Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Nye Dzidzedzekpɔkpɔ Vavãtɔ?

Nu Kae Nye Dzidzedzekpɔkpɔ Vavãtɔ?

“Wò mɔwo adze edzi na wò, eye àwɔ nu le nunya me.” —YOS. 1:8, NW.

1, 2. (a) Nu kae ame geɖe buna be eyae nye dzidzedzekpɔkpɔ? (b) Aleke wò ŋutɔ nàwɔ anya nu si nèbuna be eyae nye dzidzedzekpɔkpɔ?

NE WOGBLƆ be ame aɖe kpɔ dzidzedze le agbe me la, nu kae wòfia? Wò ya bia nya sia amewo kpɔ be aleke woaɖo eŋu na wò hã. Àkpɔe be woƒe ŋuɖoɖoawo ato vovo kura. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe buna be ga geɖe ƒe amesinɔnɔ, dɔ nyui aɖe kpɔkpɔ, alo sukudede ayi ŋgɔe ye nye dzidzedzekpɔkpɔ. Ame bubuwo gblɔna be ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo kpakple dɔwɔhatiwoe nye dzidzedzekpɔkpɔ. Yehowa subɔla aɖewo ate ŋu asusu gɔ̃ hã be, ne ame aɖe le agbanɔamedzinɔƒe le hamea me alo eƒe gbeƒãɖeɖedɔa tsea ku la, efia be ekpɔ dzidzedze.

2 Be nàkpɔ ale si wò ŋutɔ nèbua dzidzedzekpɔkpɔe la, àte ŋu aŋlɔ ame aɖewo siwo nèbuna be wokpɔ dzidzedze la ƒe ŋkɔwo ɖi—woanye ame siwo ƒe nu doa dzidzɔ na wò, siwo ŋu nèdea bubui. Nɔnɔme kae ɖe dzesi le wo katã ŋu? Gatɔwoe loo alo ame xɔŋkɔwoe wonyea? Bubumewoea? Ŋuɖoɖoawo ate ŋu aɖe nu si le wò dzi me afia, eye esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe tiatia siwo nèwɔna kple taɖodzinu siwo yome nètina dzi.—Luka 6:45.

3. (a) Nu kae wòle be Yosua nawɔ hafi akpɔ dzidzedze? (b) Nu ka mee míadzro azɔ?

3 Nu si le vevie wue nye ale si Yehowa bua dzidzedzekpɔkpɔe. Ne eya kpɔe be míekpɔ dzidzedze ko hafi míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Esi Yehowa nɔ dɔdeasi gã si nye Israel viwo kpɔkplɔ ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi dem asi na Yosua la, egblɔ nɛ be wòaxlẽ Mose ƒe Sea “zã kple keli,” wòalé nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye wòawɔ wo dzi. Mawu ka ɖe edzi nɛ be: “Ekema wò mɔwo adze edzi na wò, eye àwɔ nu le nunya me.” (Yos. 1:7, 8, NW) Eye ènyae be Yosua kpɔ dzidzedze vavã. Ke míawo ya ɖe? Aleke míawɔ anya ne ale si míebua dzidzedzekpɔkpɔe la wɔ ɖeka kple Mawu ƒe nukpɔsusu? Be míate ŋu awɔ esia la, mina míadzro ŋutsu eve aɖewo  siwo woyɔ le Biblia me la ƒe ŋutinya me kpɔ.

ÐE SALOMO KPƆ DZIDZEDZE LE AGBE MEA?

4. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Salomo kpɔ dzidzedze?

4 Le mɔ geɖe nu la, Salomo kpɔ dzidzedze ale gbegbe. Nu ka tae? Elabena evɔ̃ Yehowa hede bubu eŋu hena ƒe geɖe eye Yehowa yrae ale gbegbe. Ðo ŋku edzi be esi Yehowa gblɔ na Salomo be wòabia nu si wòdi la ye la, fia la bia nunya ne yeate ŋu akplɔ dukɔ la. Eya ta Mawu tsɔ nunya kple kesinɔnu siaa yrae. (Mixlẽ 1 Fiawo 3:10-14.) Eƒe nunya “ƒo ɣedzeƒetɔwo katã ƒe nunya kple Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã ta.” Salomo ƒe ŋkɔ nyɔ “le dukɔwo katã dome godoo va kpe.” (1 Fia. 5:10, 11) Le Salomo ƒe kesinɔnuwo gome la, sika si vana nɛ le ƒe ɖeka me la ƒe dadame ade sika tɔn 25. (2 Kron. 9:13) Etu xɔ dzeaniwo hewɔ aɖaŋudɔ geɖewo. Enɔ ŋutifafa me kple dukɔ bubuwo eye wòbi ɖe asitsatsa hã me. Ɛ̃, ɣeyiɣi si me Salomo nɔ nuteƒe wɔm na Mawu la, ekpɔ dzidzedze.—2 Kron. 9:22-24.

