Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe ‘Dzi Si Ana Nàdze Si Yehowa’ La Le Asiwòa?

Ðe ‘Dzi Si Ana Nàdze Si Yehowa’ La Le Asiwòa?

“Mana dzi wo, ne woatsɔ adze sim be, nyee nye Yehowa; woanye dukɔ nam.”—YER. 24:7.

1, 2. Anye nu ka tae gbotsetsewo ɖuɖu doa dzidzɔ na ame aɖewo?

GBOTSETSEWO ɖuɖu dzɔa dzi na ame geɖe le dukɔ siwo me wòbɔ ɖo me. Enye atikutsetse si ŋu blema Yudatɔwo dea asixɔxɔe vevie. (Nah. 3:12; Luka 13:6-9) Esi nunyiame kple ŋutilãtuɖonu geɖewo le gbotsetse me ta la, amewo gblɔna be enyo ŋutɔ na míaƒe dzi.

2 Yehowa tsɔ míaƒe dzi sɔ kple gbotsetse le nyagblɔɖi aɖe me. Menye viɖe siwo dona tso gbotsetsewo ɖuɖu me ŋue Mawu nɔ nu ƒom tsoe o. Kpɔɖeŋunya gblɔm wònɔ. Nya si wògblɔ to nyagblɔɖila Yeremiya dzi la ku ɖe wò dzi kple wò ame veviwo ƒe dzi ŋu. Mina míade ŋugble le ale si nya siwo wògblɔ la ka mí Kristotɔwoe ŋu.

3. Nu kawoe gbotsetse siwo ŋu nya wogblɔ le Yeremiya ta 24 la tsi tre ɖi na?

3 Gbã la, míade ŋugble le nya si Mawu gblɔ le Yeremiya ƒe ŋkekea me tso gbotsetsewo ŋu la ŋuti. Le ƒe 617 D.M.Ŋ. ƒeawo me la, Yuda-dukɔa menɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm o. Mawu ɖe nu siwo ava dzɔ emegbe la ƒe ŋutega fia, eye wòtsɔ gbotsetse ƒomevi eve wɔ eƒe kpɔɖeŋui—wonye gbotsetse siwo “nyo ŋutɔ” kple esiwo “gblẽ vevie.” (Mixlẽ Yeremiya 24:1-3.) Gbotsetse gbegblẽawo tsi tre ɖi na Fia Zedekiya kple ame bubu siwo le abe eya ke ene, siwo Fia Nebukadnezar va he to na vevie. Ke gbotsetse ka tɔgbie amewo abe Xezekiel, Daniel kple exɔlɔ̃ etɔ̃ siwo wokplɔ yi Babilon xoxo kpakple Yudatɔ aɖewo siwo woava kplɔ ayi afi ma kpuie ya nye? Wole abe gbotsetse nyuiwo ene. Woƒe ame susɔe aɖewo atrɔ agbɔ, eye woava tso Yerusalem ahatu gbedoxɔa. Esia va eme pɛpɛpɛ.—Yer. 24:8-10; 25:11, 12; 29:10.

4. Nu ka tae nya siwo Mawu gblɔ tso gbotsetse nyuiawo ŋu la dea dzi ƒo na mí?

4 Yehowa gblɔ le ame siwo gbotsetse nyuiawo le  tsitre ɖi na la ŋu be: “Mana dzi wo, ne woatsɔ adze sim be, nyee nye Yehowa; woanye dukɔ nam.” (Yer. 24:7) Esiae nye mawunyakpukpui si dzi wotu nusɔsrɔ̃nyati sia ɖo. Aleke gbegbe nya siawo dea dzi ƒo na míe nye esi! Mawu lɔ̃na faa be yeana ‘dzi si woatsɔ adze si ye’ la amewo. Le afi sia la, “dzi” la le tsitre ɖi na ame si ƒomevi míenye. Àdi godoo be dzi nyui sia ƒomevi nasu ye si, be nànye Mawu ƒe amewo dometɔ ɖeka. Nu siwo nàwɔ be nàɖo taɖodzinu sia gbɔ ƒe ɖewoe nye eƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple edziwɔwɔ, dzimetɔtrɔ kple tɔtrɔwɔwɔ, wò agbe tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Fofo la, Vi la kple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me. (Mat. 28:19, 20; Dɔw. 3:19) Anɔ eme be èwɔ afɔɖeɖe mawo xoxo, alo èle ha dem kple Yehowa Ðasefowo edziedzi hele taɖodzinu siawo minyam.

