Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Hafi mía kple srɔ̃nye míasrɔ̃ nyateƒea la, míelɔ̃ ɖɔktawo zã fufɔfɔmɔnu aɖe si me woɖea ŋutsu ƒe tsinyenye kple nyɔnu ƒe azi dea atukpavi aɖe me be ŋutsua ƒe tsinyenye me nugbagbevi nade vi azia me, eye emegbe wotsɔa fugboea dea nyɔnua ƒe vidzidɔ me la na srɔ̃nye, le esi míedi be míadzi vi ta. Menye srɔ̃nye ƒe azi siwo me vi ɖo la katãe wozã o; wode ɖewo nufamɔ̃ aɖe me hedzra wo ɖo. Ðe wòle be míana woakpɔtɔ anɔ anyia, alo woate ŋu atsɔ wo aƒu gbea?

Esia nye nyametsotso sesẽ siwo dzea ŋgɔ atsu kple asi siwo wɔ fufɔfɔmɔnu sia, si míayɔ be atukpamefufɔfɔmɔnu, ŋu dɔ la dometɔ ɖeka. Agba le atsu kple asi ɖe sia ɖe dzi le Yehowa ŋkume be woawɔ nyametsotso le nu si woawɔ ŋu. Gake ɖewohĩ nu siwo vidzidzi to fufɔfɔmɔnu sia dzi bia la me dzodzro kpuie aɖe vi.

Ƒe 1978 mee nye zi gbãtɔ si England nyɔnu aɖe fɔ fu to mɔ sia dzi hedzi vi; ame geɖe yɔ ɖevi sia be nudokpɔtukpamevi. Nyɔnua metea ŋu fɔa fu o, elabena eƒe azigolo nu xe, si wɔe be srɔ̃a ƒe tsinyenye me nugbagbeviwo metea ŋu ɖoa eƒe aziawo gbɔ be wòafɔ fu o. Eya ta ɖɔktawo wɔ dɔ nɛ heɖe eƒe azi tsitsi ɖeka, tsɔe de atukpavi aɖe me, eye wotsɔ srɔ̃a ŋutsua ƒe tsinyenye kɔ ɖe edzi be wòana vi naɖo azia me. Wotsɔ azi si me vi ɖo (fugboe) la de nunyiamewo me wòtsi vie eye emegbe wotsɔe de nyɔnua ƒe vidzidɔ me eye wòfɔ fu. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, edzi nyɔnuvi. Wova yɔ fufɔfɔmɔnu sia kple bubu siwo de sɔsɔ ge kplii la be in vitro fertilization (IVF) [fécondation in vitro (FIV)] alo atukpamefufɔfɔmɔnu.

Togbɔ be nu siwo fufɔfɔmɔnu sia bia la ato vovo le dukɔ vovovowo me hã la, afɔ vevi siwo woɖenae nye esi: Wonaa atike aɖe nyɔnua wòazã kwasiɖa aɖewo be wòana eƒe azi geɖe natsi. Woate ŋu abia tso srɔ̃a ŋutsua si be wòalili asi eƒe ŋutsu ŋu ne wòanye tsi. Wotsɔa aziawo kple tsinyenyea, si me woɖe ɖinuwo le la, dea atukpavi aɖe me le nudokpɔƒe. Vi ate ŋu aɖo azi geɖe me eye woate tsitsi be woava zu fugboewo. Abe ŋkeke ɖeka ene megbe la, wodoa azi siwo me vi ɖo la kpɔ ne woakpɔe ɖa be nane gblẽ le wo ŋu hã, ale be woatsɔ esiwo ŋu wokpɔ be naneke megblẽ le o la ade nyɔnua ƒe vidzidɔ me be woatsi nyuie. Abe ŋkeke etɔ̃ ene megbe la, menye fugboe ɖeka koe wotsɔna dea nyɔnua ƒe vidzidɔ me o, ke boŋ wotsɔa nyuitɔawo eve alo etɔ̃ dea eƒe vidzidɔ me, ale be kakaɖedzi nanɔ anyi be afɔ fu. Ne fugboe ɖeka alo esi wu nenema te ŋu lé ɖe eƒe vidzidɔ me la, ke efɔ fue nye ema, eye woakpɔ mɔ be adzi vi le ɣeyiɣi aɖe megbe.

