Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Eŋlisigbe Gbetakpɔxɔ Si Le Bɔbɔe Wu Nu Ka Tae Míele Etam Ðo?

Eŋlisigbe Gbetakpɔxɔ Si Le Bɔbɔe Wu Nu Ka Tae Míele Etam Ðo?

ƑE GBOGBO aɖewoe nye esia la, ame geɖewo le xexea me godoo kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nyatakaka siwo nɔa Gbetakpɔxɔ magazinea me ŋu, eye wokpɔ viɖe geɖe tso wo xexlẽ me. Le July 2011 me la, woɖe magazine sia ƒe tata si míesrɔ̃na si gɔme sese le bɔbɔe wu la ƒe gbãtɔ ɖe go le Eŋlisigbe me. Wogblɔ le tata ma me be: ‘Tata yeye sia nye nu si míeɖo be míado kpɔ hena ƒe ɖeka, eye ne eɖe vi na amewo la, míayi etata dzi.’

Fifia enye dzidzɔ na mí be míana mianya be míetso nya me be míayi etata dzi. Gawu la, ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, woaɖe tata si gɔme sese le bɔbɔe wu la ɖe go ɖe Fransegbe, Portugalgbe kple Spaingbe me.

NU SI TAE WÒDO DZIDZƆ NA AMEWO

Ame geɖe siwo le Anyiehe Pasifik la ka nya ta esime woxɔ tata si gɔme sese le bɔbɔe wu la be: “Fifia nɔviawo le Gbetakpɔxɔ me nyawo gɔme sem keŋkeŋ.” Lɛta bubu gblɔ be: “Fifia míele ɣeyiɣi si míezãna tsã tsɔ nɔa nyawo kple nyagbɔgblɔwo ƒe gɔmeɖeɖe dim la zãm tsɔ le ŋugble dem le kadodo si le mawunyakpukpuiawo kple nusɔsrɔ̃a dome ŋu hele wo gɔme sem nyuie wu.”

“Fifia míele ɣeyiɣi si míezãna tsã tsɔ nɔa nyawo kple nyagbɔgblɔwo ƒe gɔmeɖeɖe dim la zãm tsɔ le ŋugble dem le kadodo si le mawunyakpukpuiawo kple nusɔsrɔ̃a dome ŋu hele wo gɔme sem nyuie wu”

Yunivɛsitinuwula aɖe si le United States la gblɔ be: “Menɔ nya gã nya gã siwo gɔme suku kɔkɔ delawo ko ate ŋu ase la zãm le nuƒoƒo kple nuŋɔŋlɔ me hena ƒe 18 sɔŋ. Meva srɔ̃ nuƒoƒo kple nuŋububu le mɔ deŋgɔ aɖe si mehiã o nu. Meva kpɔe be ehiã be mawɔ tɔtrɔ gã aɖe le nye nuŋububu kple nuƒoƒo ŋu.” Fifia esi wòva nye nya nyui gblɔla bibi aɖe la, eŋlɔ bena: “Gbetakpɔxɔ si gɔme sese le bɔbɔe wu la kpe ɖe ŋunye geɖe ŋutɔ. Ale si woŋlɔ gbea wòle bɔbɔe la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe si masrɔ̃.”

 Nɔvinyɔnu aɖe si le England, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1972 me la ŋlɔ tso Gbetakpɔxɔ si gɔme sese le bɔbɔe wu la ŋuti be: “Esi mexlẽ eƒe tata gbãtɔa la, mese le ɖokuinye me abe ɖe Yehowa nɔ anyi ɖe nye axadzi tututu hetsɔ eƒe asi kpla kɔ nam eye míenɔ exlẽm ɖekae ene. Ðeko wòle abe vifofo aɖee le ŋutinya viviwo xlẽm na via le anyimlɔɣi ene.”

Nɔvinyɔnu aɖe si le United States Betel eye wòxɔ nyɔnyrɔ ƒe 40 ye nye esi va yi la gblɔ be tata si gɔme sese le bɔbɔe wu la kɔa nuwo me na ye ɖe edzi wu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, September 15, 2011 ƒe tataa ƒe aɖaka si nye “Some Expressions Explained” (Nyagbɔgblɔ Aɖewo Siwo Gɔme Woɖe) la ɖe nyagbɔgblɔ “ɖasefowo ƒe alilikpo” si dze le Hebritɔwo 12:1 me be: “Wosɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu axlẽ wo o.” Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Esia na megase kpukpui sia gɔme ɖe edzi.” Egblɔ ku ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpea ŋu be: “Ne ɖevi aɖe ɖo nya ŋu tso tata si gɔme sese le bɔbɔe wu la me tẽe hã la, nyawo mesɔna kple Gbetakpɔxɔ ƒe tata si wotana xoxoxo, si le ame geɖe si, la o. Eya ta ɖevia ƒe nyaŋuɖoɖoawo nyea nya yeye le nyaselawo ƒe to me.”

