Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènye Aƒedzikpɔla Aɖe Si Dzi Woka Ðo!

Ènye Aƒedzikpɔla Aɖe Si Dzi Woka Ðo!

‘Mienye mia ɖokui tɔ o.’—1 KOR. 6:19.

1. Ne amewo le kluviwo ŋu bum la, nu kae vaa susu me na wo?

ƑE 2,500 aɖewoe nye esi va yi la, Helatɔ fefeŋlɔla aɖe gblɔ be, ame aɖeke medina be yeanye kluvi o. Ame geɖe ada asi ɖe eƒe nyaa dzi egbea. Ne amewo le kluviwo ŋu bum la, nu si vaa ame geɖe ƒe susu mee nye ŋutsu kple nyɔnu siwo dzi wozina akpasesẽtɔe, siwo ŋu wosẽa ŋuta le be woasubɔ ame bubuwo. Eye woƒe susu yia ame siwo wɔa dɔ wòɖea vi na woƒe aƒetɔ siwo ɖua wo dzi la ɖeɖe ko la dzi.

2, 3. (a) Ðoƒe kae Kristo ƒe dɔla alo kluvi bɔbɔɖokuiwo le? (b) Nyabiase kawo mee míadzro ku ɖe aƒedzikpɔkpɔdɔa ŋu?

2 Ke hã Yesu ɖee fia be yeƒe nusrɔ̃lawo anye dɔla ɖokuibɔbɔlawo, alo kluviwo. Gake gbɔɖiame alo ameteteɖeanyi ƒe nya aɖeke mele Kristotɔ vavãwo ya ƒe kluvinyenye me o. Wotsɔ kluvi siawo ɖo bubunɔƒe, woka ɖe wo dzi, eye wodea bubu wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu nya si Yesu gblɔ tso “kluvi” aɖe ŋu do ŋgɔ teti na Eƒe ku ŋu kpɔ. Kristo gblɔ ɖi be yeatsɔ dɔ geɖe ade asi na ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ aɖe.—Mat. 24:45-47.

3 Eɖe dzesi ŋutɔ be le Luka ƒe nuŋlɔɖia me la, woyɔ kluvi ma ke be “aƒedzikpɔla.” (Mixlẽ Luka 12:42-44.) Kristotɔ wɔnuteƒe siwo li egbea dometɔ akpa gãtɔ menye aƒedzikpɔla nuteƒewɔla ƒe ha sia me tɔwo o. Ke hã Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be le gɔmesese aɖe nu la, Mawu subɔlawo katã nye aƒedzikpɔlawo alo nudzikpɔlawo. Dɔ kawoe wode asi na wo? Aleke wòle be woabu dɔ siawoe? Be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo la, mina míalé ŋku ɖe dɔ siwo aƒedzikpɔlawo wɔna le blema la ŋu gbã.

DƆ SIWO AƑEDZIKPƆLAWO WƆNA

4, 5. Dɔ kawoe wodea asi na aƒedzikpɔlawo? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

4 Le blemaɣeyiɣiwo me la, zi geɖe la, aƒedzikpɔla nyea kluvi aɖe si dzi eƒe aƒetɔ ka ɖo, si wòtsɔ ɖo eya ŋutɔ ƒe aƒe alo asitsatsa nu. Eye zi geɖe la, wonaa ŋusẽ geɖe  aƒedzikpɔlawo eye wotsɔa aƒemenuwo, ga kple dɔla bubuwo dzi kpɔkpɔ dea wo si. Alea tututue wònɔ le Eliezer, si Abraham tsɔ ɖo eƒe nunɔamesi gbogboawo nu la gome. Anɔ eme be Eliezer ye Abraham dɔ ɖe Mesopotamia be wòaɖadi srɔ̃nyɔnu na ye viŋutsu Isak. Agbanɔamedzi gã si bia nu geɖe tso ame si ka gbegbee nye esi!—1 Mose 13:2; 15:2; 24:2-4.