5. Nya ta kae Salomo ƒo ku ɖe ame siwo kpɔ dzidzedze le Mawu ŋkume ŋu?

5 Nya siwo Salomo ŋlɔ ɖe Nyagblɔla ƒe agbalẽa me la ɖee fia be nukpɔsusu nyui nɔ esi ku ɖe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu. Mebui be ame siwo si ga kple ŋusẽ le la koe ate ŋu akpɔ dzidzedze ahakpɔ dzidzɔ o. Kura o! Eya ŋutɔ ŋlɔ bena: “Medze sii bena, nu nyui aɖeke meli na wo wu be, woakpɔ dzidzɔ, eye woaɖu agbe le woƒe agbenɔɣi o. Ke be ame aɖe naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me la, Mawu ƒe nunanae.” (Nyagb. 3:12, 13) Eye ede dzesii hã be, ne ame aɖe le ƒomedodo nyui me kple Mawu ko hafi nu nyui siawo ana wòakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Salomo gblɔ wòsɔ nyuie be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nàlé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”—Nyagb. 12:13.

6. Aleke Salomo ƒe kpɔɖeŋua kpe ɖe mía ŋu míese nu si dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ nye gɔme?

6 Salomo vɔ̃ Mawu heɖo to eƒe gbe ƒe geɖe. Biblia gblɔ be: “Salomo lɔ̃ Yehowa hezɔ le fofoa Dawid ƒe ɖoɖowo nu.” (1 Fia. 3:3) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be esiae nye dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ oa? Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, Salomo tu gbedoxɔ gã nyadri aɖe na tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ eye wòŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ etɔ̃ hã. Togbɔ be míanɔ mɔ kpɔm be míawɔ nu mawo ke o hã la, ele be kpɔɖeŋu si Salomo ɖo ɖi le ƒe siwo me wòwɔ nuteƒe na Mawu la nakpe ɖe mía ŋu míanya nu si tututu dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ nye, eye ele be esia nakpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze vavãtɔ. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Salomo wòŋlɔ ɖi be kesinɔnu, nunya, ŋkɔxɔxɔ kple gãnyenye, siwo nye nu siwo ame geɖe buna be woawoe ɖenɛ fiana be ame aɖe kpɔ dzidzedze la, nye tofloko. Nu dzodzrowo kple “dagbadagba ɖe ya me” ko nu mawo nye. Ðe mèkpɔe be galɔ̃la geɖewo dina vevie be ga geɖe wu nasu yewo si oa? Eye zi geɖe la, wotsia dzi vevie be yewoakpɔ esiwo le yewo si xoxo la ta. Gawu la, woƒe kesinɔnuawo ava zu ame bubuwo tɔ gbe ɖeka.—Mixlẽ Nyagblɔla 2:8-11, 17; 5:9-11.

7, 8.  Aleke wòdzɔe be Salomo meyi edzi wɔ nuteƒe o, eye nu kae do tso eme?

7 Ènya hã be Salomo va dzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa mlɔeba. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Esime Salomo tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o. . . . Salomo wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.”—1 Fia. 11:4-6.

8 Esia medo dzidzɔ na Yehowa o, eya ta egblɔ na Salomo be: “Esi . . . mèlé nye nubabla kple nye ɖoɖo, siwo megblɔ na wò la me ɖe asi o la, eya ta madu fiaɖuƒe la le asiwò ahatsɔ ana wò dɔla.” (1 Fia. 11:11) Ewɔ nublanui ŋutɔ! Togbɔ be Salomo kpɔ dzidzedze le mɔ geɖe nu hã la, le nuwuwua la, ewɔ nu wòte ɖe Yehowa dzi. Salomo mekpɔ  dzidzedze le nu si le vevie wu le agbe me, si nye nuteƒewɔwɔ na Mawu, me o. Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu abia eɖokui be, ‘Ðe meɖoe kplikpaa be maɖe mɔ nu si mesrɔ̃ tso Salomo ƒe agbemeŋutinya me la nakpe ɖe ŋunye makpɔ dzidzedzea?’

