Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Aleke míawɔ atsi aɖea mazamazã nyuie ƒe dzoa nu?

Ele be míadzro míawo ŋutɔwo ƒe dzi me kpɔ. Le esi míanɔ susu vɔ̃ bum ɖe nɔvi aɖe ŋu teƒe la, ɖe manyo be míade ŋugble tso nu si tae míeƒoa nu tsia tre ɖe eŋu la ŋu boŋ oa? Ðe wòanye be míele nu ƒom le tsitre tsim ɖe eŋu ne míaɖee afia be míenyo wuia? Gawu la, nuwɔwɔ alea ate ŋu ana nɔnɔmea nanyra ɖe edzi.​—8/15, axa 21.

Aleke Sea ɖe ale si Mawu bua nyɔnuwoe fia?

Ablɔɖe geɖe nɔ Israel nyɔnuwo si, eye wonaa hehe wo. Wodea bubu wo ŋu, eye wokpɔ woƒe gomenɔamesiwo ta.​—9/1, axa 5-7.

Esi Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tum la, nudzɔdzɔ kawoe le ŋgɔ gbɔna?

Woado “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” ƒe ɣli. Dukɔwo adze Babilon Gã la dzi eye woatsrɔ̃e. Woadze Mawu ƒe amewo dzi. Harmagedon ʋa la adzɔ, eye esia megbe la, woatsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aƒu gbe ɖe aʋli me.​—9/15, axa 4.

Aleke ɣeyiɣi si nuwuwua ava la manyamanya ɖea vi na mí?

Ŋkeke alo gaƒoƒo la manyamanya nana míeɖea nu si le míaƒe dzi me fiana. Enaa mɔnukpɔkpɔ mí be míado dzidzɔ na Mawu ƒe dzi. Enana wònɔa bɔbɔe na mí be míatsɔ mía ɖokuiwo aɖo anyi na Mawu subɔsubɔ kple kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu, eye ekpena ɖe mía ŋu míekana ɖe Mawu dzi bliboe, eye wònana hã be míedzea agbagba vevie wɔa eƒe Nya la ŋu dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me. Gakpe ɖe eŋu la, enana míesrɔ̃a nu tso dodokpɔwo me eye míedoa ŋusẽ míaƒe xɔse.​—9/15, axa 24-25.

Aleke míate ŋu azã 1 Mose 3:19 atsɔ ade ŋugble kple ame si xɔ dzo mavɔ dzi se?

Kpukpuia gblɔ be ne Adam ku la, agbugbɔ ayi anyi me, ke menye be ayi ɖe dzo mavɔ me o.​—10/1, axa 13.

Ame kawoe “ɣletivi adre” siwo le Yesu ƒe nuɖusi me siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 1:16, 20 la le tsitre ɖi na?

Wole tsitre ɖi na dzikpɔla amesiaminawo, eye ne míekekee ɖe enu la, elɔ dzikpɔla siwo katã le hameawo me ɖe eme.​—10/15, axa 14.

Nu kae ƒome aɖe awɔ ne fe le wo ŋu?

Ele be atsu kple asia nadi ɣeyiɣi aƒo nu tso fe si wonyi la ŋu faa le tufafa me. Anyo be woabu woƒe gazazã ŋu ahawɔ ɖoɖo ɖe eŋu. Ðe woate ŋu adzi ga si wokpɔna la ɖe edzi alo aɖe ƒomea ƒe gazazã dzi kpɔtɔa? Ele be woade ŋugble le ɖoɖo si nu woaxe fe siwo le wo ŋu la ŋu, ɖewohĩ woaƒo asia kple ame siwo ŋu wonyi fea le. Gake ele be woada asɔ, ganyawo megaxɔ nɔƒe vevitɔ o. (1 Tim. 6:8)​—11/1, axa 19-21.

Aleke Yesu ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme si ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 50:4, 5 fiae?

Kpukpui mawo gblɔ be ame si si “nusrɔ̃viwo ƒe aɖe” le la, ‘masẽ to o.’ Yesu bɔbɔ eɖokui ɖe anyi eye wòlé to ɖe nu si Fofoa fiae ŋu. Yesu di vevie helɔ̃ faa be Yehowa nafia nu ye, eye wòlé ŋku ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Mawu ɖo ɖi le nublanuikpɔkpɔ na amegbetɔ nu vɔ̃ mewo me ŋu.​—11/15, axa 11.

Aleke Estonia ŋkuɖodzi lɛtakotokudzigbalẽvi aɖe ɖo kpe Yehowa Ðasefowo ƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi dzi?

Le ƒe 2007 me la, Estonia Posudɔwɔƒea ɖe ŋkuɖodzi lɛtakotokudzigbalẽvi yeye ɖe go, be woatsɔ aɖo ŋku ame ƒomevi vovovo siwo wowu le Estonia le Stalin ƒe dziɖuɖua te la dzi. Xexlẽdzesi 382 dze le edzi, eye esia nye Ðasefowo kple wo vi siwo woɖe aboyoe le ƒe 1951 me yi dɔsesẽwɔsaɖawo me le Russia ƒe nuto saɖeagawo me la ƒe xexlẽme.​—12/1, axa 27-28.