5 Abraham tɔgbiyɔvi Yosef kpɔ Potifar ƒe aƒemenuwo dzi. (1 Mose 39:1, 4) Ƒe geɖe megbe la, “aƒedzikpɔla” va nɔ Yosef ŋutɔ si, si kpɔa eƒe aƒemenuwo dzi. Aƒedzikpɔla ma ye wɔ amedzro na Yosef nɔviŋutsu ewoawo. Eye ewɔ akpa vevi aɖe le ɖoɖo si Yosef wɔ be yeatsɔ klosalokplu la ado ye nɔviawo kpɔ la me. Eme kɔ ƒãa be, wokana ɖe aƒedzikpɔlawo alo nudzikpɔlawo dzi ŋutɔ.—1 Mose 43:19-25; 44:1-12.

6. Aƒedzikpɔkpɔdɔ vovovo kawoe Kristotɔ hamemetsitsiwo wɔna?

6 Ƒe alafa geɖe megbe la, apostolo Paulo ŋlɔ bena ele be Kristotɔ dzikpɔlawo nanye ‘Mawu ƒe aƒedzikpɔlawo.’ (Tito 1:7) Woɖo dzikpɔlawo be “woakplɔ Mawu ƒe alẽha” la eye woana mɔfiamewo hameawo. (1 Pet. 5:1, 2) Gake dzikpɔlawo ƒe agbanɔamedziwo le vovovo. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ dzikpɔla siwo li egbea la dometɔ akpa gãtɔ subɔa hame ɖeka. Dzikpɔla mɔzɔlawo subɔa hame geɖewo. Eye Alɔdzekɔmiti me tɔwo kpɔa hame siwo le dukɔ aɖe me alo esiwo le dukɔ geɖewo me dzi. Ke hã wokpɔa mɔ be wo katã woawɔ woƒe dɔwo nuteƒewɔwɔtɔe; wo katã ‘woabu akɔnta’ na Mawu.—Heb. 13:17.

7. Aleke míewɔ nya be, le gɔmesese aɖe nu la, Kristotɔwo katã nye nudzikpɔlawo?

7 Ke Kristotɔ wɔnuteƒe gbogbo siwo menye dzikpɔlawo o ya ɖe? Apostolo Petro ŋlɔ agbalẽ aɖe na Kristotɔwo katã eye wòŋlɔ ɖe eme be: “Mitsɔ nunana si ame sia ame xɔ la subɔ mia nɔewo, abe Mawu ƒe amenuveve si wòɖe fia le mɔ vovovowo nu la dzi kpɔla nyuiwo ene.” (1 Pet. 1:1; 4:10) Le Mawu ƒe amenuveve me la, etsɔ nunanawo, mɔnukpɔkpɔwo, kple dzɔdzɔmeŋutete vovovowo na mí katã be míawɔ wo ŋu dɔ woaɖe vi na míaƒe haxɔsetɔwo. Esia ta mí ame siwo katã subɔa Mawu la míenye nudzikpɔlawo. Eka ɖe mía dzi, edea bubu mía ŋu, eye wòkpɔa mɔ be míawɔ nunana siwo yena mí la ŋu dɔ nyuie.

MAWU TƆWOE MÍENYE

8. Nyateƒenya vevi kae wòle be wòanɔ susu me na mí?

8 Abe aƒedzikpɔlawo ene la, míadzro nyateƒenya vevi etɔ̃ aɖewo siwo wòle be woanɔ susu me na mí la me azɔ. Gbã: Mawu tɔwoe mí katã míenye eye míabu akɔnta nɛ. Paulo ŋlɔ bena, “Mienye mia ɖokui tɔ . . . o, elabena ho gã aɖee wotsɔ ƒle mi,” si nye Kristo ƒe ʋu si wòtsɔ sa vɔe. (1 Kor. 6:19, 20) Esi míenye Yehowa tɔwo ta la, ele kokoko be míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi, eye womenye agba o. (Rom. 14:8; 1 Yoh. 5:3) Míeva zu Kristo hã ƒe kluviwo. Abe aƒedzikpɔla siwo nɔ anyi le blema ene la, wona ablɔɖe geɖe mí—gake seɖoƒe li na míaƒe ablɔɖea. Ele be míawɔ ɖe mɔfiamewo dzi. Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ ka kee ɖasu mía si o, míegakpɔtɔ nye Mawu kple Kristo ƒe dɔlawo.

9. Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ tsɔ ɖe ƒomedodo si le aƒetɔ kple kluvi dome fia?

9 Yesu kpe ɖe mía ŋu míese ƒomedodo si le aƒetɔ kple kluvi dome la gɔme. Gbe ɖeka la, egblɔ ŋutinya aɖe na eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe kluvi aɖe si gbɔ va aƒe me le dɔwɔwɔ ŋkeke bliboa vɔ megbe la ŋu. Ðe aƒetɔa gblɔ nɛ be: ‘Va afii enumake, ne nàbɔbɔ anɔ kplɔ̃ ŋua’? Ao. Egblɔ nɛ be: “Di nane nam maɖu fiẽ sia, eye do akɔtawu nàsubɔm va se ɖe esime maɖu nu ano nu vɔ, eye emegbe àte ŋu aɖu nu ano nu?” Nu ka fiam Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawo? Egblɔ be: “Nenema kee miawo hã, ne miewɔ nu siwo katã wode mia si la, migblɔ be: ‘Kluvi siwo ŋu viɖe aɖeke mele o ye míenye. Nu si wòle be míawɔ lae míewɔ.’”—Luka 17:7-10.

10. Nu kae ɖee fia be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo dzem míele be míasubɔe la ŋu?

 10 Enye nyateƒe be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo dzem míele be míasubɔe la ŋu. Biblia ka ɖe edzi na mí be, “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta,” be o. (Heb. 6:10) Yehowa mebiaa nu si míate ŋu awɔ o la tso mía si gbeɖe o. Gawu la, nu sia nu si wòbia tso mía si la hea viɖe vɛ na míawo ŋutɔwo, eye womesesẽ akpa o. Ke hã abe ale si Yesu gblɔe le eƒe kpɔɖeŋua me ene la, kluvi medzea eya ŋutɔ ɖokui ŋu o. Ke boŋ ewɔa eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu gbã. Nufiame si le emee nye be, esi míeɖe adzɔgbe na Mawu la, míetiae be míatsɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Alo menye nenemae oa?

NU SI YEHOWA DI TSO MÍ KATÃ SI

11, 12. Esi míenye nudzikpɔlawo ta la, nɔnɔme nyui kawoe wòle be míaɖe afia, eye nu kawoe wòle be míaƒo asa na?

11 Nyateƒenya vevi eveliae nye: Esi míenye nudzikpɔlawo ta la, mí katã míewɔna ɖe dzidzenu ɖeka tɔgbi dzi. Enye nyateƒe be ame ʋɛ aɖewo si koe agbanɔamedzi aɖewo su le Kristo hamea me. Ke hã le go geɖe me la, nudidi ɖeka tɔgbi koe wotsɔ mí katã ŋkume. Le kpɔɖeŋu me, esi míenye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo kple Yehowa ƒe Ðasefowo ta la, wode se na mí be míalɔ̃ mía nɔewo. Yesu gblɔ be lɔlɔ̃e woatsɔ ade dzesi Kristotɔ vavãwo. (Yoh. 13:35) Gake menye mía nɔviwo koe wòle be míalɔ̃ o. Míedzea agbagba ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame siwo menye Ðasefowo o hã. Mí katã míate ŋu awɔ esia, eye ele be míawɔe hã.