Ke fugboe nyuitɔ siwo wometsɔ de nyɔnua ƒe vidzidɔ me o, esiwo mele nɔnɔme nyui me o kple esiwo  ŋu nane gblẽ le ya ɖe? Ne womelé be na fugboe susɔe mawo o la, eteƒe madidi o, womaganyo na zazã o. Hafi esia nadzɔ la, woate ŋu akɔ atike aɖe ɖe fugboe siawo dzi atsɔ ade nufamɔ̃ aɖe me. Nu ka tae? Ne wotsɔ fugboeawo de nyɔnua ƒe vidzidɔ me gake mete ŋu fɔ fu o la, woate ŋu azã fugboe siwo wodzra ɖo la agatee kpɔ ake, gake esia ƒe asi abɔbɔ wu. Ke hã esia fɔa nya sesẽ aɖewo ɖe te. Abe ale si wòdze le atsu kple asi si bia nya si le etame la ƒe nyaa me ene la, nu si woawɔ kple fugboe siwo wotsɔ de nufamɔ̃ me la ŋuti nyametsotso va zu taɖui na ame geɖe. Anɔ eme be womadi be yewoagadzi vi bubuwo o. Ate ŋu anye be dzilawo ƒe ƒexɔxɔ alo woƒe ganyawo made wo dzi be woagatee kpɔ ake o. Alo nyɔnuawo ate ŋu anɔ vɔvɔ̃m na kuxi siwo ado tso eme ne yewova fɔ vi eve alo esiwo wu nenema ƒe fu. * Eye ne srɔ̃tɔ ɖeka alo evea siaa ku alo ɖeka alo evea siaa ɖe ame bubu la, esia ate ŋu ahe kuxi geɖe vɛ. Ɛ̃, dzimaɖitsitsiawo sɔ gbɔ, eye esia wɔe be srɔ̃tɔ aɖewo yi edzi le fugboeawo dzadzraɖo ŋuti fe xem ƒe geɖe.

Le ƒe 2008 me la, fugboe ŋuti nunyalagã aɖe ŋlɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ (The New York Times) aɖe me be nu si woawɔ kple fugboe siwo susɔ la ŋuti nyametsotsowɔwɔ zu taɖui na ame geɖe. Nyatia yi edzi be: ‘Ne mede ɖeke o la, wodzra fugboe 400,000 ɖo ɖe nufamɔ̃ me le kɔwo dzi le dukɔa me godoo, eye wotsɔ bubuwo le kpekpem ɖe wo ŋu gbe sia gbe. Fugboewo ate ŋu anɔ nɔnɔme nyui me ƒe ewo alo esi wu nenema ne wodzra wo ɖo nyuie, gake menye wo katãe tsia agbe ne woɖe wo le nufamɔ̃a me hena zazã o.’ Nyateƒenya sia na Kristotɔ aɖewo tɔ sẽe hede ŋugble le nyaa ŋu. Nu ka tae?

Atsu kple asi Kristotɔ siwo atukpamefugboewo ŋuti nyametsotso sesẽwo dze ŋgɔe la ate ŋu ade ŋugble le atikewɔwɔ me kuxi sesẽ bubu aɖe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ahiã be Kristotɔ aɖe natso nya me le nu si woawɔ na eƒe ame vevi aɖe si le dɔlémafɔe lém, ame si ƒe agbe wolé ɖe te to mɔ̃ aɖewo zazã dzi, abe to mɔ̃ si wɔa dɔ abe dzitodzito ene dzi be wòate ŋu anɔ gbɔgbɔm, la ŋu. Kristotɔ vavãwo melɔ̃na be woaɖe asi le dɔnɔ ŋu atikemawɔmawɔ nɛ o; eye le ɖekawɔwɔ me kple 2 Mose 20:13 kple Psalmo 36:10 me nyawo la, wodea asixɔxɔ  gã aɖe agbe ŋu. May 8, 1974, ƒe yevugbe me Nyɔ! gblɔ be: “[Kristotɔwo] bua agbe be enye nu kɔkɔe abe ale si Mawu bunɛ ene, eye wodea bubu dziɖuɖu ƒe sewo ŋu, eya ta ame siwo dina be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi la malɔ̃ gbeɖe be woawu dɔnɔ aɖe si le dɔlémafɔe lém la o, le woƒe dzitsinya ta,” elabena wokpɔe be enye eɖoɖo koŋ aɖe dɔnɔa ƒe agbe ɖa. Gake le nɔnɔme aɖewo me la, esi wotsɔ mɔ̃ aɖe le kpekpem ɖe dɔnɔ aɖe ŋu ta koe wògakpɔtɔ le agbe ɖo. Ƒometɔwo ate ŋu atso nya me ne ɖɔktawo ayi edzi anɔ mɔ̃ sia tɔgbi zãm atsɔ alé amea ƒe agbe ɖe te loo alo woadzudzɔ esia wɔwɔ.

