Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Wò Ŋgɔgbedede Nadze Ƒãa

Na Wò Ŋgɔgbedede Nadze Ƒãa

Na Wò Ŋgɔgbedede Nadze Ƒãa

“De ŋugble le nu siawo ŋu; wò dzi katã neku ɖe wo ŋu, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.”—1 TIM. 4:15.

1, 2. Nu kae míenya tso Timoteo ƒe ɖevimenɔɣi kple tɔtrɔ siwo va eƒe agbe me esime wòxɔ ƒe 20 lɔƒo la ŋu?

ROMA ƒe nuto si nye Galatia, si va zu Turkey ƒe akpa aɖe fifia, mee Timoteo nɔ le eƒe ɖevime. Woɖo Kristo hame geɖewo ɖe nuto ma me ƒe aɖewo le Yesu ƒe ku megbe. Sɔhɛ Timoteo, dadaa, kple mamaa va zu Kristotɔwo henɔ vevie dom nu le hameawo dometɔ ɖeka me. (2 Tim. 1:5; 3:14, 15) Ðikeke mele eme o be, abe Kristotɔ ene la, Timoteo kpɔ dzidzɔ le eƒe ɖekakpui me le nuto ma si me nɔnɔ mae la me. Gake eteƒe medidi hafi nuwo va te tɔtrɔ o.

2 Tɔtrɔawo dze egɔme tso esime apostolo Paulo ɖi tsa yi nuto ma me zi evelia. Ɣemaɣi la, Timoteo anya nɔ dodom le eƒe ƒewuiwo me loo alo ge ɖe eƒe ƒe 20-awo me teti. Le Paulo ƒe sasrãkpɔa me, ɖewohĩ le Listra la, ede dzesi ale si ‘nɔviwo ƒo nu nyui tso eŋu’ le hame siwo nɔ nutoa me la me. (Dɔw. 16:2) Sɔhɛ Timoteo anya ɖe tsitsinyenye si de ŋgɔ wu ƒe si wòxɔ la fia. Emegbe le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te la, Paulo kple hamemetsitsi siwo nɔ nutoa me la da woƒe asiwo ɖe Timoteo dzi heɖee ɖe vovo hena dɔ tɔxɛ wɔwɔ le hamea me.—1 Tim. 4:14; 2 Tim. 1:6.

3. Subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kae su Timoteo si?

3 Wotsɔ amekpekpe tɔxɛ aɖe ɖo Timoteo ŋkume—be wòava nye apostolo Paulo ƒe mɔzɔhati! (Dɔw. 16:3) Kpɔ ale si wòawɔ nuku na Timoteo, kple ale si dzi anya dzɔe ɖa! Le ƒe siwo le Timoteo ŋgɔ me la, ava nɔ mɔ zɔm kple Paulo kpakple ame bubuwo hã ɣeaɖewoɣi, anɔ dɔ vovovo siwo apostoloawo kple hamemetsitsiawo ade asi nɛ la wɔm. Paulo kple Timoteo srã hame geɖewo kpɔ hetu nɔviawo ɖo le gbɔgbɔ me. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 16:4, 5.) Eya ta Kristotɔ geɖewo va nya Timoteo nyuie ɖe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi siwo wɔm wònɔ la ta. Esi Paulo wɔ dɔ kple Timoteo ƒe ewo aɖewo megbe la, Paulo ŋlɔ na Filipitɔwo be: “Ame aɖeke mele asinye, si ƒe nɔnɔme sɔ kple [Timoteo tɔ], si alé be na mi vavã le nu siwo ku ɖe mia ŋu la gome, de enu o. . . . Mienya ale si wòɖee fia be yedze, si nye be, abe vi kple tɔ ene la, mía kplii míewɔ dɔ abe kluviwo ene le nya nyui la dodo ɖe ŋgɔ me.”—Flp. 2:20-22.

4. (a) Dɔ gã kae wode asi na Timoteo? (b) Biabia kawoe fɔ ɖe te ku ɖe Paulo ƒe nya siwo dze le 1 Timoteo 4:15 ŋu?