12 Wodi tso mía si hã be míanɔ agbe nyui. Míedi be míaƒo asa na nɔnɔme kple agbenɔnɔ siwo ŋu Mawu ƒe Nya la ƒo nu tsi tre ɖo. Paulo ŋlɔ bena: “Agbe gbegblẽ nɔlawo [alo matrewɔlawo] kple trɔ̃subɔlawo kple ahasiwɔlawo kple ŋutsu siwo wɔa wo ɖokuiwo nyɔnuwoe kple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋuklẽlawo kple ahamulawo kple amedzulawo kple adzodalawo la, womanyi Mawu fiaɖuƒe la dome o.” (1 Kor. 6:9, 10) Le nyateƒe me la, ebia agbagbadzedze vevie be míawɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi. Ke hã agbagbadzedze mawo menye dzodzro o, elabena woɖea vi geɖe na mí; viɖe siawo ƒe ɖewoe nye be míenɔa lãmesẽ me, míenɔa ƒomedodo nyui me kple ame bubuwo, eye Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu.—Mixlẽ Yesaya 48:17, 18.

13, 14. Dɔ kae wode asi na Kristotɔwo katã, eye aleke wòle be míabui?

13 Ðo ŋku edzi hã be wodea dɔ aɖe asi na aƒedzikpɔla be wòawɔ. Nenema kee wòle le míawo hã gome. Wotsɔ nunana xɔasi aɖe de asi na mí—eyae nye nyateƒe ƒe sidzedze la. Mawu di tso mía si be míafia sidzedze ma ame bubuwo. (Mat. 28:19, 20) Paulo ŋlɔ bena: “Amewo nebu mí abe ame siwo le Kristo te kple aƒedzikpɔla siwo wotsɔ Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔewo de asi na la ene.” (1 Kor. 4:1) Paulo nyae be, abe aƒedzikpɔla ene la, ele na ye be yealé be na ‘nya ɣaɣla kɔkɔeawo’ eye yeafia wo ame bubuwo nuteƒewɔwɔtɔe abe ale si Aƒetɔ, Yesu Kristo, biae tso ye si ene.—1 Kor. 9:16.

14 Le nyateƒe me la, nyateƒea fiafia amewo nye lɔlɔ̃ɖeɖefia wo. Gake enye nyateƒe be nɔnɔme siwo me Kristotɔ aɖe le la to vovo tso nɔvia tɔ gbɔ. Mí katã míate ŋu awɔ dɔ sɔsɔe le subɔsubɔdɔa me o. Yehowa nya esia. Nu si le vevie ye nye be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu siwo katã eya ŋutɔ ate ŋui. Ne míewɔe alea la, míato esia me aɖee afia be míelɔ̃ Mawu kple mía haviwo, eye míedia mía ɖokui tɔ o.

Mina míawɔ dɔ siwo wode mía si la nuteƒewɔwɔtɔe

NUTEƑEWƆWƆ LE VEVIE

15-17. (a) Nu ka tae wòle vevie be aƒedzikpɔla nawɔ nuteƒe? (b) Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ tsɔ ɖe nuteƒemawɔmawɔ me tsonuwo fia?

15 Nyateƒenya vevi etɔ̃lia si do ƒome kplikplikpli kple eve gbãtɔawoe nye be: Ele be míawɔ nuteƒe, míanye ame siwo dzi woka  ɖo. Nɔnɔme nyui kple ŋutete geɖewo ate ŋu anɔ aƒedzikpɔla alo nudzikpɔla si, ke hã viɖe aɖeke manɔ esiawo dometɔ aɖeke ŋu o, ne mewɔ dɔ siwo wode esi o alo mewɔ nuteƒe na eƒe aƒetɔ o. Nuteƒewɔwɔ le vevie hafi ame nate ŋu anye aƒedzikpɔla bibi kpɔdzidzedze. Ðo ŋku edzi be Paulo ŋlɔ bena: ‘Nu si wodina tso aƒedzikpɔlawo sie nye be woakpɔ wo be wonye nuteƒewɔlawo.’—1 Kor. 4:2.

