GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 2013

Tata sia ɖe ale si míawɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa ade goe eye wòhe susu yi nɔnɔme nyui siwo ana be míaƒe dzeɖoɖo le ƒomea me naganyo ɖe edzi dzi.

Wɔ Nya Nyui Gbɔgblɔ Dɔ La De Goe

Nu ka tae wòle vevie be amewo nase nya nyuia egbea? Aleke míate ŋu awɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa ade goe?

‘Èdoa Vevie Nu Le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Mea’?

Nyati sia dzro ale si míaƒe gbeƒãɖeɖe veviedodotɔe kple míaƒe agbenɔnɔ nyui nana míehea amewo ɖe Mawu ŋu la me.

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le blemaɣeyiɣiwo me la, dukɔ geɖe wua nu vlo wɔla aɖewo to wo hehe ɖe ati alo atikpo ŋu me. Ke aleke wònɔ le blema Israel dukɔa ya gome?

Dzeɖoɖo Nyui Doa Ŋusẽ Srɔ̃ɖeɖe

Dzeɖoɖo nyui hiã vevie le srɔ̃ɖeɖe me. Nyati sia he susu yi nɔnɔme nyui siwo ana be míaƒe dzeɖoɖo navivi dzi.

Dzilawo, Ðeviwo—Miɖo Dze Le Lɔlɔ̃ Me

Nu kawoe xea mɔ na dzeɖoɖo nyuiwo? Nu kae míate ŋu awɔ be míaɖu mɔxenu siawo dzi?

AGBEMEŊUTINYA

Nu Si Ta Mɔkpɔkpɔ Mebu Ðe Mí Le Agbe Me O

Vi eve le Patricia si siwo ŋu dɔléle aɖe si wodzina kple ame, si mebɔ o le. Kpɔ nu si na mɔkpɔkpɔ mebu ɖe wo le nɔnɔme sesẽ ma me o.

Wɔ Tiatia Nyuiwo Be Wò Domenyinua Nagage Le Asiwò O

Domenyinu kae Yehowa dzra ɖo ɖi na Kristotɔwo? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Esau ƒe nuxlɔ̃amekpɔɖeŋua me?

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

Wonɔ Te Sesĩe Le “Tetekpɔ Ƒe Gaƒoƒo” Me

Kpɔ ale si ame geɖe va nya nu tso Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe akpaɖekedzimademade ŋu esi Xexemeʋa I dzɔ le ƒe 1914 me.