5. Ame kawo ƒe dzi koŋ ŋue nya siwo Yeremiya ŋlɔ la ku ɖo?

5 Míeɖawɔ afɔɖeɖe siawo dometɔ aɖewo alo míewɔ wo katã xoxo o, egahiã kokoko be míalé ŋku ɖe míaƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo ŋu nyuie. Míate ŋu akpɔ nu si ta esia hiã ɖo la le nya bubu siwo Yeremiya gagblɔ tso dzia ŋu la me. Yeremiya ƒe agbalẽa ƒe ta aɖewo ku ɖe dukɔ siwo ƒo xlã Yuda-dukɔa ŋu, gake Yudatɔ siwo nɔ anyi le fia atɔ̃ aɖewo ƒe dziɖuɣi la koŋ ŋue agbalẽa me nya akpa gãtɔ ku ɖo. (Yer. 1:15, 16) Eya ta dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa—ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo—koŋ ŋue Yeremiya ŋlɔ nu tsoe. Wo tɔgbuiwo ŋutɔe tiae be yewoanye dukɔ si anɔ ƒomedodo me kple Yehowa. (2 Mose 19:3-8) Eye le Yeremiya ƒe ŋkekea me la, dukɔa gaɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi, esi wogblɔ be: “Míeva gbɔwò, elabena wòe nye Yehowa, mía Mawu!” (Yer. 3:22) Gake dzi ƒe nɔnɔme kae nɔ wo si?

ÐE WÒHIÃ BE WOAWƆ DƆ NA WOƑE KPƆÐEŊUDZIA?

6. Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le nya si Mawu gblɔ tso dzia ŋu me vevie?

6 Egbea ɖɔktawo zãa mɔ̃ deŋgɔwo tsɔ kpɔa ale si ame ƒe dzi le kple ale si wòle dɔ wɔmee. Gake Yehowa ya ate ŋu awɔ nu si de ŋgɔ kura wu ema, abe ale si wòwɔe le Yeremiya ŋɔli ene. Esia dze ƒãa le Mawu ƒe nya siawo me be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ame ka ahadze sii ma? Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, . . . maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.” (Yer. 17:9, 10) Yehowa, ame si “dzroa dziwo me” la mezãa mɔ̃ tsɔ doa amegbetɔ ƒe dzia kpɔnɛ o. Míaƒe kpɔɖeŋudzia ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. “Dzi” la le tsitre ɖi na ame si ƒomevi míenye le ememe: míaƒe didiwo, tamesusuwo, nɔnɔmewo, nuwɔnawo kple taɖodzinuwo. Mawu ate ŋu adzro dzi sia si le asiwò la me, eye wò ŋutɔ hã àte ŋu adzro wò dzi me va se ɖe afi aɖe.

7. Aleke Yeremiya ƒo nu tso dzi si tɔgbi nɔ eŋɔli me Yudatɔ akpa gãtɔ si la ŋui?

7 Be míadzra ɖo ɖe míaƒe dzia me dzodzro ŋu la, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be, ‘Kpɔɖeŋudzi ka tɔgbie nɔ Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yeremiya ŋɔli la si?’ Míakpɔ ŋuɖoɖoa le nya wɔmoya aɖe si Yeremiya zã ɖe wo ŋui la me: “Dzi matsomatso li na Israel ƒe aƒe blibo la.” Menye aʋatsotso, si wobia tso Yuda-ŋutsuwo si lae wòwɔnɛ o, elabena egblɔ hã be: ‘Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, esi mahe to na ame siwo katã wotso aʋa na [gake wole abe bolotɔwo ene, “NW”].’ Eya ta togbɔ be wotso aʋa na Yuda-ŋutsuwo hã la, “dzi matsomatso” ye li na wo. (Yer. 9:24, 25) Nu kae nya sia fia?

8, 9. Nu kae wòle be Yudatɔ akpa gãtɔ nawɔ na woƒe dzi?

