Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ame Siwo Li Hena Ɣeyiɣi Kpui Aɖe La” Wɔ Ðeka Le Tadedeagu Vavãtɔ Me

“Ame Siwo Li Hena Ɣeyiɣi Kpui Aɖe La” Wɔ Ðeka Le Tadedeagu Vavãtɔ Me

“Amedzro viwo anye miaƒe agbledelawo kple miaƒe waingbledelawo. Ke miawo la, woatsɔ ŋkɔ na mi be ‘Yehowa ƒe nunɔlawo.’” —YES. 61:5, 6.

1. Aleke ame aɖewo bua amedzrowoe, gake nu ka tae esia mesɔ o?

ABE ale si wòdze le nyati si do ŋgɔ me ene la, amewo zãa nya “amedzro” fewuɖuɖutɔe tsɔ ɖea vlododo alo gbɔɖiɖi ame fiana; wowɔa esia ŋkume kple ŋkume gɔ̃ hã. Enye bubumademade ame ŋu be ame aɖe nabui be yeƒe dukɔ me tɔwo nyo wu dukɔ bubu me tɔwo. Nyateƒeae nye be ame aɖeke menyo wu ame bubu aɖeke o. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Nɔviwoe amegbetɔ ƒomevi vovovoawo katã nye, abe ale si Biblia gbɔe ene.” (The Races of Mankind [Amegbetɔ Ƒomevi Vovovoawo]) Zi geɖe la, nɔviwo toa vovo na wo nɔewo, gake nɔviwo koe wonye.

2, 3. Aleke Yehowa bua amedzrowoe?

2 Nyateƒee, afi ka kee míeɖale le xexea me o, amedzrowo nɔa anyi godoo. Nenema ke wònɔ le blema Israel vi siwo Se ƒe nubabla la na wonɔ ƒomedodo tɔxɛ aɖe me kple Yehowa Mawu la hã gome. Seɖoƒe nɔ anyi na ame siwo menye Israel viwo o la ƒe gomenɔamesiwo le mɔ aɖewo nu, ke hã wobia tso Israel viawo si be woade bubu wo ŋu eye woagatafa wo o. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wòle be míasrɔ̃! Mele be Kristotɔ vavãwo nakpɔ ame ŋkume alo alé fu ame bubuwo o. Nu ka tae? Apostolo Petro gblɔ be: “Vavãe, mekpɔe dze sii be Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.”—Dɔw. 10:34, 35.

3 Amedzro siwo nɔ blema Israel viwo dome la kpɔ viɖe geɖe le wo gbɔ nɔnɔ me. Esia ɖe Yehowa ƒe susu le nya sia ŋu fia, abe ale si apostolo Paulo gblɔe ƒe aɖewo megbe la ene, esi wòbia tso Yehowa ŋu be: “Alo Yudatɔwo ɖeɖe ko ƒe Mawue wònyea? Ðe menye dukɔwo me tɔwo hã tɔ oa? Ɛ̃, dukɔwo me tɔwo hã tɔe.”—Rom. 3:29; Yoel 3:5.

4. Nu ka tae ame aɖeke menye amedzro le “Mawu ƒe Israel la” me o?

 4 Esi Mawu wɔ nubabla yeyea kple Kristotɔ amesiaminawo vɔ megbe la, ƒomedodo tɔxɛ aɖeke meganɔ eya kple dzɔdzɔme Israel dukɔa dome o. Eya ta woyɔ Mawu ƒe dukɔ yeye la be “Mawu ƒe Israel la.” (Gal. 6:16) Eye abe ale si Paulo ɖe eme ene la, “Helatɔ alo Yudatɔ, aʋatsotso alo aʋamatsomatso, amedzro, Skitetɔ, kluvi, ablɔɖeme mele [dukɔ yeye sia me] o, ke boŋ Kristo nye nuwo katã, eye wòle wo katã me.” (Kol. 3:11) Le susu sia ta la, ame aɖeke menye amedzro le Kristo hamea me o.

5, 6. (a) Nyabiase kae ate ŋu afɔ ɖe te ku ɖe Yesaya 61:5, 6 ŋu? (b) Ame kawoe nye “Yehowa ƒe nunɔlawo” kpakple “amedzro” siwo ŋu Yesaya ƒo nu tsoe? (d) Mɔ ka nue ƒuƒoƒo eveawo wɔa dɔ ɖekae le?

