Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu Ðo Ðokuibɔbɔ Ƒe Kpɔɖeŋu Ði

Yesu Ðo Ðokuibɔbɔ Ƒe Kpɔɖeŋu Ði

“Meɖo kpɔɖeŋu ɖi na mi be, ale si tututu mewɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke.”—YOH. 13:15.

1, 2. Le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me la, nu kae wòfia eƒe apostolowo?

ESIAE nye Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ. Woa kple eƒe apostolowo wole dziƒoxɔ aɖe me le Yerusalem. Esi wole fiẽnu ɖum la, Yesu tso eye wòɖe eƒe awudziwui da ɖi. Etsɔ papahũ sa ɖe ali. Eyome eku tsi ɖe agba gã aɖe me, eye wòde asi nusrɔ̃laawo ƒe afɔwo kɔklɔ me, eye wòtsɔa papahũa tutua wo ŋu. Emegbe la, etsɔ eƒe awudziwui la do. Nu ka tae Yesu wɔ dɔ bɔbɔɖeanyi sia?—Yoh. 13:3-5.

2 Yesu ŋutɔ ɖe eme esi wògblɔ be: “Mienya nu si mewɔ na mia? . . . Ne nye, togbɔ be menye Aƒetɔ kple Nufiala hã, meklɔ miaƒe afɔwo la, ekema ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo. Elabena meɖo kpɔɖeŋu ɖi na mi be, ale si tututu mewɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke.” (Yoh. 13:12-15) Esi Yesu lɔ̃ wɔ dɔ bɔbɔɖeanyi sia la, eɖo kpɔɖeŋu ɖi na eƒe apostolowo, eye kpɔɖeŋu sia atsi susu me na wo ɖikaa ahade dzi ƒo na wo woabɔbɔ wo ɖokuiwo emegbe.

3. (a) Aleke Yesu te gbe ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe vevienyenye dzi zi gbɔ zi eve sɔŋ? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Esime Yesu klɔ afɔ na apostoloawo la, menye emae nye zi gbãtɔ si wòte gbe ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe vevienyenye dzi na wo o. Do ŋgɔ na esia esime apostoloawo ɖe hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ fia la, Yesu na ɖevi sue aɖe va tɔ ɖe egbɔ, eye Yesu gblɔ na wo be: “Ame sia ame si xɔa ɖevi sue sia le nye ŋkɔ ta la, exɔa nye hã, eye ame sia ame si xɔam la, exɔa ame si dɔm ɖa la hã. Elabena ame si wɔa eɖokui ame sue le mi katã dome lae nye gã.” (Luka 9:46-48) Emegbe esi Yesu nɔ nu ƒom na Farisitɔ siwo dia ɖoƒe gã nɔnɔ la, egblɔ be: “Ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.” (Luka 14:11) Eme kɔ ƒãa be Yesu di be ye yomedzelawo nabɔbɔ wo ɖokuiwo,  si fia be, woabɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le dzi me eye woaƒo asa na dada kple ɖokuidodoɖedzi ƒe gbɔgbɔ. Mina míadzro ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu siwo Yesu ɖo ɖi la me tsitotsito ale be míate ŋu asrɔ̃ eyama. Míakpɔ ale si nɔnɔme nyui sia ɖea vi na ame bubuwo, ke menye na ɖokuibɔbɔlaa ɖeɖe ko o la hã.

“NYEMESẼ TO O”

4. Aleke Mawu ƒe Tenuvi la bɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dziƒo hafi va anyigba dzi?

4 Mawu ƒe Tenuvi la bɔbɔa eɖokui hafi va anyigba dzi gɔ̃ hã. Esime Yesu nɔ dziƒo la, enɔ Fofoa ŋu ƒe gbogbo manyaxlẽ aɖewo. Biblia gbalẽ si nye Yesaya ƒo nu tso ƒomedodo kplikplikpli si nɔ Vi la kple Fofoa dome ŋu ale: “Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya ale si matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe ame siwo ŋu ɖeɖi te la ŋui. Enyɔam ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene. Aƒetɔ Yehowa ʋu to nam, nyemesẽ to o, eye nyemede megbe o.” (Yes. 50:4, 5) Mawu ƒe Vi la bɔbɔ eɖokui ɖe anyi eye wòlé to ɖe nu si Yehowa fiae ŋu. Edi vevie helɔ̃ faa be Mawu vavã la nafia nu ye. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu anya lé ŋku ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo ɖi le nublanuikpɔkpɔ na amegbetɔ nu vɔ̃ mewo me ŋu!