4 Le ɣeyiɣi siwo me lɔƒo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Filipitɔwo la, eŋlɔ agbalẽ na Timoteo hede dɔ gã aɖe asi nɛ, si nye be wòanɔ hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ɖom le hameawo me. (1 Tim. 3:1; 5:22) Edze ƒãa be Timoteo va zu Kristotɔ dzikpɔla si dzi woate ŋu aka ɖo. Gake le agbalẽ ma ke me la, Paulo de dzi ƒo na Timoteo be ‘wòana eƒe ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.’ (1 Tim. 4:15) Gake ɖe Timoteo mena eƒe ŋgɔgbedede dze ƒãa wòɖe dzesi xoxo oa? Eya ta gɔmesese kae le Paulo ƒe nya siawo ŋu, eye aleke eƒe aɖaŋuɖoɖoa ate ŋu aɖe vi na míi?

Ale Si Míana Míaƒe Kristotɔwo Ƒe Nɔnɔmewo Nadze Ƒãa

5, 6. Aleke Efeso hamea ƒe gbɔgbɔmedzadzɛnyenye ɖo afɔku mee, eye alekee Timoteo awɔ akpɔ hamea ta?

5 Mina míadzro nya siwo ƒo xlã 1 Timoteo 4:15 la me akpɔ. (Mixlẽ 1 Timoteo 4:11-16.) Do ŋgɔ na Paulo ƒe nya mawo ŋɔŋlɔ la, ezɔ mɔ yi Makedonia, gake ebia tso Timoteo si be wòatsi Efeso. Nu ka tae? Ame aɖewo nɔ mama dem nɔviawo dome le hameawo me to alakpanuwo fiafia me. Enɔ na Timoteo be wòakpɔ hamea ƒe gbɔgbɔmedzadzɛnyenye ta. Mɔ ka dzie wòato awɔ esia? Mɔ siawo dometɔ aɖee nye be wòaɖo kpɔɖeŋu nyui na nɔviawo be woasrɔ̃.

6 Paulo ŋlɔ na Timoteo be: “Zu kpɔɖeŋu na nuteƒewɔlawo le nuƒoƒo me, le agbenɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le xɔse me, le agbe dzadzɛ nɔnɔ me.” Paulo gblɔ kpee be: “De ŋugble le nu siawo ŋu; wò dzi katã neku ɖe wo ŋu, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.” (1 Tim. 4:12, 15) Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui siwo Timoteo aɖe afia la koŋ ŋue ŋgɔgbedede sia ku ɖo, ke menye ɖoƒe siwo asu esi le hamea me ye o. Ŋgɔgbedede siae wòle be Kristotɔ ɖe sia ɖe naminya.

7. Nu kae wodi tso hamea me tɔ ɖe sia ɖe si?

7 Abe ale si wònɔ le Timoteo ƒe ŋkekeawo mee ene la, agbanɔamedzinɔƒe geɖewo le Kristo hamea me egbea. Ame aɖewo nye hamemetsitsiwo, eye bubuwo hã nye subɔsubɔdɔwɔlawo. Eye ame aɖewo hã le gome kpɔm le mɔɖeɖedɔa me. Bubuwo hã nye dzikpɔla mɔzɔlawo, Betel dɔwɔlawo, alo dutanyanyuigblɔlawo. Hamemetsitsiwo kpɔa gome le nufiafiadɔ vovovowo me le takpekpe suewo kple gãwo me. Ke hã, Kristotɔwo katã—ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo—ate ŋu ana woƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nadze ƒãa na amewo. (Mat. 5:16) Le nyateƒe me la, ele be Kristotɔ siwo le agbanɔamedzinɔƒewo gɔ̃ hã nana woƒe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo nadze ƒãa na amewo katã, abe ale si wònɔ le Timoteo hã gome ene.

Ðo Kpɔɖeŋu Nyui Le Nuƒoƒo Me

8. Nu kae míaƒe nuƒoƒo ate ŋu agblẽ le míaƒe tadedeagu ŋu?

8 Nu siwo me wòle na Timoteo be wòaɖo kpɔɖeŋu nyui le la dometɔ ɖekae nye nuƒoƒo. Alekee míate ŋu ana míaƒe ŋgɔgbedede nadze ƒãa le go sia me? Nya siwo míegblɔna la ɖea nu geɖe fiana le ame si ƒomevi míenye ŋu. Yesu gblɔe wòsɔ nyuie be: “Nya si wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Mat. 12:34) Yesu dadavi Yakobo hã de dzesi nu si míaƒe nuƒoƒo ate ŋu agblẽ le míaƒe tadedeagu ŋu. Eŋlɔ bena: “Ne ame aɖe bua eɖokui mawusubɔla adodoea, evɔ medea ga eƒe aɖe o, gake wòyia edzi blea ye ŋutɔ ƒe dzi la, ame sia ƒe subɔsubɔ nye dzodzro.”—Yak. 1:26.