DZIDZEDZEKPƆKPƆ VAVÃTƆ ƑE KPƆÐEŊU AÐE

9. Le xexea ƒe susu nu la, ɖe Paulo kpɔ dzidzedzea? Ðe eme.

9 Apostolo Paulo ƒe agbenɔnɔ to vovo sãsãsã tso Fia Salomo tɔ gbɔ. Paulo ya menɔ dzidzemegbe le fiasã aɖeke me alo bɔ ha kple fiawo ɖu nu heno nu kpli wo o. Ke boŋ ɣeaɖewoɣi la, dɔ wui, tsikɔ wui, vuvɔ wɔe, eye wònɔ amama hã. (2 Kor. 11:24-27) Tso esime Paulo xɔ edzi se be Yesue nye Mesia la ko la, womegadea bubu aɖeke eŋu le Yuda subɔsubɔ me o. Ke boŋ Yuda subɔsubɔhakplɔlawo lé fui. Wodee gaxɔ me, woƒoe kple atam, woƒoe kple ati, eye woƒu kpee hã. Paulo gblɔ be wodzu ye kple ye hati Kristotɔwo, woti yewo yome, eye woɖi gbɔ yewo. Egblɔ kpee be: “Míezu abe xexea ƒe aɖukpodzinu kple nuwo katã ƒe gbeɖuɖɔ ene, va se ɖe fifia.”—1 Kor. 4:11-13.

Ame geɖe susui be Saul ava kpɔ dzidzedze le xexea me

10. Nu ka tae amewo anya susui be Paulo na mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòakpɔ dzidzedze la to eŋu?

10 Edze abe esime Paulo nye ɖekakpui eye woyɔnɛ be Saul la mɔnukpɔkpɔ geɖe su esi ene. Ðewohĩ ƒome xɔŋkɔ aɖe mee wodzii ɖo, Gamaliel, nufiala si ŋu wodea bubui, ye fia nui. Eye eŋlɔ emegbe be: “Menɔ ŋgɔyiyi geɖe wɔm le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me wu hanyeti geɖewo.” (Gal. 1:14) Saul doa Hebrigbe kple Helagbe nyuie, eye Roma dukɔmevinyenye hã nɔ esi si wɔe be mɔnukpɔkpɔ kple gomenɔamesi siwo ame geɖe dina vevie la su esi. Ne wòanye ɖe wòyi edzi dze agbagba be yeakpɔ dzidzedze le xexea me la, anye ne axɔ ŋkɔ ale gbegbe eye akpɔ ga geɖe hã. Gake ewɔ tiatia aɖe si ame bubuwo, alo ɖewohĩ eƒe ƒometɔ aɖewo gɔ̃ hã, ate ŋu abu be enye bometsinu. Nu ka tae?

11. Nu kawoe Paulo bu nu xɔasiwoe, taɖodzinu kae nɔ esi, eye nu ka tae?

11 Paulo lɔ̃ Yehowa, eye wòdi vevie be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu tsɔ wu be kesinɔnu nasu ye si eye yeaxɔ ŋkɔ le amegbetɔwo gbɔ. Esi nyateƒea ŋuti sidzedze vavãtɔ va su Paulo si la, eva bu nu siwo xexea me tɔ geɖe menya o alo nu siwo me wometsɔ ɖeke le o, abe tafea, Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa kple agbenɔnɔ le dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔa ene, nu xɔasiwoe. Paulo de dzesii be nya aɖe fɔ ɖe te si gbɔ wòle be woakpɔ. Satana ka atam be yeate ŋu ana amegbetɔwo katã nadzudzɔ Mawu subɔsubɔ. (Hiob 1:9-11; 2:3-5) Kuxi ka kee ɖava Paulo dzi o, eɖoe kplikpaa be yeayi edzi asubɔ Mawu vavã la nuteƒewɔwɔtɔe. Taɖodzinu mae mele xexea me tɔ siwo dina be yewoakpɔ  dzidzedze le agbe me la dometɔ akpa gãtɔ si o.