5. Abe Mixael mawudɔlawo ƒe tatɔ ene la, aleke Yesu ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí le nuwɔwɔ kple Abosam me?

5 Menye nuwɔwɔ siwo le dziƒo la dometɔ ɖe sia ɖee wɔ nu abe Mawu ƒe Tenuvi la ene o. Le kpɔɖeŋu me, esi mawudɔla si va zu Satana Abosam la medi be Yehowa nafia nu ye o la, eɖe mɔ nɔnɔme siwo tsi tsitre ɖe ɖokuibɔbɔ ŋu, siwo nye ɖokuiŋudzedze kple dada, kpɔ ŋusẽ ɖe edzi, eye esia wɔe be wòva dze aglã ɖe Yehowa ŋu. Gake Yesu ya medi be ŋusẽ geɖe wu nasu ye si le dziƒo wu esi Mawu na ye la o, eye metee kpɔ be yeazã yeƒe ŋusẽa le mɔ gbegblẽ nu o. Togbɔ be Yesue nye Mixael mawudɔlawo ƒe tatɔ hã la, mewɔ nu wògbɔ eƒe ŋusẽa ŋu esime ‘nya aɖe ɖo woa kple Abosam dome ku ɖe Mose ƒe ŋutilã ŋu’ o. Ke boŋ Mawu ƒe Vi la bɔbɔ eɖokui ɖe anyi eye medo eɖokui ɖe dzi o. Edze eŋu be yeaɖe mɔ Yehowa, xexe bliboa ƒe Ʋɔnudrɔ̃la Gãtɔ la, ŋutɔ nakpɔ nyaa gbɔ le mɔ si wòdi nu kple le Eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi.—Mixlẽ Yuda 9.

6. Aleke Yesu bɔbɔ eɖokui esime wòlɔ̃ xɔ dɔ si wode asi nɛ abe Mesia ene la?

6 Hafi Yesu nava anyigba dzi la, ɖikeke mele eme o be enya nyagblɔɖi siwo ava eme le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ me abe Mesia ene la. Eya ta anya nyae do ŋgɔ be yegbɔna nɔnɔme sesẽwo me to ge. Ke hã Yesu lɔ̃ be yeava anyigba dzi ava ku abe Mesia si ŋugbe wodo la ene. Nu ka tae? Esime apostolo Paulo nɔ gbe tem ɖe Mawu ƒe Tenuvi la ƒe ɖokuibɔbɔ dzi la, eŋlɔ bena: “Togbɔ be enɔ Mawu ƒe nɔnɔme me hã la, susu aɖeke meva tame nɛ be yeaʋli ɖoƒe, si nye be ye kple Mawu yewoasɔ o. Ao, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme, eye wòva nɔ abe amegbetɔwo ene.”—Flp. 2:6, 7.

ESIME WÒNYE AMEGBETƆ LA, “EBƆBƆ EÐOKUI”

Aleke ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la ate ŋu aɖe vi na mí?

7, 8. Mɔ kawo nue Yesu bɔbɔ eɖokui le eƒe ɖevimenɔɣi kple eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa me le?

7 Paulo ŋlɔ bena: “Esi [Yesu kpɔ] eɖokui le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me la, ebɔbɔ eɖokui, eye eɖo to yi ɖase keke ku me ke, ɛ̃, yi ɖase ku me ke le fuwɔameti ŋu.” (Flp. 2:8) Yesu ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí tso eƒe ɖevime ke. Togbɔ be dzila madeblibowo—Yosef kple Maria—ye hee hã la, Yesu “yi edzi” bɔbɔ eɖokui “na wo.” (Luka 2:51) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wòɖo ɖi na ɖeviwo! Mawu ayra wo ne wolɔ̃ faa bɔbɔ wo ɖokuiwo na wo dzilawo.