8 Míate ŋu akpɔ gɔmesese si le “dzi matsomatso” ŋu le nuxlɔ̃ame si Mawu na Yudatɔwo me: “Mi Yuda-ŋutsuwo kple  Yerusalem-tɔwo, . . . miɖe miaƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa, ne nye dziku [nagafla] le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta . . . o.” Gake afi kae woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiawo dzɔ tso? Etso woƒe dzi me. (Mixlẽ Marko 7:20-23.) Ɛ̃, Mawu to Yeremiya dzi gblɔ afi si tututu Yudatɔ mawo ƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo dzɔ tso. Wogbe toɖoɖo Yehowa le woƒe dzimesesẽ ta. Esia na woƒe didiwo kple tamesusuwo medze Yehowa ŋu o. (Mixlẽ Yeremiya 5:23, 24; 7:24-26.) Mawu gblɔ na wo be: “Mina woatso aʋa na mi na Yehowa, eye miɖe miaƒe dzi ƒe aʋanuyiwo ɖa.”—Yer. 4:4; 18:11, 12.

9 Eya ta ehiã be woawɔ dɔ na Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yeremiya ƒe ŋkekea me la ƒe kpɔɖeŋudzia—‘woatso aʋa na woƒe dziwo’—abe ale si wo tɔgbuiwo wɔe le Mose ŋɔli ene. (5 Mose 10:16; 30:6) Be ‘woaɖe woƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa’ fia be woaɖe nuwɔna siwo na woƒe dzi me sẽ—woƒe tamesusuwo kple dzimedidi siwo mewɔ ɖeka kple Mawu tɔ o—la ɖa.—Dɔw. 7:51.

NA ‘DZI SI ANA NÀDZE SI YEHOWA’ NASU ASIWÒ EGBEA

10. Abe ale si David wɔe ene la, nu kae wòle be míawo hã míawɔ?

10 Míedaa akpe na Mawu be ekpe ɖe mía ŋu míese nu si kpɔɖeŋudzia nye la gɔme. Gake ame aɖewo abia be, ‘Nu ka tae wòle be Yehowa Ðasefo siwo li egbea natsi dzi ɖe esia ŋu?’ Menye ɖe nɔvi geɖewo le nu gbegblẽwo wɔm le hamea me alo be wova zu “gbotsetse gbegblẽwo” abe ale si Yudatɔ geɖewo nɔ la ene o. Mawu subɔla siwo li egbea wɔa nuteƒe eye wole dzadzɛ. Ke hã, mina míaɖo ŋku nu si David bia tso Yehowa si la dzi, be: “Mawu, dzro menye, eye nàdze si nye dzi, dom kpɔ, eye nàdze si nye susuwo! Eye ne èkpɔ be, fukpekpemɔ le ŋkunyeme la, kplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi.”—Ps. 17:3; 139:23, 24.

11, 12. (a) Nu ka tae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nadzro eya ŋutɔ ƒe dzi me? (b) Nu kae Mawu mawɔ o?

11 Yehowa di be mía dometɔ ɖe sia ɖe nanya ye, eye tenɔnɔ nyui nanɔ esi ɖaa le ye ŋkume. Yeremiya gblɔ tso ame dzɔdzɔewo ŋu be: “Wò Yehowa Zebaot, ame si doa ame dzɔdzɔe la kpɔna, eye nèɖea ŋku ɖe ayiku kple dzi la.” (Yer. 20:12) Ne Ŋusẽkatãtɔ la dzroa ame dzɔdzɔe ƒe dzi me kpɔna la, ke ɖe mele be míawo ŋutɔwo hã míadzro mía ɖokuiwo me anukwaretɔe akpɔ oa? (Mixlẽ Psalmo 11:5.) Esia wɔwɔ ate ŋu ana míakpɔ míaƒe nɔnɔme, taɖodzinu, alo didi aɖewo siwo ŋu wòle be míatrɔ asi le. Míate ŋu akpɔ nu siwo nana be míaƒe dzi meʋãa mí be míaɖo to enumake o, siwo le abe ‘dzi ƒe aʋanuyi’ ene, si wòahiã be míaɖe ɖa. Emae nye dɔwɔwɔ na míaƒe kpɔɖeŋudzia. Ne èlɔ̃ ɖe edzi be anyo be nàdzro wò kpɔɖeŋudzia me la, ke nu ka ŋue nàdi be yealé ŋku ɖo? Eye aleke nàwɔ awɔ tɔtrɔ siwo hiã?—Yer. 4:4.

12 Nyateƒeae nye be: Mele be míakpɔ mɔ be Yehowa nazi mía dzi be míawɔ tɔtrɔ o. Egblɔ le “gbotsetse nyuitɔwo” ŋu be, ‘yeana dzi wo, ne woatsɔ adze si ye.’ Megblɔ be yeazi wo dzi be dzi nyuitɔ nasu wo si o. Ele be wòanye woawo ŋutɔwo ƒe didi be dzi si ɖoa to, si aɖee fia be yewodze si Mawu, la nasu yewo si. Ðe mele be esia nanye míawo hã míaƒe didi oa?