16 Ne míewɔ nuteƒe la, míaxɔ teƒeɖoɖo; kakaɖedzi le esia ŋu. Ne míewɔ nuteƒe o la, Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o. Míekpɔ nyateƒenya vevi sia dze sii le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe talentowo ŋu la me. Kluvi siwo tsɔ woƒe aƒetɔ ƒe gaa ‘tsa asi’ nuteƒewɔwɔtɔe la xɔ kafukafu tso woƒe aƒetɔ gbɔ eye wòɖo eteƒe na wo geɖe ŋutɔ. Gake aƒetɔ la drɔ̃ ʋɔnu kluvi si mewɔ dɔ aɖeke kple ga si aƒetɔa de asi nɛ o la be enye kluvi “vɔ̃ɖi,” “kuviatɔ,” kple “kluvi, si ŋu viɖe aɖeke mele o.” Woxɔ talento si wotsɔ nɛ la le esi, eye wotsɔ eya ŋutɔ ƒu gbe ɖe xexe.—Mixlẽ Mateo 25:14-18, 23, 26, 28-30.

17 Ɣebubuɣi la, Yesu gaɖe nu si dona tso nuteƒemawɔmawɔ me la fia. Egblɔ be: “Kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, eye aƒedzikpɔla le esi, eye wotso enu nɛ be ele eƒe nuwo dome gblẽm. Eya ta eyɔe hegblɔ nɛ be, ‘Nya kae nye esia sem mele le ŋuwò? Tsɔ wò aƒedzikpɔkpɔ ŋuti nuŋlɔɖia vae, elabena mègate ŋu le aƒea dzi kpɔ ge azɔ o.’” (Luka 16:1, 2) Esi aƒedzikpɔlaa le eƒe aƒetɔ ƒe nuwo dome gblẽm tae eƒe aƒetɔ xɔ dɔ le esi ɖo. Nufiame vevi ka gbegbee nye esi na mí! Míedi vevie be míawɔ nuteƒe ɣesiaɣi le nu siwo katã Mawu di tso mía si la wɔwɔ me.

MÍA ÐOKUI TSƆTSƆ SƆ KPLE AME BUBUWO—ÐE NUNYA LE EMEA?

18. Nu ka tae mele be míatsɔ mía ɖokui anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o?

18 Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu abia eɖokui be: ‘Aƒedzikpɔla ka ƒomevie menye?’  Gake nunya mele eme be míatsɔ mía ɖokui anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o. Biblia ɖo aɖaŋu na mí be: “Ame sia ame nado nu si ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ nye la kpɔ, ekema akpɔ susu si ta wòatso aseye le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ŋu, ke menye le eɖokui tsɔtsɔ asɔ kple ame bubu me o.” (Gal. 6:4) Le esi míatsɔ nu si míewɔna anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo tɔ teƒe la, nu si le vevie boŋue nye be, míanɔ ale si míawɔ be ŋutete si le mía si la naganyo ɖe edzi la ŋu bum. Menye ɖeko esia akpɔ mía ta be míagado mía ɖokui ɖe dzi ko o, ke akpɔ mía ta hã be dzi nagaɖe le mía ƒo o. Ne míele nu si míate ŋu awɔ ŋu bum la, ɖewohĩ míakpɔe be menye nɔnɔme si me míenɔ tsã mee míegale fifia o. Ðewohĩ lãmesẽkuxiwo, tsitsi, alo agbanɔamedzi vovovowo wɔe be míagate ŋu awɔ nu siwo katã míewɔna tsã la o. Alo ɖewohĩ míakpɔe be míate ŋu awɔ geɖe wu esi wɔm míele fifia. Ne nenemae la, ɖe manyo be míadze agbagba adzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi oa?