 8 Esi Yesu tsi la, eyi edzi bɔbɔ eɖokui le mɔ geɖe nu. Nu si nɔ vevie nɛ wue nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. (Yoh. 4:34) Le Yesu Kristo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, ezã Mawu ƒe ŋkɔ la eye wòkpe ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu be Yehowa ƒe amenyenye kple tame si Yehowa ɖo ɖe ameƒomea ŋu la ŋuti sidzedze vavãtɔ su wo si. Yesu nɔ agbe wòwɔ ɖeka kple nu siwo wòfia tso Yehowa ŋu la hã. Le kpɔɖeŋu me, le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la, nya gbãtɔ si Yesu gblɔe nye: “Mía Fofo si le dziƒowo, ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mat. 6:9) Yesu to mɔ sia dzi fia eyomedzelawo be woana Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ nanye nu vevitɔ na wo. Eya ŋutɔ wɔe nenema. Esia wɔe be le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa ƒe nuwuwu lɔƒo la, ete ŋu gblɔ le gbedodoɖa me na Yehowa be: “Mena [apostoloawo nya] wò ŋkɔ la, eye mana woanyae.” (Yoh. 17:26) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa katã me la, etsɔ nu siwo wòwɔ le anyigba dzi la ƒe kafukafua na Yehowa.—Yoh. 5:19.

9. Nya kae Zaxariya gblɔ ɖi ku ɖe Mesia la ŋu, eye aleke nyagblɔɖi sia va eme ɖe Yesu dzi?

9 Zaxariya gblɔ nya ɖi tso Mesia la ŋu be: “Oo, Zion vinyɔnu, kpɔ dzidzɔ vevie. Oo, Yerusalem vinyɔnu, tso aseye. Kpɔ ɖa! Wò fia gbɔna gbɔwò. Dzɔdzɔetɔ wònye, eye woxɔ nɛ; ebɔbɔa eɖokui, eye wòdo tedzi, si nye tedzinɔ ƒe vi si tsi.” (Zak. 9:9, NW) Nyagblɔɖi sia va eme esime Yesu ge ɖe Yerusalem dua me do ŋgɔ na ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la. Ameha la tsɔ woƒe awudziwuiwo kple atilɔwo ɖo ɖe mɔa dzi. Esi wònɔ gegem ɖe dua me la, dua me tɔwo nɔ ɣli dom henɔ dzidzɔ kpɔm. Esime amewo nɔ Yesu kafum abe Fia ene hã gɔ̃ la, ebɔbɔ eɖokui.—Mat. 21:4-11.

10. Esi Yesu lɔ̃ faa ɖo to yi ɖase ɖe ku me ke la, nu ka dzie wòɖo kpe?

10 Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, ebɔbɔ eɖokui eye wòɖo to Mawu va se ɖe eƒe ku me le fuwɔameti la ŋuti. Eto esia me ɖee fia ɖikekemanɔmee be amegbetɔwo ate ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me. Yesu ɖee  fia hã be Satana ka aʋatso esi wògblɔ be ɖokuitɔdidi tae amegbetɔwo subɔa Yehowa ɖo. (Hiob 1:9-11; 2:4) Esi Kristo la ɖo to Fofoa bliboe la, eɖo kpe edzi hã be Yehowae dze aɖu dzi eye wòɖee fia be yeka ɖe edzi be eƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ. Ðikeke mele eme o be Yehowa kpɔ dzidzɔ esi wòkpɔ Via bɔbɔɖokui la wòlé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi sesĩe.—Mixlẽ Lododowo 27:11.

11. Mɔnukpɔkpɔ kawoe Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la ʋu ɖi na ameƒomea me tɔ siwo xɔ eyama dzi se?