Ne míedzro míaƒe dzi me hewɔ tɔtrɔ siwo hiã la, míakpɔ yayra geɖe

13, 14. Mɔ ka nue Kristotɔ aɖe ƒe dzi ate ŋu agblẽ nu le eŋu le?

 13 Yesu gblɔ be: “Dzi mee susu vɔ̃wo bubu, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, agbe gbegblẽ nɔnɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo, busunyagbɔgblɔwo doa go tso.” (Mat. 15:19) Ne nɔvi aɖe ƒe dzi ku atri ale be wòva wɔ ahasi alo matre, eye wògbe dzimetɔtrɔ la, ate ŋu ana Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu akpɔ o. Gake ate ŋu adzɔ be ame si mewɔ nu vɔ̃ gã ma o gɔ̃ hã naɖe mɔ dzodzro vɔ̃wo natsi ɖe eƒe dzi me. (Mixlẽ Mateo 5:27, 28.) Esia tae wòanyo be míawo ŋutɔwo míadzro míaƒe dzia me akpɔ. Ne èdzro wò dzi me la, ɖe nèkpɔnɛ be dzodzro vɔ̃ aɖe le mewò ɖe ŋutsu alo nyɔnu aɖe ŋu, si nye dzodzro aɖe si ŋu Mawu makpɔ ŋudzedze ɖo o, si wòle be nàɖe ɖa keŋkeŋua?

14 Alo ate ŋu adzɔ be nɔvi aɖe si ‘mewu ame’ ŋutɔŋutɔ o nana eƒe dziku nu nasẽ le eƒe dzi me ale gbegbe be wòalé fu nɔvia Kristotɔ aɖe vevie. (3 Mose 19:17) Ðe wòadze agbagba ɖe sia ɖe aɖe seselelãme ma si ate ŋu ana eƒe dzi me nasẽ la ɖa?—Mat. 5:21, 22.

15, 16. (a) Gblɔ ale si wòate ŋu adzɔe be “dzi matsomatso” nanɔ Kristotɔ aɖe si la ƒe kpɔɖeŋu. (b) Nu ka tae Yehowa medi be “dzi matsomatso” nanɔ mía si o?

15 Enye dzidzɔ be kpɔɖeŋu ‘dzidɔ’ sia tɔgbi mele Kristotɔ akpa gãtɔ ŋu o. Ke hã Yesu ƒo nu tso “susu vɔ̃wo bubu” hã ŋu. Wonye nukpɔsusu alo nɔnɔme siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa geɖe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be ame aɖe nasusui be ele be yeawɔ nuteƒe na yeƒe ƒometɔwo le nu sia nu me. Ele eme be Kristotɔ adi be yealɔ̃ yeƒe ƒometɔwo, menye be yeanɔ abe ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me tɔ geɖe siwo “melɔ̃a ame ƒe nya o” la ene o. (2 Tim. 3:1, 3) Gake ɖe wòate ŋu adzɔ be míava ɖe lɔlɔ̃ ma afia wòagbɔ emea? Ame aɖewo kplɔa xexea ƒe nukpɔsusu si nye be “dadavi tikplɔ meŋena o” la ɖo. Eya ta woate ŋu aʋli woƒe ƒometɔwo ta alo ade wo dzi le nu sia nu me, eye ne ame aɖe wɔ nane ɖe ƒometɔ aɖe ŋu la, woado dziku abe woawo ŋue wowɔe ɖo ene. Bu nu si seselelãme sia si nu sẽ la na Dina nɔviŋutsuwo wɔ la ŋu kpɔ ko. (1 Mose 34:13, 25-30) Eye gabu nu si ʋã Absalom ƒe dzi wòwu fofoa ƒe vi Amnon hã ŋu kpɔ. (2 Sam. 13:1-30) Ðe menye “susu vɔ̃wo bubu” ye kplɔ wo de nuwɔna mawo me oa?