9. Mɔ vovovo kawo nue wòle be míaɖo kpɔɖeŋu nyui le nuƒoƒo me le?

9 Míaƒe nuƒoƒo ate ŋu ana nɔvi siwo le hamea me nade dzesi ŋgɔyiyi si gbegbe míewɔ le gbɔgbɔ me. Eya ta Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me la megblɔa nya siwo ada ame ɖe anyi, nya madzetowo, fɔbuamenyawo, alo nya tɔamewo o, ke boŋ wodzea agbagba be yewoagblɔ nya tuameɖowo, akɔfanamenyawo, kple dzideƒonamenyawo. (Lod. 12:18; Ef. 4:29; 1 Tim. 6:3-5, 20) Ale si míetsɔa dzonɔameme ƒoa nu tso agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo dzi míexɔ se ŋu na amewo heʋlia Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔwo tae la, ate ŋu aɖe ale si gbegbe míevɔ̃a Mawui la afia. (Rom. 1:15, 16) Ðikeke mele eme o be, dzianukwaretɔwo ade dzesi ale si míezãna míaƒe nuƒoƒo ƒe nunana lae, eye wòate ŋu ana woasrɔ̃ míaƒe kpɔɖeŋu.—Flp. 4:8 9.

Kpɔɖeŋu Nyui Ðoɖo Le Agbenɔnɔ Kple Agbe Dzadzɛ Nɔnɔ Me

10. Nu ka tae xɔse alakpamanɔmee le vevie hena míaƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyiwɔwɔ?

10 Hafi Kristotɔ aɖe nanye kpɔɖeŋu nyui ɖola la, ebia nu geɖe wu nya tuameɖowo gbɔgblɔ ko. Ne ame aɖe gblɔa nya siwo sɔ gake mewɔa nu siwo sɔ o la, ekema alakpanuwɔlae wònye. Farisitɔwo ƒe alakpanuwɔwɔ kple nu gbegblẽ siwo dona tso eme la nɔ nyanya na Paulo nyuie. Exlɔ̃ nu Timoteo enuenu tso anukwaremaɖimaɖi kple alakpanuwɔwɔ mawo tɔgbi ŋu. (1 Tim. 1:5; 4:1, 2) Gake Timoteo menye alakpanuwɔla o. Le agbalẽ evelia si Paulo ŋlɔ na Timoteo me la, egblɔ bena: “Meɖoa ŋku xɔse si le mewò alakpanuwɔwɔ manɔmee, . . . la dzi.” (2 Tim. 1:5) Ke hã, egahiã be Timoteo nana eƒe Kristotɔ vavã nyenye nadze ƒãa na amewo. Enɔ nɛ be wòanye kpɔɖeŋu nyui ɖola le agbenɔnɔ me.

11. Nya kawoe Paulo ŋlɔ na Timoteo tso kesinɔnuwo ŋu?

11 Le agbalẽ eve siwo Paulo ŋlɔ na Timoteo me la, exlɔ̃ nui ku ɖe nu vovovo siwo me wòle be wòaɖo kpɔɖeŋu nyui le le agbenɔnɔ gome ŋu. Le kpɔɖeŋu me, enɔ na Timoteo be wòaƒo asa na kesinɔnuwo yome titi vivivo. Paulo ŋlɔ bena: “Nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃, eye esi ame aɖewo ti lɔlɔ̃ sia ƒomevi yome la, wotra mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo.” (1 Tim. 6:10) Kesinɔnuwo yome titi vivivo ɖenɛ fiana be nane gblẽ le ame ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu. Gake Kristotɔ siwo nɔa agbe tsɛ, hekpɔa ŋudzedze ɖe “nunyiame kple nudodo” si le wo si ŋu la, ɖenɛ fiana be yewowɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me.—1 Tim. 6:6-8; Flp. 4:11-13.