11 Esi Yesu ku le fuwɔameti la ŋu la, eto esia me xe tafe hã ɖe ameƒomea ta. (Mat. 20:28) Esia na mɔnukpɔkpɔ su amegbetɔ nu vɔ̃ mewo si be woanɔ agbe tegbee eye ewɔ ɖeka kple dzɔdzɔenyenye ƒe nudidiwo hã. Paulo ŋlɔ bena: “Esi wònye vodada ɖekae he fɔbubu vae na ame ƒomeviwo katã ta la, nenema kee nuwɔna dzɔdzɔe ɖekae na wobu ame ƒomeviwo katã be wole dzɔdzɔe hena agbekpɔkpɔ.” (Rom. 5:18) Yesu ƒe ku la ʋu makumakugbenɔnɔ le dziƒo ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la eye wòʋu agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na ‘alẽ bubuawo.’—Yoh. 10:16; Rom. 8:16, 17.

“MEBƆBƆ ÐOKUINYE ÐE ANYI LE DZI ME”

12. Aleke Yesu fa tu hebɔbɔ eɖokui le nuwɔwɔ kple amegbetɔ madeblibowo me?

12 Yesu kpe ame siwo katã “le dagbadagbam, eye agba le [wo] wum la” be woava ye gbɔ. Egblɔ be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena ame fafa menye, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo.” (Mat. 11:28, 29) Nɔnɔme nyui siwo nye ɖokuibɔbɔ kple tufafa ʋã Yesu wòwɔ nu ɖe amegbetɔ madeblibowo ŋu le dɔmenyonyo me ameŋkumemakpɔmakpɔe. Mebia nu geɖe fũu akpa tso eƒe nusrɔ̃lawo si wu nu si woate ŋu awɔ o. Yesu kafua wo hedea dzi ƒo na wo. Mena wose le wo ɖokuiwo me be womenya naneke wɔwɔ o alo asixɔxɔ mele wo ŋu o. Kakaɖedzitɔe la, eƒe nya me mesẽ kpaɖii o, eye meɖua amegã ɖe ame dzi hã o. Ke boŋ ena kakaɖedzi eyomedzelawo be, ne wote va ye gbɔ eye wowɔ yeƒe nufiafiawo dzi la, woakpɔ gbɔdzɔe, elabena yeƒe kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye yeƒe agba la le wodzoe. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa dina be yewoanɔ Yesu gbɔ.—Mat. 11:30.

Yesu ƒe veveseɖeamenu nye kpɔɖeŋu na mí

13. Aleke Yesu se veve ɖe ame siwo agbea sesẽ na la nue?

13 Yesu se veve ɖe Israel vi siwo agbea sesẽ na la nu, eye wòwɔ nu sia nu si wòate ŋui tsɔ kpe ɖe wo ŋu. Le teƒe aɖe si gogo Yerixo la, edo go nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe si ŋkɔe nye Bartimeo kple eƒe zɔhɛ ŋkuagbãtɔ bubu aɖe si ŋkɔ womeyɔ o la. Wonɔ ɣli dom nɔ Yesu biam be wòakpe ɖe yewo ŋu, gake ameha la blu  ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe. Ele bɔbɔe ŋutɔ be Yesu naɖe kɔ ɖa le ŋkuagbãtɔawo ŋu, gake mewɔe nenema o. Ke boŋ Yesu bia be woakplɔ wo vae na ye, eye esi woƒe nu wɔ nublanui nɛ ta la, ena woƒe ŋkuwo ʋu. Ɛ̃, Yesu srɔ̃ Fofoa, Yehowa, le nuwɔwɔ ɖokuibɔbɔtɔe kple nublanuikpɔkpɔ na amegbetɔ nu vɔ̃ wɔlawo me.—Mat. 20:29-34; Marko 10:46-52.