5 Gake ame aɖewo ate ŋu ahe susu ayi nyagblɔɖi si le Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta 61 lia me, si le eme vam le Kristo hame me egbea, la dzi. Ta ma ƒe kpukpui 6 lia ƒo nu tso ame siwo asubɔ abe “Yehowa ƒe nunɔlawo” ene la ŋu. Gake kpukpui 5 lia ƒo nu tso “amedzro” siwo akpe asi ɖe “nunɔlawo” ŋu ahawɔ dɔ kpli wo la ŋu. Aleke wòle be míase nya sia gɔme?

6 Míenyae be Kristotɔ amesiaminawoe nye ‘Yehowa ƒe nunɔla’ mawo, woawoe akpɔ gome le “tsitretsitsi gbãtɔ la me” eye woanye “Mawu kple Kristo la ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii hena ƒe akpe ɖeka.” (Nyaɖ. 20:6) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Kristotɔ wɔnuteƒe geɖewo li siwo si agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le. Ame siawo wɔa dɔ hedea ha kplikplikpli kple ame siwo asubɔ le dziƒo la. Esi womenye “Mawu ƒe Israel la” me tɔwo o ta la, wonye amedzrowo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Wowɔa dɔ dzidzɔtɔe hekpea asi ɖe “Yehowa ƒe nunɔlawo” ŋu eye wosubɔna abe “agbledelawo” kple “waingbledelawo” ene. Ɛ̃, wokpea asi ɖe amesiaminawo ŋu wohea ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu to gbeƒãɖeɖe nyateƒea kple efiafia ame bubuwo dzi. Nyateƒee, amesiaminawo kple ‘alẽ bubuawo’ siaa fiaa nyateƒea amewo eye woyia edzi kpena ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe be woanɔ agbe ɖe enu.—Yoh. 10:16.

‘AME SIWO LI HENA ƔEYIƔI KPUI AÐE’ ABE ABRAHAM ENE

7. Aleke Kristotɔ siwo li egbea la le abe Abraham kple blema nuteƒewɔla bubuwo ene?

7 Abe ale si míede dzesii le nyati si do ŋgɔ me ene la, Kristotɔ vavãwo le abe  amedzrowo, alo ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe ene le Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia me. Le gɔmesese sia nu la, wole abe Abraham kple nuteƒewɔla bubu siwo nɔ anyi le blema, ame siwo ŋu wogblɔ le be, “wonye amedzrowo kple ame siwo le anyigba la dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe” la ene. (Heb. 11:13) Etsɔmemɔkpɔkpɔ ka kee ɖale mía si o, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míanɔ ƒomedodo tɔxɛ aɖe me kple Yehowa abe ale si wònɔ le Abraham gome ene. Yakobo ɖe eme be: “‘Abraham xɔ Yehowa dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ,’ eye wova yɔe be ‘Yehowa xɔlɔ̃.’” (Yak. 2:23)

8. Ŋugbe kae Mawu do na Abraham, eye aleke Abraham wɔ nui?

8 Mawu do ŋugbe be to Abraham kple eƒe dzidzimeviwo dzi la, woayra anyigba dzi ƒomewo katã, ke menye dukɔ ɖeka pɛ ko o. (Mixlẽ 1 Mose 22:15-18.) Ɣemaɣi la, togbɔ be keke etsɔme ʋĩi kee Mawu ƒe ŋugbedodo sia ava eme hã la, Abraham ka ɖe edzi be ava eme godoo. Eya kple eƒe ƒomea nɔ ʋuʋum tso teƒe yi teƒe le eƒe agbenɔƒe ƒe afã katã me. Ɣeyiɣi mawo katã me la, Abraham kpɔtɔ yi edzi nye Yehowa xɔlɔ̃.

9, 10. (a) Mɔ kawo nue míate ŋu asrɔ̃ Abraham ƒe kpɔɖeŋua le? (b) Amekpekpe kae míate ŋu atsɔ ayi na ame bubuwo?