Enye nyateƒe be esia mesɔ kple atsu kple asi siwo wɔ atukpamefufɔfɔmɔnua ŋu dɔ eye fifia wodzra woƒe fugboewo ɖo la ƒe nyaa o. Gake tiatia ɖeka aɖe si woate ŋu atsɔ aɖo wo ŋkumee nye be woalɔ̃ be woaɖe fugboeawo le nufamɔ̃a me, elabena ne woɖe fugboeawo le nufamɔ̃a me la, eteƒe madidi o, nu agblẽ le wo ŋu eye womagate ŋu azã wo o. Ele be atsu kple asia natso nya me ne woalɔ̃ woawɔ esia loo alo womalɔ̃ o.—Gal. 6:7.

Atsu kple asi aɖe ate ŋu atiae be yewoanɔ fe xem ɖe yewoƒe fugboe susɔe siwo wodzra ɖo ɖe nufamɔ̃ me la ta ɖaa, alo woate ŋu atiae be yewoadzra wo ɖo ava zã wo emegbe ne yewodi be yewoagadzi vi bubu. Gake atsu kple asi bubu hã ate ŋu atiae be woadzudzɔ nufamɔ̃ la zazã atsɔ alé fugboeawo ƒe agbe ɖe te, le esi wokpɔe be mɔ̃ aɖe koe wotsɔ lé wo ɖe te ta. Agba le Kristotɔ siwo nya sia dze ŋgɔe la dzi le Mawu ŋkume be woanɔ te ɖe woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la dzi awɔ nyametsotso. Ele be woƒe taɖodzinu nanye be yewoƒe dzitsinya nagaɖe fu na yewo o, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be woabu ame bubuwo hã ƒe dzitsinya ŋu.—1 Tim. 1:19.

Agba le Kristotɔ siwo nya sia dze ŋgɔe la dzi le Mawu ŋkume be woanɔ te ɖe woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la dzi awɔ nyametsotso

Vidzinuwo ƒe lãmetsiwo ŋuti nunyala bibi aɖe gblɔ be atsu kple asi akpa gãtɔ “tɔtɔ, ke hã wotsi dzi vevie le agba gã si gbegbe le wo dzi be woatso nya me le nu si woawɔ kple woƒe fugboe siwo [wotsɔ de nufamɔ̃ me] ŋu la ŋu.” Eƒo nya ta be: “Le atsu kple asi geɖe gome la, ewɔ abe nyametsotso nyui aɖeke meli woawɔ o ene.”

Eme kɔ ƒãa be, ele be Kristotɔ vavã siwo le atukpamefufɔfɔmɔnua zazã ŋu bum la nade ŋugble le kuxi sesẽ siwo katã ate ŋu ado mo ɖa la ŋu nyuie. Biblia ɖo aɖaŋu be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.”—Lod. 22:3.

Ŋutsu aɖe kple nyɔnu aɖe siwo le wo nɔewo gbɔ srɔ̃maɖemaɖee la le Biblia srɔ̃m eye wodi be yewoaxɔ nyɔnyrɔ, gake womate ŋu awɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea le dziɖuɖua gbɔ o, elabena ŋutsua mele dukɔa me le se nu o. Dziɖuɖua meɖea mɔ be amedzro si mele dukɔa me le se nu o la naɖe srɔ̃ o. Ðe woate ŋu ade asi Srɔ̃ɖeɖe Me Nuteƒewɔwɔ Ƒe Adzɔgbeɖegbalẽ te eye eyome woaxɔ nyɔnyrɔa?

Esia adze abe kuxia gbɔ kpɔnu ene, gake esia menye Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiafia na woƒe kuxia gbɔ kpɔkpɔ o. Be míase nu si tae gɔme la, mina míadzro taɖodzinu si le Srɔ̃ɖeɖe Me Nuteƒewɔwɔ Ƒe Adzɔgbeɖegbalẽ la ŋu, nu si tae wòli ɖo kple nɔnɔme si me woate ŋu azãe le kpakple ale si woazãe me.

Agbalẽ sia nye nyameʋuʋu si woŋlɔ ɖi, si te ŋutsu aɖe kple nyɔnu aɖe dea asii le ɖasefowo ŋkume, ne se meɖe mɔ na be woaɖe srɔ̃ o, le susu siwo gbɔna ta. Le agbalẽa me la, woɖe adzɔgbe be yewoawɔ nuteƒe na yewo nɔewo eye yewoade yewoƒe srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me ne se va ɖe mɔ ɖe enu ko. Esia awɔe be hamea abu wo be woɖe adzɔgbe le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume be yewoawɔ nuteƒe na yewo nɔewo eye woawɔ nu ɖe wo ŋu abe ɖe wode woƒe srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ ene.

Nu ka tae wozãa Srɔ̃ɖeɖe Me Nuteƒewɔwɔ Ƒe Adzɔgbeɖegbalẽa ɖo, eye ɣekaɣie wowɔa eŋu dɔ? Yehowae ɖo amegbetɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe anyi eye edina be woade bubu geɖe eŋu. Via Yesu gblɔ be: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.” (Mat. 19:5, 6; 1 Mose 2:22-24) Egblɔ kpee be: ‘Ame  sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le ahasiwɔwɔ [gbɔdɔdɔ manɔsenu] ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.’ (Mat. 19:9) Eya ta “ahasiwɔwɔ,” ne míagblɔe bubui la, gbɔdɔdɔ manɔsenu, koe nye nu ɖeka si ŋu Ŋɔŋlɔawo ɖe mɔ ɖo be ate ŋu ana woagbe srɔ̃. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃ŋutsu aɖe dɔ kple ame bubu aɖe si menye srɔ̃a o la, srɔ̃a nyɔnu maɖifɔ la ate ŋu atso nya me be yeagbee loo, alo yemagbe o. Ne nyɔnua gbee la, ekema nyɔnua vo aɖe ŋutsu bubu.

Ke hã le dukɔ aɖewo me, vevietɔ tsã la, sɔlemeha si kpɔ ŋusẽ wu le dukɔa me la medaa asi ɖe Biblia ƒe nukpɔsusu sia si me kɔ keŋ la dzi o. Ke boŋ wofia nu be mesɔ be woada asi ɖe srɔ̃gbegbe dzi le susu aɖeke ta o. Eya ta le teƒe aɖewo siwo sɔlemehaa kpɔ ŋusẽ geɖe le la, dziɖuɖua ƒe se meɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu o, eɖanye le susu si sɔ si Yesu gblɔ la ta gɔ̃ hã. Le dukɔ bubuwo me la, se ɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu, gake afɔɖeɖe siwo wòbia sɔ gbɔ ale gbegbe, ewɔwɔ sesẽna, eye wòbiaa nu geɖe tso ame si. Ate ŋu axɔ ƒe gbogbowo ŋutɔ hafi ame nate ŋu axɔ eƒe srɔ̃gbegbalẽ. Ðeko wòle abe ɖe sɔlemehaa alo dziɖuɖua le ɖoɖo si dzi Mawu da asi ɖo la dzi wɔwɔ ‘hem ɖe megbe’ ene.—Dɔw. 11:17.

Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be atsu kple asi aɖe le dukɔ aɖe si me se meɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu le o me, alo esesẽ ŋutɔ be woaxɔ srɔ̃gbegbalẽ, ɖewohĩ axɔ ƒe gbogbo aɖe hafi woada asi ɖe edzi le se nu. Ne atsu kple asia wɔ nu sia nu si sɔ be woatso srɔ̃ɖeɖe si bla wo le dziɖuɖua gbɔ fifia la me eye wodze le Mawu ŋkume be woaɖe srɔ̃ bubu la, woate ŋu ade asi Srɔ̃ɖeɖe Me Nuteƒewɔwɔ Ƒe Adzɔgbeɖegbalẽa te. Esia nye nublanuikpɔkpɔ ƒe ɖoɖo aɖe si Kristo hamea wɔ le dukɔ mawo me. Gake menye ɖoɖo aɖe si ŋu dɔ woawɔ le dukɔ akpa gãtɔ, siwo me woɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu le, me o, ne ame azã ga geɖe alo agbalẽa wɔwɔ sesẽ gɔ̃ hã.