“AME SIA AME SI BƆBƆA EÐOKUI LA, WOADOE ÐE DZI”

14. Nu nyui kawoe do tso Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ me?

14 Yesu Kristo ƒe agbenɔnɔ ɖokuibɔbɔtɔe la he dzidzɔ kple yayrawo vae na ame geɖe. Yehowa kpɔ dzidzɔ esi wòkpɔ Via lɔlɔ̃a wòwɔ Eƒe lɔlɔ̃nu ɖokuibɔbɔtɔe. Ale si Yesu fa tu hebɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me la na apostoloawo kple nusrɔ̃laawo kpɔ gbɔdzɔe le egbɔ. Kpɔɖeŋu siwo wòɖo ɖi, eƒe nufiafiawo, kple eƒe kafukafunya viviawo ʋã wo wowɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ la ɖe vi na ame tsɛwo hã, elabena ekpe ɖe wo ŋu, efia nu wo, eye wòde dzi ƒo na wo. Le nyateƒe me la, le Yesu ƒe tafevɔsaa ta la, yayra mavɔwo asu ame siwo katã xɔ eyama dzi se la si.

15. Esi Yesu bɔbɔ eɖokui la, aleke wòɖe vi nɛ?

15 Ke Yesu ya ɖe? Ðe eƒe ɖokuibɔbɔa ɖe vi nɛa? Ɛ̃, eɖe vi nɛ, elabena egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame sia ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.” (Mat. 23:12) Nya mawo va eme na eya ŋutɔ hã. Paulo ɖe eme be: “Mawu [do Yesu] ɖe dzi wòle nɔƒe kɔkɔ aɖe, eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubu ɖe sia ɖe ta la nɛ, bene ame siwo le dziƒo kple ame siwo le anyigba dzi kpakple ame siwo le anyigba te la nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ me, eye aɖe sia aɖe naʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ la, hena Mawu Fofo la ƒe kafukafu.” Esi Yesu bɔbɔ eɖokui le anyigba dzi hewɔ nuteƒe ta la, Yehowa Mawu do Vi la ɖe dzi, ena ŋusẽe ɖe nuwɔwɔ siwo le dziƒo kple esiwo le anyigba dzi la dzi.—Flp. 2:9-11.

YESU ‘AHO AYI LE NYATEƑE KPLE ÐOKUIBƆBƆ TA’

16. Nu kae ɖee fia be Mawu ƒe Vi la ayi edzi abɔbɔ eɖokui le eƒe dɔwɔna ɖe sia ɖe me?

16 Mawu ƒe Vi la ayi edzi abɔbɔ eɖokui le eƒe dɔwɔna ɖe sia ɖe me. Esi hakpalaa nɔ nya gblɔm ɖi tso ale si Yesu si woɖo Fiae le dziƒo atso ɖe Mawu ƒe futɔwo ŋui ŋu la, egblɔ be: “[Àho ayi] aɖaɖu dzi le wò atsyɔ̃ me; Ho yi le nyateƒe kple ɖokuibɔbɔ kpakple dzɔdzɔenyenye ta.” (Ps. 45:4, NW) Yesu Kristo aho ahaʋli nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye kpakple ɖokuibɔbɔ ta le Harmagedon me. Eye nu kae adzɔ le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu ne Mesia Fia la “[ɖe] dziɖuɖuwo katã kple amegãnyenye katã” ɖa vɔ megbe? Ðe wòabɔbɔ eɖokuia? Ɛ̃, elabena ‘atsɔ fiaɖuƒe la ade asi na eƒe Mawu, si nye Fofoa.’—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:24-28.

17, 18. (a) Nu ka tae wòle vevie be Yehowa subɔlawo nasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

17 Ke míawo ya ɖe? Ðe míasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la? Nu kae adzɔ ɖe mía dzi ne Fia Yesu Kristo va ʋɔnu drɔ̃ ge le Harmagedon me? Susu si tae wòho ɖo la ɖee fia be ɖokuibɔbɔlawo kple ame dzɔdzɔewo koe wòaxɔ ɖe agbe. Ekema ele vevie be míabɔbɔ mía ɖokuiwo ne míedi be míatsi agbe. Gawu la, abe ale si Yesu Kristo ƒe ɖokuibɔbɔ ɖe vi na eya ŋutɔ kple ame bubuwo ene la, ne míawo hã míebɔbɔa mía ɖokui la, aɖe vi le mɔ vovovowo nu.

18 Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí? Aleke míate ŋu aku kutri abɔbɔ mía ɖokui, togbɔ be míado go kuxi geɖewo hã? Míadzro nyabiase siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.