9 Togbɔ be Abraham menya ɣeyiɣi didi si wòalala hafi eƒe mɔkpɔkpɔa nava eme nɛ o hã la, eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple ɖokuitsɔtsɔ na eyama me megbɔdzɔ gbeɖe o. Eƒe susu nɔ ŋugbedodoa dzi eye meyi ɖatso aƒe ɖe dukɔ aɖe me be yeatsi afi ma ɖaa o. (Heb. 11:14, 15) Aleke gbegbe nunya le emee nye esi be míasrɔ̃ Abraham ƒe kpɔɖeŋua be míanɔ agbe tsɛ eye míagatsi dzimaɖi be nu geɖe nanɔ mía si, míaxɔ ŋkɔ, alo míakpɔ ŋutilãmedɔ gã aɖe awɔ o! Nu ka tae wòle be míaku kutri be nu sia nu nasu mía si le xexe sia si le enu wu ge kpuie la me? Nu ka tae wòle be míaku ɖe nu siwo li egbea eye etsɔ ko womaganɔ anyi o la ŋu goŋgoŋ? Abe ale si wònɔ le Abraham gome ene la, míele mɔ kpɔm na nane si nyo wu sãsãsã. Míelɔ̃ faa be míagbɔ dzi ɖi, alala, va se ɖe esime míaƒe mɔkpɔkpɔa nava eme.—Mixlẽ Romatɔwo 8:25.

Ðe àna wò susu nanɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava ŋu abe ale si Abraham wɔe enea?

10 Yehowa yi edzi le dukɔwo katã kpem be woakpɔ yayra to Abraham ƒe dzidzimevia dzi. Eye ‘Yehowa ƒe nunɔla’ amesiaminawo kpakple alẽ bubuawo siwo nye “amedzrowo” la tsɔa amekpekpe sia yina na amewo le xexea me godoo le gbegbɔgblɔ siwo wu 600 sɔŋ me.

LƆ̃ AMEƑOMEVI ÐE SIA ÐE

11. Nu kae Salomo kpe dukɔ bubu me tɔwo be woava wɔ?

11 Esime wonɔ gbedoxɔa ŋu kɔm le ƒe 1026 D.M.Ŋ. me la, Salomo kpɔe be dukɔwo katã me tɔwo ava kafu Yehowa kpe ɖe eƒe dukɔa ŋuti, le ɖekawɔwɔ me kple ŋugbe si Yehowa do na Abraham. Edo gbe ɖa na Yehowa tso dzi blibo me be: “Ne du bubu me tɔ hã, ame si metso wò dukɔ Israel me o, ke boŋ anyigba didi aɖe dzi wòtso va le wò ŋkɔ ta—elabena woase wò ŋkɔ gã kple wò asi sesẽ kpakple wò alɔ, si nèdo ɖe dzi la ŋkɔ—eye wòva do gbe ɖa le aƒe sia me la, ekema nàsee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nàwɔ nu siwo katã ŋuti du bubu me tɔ la le yɔwòm ɖo; ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si wò ŋkɔ, eye woavɔ̃ wò abe wò dukɔ Israel ene, eye woadze sii bena, wò ŋkɔ woyɔ ɖe xɔ sia, si metu na wò la ŋu.”—1 Fia. 8:41-43.

12. Nu ka tae ame aɖewo bua Yehowa Ðasefowo be woto vovo kura alo bua wo abe “amedzrowo” ene?

12 Amedzro nye ame aɖe si le dukɔ aɖe si menye woƒe dukɔ o me alo ame aɖe si ʋu yi du aɖe si menye wo de o me. Nya sia ɖɔ Yehowa Ðasefowo ƒe nɔnɔmea wòsɔ nyuie. Togbɔ be wole dukɔ geɖe me hã la, dziƒodziɖuɖu, si nye Mawu Fiaɖuƒe si le Kristo ƒe kpɔkplɔ te, la ƒe akpa dzi koe wonɔna. Eya ta womedea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me kura o, togbɔ be  ame aɖewo susui be ele be woade nu dunyahehe me gɔ̃ hã.

Yehowa mebua amegbetɔ aɖeke be enye amedzro o

13. (a) Aleke míawɔ be míagabu ame aɖeke be enye amedzro o? (b) Le gɔmedzedzea me la, aleke Yehowa di be amegbetɔwo nabu wo nɔewoe?

13 Zi geɖe la, nanewo siwo ɖe dzesi ƒãa le amedzrowo ŋu lae wotsɔ dea dzesi woe. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anye gbe si wodona, woƒe dekɔnuwo, woƒe dzedzeme, alo kura gɔ̃ hã woƒe awudodo. Ke hã nu siwo me woa kple amegbetɔ bubuwo sɔ le la le vevie sãsãsã wu vovototo mawo. Eya ta le nyateƒe me la, wobua ame aɖe be enye amedzro le esi wòto vovo le mɔ aɖewo nu ko ta. Ne míesrɔ̃ ale si míakpɔ nu ayi ŋgɔe wu vovototo mawo, woɖanye vovototo ŋutɔŋutɔwo alo esiwo míesusu o la, míagabu ame aɖeke amedzro azɔ o. Ne ame siwo katã le anyigba dzi la nye dukɔ ɖeka me tɔwo alo le dziɖuɖu ɖeka te la, ame aɖeke manye amedzro na nɔvia o. Le nyateƒe me la, Yehowa ƒe gɔmedzetameɖoɖoe nye be amegbetɔwo katã nawɔ ɖeka abe ƒome ɖeka ene le dziɖuɖu ɖeka, si nye eƒe dziɖuɖu, te. Ðe wòate ŋu anya wɔ egbea be dukɔwo katã me tɔwo nadzudzɔ ame bubuwo bubu amedzrowoea?

14, 15. Nu kae Yehowa Ðasefowo te ŋu wɔ abe ƒuƒoƒo ene?

14 Le xexe sia si me ɖokuitɔdidi kple dulɔlɔ̃ xɔ aƒe ɖo me la, efaa akɔ na mí ŋutɔ be míakpɔe be ame aɖewo li siwo lɔ̃a ameƒomevi ɖe sia ɖe, dukɔ ka me tɔe wòɖanye o. Gake le nyateƒe me la, mele bɔbɔe be woadzudzɔ nazãbubu o. Ame si ɖo televisiondɔwɔƒe deŋgɔ si woyɔna be CNN, si ŋkɔe nye Ted Turner, si wɔ dɔ kple dɔwɔla bibi siwo tso dukɔ vovovowo me la gblɔ be: “Gododo ame siawo wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Meva kpɔe be mele be mabu dukɔ bubuwo me tɔwo abe ‘amedzrowo’ ene o, ke boŋ abe anyigba la dzi tɔwo ene. Esia wɔe be meva te nya ‘amedzro’ bubu be enye gbɔɖiamenya, eye esia ta mede se aɖe le CNN dɔwɔƒea be, woagazã nya ma le nyadzɔdzɔwo gbɔgblɔ me loo alo le dzeɖoɖo kple wo nɔewo me le dɔwɔƒea me o. Ke boŋ le esia teƒe la, woazã nya ‘dukɔ bubuwo me tɔwo.’”

15 Le xexea me godoo la, Yehowa Ðasefowo koe nye ƒuƒoƒo si bua amewo abe ale si Mawu bua woe ene. Esi wole ale si Yehowa bua nuwo ŋui srɔ̃m ta la, wowɔ tɔtrɔ le ale si wosena le wo ɖokui me ɖe dukɔ bubu me tɔwo ŋu kple ale si wobua woe la ŋu. Esia wɔe be womekea ɖi dukɔ bubu me tɔwo ƒe anukwareɖiɖi alo bua nazã ɖe wo ŋu o. Womeléa fu wo o, ke boŋ wodea asixɔxɔ vovototo siwo le ameƒomevi vovovoawo dome kple woƒe ŋutetewo ŋu vevie. Ðe wò ŋutɔ ède ŋugble le tɔtrɔ sia si Yehowa Ðasefowo wɔ kple ale si esia kpe ɖe ŋuwò le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me ŋu kpɔa?

 XEXE SI ME AMEDZROWO MAGANƆ O

16, 17. Ne Nyaɖeɖefia 16:16 kple Daniel 2:44 me nyawo va eme la, aleke agbea anɔ na wò?