12. Aleke míate ŋu ana míaƒe ŋgɔgbedede nadze ƒãa le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ mee?

12 Paulo he Timoteo ƒe susu yi ale si wòle vevie be nyɔnu Kristotɔwo “nado awu le nɔnɔme nyui me atsɔ aɖo atsyɔ̃ na wo ɖokuiwo, le ameŋububu kple ŋuɖɔɖo me” la dzi. (1 Tim. 2:9) Nyɔnu siwo ɖea ameŋububu kple ŋuɖɔɖo fiana le woƒe awudodo kple dzadzraɖo me, kple le woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo me la nye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo. (1 Tim. 3:11) Gɔmeɖose sia yi na Kristotɔ ŋutsuwo hã. Paulo xlɔ̃ nu dzikpɔlawo be ‘woada asɔ le nuwɔna me, woanye ame ɖɔŋuɖo, ame siwo wɔa nu le ɖoɖo nu.’ (1 Tim. 3:2) Ne míeɖea nɔnɔme nyui siawo fiana le míaƒe gbe sia gbe nuwɔnawo me la, míaƒe ŋgɔgbedede adze ƒãa na amewo katã.

13. Alekee míate ŋu anye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo le agbe dzadzɛ nɔnɔ me abe Timoteo ene?

13 Enɔ na Timoteo be wòanye kpɔɖeŋu nyui ɖola le agbe dzadzɛ nɔnɔ hã me. Agbe dzadzɛ nɔnɔ sia si Paulo wɔnɛ la ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe nyui nɔnɔ koŋ ŋu. Timoteo ƒe hadede kple nyɔnuwo koŋ mee wòle be wòawɔ nu mokakamanɔŋutɔe le. Enɔ nɛ be wòawɔ nu ɖe “nyɔnu tsitsiwo [ŋu] abe dadawo ene, ɖetugbuiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.” (1 Tim. 4:12; 5:2) Agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔna siwo adze abe ɖe wole ɣaɣla ene gɔ̃ hã le nyanya na Mawu, eye ame bubuwo hã ava nya nu tso wo ŋu godoo. Gake enye nyateƒe hã be, Kristotɔ aɖe ƒe dɔ nyui wɔwɔ siwo amewo mekpɔna o la manɔ ɣaɣla ɖaa o. (1 Tim. 5:24, 25) Hamea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ana eƒe ŋgɔgbedede nadze ƒãa le agbenɔnɔ kple agbe dzadzɛ nɔnɔ me.

Lɔlɔ̃ Kple Xɔse Hã Le Vevie

14. Alekee Ŋɔŋlɔawo te gbe ɖe ale si wòle vevie be míalɔ̃ mía nɔewoe la dzi?

14 Kristotɔ vavãwo ƒe nɔnɔme vevi aɖee nye lɔlɔ̃. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:35) Alekee míeɖea lɔlɔ̃ ma fiana? Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be míado dzi anɔ anyi kple ‘mía nɔewo le lɔlɔ̃ me,’ eye ‘míazu ame siwo nyoa dɔme na mía nɔewo, míaƒe dɔme natrɔ ɖe mía nɔewo ŋu vevie, eye míatsɔ anɔ mía nɔewo kem faa,’ ahanye amedzrowɔlawo hã. (Ef. 4:2, 32; Heb. 13:1, 2) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Milɔ̃ mia nɔewo vevie abe dadaviwo ene.”—Rom. 12:10.

15. Nu ka tae lɔlɔ̃ɖeɖefia le vevie na mí katã, vevietɔ Kristotɔ dzikpɔlawo?

15 Nenye ɖe Timoteo ƒe nya me sẽ eye mewɔa nu ɖe ehati Kristotɔwo ŋu nyuie o la, anye ne dɔ nyui siwo wòwɔ, abe nufiala kple dzikpɔla ene, la azu dzodzro. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 13:1-3.) Gake ɖikeke mele eme o be, lɔlɔ̃ vavã si Timoteo ɖe fia nɔviawo, hekpe ɖe amedzrowɔwɔ kple dɔ nyui siwo wòwɔ ɖe wo ta ŋu la, na eƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi dze ƒãa. Eya ta esɔ nyuie be le agbalẽ si apostolo Paulo ŋlɔ na Timoteo me la, ete gbe ɖe lɔlɔ̃ dzi be enye nɔnɔme siwo me wòle be Timoteo naɖo kpɔɖeŋu nyui le la dometɔ ɖeka.