16 Míenya be Kristotɔ vavãwo mewua ame ya o. Gake ɖe woalé nɔvi si da vo ɖe woƒe ƒometɔ aɖe ŋu, alo nɔvi si wosusu be eda vo ɖe woƒe ƒometɔa ŋu, la ɖe dɔme kaɖikaɖia? Ate ŋu adzɔ be woagbe nɔvi si wosusu be ewɔ nane ɖe yewoƒe ƒometɔa ŋu  la ƒe amedzrowɔwɔ alo woaɖoe be yewomakpee be wòava ɖu nu kpli yewo gbeɖe o. (Heb. 13:1, 2) Gake nuwɔwɔ alea fia amemalɔmalɔ̃, eye mele be míatsɔ naneke ado taflatsɛ ɖe esia ta o. Ɛ̃, Dziwomedzrola la ya akpɔe be “dzi matsomatso” ye le mía si. (Yer. 9:24, 25) Ðo ŋku edzi be Yehowa xlɔ̃ nu eƒe amewo be: “Miɖe miaƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa.”—Yer. 4:4.

ALE SI NÀNA ‘DZI SI DZE SI YEHOWA’ LA NAKPƆTƆ ANƆ ASIWÒ

17. Aleke Yehowa vɔvɔ̃ akpe ɖe mía ŋu be dzi si lɔ̃na faa ɖoa to nasu mía si?

17 Ke ne èdzro wò kpɔɖeŋudzia me eye nèkpɔ be meʋãna ɖe Yehowa ƒe nuxlɔ̃amewo dzi wɔwɔ ŋu kaba abe ale si hiã ene o eye wòkpɔtɔ nye “dzi matsomatso” va se ɖe afi aɖe ya ɖe? Ðewohĩ èkpɔ be amegbetɔvɔvɔ̃, ŋkɔxɔxɔ alo kesinɔnuwo didi, dzimesesẽ alo ɖokuisigbenɔnɔ ƒe dzesi aɖewo le wò dzi me. Menye wò ɖeka ko ŋue kuxi sia le o. (Yer. 7:24; 11:8) Yeremiya gblɔ be “dzi dzeaglã sẽto” ye li na eŋɔli me Yudatɔ mawɔnuteƒe mawo. Egblɔ kpee be: “Womegblɔ le woƒe dzi me be: mina míavɔ̃ Yehowa, mía Mawu, ame si na tsi dzana . . . la o.” (Yer. 5:23, 24) Ðe esia meɖee fia be nu si akpe ɖe mía ŋu míaɖe míaƒe “dzi ƒe boloyiwo ɖa” ye nye be míavɔ̃ Yehowa ahakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu geɖe wu oa? Vɔvɔ̃ nyuitɔ akpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be dzi si lɔ̃na faa ɖoa to Mawu la nasu esi.

18. Ŋugbe kae Yehowa do na nubabla yeyea me tɔwo?

18 Ne míeyi edzi le agbagba dzem alea la, Yehowa ana ‘dzi si míatsɔ adze sii’ la mí. Le nyateƒe me la, nu sia ƒe ŋugbee wòdo be yeawɔ na amesiamina siwo le nubabla yeyea me, esi wògblɔ be: “Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.” Ke aleke míawɔ adze sii nyuie? Egblɔ kpee be: “Ame aɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, . . . elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nu vɔ̃wo azɔ o.”—Yer. 31:31-34. *

19. Nu nyui kawoe Kristotɔ vavãwo le mɔ kpɔm na?

19 Èɖale mɔ kpɔm be nubabla yeyea naɖe vi na ye tegbee le dziƒo loo alo le anyigba dzi o, ele be wòanye wò didi be yeadze si Yehowa ahanye eƒe amewo dometɔ ɖeka. Gake ne wonɔ te ɖe Kristo ƒe tafevɔsa dzi tsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò ko hafi yayra siawo ate ŋu asu asiwò. Esi Mawu ate ŋu atsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò ta la, ele be esia naʋã wò nàlɔ̃ atsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ake wo faa, ne esia wɔwɔ adze nu sesẽ na wò gɔ̃ hã. Dziku alo fuléle ɖe sia ɖe si nàlɔ̃ aɖe ɖa le wò dzi me la ade wò ŋutɔ dziwò. Esia wɔwɔ aɖee afia be menye ɖeko nèdi be yeasubɔ Yehowa ko o, ke èdi be yeadze sii nyuie wu hã. Ekema ànɔ abe ame siwo ŋu Yehowa to Yeremiya dzi gblɔ le be: “Miadim, eye miakpɔm, nenye be miebia tanye se tso miaƒe dzi blibo me ko. Eye mana miakpɔm.”—Yer. 29:13, 14.

^ mm. 18 Wodzro nu si nubabla yeyea nye la me le Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi gbalẽa ƒe ta 14 lia me.