Paulo kpɔ dzidzedze vavãtɔ

12. Nu ka tae nètiae be yeatsɔ yeƒe mɔkpɔkpɔ aɖo Mawu dzi?

12 Taɖodzinu si nɔ Paulo si la kee le asiwòa? Nuteƒewɔwɔ mele bɔbɔe o. Gake ne míewɔ nuteƒe na Yehowa la, akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye wòayra mí. Emae afia be míekpɔ dzidzedze vavãtɔ. (Lod. 10:22) Eɖea vi na mí fifia, eye kakaɖedzitɔe la, míate ŋu akpɔ mɔ na yayrawo le etsɔme. (Mixlẽ Marko 10:29, 30.) Eya ta susu geɖewo li siwo tae mele be míatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ “aziɔ ɖe kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu, ame si naa nuwo katã mí fũu hena míaƒe zazã la dzi.” Esia ana be míadzra ‘gɔmeɖoanyi nyui aɖe ɖo ɖi dedie na mía ɖokuiwo, wòanye kesinɔnu hena etsɔ si gbɔna, bene míaƒe asi nasu agbe vavã la dzi.’ (1 Tim. 6:17-19) Ɛ̃, ne míewɔ esia la, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be ƒe alafawo alo ƒe akpewo alo esiwo wu nenema gɔ̃ hã megbe la, míate ŋu aɖo ŋku tiatia si míewɔ la dzi ahagblɔ be, “Mekpɔ dzidzedze le agbe me vavã!”

AFI KAE WÒ NU XƆASIWO LE?

13. Aɖaŋu kae Yesu ɖo ku ɖe nu xɔasiwo nu ƒoƒo ƒu ŋu?

13 Yesu gblɔ tso nu xɔasiwo ŋu be: “Midzudzɔ nu xɔasiwo nu ƒoƒo ƒu na mia ɖokui ɖe anyigba dzi, afi si agbagblaʋui kple ɣebia gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia fi le. Ke boŋ miƒo nu xɔasiwo nu ƒu na mia ɖokui ɖe dziƒo, afi si agbagblaʋui alo ɣebia megblẽa nu le o, eye fiafitɔwo medzea kpɔ va fia fi le o. Elabena afi si wò nu xɔasiwo le la, afi mae wò dzi hã anɔ.”—Mat. 6:19-21.

14. Nu ka tae nunya mele eme be míati anyigbadzinu xɔasiwo alo kesinɔnuwo yome o?

14 Menye ga koe ame aɖe ƒe anyigbadzinu xɔasi ate ŋu anye o. Le gɔmesese aɖe nu la, esia ate ŋu anye nu siwo ŋu Salomo ŋlɔ nu tsoe, siwo ŋu amewo dea asixɔxɔ vevie, abe ŋkɔxɔxɔ, alo gãnyenye ene. Nya si Yesu gblɔ la sɔ kple Salomo ƒe nya siwo le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me—si nye be, xexemenu xɔasiwo alo kesinɔnuwo menɔa anyi ɖaa o. Abe ale si nènyae ene la, kesinɔnu mawo katã dome tea ŋu gblẽna eye woate ŋu abu hã. Nufialagã F. Dale Bruner ŋlɔ tso kesinɔnu mawo ŋu be: ‘Ame geɖe nyae nyuie be ŋkɔxɔxɔ menɔa anyi wòdidina o. Woate ŋu aŋlɔ ame aɖe si xɔ ŋkɔ egbea la be kaba. Ame aɖe si kpɔ ga geɖe ƒe sia me la ate ŋu abu wo katã le ƒe si gbɔna me. . . . [Yesu] lɔ̃ amegbetɔwo. Exlɔ̃ nu wo ku ɖe ale si bubu si le amewo ŋu la nu va yina kaba si nana be mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo la ŋu. Bubu sia menɔa anyi ɖaa o. Yesu medi be [yeƒe] nusrɔ̃lawo nase veve o. “Edzɔna gbe sia gbe le xexea me be ame siwo ƒe ŋkɔ de dzi bobobo gɔ̃ hã megava ɖia naneke o.”’ Togbɔ be ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe nya siawo dzi hã la, wo dometɔ nenie ɖea mɔ Yesu ƒe nyawo kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wonɔa agbee dzi? Ke wò ya ɖe, àwɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzia?

15. Dzidzedzekpɔkpɔ ka tae wòle be míaku kutri ɖo?

15 Subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔna be mesɔ be ame naku kutri be yeakpɔ dzidzedze o, eye be ele be woagbe nya na ame sia  ame si le esia wɔm la vevie. Gake de dzesii be Yesu menɔ gbɔgblɔm be míagadze agbagba be míakpɔ dzidzedze o. Ke boŋ ɖe wònɔ dzi dem ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woadze agbagba akpɔ dzidzedze vavãtɔ eye woadzra ‘kesinɔnu siwo megblẽna o la ɖo ɖe dziƒo.’ Míaƒe didi vevitɔe nye be Yehowa nabu mí be míekpɔ dzidzedze. Ɛ̃, Yesu ƒe nyawo ɖo ŋku edzi na mí be mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu atia nu si yome wòdi be yeati le agbe me. Gake nyateƒeae nye be nu si le míaƒe dzi me, nu si míebua nu vevii, la yome koe míate ŋu ati.

16. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo bliboe?

16 Ne míetiae be míadze agbagba vevie adze Yehowa ŋu la, míate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu be nu siwo míehiã la nasu mía si. Ate ŋu aɖe mɔ dɔ alo tsikɔ nawu mí hena ɣeyiɣi aɖe, abe ale si wònɔ le apostolo Paulo gome ene. (1 Kor. 4:11) Gake míate ŋu aka ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le la dzi bliboe be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe agblɔ be, ‘Nu kae míaɖu?’ alo ‘Nu kae míano?’ alo ‘Nu kae míado?’ o. Elabena nu siawo katã nye nu siwo yome dukɔwo nɔna vevie. Elabena mia Fofo si le dziƒo la nyae be miehiã nu siawo katã. Eya ta miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mat. 6:31-33.

DZE AGBAGBA NÀKPƆ DZIDZEDZE LE MAWU ŊKUME

17, 18. (a) Nu kae ɖenɛ fiana be ame aɖe kpɔ dzidzedze vavãtɔ? (b) Nu kawoe meɖenɛ fiana be ame aɖe kpɔ dzidzedze o?

17 Nu vevi si wòle be wòanɔ susu me na míe nye esi: Menye nu siwo gbegbe míete ŋu wɔ alo ɖoƒe si míele le xexea me ye ɖenɛ fiana be míekpɔ dzidzedze vavãtɔ o. Eye menye agbanɔamedzi agbɔsɔsɔme si wode mía si le Kristo hamea me hã ye ɖenɛ fiana be míekpɔ dzidzedze vavãtɔ o. Ke hã yayra mawo ate ŋu anye míaƒe toɖoɖo kple nuteƒewɔwɔ na Mawu me tsonuwo ko, elabena eya ŋutɔ gblɔ be: “Nu si wodina tso aƒedzikpɔlawo sie nye be woakpɔ wo be wonye nuteƒewɔlawo.” (1 Kor. 4:2) Eye ele be míado dzi le nuteƒewɔwɔ me. Yesu gblɔ be: “Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.” (Mat. 10:22) Eya ta ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be, ne nuteƒewɔlawo kpɔ ɖeɖe la, enye kpeɖodzi be wokpɔ dzidzedze oa?

18 Nuteƒewɔwɔ na Mawue ɖenɛ fiana be ame kpɔ dzidzedze vavãtɔ, eye nɔnɔme ka ke me míeɖale o, mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu. Menye ale si míexɔ ŋkɔe, míaƒe sukudede, alo ga si gbegbe le mía si ye ɖenɛ fiana be míenye nuteƒewɔlawo o. Eye nenema kee menye ɖoƒe si le mía si, míaƒe nunya alo dzɔdzɔmeŋutete ye ɖenɛ fiana be míenye nuteƒewɔlawo o. Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ aɖewo nye kesinɔtɔwo eye ɖewo hã nye ame dahewo. Paulo gblɔ na kesinɔtɔawo be: “Woawɔ nyui, woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, woaʋu asi me, woalɔ̃ faa ana nu amewo.” Kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa ƒe ‘asi ate ŋu asu agbe vavã la dzi sesĩe.’ (1 Tim. 6:17-19) Nya sia nye nyateƒe egbea hã. Mɔnukpɔkpɔ ɖekae wotsɔ ɖo mí katã ŋkume eye agba ɖekae le mí katã dzi; eyae nye be: Míayi edzi awɔ nuteƒe eye míanye “kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me.” Ne míewɔe alea la, míakpɔ dzidzedze le mía Wɔla la ŋkume, eye dzidzɔ si dona tso enyanya be míedzea eŋu me la asu mía si.—Lod. 27:11.

19. Nu kae nèɖo be yeawɔ be nàkpɔ dzidzedze?

19 Ðewohĩ míate ŋu atrɔ ale si xexea bua míi la o, gake míate ŋu atrɔ ale si míebua nɔnɔme si me míawo ŋutɔwo míele lae. Nɔnɔme ka ke mee nèɖale o, ne èkua kutri be yeawɔ nuteƒe na Mawu la, efia be èkpɔ dzidzedze. Aɖe vi na wò. Ka ɖe edzi be Yehowa ayra wò geɖe fifia heyi mavɔmavɔ me. Mègaŋlɔ nya siwo Yesu gblɔ na Kristotɔ amesiaminawo la be gbeɖe o be: ‘Nye nuteƒewɔla va se ɖe keke ku me ke, eye mana agbefiakuku wò.’ (Nyaɖ. 2:10) Emae nye dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ!