Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔ Yehowa, Mèganɔ Veve Sem Le Nu Siwo Dzɔ Va Yi Ta O

Subɔ Yehowa, Mèganɔ Veve Sem Le Nu Siwo Dzɔ Va Yi Ta O

“Mele nu siwo le megbenye la ŋlɔm be, eye mele nu siwo le ŋgɔnye la minyam.”—FLP. 3:13.

1-3. (a) Aleke ame aɖewo sena le wo ɖokuiwo me le nu siwo wowɔ alo nu siwo womewɔ o ta? Aleke nu siwo míewɔ va yi la kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe kpɔɖeŋua me?

HAKPANYAŊLƆLA aɖe ŋlɔ bena: “Le nublanuinya siwo katã míegblɔ kple míaƒe aɖe alo ŋlɔ kple nuŋlɔti dome la, esiwo wɔa nublanui wue nye: ‘Anye ne alee wòanɔ nam hafi!’” Hakpanyaŋlɔlaa ŋkɔe nye J. G. Whittier, eye enɔ susu hem yi ale si míesea veve le nu siwo wòle be míawɔ, siwo míewɔ o, alo nu siwo mele be míawɔ hafi o, siwo míewɔ, ta la dzi; ne wòanye ɖe mɔnukpɔkpɔa agasu mía si ake la, míawɔ tiatia bubu. Mí katã míate ŋu aɖo ŋku nu geɖe siwo míadi be míawɔ bubui hafi la dzi. Gake ame aɖewo xaa nu madzudzɔmadzudzɔe, alo woléa blanui vevie, le nu siwo wowɔ alo nu siwo womewɔ o ta. Ðe nèsena le ɖokuiwò me nenema le nane si nèwɔ va yi ta?

2 Ame aɖewo wɔ vodada gãwo alo nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã. Ame aɖewo ya mewɔ nu gbegblẽ boo aɖeke o, gake wobiaa wo ɖokuiwo be ɖe yewowɔ tiatia nyuitɔwo le agbe me hã. Ame aɖewo te ŋu dzudzɔ nu siwo dzɔ va yi ŋu bubu. Ame bubuwo ya kpɔtɔ le veve sem le tiatia siwo wowɔ va yi la ta eye wogblɔna be, ‘Ne ɖe menya la, anye ne nyemewɔ nu sia hafi o!’ (Ps. 51:5) Aleke wò ya nèsena le ɖokuiwò me? Ðe nàdi be yeasubɔ Mawu vevesesemanɔmee—tso egbea dzi yina? Ðe ame aɖe si te ŋu wɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe le Biblia me si anye nufiame na mía? Ɛ̃, eyae nye apostolo Paulo.

3 Paulo wɔ vodada gãwo kple tiatia siwo me nunya le la siaa. Ese veve vevie ɖe vodada siwo wòwɔ va yi la ta, gake esrɔ̃ ale si wòasubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe hã. Mina míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me ɖa.

NU SIWO PAULO WƆ VA YI

4. Nu kae apostolo Paulo wɔ si va vee emegbe?

4 Esime Paulo nye ɖekakpui Farisitɔ la, ewɔ nu geɖe siwo va vee emegbe. Le kpɔɖeŋu me, eti Kristo ƒe nusrɔ̃lawo  yome vɔ̃ɖitɔe. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be esi wowu Stefano le eƒe xɔse ta megbe teti la, “Saul [si wova yɔ emegbe be Paulo la] . . . te ŋkutɔtɔ hame la vevie. Egena ɖe aƒewo me ɖekaɖeka, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa doa goe, eye wòdea wo gaxɔ me.” (Dɔw. 8:3) Agbalẽnyala Albert Barnes gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘ŋkutɔtɔ ame’ la nye “nyagbɔgblɔ aɖe si nu sẽ, si fia be [Saul] tsɔ ŋuʋaʋã kple dziku helĩhelĩ ti [Kristotɔwo] yome.” Eya ta Barnes gblɔ be, “Saul dze sɔlemehaa dzi anyratɔe abe lã wɔadã aɖe ene.” Esi Saul nye Yudatɔ dovevienu aɖe ta la, exɔe se be Mawu di tso ye si be yeabu mo na Kristotɔnyenye keŋkeŋ. Eya ta eti Kristotɔwo yome tagbɔsesẽtɔe ‘helé ŋɔdzidodo kple amewuwu ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu,’ eye wònɔ agbagba dzem be yeatsrɔ̃ wo ɖa.—Dɔw. 9:1, 2; 22:4. *

5. Ðe ale si wòdzɔe be Saul dzudzɔ Yesu yomedzelawo yome titi heva te gbeƒãɖeɖe tso Kristo ŋu la me.

5 Saul ɖoe be yeayi Damasko aɖaɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo do goe le woƒe aƒewo me eye yeahe wo ayi Yerusalem ne Sanhedrin la natu nu kpli wo. Gake edo kpo nu, elabena Kristo hamea ƒe Ta ŋue wòtsi tsitre ɖo. (Ef. 5:23) Esime Saul yina Damasko la, Yesu kpe kplii le mɔa dzi, eye keklẽ wɔnuku aɖe na Saul ƒe ŋku tsi. Eyome Yesu ɖo Saul ɖe Damasko be wòalala le afi ma yeana mɔfiame bubuwoe emegbe. Míenya ale si nuwo va yii le esia megbe.—Dɔw. 9:3-22.

6, 7. Nu kae ɖee fia be Paulo meŋlɔ nu gbegblẽ siwo wòwɔ va yi la be o?

6 Esi Paulo nya kpɔe dze sii be yeɖe afɔ gbegblẽ ko la, edzudzɔ Kristo ƒe nusrɔ̃lawo yome titi enumake, eye wòte gbeƒãɖeɖe tso Kristo la ŋu dzonɔamemetɔe. Togbɔ be Paulo wɔ tɔtrɔ sia gbegbe hã la, meŋlɔ afɔ gbegblẽ si wòɖe la be o. Eŋlɔ tso eɖokui ŋu be: “Nyateƒee, miese nu tso agbe si menɔ tsã le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me la ŋu, be menɔ Mawu ƒe hame la yome tim wògbɔ eme, henɔ edome gblẽm.” (Gal. 1:13) Esia megbe la, egaƒo nu tso nu siwo wòwɔ va yi ŋu le lɛta siwo wòŋlɔ na Korintotɔwo, Filipitɔwo kple Timoteo la hã me. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:9; Flp. 3:6; 1 Tim. 1:13) Menye ɖe Paulo ŋlɔ nya siawo le eɖokui ŋu be yeatsɔ aƒo adegbe o, nenema kee medze agbagba be yeawɔ nu abe ɖe nu mawo medzɔ kura o ene o. Enya nyuie be yewɔ vodada gãwo.—Dɔw. 26:9-11.

7 Biblia ŋuti nunyala Frederic W. Farrar he susu yi akpa si Saul wɔ “le yometiti dziŋɔ la me” dzi. Farrar gblɔ kpee be ne míebu nu dziŋɔ siwo gbegbe yi edzi le Paulo ƒe agbemeŋutinya wɔnublanui ma me ŋu nyuie ko hafi “míate ŋu ase veve si gbegbe anɔ akɔ dzi nɛ kple ale si gbegbe eƒe futɔwo aɖu fewu le eŋui la gɔme.” Esi Paulo nɔ hameawo srãm kpɔ la, anɔ eme be ɣeaɖewoɣi la, nɔvi aɖewo siwo anye zi gbãtɔe nye ema wokpɔe la ate ɖe eŋu abiae be, ‘Ke wò boŋue nye Paulo, ame si ti mía yomea?’—Dɔw. 9:21.

8. Aleke Paulo se le eɖokui me esi Yehowa kple Yesu wokpɔ nublanui nɛ heɖe lɔlɔ̃ fiae, eye nu kae míesrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

8 Gake Paulo nyae be Mawu ƒe amenuveve koe na yete ŋu wɔ yeƒe subɔsubɔdɔa. Eyɔ Mawu ƒe nɔnɔme nyui si nye nublanuikpɔkpɔ zi 90 sɔŋ le eƒe lɛta 14-awo me—esia gbɔ Biblia ŋlɔla bubu ɖe sia ɖe tɔ ta. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:10.) Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu ale gbegbe, eye edi be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui be nublanui si Mawu kpɔ na ye la nagazu dzodzro o. Eya ta ‘edze agbagba geɖe wu’ apostolo bubuawo katã. Nu kae míesrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me? Eyae nye be, ne míexɔ Yesu ƒe vɔsaa dzi se, míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me, eye míedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la, Yehowa atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo  ake mí, ne wonye nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã. Eya ta ne èsusu be yeƒe nu vɔ̃wo lolo ale gbegbe be womate ŋu atsɔ wo ake ye o la, anyo be nàɖo ŋku Paulo ƒe kpɔɖeŋua dzi. (Mixlẽ 1 Timoteo 1:15, 16.) Togbɔ be Paulo nye Kristo yome tila tagbɔsesẽtɔ tsã hã la, ete ŋu ŋlɔ nya sia be: ‘Mawu ƒe Vi la lɔ̃m, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye.’ (Gal. 2:20; Dɔw. 9:5) Ɛ̃, Paulo kpɔe dze sii be, togbɔ be yeɖe afɔ gbegblẽwo va yi hã la, ele be yeawɔ yeƒe ŋutete katã le Mawu subɔsubɔdɔa me, ale be yeagava nɔ tse geɖe wu ɖum le naneke ta o. Ðe wòhiã be wò hã nàsrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

Paulo srɔ̃ ale si wòasubɔ vevesesemanɔmee

ÐE NÈÐE AFƆ AÐEWO VA YI SIWO LE VEWÒM FIFIA?

9, 10. (a) Nu ka tae Yehowa subɔla aɖewo sea veve le nu siwo dzɔ va yi ta? (b) Nu ka tae dzimaɖitsitsi atraɖii le vodada siwo míewɔ va yi ŋu menyo o?

9 Ðe nèwɔ nanewo va yi siwo le vewòm fifia? Ðe nègblẽ wò ŋusẽ kple ɣeyiɣi ɖe nu siwo mele vevie o la ŋu va yia? Ðe nèɖe afɔ aɖe si gblẽ nu le ame aɖewo ŋua? Alo ɖewohĩ èle nu xam le nane si nèwɔ va yi ta. Gake biabia lae nye, nu kae nàte ŋu awɔ tso eŋu?

10 Ame aɖewo tsia dzimaɖi ɣeawokatãɣi! Wodoa wo ɖokuiwo nublanuitɔe eye woxaa nu enuenu le woƒe vodadawo ta. Ne èle dzimaɖi tsim la, ɖe wòana nàkpɔ kuxiawo gbɔa? Ao, màte ŋu akpɔ ɖeka hɔ̃ hã gbɔ o! Tsɔe be èbɔbɔ nɔ anyi ɖe akro aɖe si le ke me la me eye nètsɔ atablu la le kea hem kple ŋusẽ be akroa naɖe zɔ. Ne èdze agbagba aleke gbegbe hã la, màde afi aɖeke o! Eya ta mele be nànɔ dzimaɖi tsim o, ke boŋ ele be nàwɔ nu siwo katã nàte ŋui be nàkpɔ kuxia gbɔ. Àte ŋu aɖe kuku na ame si dzi nèdze agɔa le la, eye nàdze agbagba awɔ ŋutifafa kplii. De ŋugble le nu si na nèɖe afɔ gbegblẽ ma ŋu ale be màgawɔ vodada ma ake o. Gake ɣeaɖewoɣi la, ɖeko wòahiã be nàdo dzi atsɔ wò vodadawo me tsonuwo. Dzimaɖitsitsi le vodada siwo nèwɔ va yi ŋu mate ŋu akpe ɖe ŋuwò o. Le nyateƒe me la, ate ŋu ana wòasesẽ na wò be nàwɔ wò ŋutete katã le Mawu subɔsubɔdɔa me.

11. (a) Nu kae míawɔ be Yehowa nave mía nu ahakpɔ nublanui na mí? (b) Nu kae Biblia gblɔ be ele be míawɔ hafi míaƒe susu nadze akɔ anyi le nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi ŋu?

 11 Ame aɖewo ɖea mɔ vodada siwo wowɔ va yi la tena ɖe wo dzi ale gbegbe be wosena le wo ɖokuiwo me be yewomedze na Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ o. Woate ŋu ase le wo ɖokuiwo me be yewoƒe vodadawo lolo akpa alo yewowɔa vodada edziedzi ale gbegbe be Mawu mate ŋu akpɔ nublanui na yewo o. Gake nyateƒeae nye be, nu ka kee woɖawɔ va yii o, woate ŋu atrɔ dzi me, atrɔ woƒe agbenɔnɔ ahabia Mawu ƒe tsɔtsɔke. (Dɔw. 3:19) Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve ate ŋu aɖe vi na wo, abe ale si ko woɖe vi na ame bubu geɖewo ene. Ne wobɔbɔ wo ɖokuiwo, eye wotrɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo me anukwaretɔe la, Yehowa atsɔ wo ake wo dɔmenyotɔe. Le kpɔɖeŋu me, Mawu tsɔ Hiob ƒe vodadawo kee esi wòse veve ɖe wo ta vevie. (Hiob 42:6) Biblia gblɔ nu si tututu wòle be míawɔ be míaƒe dzitsinya nadzudzɔ fɔbubu mí eye míaƒe susu nadze akɔ anyi la na mí be: “Ame si tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke ame si ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.” (Lod. 28:13; Yak. 5:14-16) Esia ta míate ŋu aʋu míaƒe nu vɔ̃wo me na Mawu, míado gbe ɖa abia eƒe tsɔtsɔke, eye míaɖɔ nu gbegblẽ si míewɔ la ɖo. (2 Kor. 7:10, 11) Ne míewɔ nu siawo ko hafi Yehowa, Ame si ‘tsɔ kena geɖe’ la, akpɔ nublanui na mí.—Yes. 55:7.

12. (a) Aleke míate ŋu asrɔ̃ David ƒe kpɔɖeŋua ne míaƒe dzitsinya bua fɔ mí? (b) Gɔmesese ka nue nu ve Yehowa le, eye aleke esia nyanya ɖea vi na mí? (Kpɔ aɖakaa.)

12 Ŋusẽ le gbedodoɖa ŋu; Mawu toa edzi kpena ɖe mía ŋu. David ɖe eƒe seselelãme ememetɔwo gblɔ le gbe aɖe si wòdo ɖa, si woŋlɔ ɖe Psalmowo me, la me. (Mixlẽ Psalmo 32:1-5.) Hafi David naʋu eƒe nu vɔ̃a me na Mawu la, dzitsinya ƒe fɔbuame na wòxaxa le eɖokui me. Etsi dzimaɖi, edze dɔ, eye nu te ɖe edzi. Esi David ʋu eƒe nu vɔ̃ me na Mawu ko la, Mawu tsɔe kee eye eƒe dzi dze eme. Yehowa ɖo David ƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ eye wòdo ŋusẽe wòdzudzɔ nuxaxa eye wòwɔ nu si le dzɔdzɔe. Nenema kee wò hã, ne èdo gbe ɖa anukwaretɔe tso dzi blibo me la, ka ɖe edzi be Yehowa lé to ɖe wò kokoƒoƒoa ŋu nyuie. Ne nu vɔ̃ siwo nèwɔ va yi la naa nu tena ɖe dziwò la, ke ɖɔ nu gbegblẽa ɖo ale si nàte ŋui. Ne èwɔe alea la, ekema ka ɖe edzi be Yehowa tsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.—Ps. 86:5.

KPƆ ŊGƆGBE

13, 14. (a) Nu kae wòle be wòanye nu vevitɔ na mí fifia? (b) Nyabiase kawoe ate ŋu aʋã mí míadzro nu si wɔm míele le agbe me fifia la me?

13 Wogblɔna be ne mènya afi si nètso o la, ele be nànya afi si nèɖo tae. Ema wɔnɛ be taɖodzinu nɔa ame ƒe agbe ŋu. Eya ta le esi míanɔ dzimaɖi tsim le nu siwo dzɔ va yi ŋu teƒe la, ele be míabu fifi ɣeyiɣi kple etsɔ si gbɔna ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe tiatia siwo wɔm mele fifia la ava vem le ƒe  siwo gbɔna mea? Ɣemaɣi la, ɖe magblɔ be, ne ɖe menyaa, anye ne mewɔ tiatia bubua? Ðe mele Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe fifia ale be nyemava nɔ tse ɖum le naneke ŋuti le etsɔme oa?’

14 Ne xaxa gã la dze egɔme la, míedi be míava nɔ nu xam le mía ɖokui me ahanɔ biabiam be: ‘Ðe wòanye be mate ŋu awɔ geɖe wu le Mawu subɔsubɔ me hafia? Nu ka tae nyemewɔ mɔɖeɖedɔa o? Nu kae xe mɔ nam nyemewɔ ŋgɔyiyi zu subɔsubɔdɔwɔla o? Ðe medze agbagba ŋutɔŋutɔ be mado amenyenye yeyea? Ame si ƒomevi Yehowa adi be wòanɔ xexe yeyea me ye menyea?’ Le esi míatsi dzimaɖi le nyabiase vevi siawo ŋu bubu ŋu ko teƒe la, míedi be míazã wo atsɔ adzro mía ɖokui me kpɔ eye míakpɔ egbɔ be míele míaƒe ŋutete katã wɔm le Yehowa subɔsubɔ me. Wɔ tiatia nyuiwo fifia be nàgava nɔ veve sem le etsɔme o.—2 Tim. 2:15.

MÈGASE VEVE LE SUBƆSUBƆDƆ SI NÈWƆ NA MAWU LA TA GBEÐE O

15, 16. (a) Nu kawoe ame geɖe tsɔ sa vɔe hetsɔ Mawu subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me? (b) Nu ka tae mele be vɔsa siwo míewɔ le Fiaɖuƒea ƒe nuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ me nave mí o?

15 Ke ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa hesubɔ Yehowa le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ya ɖe? Ðewohĩ èɖe asi le agbemedɔ nyui aɖe si me ga geɖe le la ŋu be yeanɔ agbe tsɛ ale be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe wu na Fiaɖuƒea ƒe nuwo yome titi. Alo ɖewohĩ ètiae be yemaɖe srɔ̃ o alo ne srɔ̃tɔe nènye la, ètiae be yemadzi vi o ale be nàte ŋu atsɔ ɖokuiwò aɖo anyi be nàwɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ƒe akpa aɖe si anye ne màte ŋu awɔ o ne srɔ̃ alo vi le asiwò, abe Betel subɔsubɔdɔa, dukɔwo dome xɔtutudɔ, nutome sue alo nutome gã dzikpɔkpɔdɔ, alo dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ene. Fifia si nèva tsi la, ɖe wòle be wòave wò be nèwɔ tiatia mawoa? Ðe wòle be nàse le ɖokuiwò me be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe dɔ siwo nèwɔ la mele vevie o alo be wonye ɣeyiɣi gbegblẽa? Gbeɖe!

16 Lɔlɔ̃ deto si nɔ asiwò na Yehowa kple didi vevi si nɔ mewò be nàkpe ɖe ame siwo di be yewoasubɔe ŋu ye ʋã wò nèwɔ tiatia mawo. Mehiã be nàsusui be ne ɖe yewɔ tiatia bubu la, nuwo ade ye dzi wu hafi o. Nyanya be nu si nèwɔ lae nye nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ la ana nàkpɔ dzidzeme blibo. Àte ŋu akpɔ dzidzɔ be yewɔ yeƒe ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me. Yehowa maŋlɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbe si nènɔ la be o. Le agbe vavã si gbɔna me la, atsɔ yayra geɖe aɖo eteƒe na wò wòaƒo nu si ate ŋu ava susu me na wò ta sãsãsã!—Ps. 145:16; 1 Tim. 6:19.

ALE SI NÀSUBƆ VEVESESEMANƆMEE

17, 18. (a) Nu vevi kae kpe ɖe Paulo ŋu wòsubɔ vevesesemanɔmee? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ ku ɖe nu siwo dzɔ va yi, nu si wɔm nèle fifia, kple etsɔ si gbɔna ŋu le Yehowa subɔsubɔ me?

17 Nu vevi kae Paulo srɔ̃ si kpe ɖe eŋu wòsubɔ Mawu vevesesemanɔmee? Abe ale si J. B. Phillips Biblia gɔmeɖeɖea ɖe emee ene la, Paulo ŋlɔ bena: “Meɖe asi le nu siwo dzɔ va yi ŋu eye medo asi ɖa be malé nu ɖe sia ɖe si le ŋgɔnye la heɖo ta taɖodzinu la gbɔ.” (Mixlẽ Filipitɔwo 3:13, 14.) Paulo metsɔ susu da ɖe nu gbegblẽ siwo wòwɔ va yi esime wònɔ Yuda subɔsubɔ me la dzi o. Ke boŋ ezã eƒe ŋusẽ katã le subɔsubɔdɔa me be yeanye nuteƒewɔla, ale be yeƒe asi nasu agbe mavɔ fetu la dzi le etsɔme.

18 Ðe mí katã míate ŋu asrɔ̃ nu tso nya si Paulo gblɔ la mea? Le esi míanɔ nu siwo dzɔ va yi, siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o, ŋu bum madzudzɔmadzudzɔe teƒe la, ele be míakpɔ ŋgɔgbe aminya nu siwo le mía ŋgɔ boŋ. Enye nyateƒe be míate ŋu aŋlɔ vodada siwo míewɔ va yi la be o, gake mele be míanɔ fu wɔm mía ɖokui atraɖii le wo ta o. Míate ŋu aʋli vevie aɖe míaƒe susu ɖa le nu siwo dzɔ va yi la dzi, míasubɔ Mawu kple míaƒe ŋutete katã fifia, eye míanɔ mɔ kpɔm na etsɔme wɔnuku si gbɔna!

^ mm. 4 Esi woyɔ nyɔnuwo enuenu ɖe ame siwo yome Saul ti dome la, efia be wowɔ akpa gã aɖe le Kristotɔwo ƒe dzixɔsea kaka me le ƒe alafa gbãtɔ me, abe ale si wole ewɔm egbea ene.—Ps. 68:12.