Nɔvinyɔnu bubu aɖe si le Betel la ŋlɔ bena: “Menɔa mɔ kpɔm vevie be mase ɖevi suewo ƒe nyaŋuɖoɖowo le hamea me. Gbetakpɔxɔ si gɔme sese le bɔbɔe wu la kpe ɖe wo ŋu be woƒoa nu kple kakaɖedzi. Woƒe nyaŋuɖoɖowo dea dzi ƒo nam ŋutɔ.”

 Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1984 me la ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ku ɖe tata si gɔme sese le bɔbɔe wu la ŋu ale: “Mese le ɖokuinye me be nye ɖeɖe koe wotae na. Enana be mesea nu si xlẽm mele la gɔme bɔbɔe. Fifia la, kakaɖedzi le asinye be mate ŋu aɖo nya ŋu le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me.”

ENYE DƆWƆNU SI ŊU DZILAWO DEA ASIXƆXƆE

Vidada aɖe si si ŋutsuvi ƒe adre vi le la gblɔ be: “Ne míele Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a dzram ɖo la, nyagbe geɖe gɔme ɖeɖe nɛ nana nusɔsrɔ̃a didina eye wòsesẽna.” Aleke tata si gɔme sese le bɔbɔe wu la kpe ɖe eŋu? Eŋlɔ bena: “Ewɔa nuku nam ŋutɔ be etea ŋu kpɔa gome le memamawo xexlẽ me eye wòsea nu si xlẽm wòle la gɔme nyuie. Esi nyawo gɔme sese mesesẽ o eye nyagbeawo le kpuikpui ta la, mevɔ̃na o. Fifia eya ŋutɔ tea ŋu dzraa nya siwo ŋu wòaɖo le kpekpeawo me la ɖo nye kpekpeɖeŋu manɔmee, eye eƒe susu nɔa magazinea ŋu le nusɔsrɔ̃a katã me.”

“Ewɔa nuku nam ŋutɔ be etea ŋu kpɔa gome le memamawo xexlẽ me eye wòsea nu si xlẽm wòle la gɔme nyuie”

Vidada aɖe si si nyɔnuvi ƒe asieke vi le la ŋlɔ bena: “Tsã la, ehiã be míakpe ɖe eŋu wòadzra eƒe nyaŋuɖoɖowo ɖo. Gake fifia la, eya ŋutɔ dzraa wo ɖo. Ƒãa hafi wòva hiãna be míazã ɣeyiɣi aɖe nuwo me nɛ alo akpe ɖe eŋu wòase nyatakakawo gɔme. Esi mesesẽna nɛ be wòase nyawo gɔme o ta la, ese le eɖokui me be fifia yewɔa akpa vevi aɖe le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me.”

ALEKE ÐEVIWO SE LE WO ÐOKUI ME?

Ðevi geɖe se le wo ɖokui me be yewo koŋ ye wota Gbetakpɔxɔ si gɔme sese le bɔbɔe wu la na. Rebecca si xɔ ƒe wuieve ŋlɔ bena: “Meɖe kuku, miyi tata si gɔme sese le bɔbɔe wu la tata dzi!” Egblɔ kpee be: “Akpa si nye ‘Nyagbɔgblɔ Aɖewo Siwo Gɔme Woɖe’ la doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Ele bɔbɔe na ɖeviwo ŋutɔ.”

Nicolette si xɔ ƒe adre hã se le eɖokui me nenema ke; egblɔ be: “Tsã la, Gbetakpɔxɔ me nyatiwo gɔme sese sesẽna nam. Gake fifia la, metea ŋu ɖoa nya geɖe ŋu le ɖokuinye si.” Emma si xɔ ƒe asieke la ŋlɔ bena: “Ekpena ɖe mía kple nɔvinyeŋutsu si xɔ ƒe ade la ŋu ŋutɔ. Fifia, míesea nu geɖe gɔme nyuie wu! Akpe na mi!”

Edze ƒãa be Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe tata si gɔme sese le bɔbɔe wu la le vi ɖem na ame geɖe le esi emenyawo gɔme sese le bɔbɔe eye woŋlɔnɛ kple nyagbe kpuikpuiwo ta. Ele hiahiã aɖe gbɔ kpɔm eye míayi edzi anɔ etam anɔ kpekpem ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míetana xoxo, si nye nunana xɔasi aɖe tso keke ƒe 1879 me ke la ŋu.