16. Nu ka tae wòle be Timoteo naɖe xɔse sẽŋu afia?

16 Esi Timoteo nɔ Efeso la, nudzɔdzɔ aɖewo do eƒe xɔse kpɔ. Ame aɖewo nɔ nu siwo mewɔ ɖeka kple Kristotɔwo ƒe nufiafia vavãtɔ o la fiam. Ame bubuwo hã nɔ nufiafia siwo nye “gliwo” la dom ɖe ŋgɔ, alo nɔ numekuku siwo ŋu viɖe aɖeke mele na hamea le gbɔgbɔ me o la wɔm. (Mixlẽ 1 Timoteo 1:3, 4.) Paulo ƒo nu tso ame siawo ŋu be ‘wodoa wo ɖokui ɖe dzi glodzoo, eye womesea naneke gɔme o, ke boŋ nyaʋiʋli kple glãkahehe le nyawo ŋu zu tagbɔdɔ wole lelém.’ (1 Tim. 6:3, 4) Ðe wòle be Timoteo nate kpɔ be yeabu alakpanufiafia siwo nɔ gegem ɖe hamea me la ŋu teti gɔ̃ hã? Ao, elabena Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be ‘wòaʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la’ eye ‘wòagbe dzeɖoɖo ƒuƒlu siwo medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, kple nu si woyɔna alakpatɔe be “sidzedze” la ƒe glãkahehewo.’ (1 Tim. 6:12, 20, 21) Ðikeke aɖeke mele eme o be, Timoteo wɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia si me nunya le la dzi.—1 Kor. 10:12.

17. Alekee woate ŋu ado míaƒe xɔse akpɔe egbea?

17 Eɖe dzesi be, wogblɔ na Timoteo be “le ɣeyiɣi siwo ava va me la, ame aɖewo ade megbe tso xɔse la me, woalé to ɖe ameblenya siwo tso gbɔgbɔ me, kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiawo ŋu.” (1 Tim. 4:1) Ele be hamea me tɔ ɖe sia ɖe, siwo dome ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo hã le, naɖe xɔse sẽŋu si li ke la afia abe ale si Timoteo wɔe ene. Ne míetɔa afɔ to sesĩe hewɔa nu enumake tsɔ tsia tsitre ɖe xɔsegbegbenuwɔnawo ŋu la, míate ŋu ana míaƒe ŋgɔgbedede nadze ƒãa ahanye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo le xɔse me.

Dze Agbagba Nàna Wò Ŋgɔgbedede Nadze Ƒãa

18, 19. (a) Aleke nàte ŋu ana wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katãe? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Edze ƒãa be ƒomedodo aɖeke mele Kristotɔ aɖe ƒe ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me kple eƒe dzedzeme, dzɔdzɔmeŋutetewo, alo ŋkɔxɔxɔ dome o. Eye ƒe gbogbo si ame aɖe tsɔ subɔ le hamea me la mefia kokoko be ewɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me o. Nu si boŋ nana míaƒe ŋgɔyiyiwɔwɔ le gbɔgbɔ me dzenae nye míaƒe toɖoɖo Yehowa le tamesusu, nuƒoƒo, kple agbenɔnɔ me. (Rom. 16:19) Ele be míawɔ ɖe sedede si nye be míalɔ̃ mía nɔewo ahatu xɔse sẽŋu ɖo la dzi. Ɛ̃, mina míade ŋugble tso Paulo ƒe nya siwo wòŋlɔ na Timoteo la ŋu ahana míaƒe dzi katã naku ɖe wo ŋu bene míaƒe ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.

19 Nɔnɔme nyui bubu si dzena le míaƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyiwɔwɔ kple Kristotɔwo ƒe tsitsi mee nye dzidzɔ, si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse la ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22, 23) Nyati si kplɔe ɖo la adzro ale si míate ŋu atu dzidzɔ ɖo ahalé eme ɖe asi le nɔnɔme sesẽwo me la me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu kae míaƒe nuƒoƒo ate ŋu aɖe afia le mía ŋu?

• Alekee míaƒe ŋgɔgbedede dzena le míaƒe agbenɔnɔ kple agbe dzadzɛ nɔnɔ me?

• Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nanye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo le lɔlɔ̃ kple xɔse me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Sɔhɛ Timoteo ɖe tsitsinyenye si de ŋgɔ wu ƒe si wòxɔ la fia

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Ðe wò ŋgɔgbedede dzena ƒãa na amewoa?