Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ðe wogbugbɔ Yerusalem gbedoxɔ si wotsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me la tua?

YESU gblɔ tso Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu be, womele kpe aɖeke gblẽ ge ɖe kpe dzi o. Nyagblɔɖi sia va eme le ƒe 70 M.Ŋ. me esime Roma-srafo siwo nɔ aʋafia Titus ƒe kpɔkplɔ te la va tsrɔ̃ Yerusalem. (Mat. 24:2) Emegbe Fiagã Julian ɖoe be yeagbugbɔ Yerusalem gbedoxɔa atu.

Woyɔ Julian be Roma fiagã trɔ̃subɔla mamlɛtɔ. Konstantino Gãtɔ ƒe tɔɖiyɔvi sia srɔ̃ yeaɖi Kristotɔnyenye ƒe nufiafiawo. Gake esi wòva zu fiagã le ƒe 361 M.Ŋ. me la, egbe nu le nufiafia mawo kple alakpa Kristotɔnyenye si keke ta le eƒe ŋkekea me la gbɔ eye wòzu trɔ̃subɔla. Ŋutinyagbalẽwo yɔ Julian be “Xɔsegbela la.”

Julian va nyɔ ŋu Kristotɔnyenye. Anɔ eme be susu ɖekae nye be, ekpɔ eteƒe esime ame siwo be Kristotɔwoe yewonye la wu fofoa kple eƒe ƒometɔwo esime wòxɔ ƒe ade. Le sɔlemeha ƒe ŋutinyaŋlɔlawo ƒe nya nu la, Julian de dzi ƒo na Yudatɔwo be woagbugbɔ gbedoxɔa atu be esia nanye kpeɖodzi be Yesu nye aʋatsonyagblɔɖila. *

Ðikeke mele eŋu o be Julian ɖoe be yeagbugbɔ gbedoxɔa atu. Ŋutinyaŋlɔlawo le ɖi kem ne Julian dze gbedoxɔa gbugbɔgatu gɔme nyateƒe, eye ne edze etutu gɔme la, ke susu ka tae dɔa va tsi akpo dzi ɖo? Gake kpeɖodzi le nu ɖeka aɖe ya ŋu. Esi Julian xɔ fiazikpuia ƒe eve pɛ megbe la, wowui, eye eƒe tameɖoɖo be yeagbugbɔ gbedoxɔa atu la tsi akpo dzi.

Ale si gbedoxɔa anya nɔ le Yesu ƒe ŋkekea me ƒe nɔnɔmetata, kple ale si tututu teƒea le egbea

^ mm. 5 Yesu megblɔ be womagbugbɔ gbedoxɔa atu akpɔ o, ke boŋ ɖe wògblɔ be woatsrɔ̃e, eye esia va eme pɛpɛpɛ le ƒe 70 M.Ŋ. me.