19. Ne mɔnukpɔkpɔ aɖe mekpɔ su mía si haɖe o la, nu ka tae mele be dzi naɖe le mía ƒo o?

19 Nu bubu aɖe si me mele be míatsɔ mía ɖokui anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo le o ye nye agbanɔamedzi siwo le mía si fifia alo esiwo míedi be woasu mía si. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe ate ŋu adi be yeasubɔ abe hamemetsitsi ene le woƒe hamea me alo be yeawɔ akpa aɖe le takpekpe suewo kple nutome gã takpekpewo ƒe ɖoɖowɔɖiwo me. Enye nu nyui aɖe be ame naku kutri adze na mɔnukpɔkpɔ siawo ƒomevi, ke hã mele be dzi naɖe le mía ƒo ne mɔnukpɔkpɔ siawo mesu mía si le ɣeyiɣi si míele mɔ kpɔm na wo la me o. Nu si tae nye be, le susu aɖewo siwo gɔme míate ŋu ase fifia o ta la, ahiã be míagalala hena ɣeyiɣi aɖe hafi mɔnukpɔkpɔ mawo nasu mía si. Ðo ŋku edzi be Mose susu be yesu te akplɔ Israel viwo adzoe le Egipte, gake ehiã be wòalala ƒe 40 sɔŋ hafi wòate ŋu awɔ esia. Esia na ɣeyiɣi geɖee be wòatu nɔnɔme nyui siwo wòhiã hafi wòate ŋu akplɔ dukɔ kɔlialiatɔ dzeaglã la ɖo.—Dɔw. 7:22-25, 30-34.

20. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si me Yonatan to la me?

20 Ate ŋu adzɔ hã be mɔnukpɔkpɔ aɖewo masu mía si gbeɖe o. Aleae wònɔ le Yonatan gome. Enye Saul viŋutsu, eya ta ate ŋu ava zu fia ɖe Israel blibo la nu. Gake Mawu tia David, ɖekakpui si wòtsi wu boo la, be eyae aɖu fia. Aleke Yonatan wɔ nu le nya sia me? Elɔ̃ ɖe Mawu ƒe nyametsotsoa dzi eye wòtsɔ eƒe agbe gɔ̃ hã de afɔku me hekpe asi ɖe David ŋu. Egblɔ na David be: “Wòe le fia ɖu ge ɖe Israel dzi, ke nye la manye evelia anɔ ŋuwò.” (1 Sam. 23:17) Èkpɔ nu si àte ŋu asrɔ̃ tso Yonatan ƒe kpɔɖeŋua mea? Elɔ̃ ɖe nyametsotsoa dzi, eye meʋã ŋu David abe ale si fofoa ya wɔe ene o. Eya ta le esi míanɔ ŋu ʋãm ame bubuwo le mɔnukpɔkpɔ siwo su wo si ta teƒe la, mí katã míate ŋu ana míaƒe susu nanɔ ale si míawɔ ate ŋu awɔ dɔ siwo wode mía si la nyuie wu la ŋu boŋ. Míate ŋu aka ɖe edzi be le xexe yeyea me la, Yehowa akpɔ egbɔ be ye subɔlawo katã ƒe didi siwo sɔ la nava eme na wo.

21. Aleke wòle be míabu míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

21 Mina wòanɔ susu me na mí be esi míenye aƒedzikpɔla alo nudzikpɔla siwo dzi woka ɖo ta la, míenye kluvi siwo dzi wozina akpasesẽtɔe be woasubɔ aƒetɔ sẽŋuta aɖe o. Ke boŋ Yehowa ka ɖe mía dzi, eye edea bubu mía ŋu geɖe ŋutɔ, elabena etsɔ dɔ aɖe si womagawɔ akpɔ gbeɖe o la de mía si, si nye be míaɖe gbeƒã nya nyuia le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛ siawo me. Esi míele dɔ sia wɔm la, ena ablɔɖe geɖe mí be míawo ŋutɔwo míawɔ tiatia le ale si míawɔ dɔ si wòde mía si lae ŋu. Eya ta mina míanye aƒedzikpɔla alo nudzikpɔla wɔnuteƒewo. Eye neva eme be míade asixɔxɔ gã aɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míasubɔ Yehowa, Ame si ɖeɖe ko ɖo kpo le xexea me katã la ŋu.