔ geɖewo wɔ tɔtrɔ ɖedzesi siwo na wokpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. Nɔviŋutsu aɖe si le Poland gblɔ be: “Ɣeaɖeɣi va yi la, mekpɔe be nu bubu aɖeke megali mawɔ tsɔ wu be maɖe asi le dɔ si wɔm menɔ la ŋu o, elabena dɔa bia be manɔ ƒomea gblẽm ɖi ahanɔ mɔ zɔm edziedzi. Nyemekpɔa vovo ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu alo tea ŋu léa be na nye ƒomea nyuie o.” Fifia ele dɔ bubu aɖe si mebia ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe abe ekemɛa ene o la wɔm.
Dzi Nedzɔ Wò To Kpekpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Me
Yesu gblɔ be “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔw. 20:35) Nunana amewo ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe le ʋuʋu ɖi na Kristotɔwo. Ɣeaɖewoɣi la, alɔgbɔnukoko vividoɖeameŋutɔe, asinana ame aɖe, alo akpedada na nɔvi aɖe ɖe teokrasidɔ aɖe si wòwɔ nyuie la ta tso dzi me koe nye nu si hiã be nàwɔ be dzi nadzɔ mi ame evea siaa.
1 Tes. 5:14) Ðewohĩ luʋɔ siwo lé blanui la asusui be yewomate ŋu anɔ te ɖe kuxi aɖewo nu le yewo ɖokui si o. Ðe nàte ŋu ana kpekpeɖeŋu ame siawo tɔgbia? Ne ède dzesii be dzi megale nɔvi aɖe dzɔm le Yehowa subɔsubɔ me o la, dze agbagba nàde dzi ƒo nɛ. Esia wɔwɔ ade dzi ƒo na wò ŋutɔ hã. Ele eme be kuxi aɖewo li siwo gbɔ amegbetɔwo mate ŋu akpɔ o ya. Gake àte ŋu aɖe dɔmetɔtrɔ afia ahade dzi ƒo nɛ be wòaɖo dzi ɖe Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu si medoa kpo nu o la ŋu. Ŋu makpe ame siwo wɔnɛ alea la akpɔ gbeɖe o.—Ps. 27:10; Yes. 59:1.
Apostolo Paulo de dzi ƒo na ehati Kristotɔwo be: “Miƒo nu na luʋɔ siwo lé blanui la akɔfafatɔe, mikpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu.” (Afɔ nyui bubu si nàte ŋu aɖe ye nye be, nàkpe ame si dzi megale dzɔdzɔm o la be wòawɔ dɔ kpli wò le gbeƒãɖeɖedɔa me. Esi Yesu dɔ nusrɔ̃la 70-awo la, edɔ wo “eveveve.” (Luka 10:1) Ðe mexɔe se be mɔnu sia na wote ŋu de dzi ƒo na wo nɔewo oa? Ðe wò hã àte ŋu azɔ kple ame aɖe si dzi mele dzɔdzɔm o la ahakpe ɖe eŋu be dzi nagadzɔe akea?
Agbea yɔ fũu kple nu vevi siwo ŋu wòsɔ le be woatsi dzi ɖo. Ke hã, Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Dzi nedzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi. Megale egblɔm ake be: Dzi nedzɔ mi!” (Flp. 4:4) Esi nèlɔ̃ Mawu, ɖoa toe, hedoa vevie nu le dɔ si wòde asiwò la wɔwɔ me ta la, taɖodzinu le wò agbe ŋu. Esia nana nèkpɔa dzidzɔ. Gawu la, Yehowa kpena ɖe ŋuwò be nàte ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ kple kuxi siwo nèdoa goe la nu.—Rom. 2:6, 7.
Míetsɔ míaƒe xɔseŋkuwo kpɔnɛ be míegogo xexe yeye si ƒe ŋugbe Yehowa do na mí la. Yayra kple susu siwo ta wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo kawo gbegbee nye esi ŋugbedodo siawo me vava ahe vɛ na mí! (Ps. 37:34) Eya ta dzi ate ŋu anɔ mía dzɔm, eye míana míaƒe susu nanɔ ale si Yehowa le mía yram fifiae la ŋu. Ɛ̃, míate ŋu ‘asubɔ Yehowa kple dzidzɔ’ vavã.—Ps. 100:2.
[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 8]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Be nàyi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm la, ɖewohĩ ahiã be nàwɔ ɖoɖo ɖe wò ɣeyiɣi ŋu nyuie
DZIDZƆDODONAMEÐOKUI kple MODZAKAÐEÐE
AƑEA kple ƑOMEA DZI KPƆKPƆ
DƆWƆÐUI
KRISTOTƆWO ƑE KPEKPEWO
ÐOKUISINUSƆSRƆ̃
SUBƆSUBƆDƆA
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Ðe nàte ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu be dzi nagadzɔ wo akea?