Ame aɖewo mese nu si tae wozãa Srɔ̃ɖeɖe Me Nuteƒewɔwɔ Ƒe Adzɔgbeɖegbalẽa ɖo la gɔme o, eye togbɔ be wole afi si se ɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu le hã la, wobia be yewoade asi agbalẽ sia te tsɔ wu be yewoakpe akɔ kple srɔ̃gbegbalẽxɔxɔ le se nu me hloloetsotsowo kple fukpekpewo.

Le nɔnɔme si míeɖɔ le nyabiasea me gome la, ŋutsua kple nyɔnua wole wo nɔewo gbɔ evɔ womeɖe wo nɔewo o, eye fifia wodi be yewoaɖe yewo nɔewo. Wo dometɔ ɖe sia ɖe vo le Ŋɔŋlɔawo nu aɖe srɔ̃; se aɖeke mebla wo be woanɔ ame aɖe si woɖe tsã la gbɔ o. Ke hã ŋutsua mele dukɔa me le se nu o, eye dziɖuɖua meɖe mɔ be amedzro si mele dukɔa me le se nu o la naɖe srɔ̃ o. (Le dukɔ aɖewo me la, dziɖuɖua aɖe mɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu ne srɔ̃ɖelawo dometɔ ɖeka alo wo ame evea siaa mele dukɔa me le se nu o gɔ̃ hã.) Le nya si me dzrom míele nu la, dukɔa ɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu. Eya ta womawɔ Srɔ̃ɖeɖe Me Nuteƒewɔwɔ Ƒe Adzɔgbeɖegbalẽa ŋu dɔ le dukɔ ma me o. Eye de dzesii be le ŋutsu kple nyɔnu siawo gome la, menye ɖe wòhiã be wo dometɔ aɖe naxɔ srɔ̃gbegbalẽ hafi wogbe enanɛ o. Wo ame evea siaa vo aɖe srɔ̃. Ke aleke woawɔ esiae esi ŋutsua mele dukɔa me le se nu o? Ðewohĩ ahiã be woayi dukɔ bubu aɖe si me se aɖe mɔ nɛ wòaɖe srɔ̃ la me. Alo woate ŋu aɖe wo nɔewo le dukɔ si me wole fifia la kura gɔ̃ hã me ne ŋutsua wɔ afɔɖeɖe siwo sɔ si wɔe be wòle dukɔa me le se nu.

Ɛ̃, ŋutsua kple nyɔnua ate ŋu adze agbagba awɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo kple Kaisaro ƒe sewo dzi. (Marko 12:17; Rom. 13:1) Míekpɔ mɔ be woawɔ esia. Esia megbe la, woate ŋu adze na nyɔnyrɔxɔxɔ.—Heb. 13:4.

^ mm. 6 Ke ne ewɔ abe nane gblẽ le fugboe si le tsitsim le nyɔnua ƒe dɔ me la ŋu ene, alo ne fugboe geɖe lé ɖe nyɔnua ƒe vidzidɔ me ya ɖe? Eɖoɖo koŋ agblẽ fufɔfɔ aɖe dome nye fuɖeɖe. Zi geɖe la, ne wozã atukpamefufɔfɔmɔnua na nyɔnu aɖe la, fua nyea venɔviwo, etɔ̃viwo, alo esi wu nenema, si wɔnɛ be kuxi geɖe doa mo ɖa, abe ɖeviawo dzidzi do ŋgɔ na woƒe ɣeyiɣi kple ʋu ƒe dodo le nyɔnua ŋu ene. Woate ŋu abia tso nyɔnu si ƒe dɔ me fugboe geɖe le tsitsim le la si be ‘wòatiae be woaɖe wo dzi kpɔtɔ,’ eye esia awɔe be woawu vi ɖeka alo esi wu nenema. Ema anye eɖoɖo koŋ aɖe fu, si sɔ kple amewuwu.—2 Mose 21:22, 23; Ps. 139:16.