16 Eteƒe madidi o, Yesu Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔwo akpe aʋa kple anyigba dzi dukɔ siwo li egbea la katã ne wotso ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu le aʋa mamlɛtɔ si “woyɔna le Hebrigbe me be Harmagedon” la me. (Nyaɖ. 16:14, 16; 19:11-16) Ƒe 2,500 kple edzivɔe nye esi va yi la, gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Daniel wògblɔ nu si adzɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu dzi la ɖi. Egblɔ be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Dan. 2:44.

17 Àte ŋu akpɔ yayra si nyagblɔɖi ma me vava anye na wò ŋutɔ la le susu mea? Liƒo siwo amegbetɔwo ɖo na dukɔwo, siwo wɔe be wobua amegbetɔ ɖe sia ɖe be enye amedzro le teƒe aɖe la, maganɔ anyi azɔ o. Togbɔ be amegbetɔwo agato vovo na wo nɔewo le gotagome kokoko hã la, ɖeko esia aɖe ale si Mawu wɔ nuwo hamehame wònya kpɔ la afia. Ele be mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname ma naʋã mí katã míayi edzi anɔ bubu dem mía Wɔla, Yehowa Mawu, ŋu ahanɔ ekafum ale si míate ŋui.

Ðe nèle mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si liƒo siwo amegbetɔwo ɖo na dukɔwo, siwo wɔe be wobua amegbetɔ ɖe sia ɖe be enye amedzro le teƒe aɖe la, maganɔ anyi azɔ oa?

18. Tɔtrɔ kawoe Yehowa Ðasefowo wɔ nyitsɔ laa si ɖee fia be womebua dukɔ aɖeke me tɔwo amedzrowoe o?

18 Ðe wòate ŋu adzɔ vavã be gbe ɖeka la, xexea me tɔwo katã adzudzɔ ame bubuwo bubu amedzrowoea? Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be nu sia ava eme. Fifia kura gɔ̃ hã la, Yehowa Ðasefowo mebua ame bubuwo amedzrowoe o. Le kpɔɖeŋu me, nyitsɔ laa la, wotsɔ woƒe alɔdzedɔwɔƒe sue siwo le dukɔ vovovo aɖewo me la ƒe dɔwo de asi na woƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe si le dukɔ bubu me be wòakpɔ dɔa dzi le dukɔ mawo me, eye wowɔ tɔtrɔ sia le teƒe vovovowo. Taɖodzinuae nye be woana dɔa dzi kpɔkpɔ nanɔ bɔbɔe wu eye woawɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nyuie le mɔ bɔbɔetɔ nu ale si wòanya wɔ. (Mat. 24:14) Dukɔwo ƒe liƒowo menye mɔxenu na wo le tɔtrɔ siawo wɔwɔ me o, negbe afi siwo dukɔwo ƒe sewo meɖe mɔ na esia wɔwɔ le o ko. Esia ganye kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ aɖe si le eɖem fia be Yesu Kristo, Dziɖula si Yehowa tia la, le anyigba dzi dukɔwo ƒe liƒowo gbãm, eye be ‘awu eƒe aʋadziɖuɖu la nu’ kpuie!—Nyaɖ. 6:2.

19. Nu kae nyateƒea ƒe gbegbɔgblɔ dzadzɛa na Yehowa Ðasefowo te ŋu wɔ?

19 Yehowa Ðasefowo le dukɔ geɖewo me eye le esia ta la wodoa gbegbɔgblɔ vovovowo. Ke hã wokua kutri vevie be yewoado nyateƒea ƒe gbegbɔgblɔ dzadzɛ la. Esia wɔe be wowɔ ɖeka ale gbegbe be womate ŋu ama wo dome o. (Mixlẽ Zefaniya 3:9.) Wonye ƒome aɖe si me tɔwo nye dukɔ vovovo me tɔwo, siwo le fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖia me, evɔ womenye eƒe akpa aɖeke o. Ƒome wɔɖeka sia nye xexe si le vava ge kpuie, si me ame aɖeke maganye amedzro le o, la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe ko. Ɣemaɣi la, ame sia ame si le agbe la akpɔ dzidzɔ ne ekpɔ nya si míeyɔ do ŋgɔ tso agbalẽ aɖe me la ƒe nyateƒenyenye teƒe be: “Nɔviwoe amegbetɔ ƒomevi vovovoawo katã nye, abe ale si Biblia gbɔe ene.”—The Races of Mankind.