Dzilawo, Ðeviwo—Miɖo Dze Le Lɔlɔ̃ Me
“Ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu le dziku me.”
1, 2. Zi geɖe la, aleke dzilawo kple wo viwo dome nɔna le dzɔdzɔme nu, gake nu ka wɔwɔe sesẽna na wo ɣeaɖewoɣi?
“NE EDZƆ be wona nènya be dziwòlawo aku etsɔ ɖeka la, nya ka koŋue nàdi be yeagblɔ na wo egbea?” Nya mae wobia ɖevi alafa geɖewo le Amerika. Le esi woaƒo nu tso kuxi kple masɔmasɔ siwo anya nɔ fu ɖem na wo ŋu teƒe la, wo dometɔ 95 le alafa me gblɔ be yewoagblɔ na yewo dzilawo be: “Meɖe kuku, tsɔ nu siwo mewɔ ɖe ŋuwò la kem” kple “Melɔ̃ wò vevie.”—For Parents Only, si Shaunti Feldhahn kple Lisa Rice ŋlɔ.
2 Le dzɔdzɔme nu la, ɖeviwo lɔ̃a wo dzilawo eye dzilawo hã lɔ̃a wo viwo. Esia nye nyateƒe, vevietɔ le Kristotɔwo ƒe ƒomewo me. Togbɔ be dzilawo kple wo viwo dina vevie be yewo dome nanɔ kplikplikpli hã la, dzeɖoɖo sesẽna na wo ɣeaɖewoɣi. Nu ka tae wòsesẽna na dzilawo kple wo viwo be woaƒo nu tso nya aɖewo ŋu? Nu kawoe xea mɔ na dzeɖoɖo nyuiwo? Nu kawoe míate ŋu awɔ be dzeɖoɖo le míaƒe ƒomewo me naganyo ɖe edzi?
“MIƑLE ƔEYIƔI” NA DZEÐOÐO
3. (a) Nu ka tae dzeɖoɖo nyuie sesẽna na ƒome geɖe? (b) Nu ka tae dzeɖoɖo mesesẽna na ƒome geɖe le blema Israel o?
3 Esesẽna na ƒome geɖe be woakpɔ ɣeyiɣi na dzeɖoɖo tuameɖowo. Gake menye nenemae wònɔ tso blema o. Mose gblɔ na vifofowo le Israel be: “Ku [Mawu ƒe nyawo] ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (5 Mose 6:6, 7) Ɣemaɣi la, ɖeviwo nɔa wo nɔwo gbɔ le aƒe me alo nɔa wo fofowo gbɔ le agble me alo le woƒe dɔwɔƒe le ŋkekea me. Ɣeyiɣi geɖe nɔ anyi dzilawo kple wo viwo tsɔ ɖoa dze. Esia wɔnɛ be dzilawo tea ŋu nyaa wo viwo ƒe nuhiahiãwo, didiwo, kple woƒe amenyenye. Eye ɖeviwo hã tea ŋu nyaa wo dzilawo nyuie.
4. Nu kawoe xea mɔ na dzeɖoɖo le ƒome geɖewo me egbea?
4 Nuwo to vovo kura egbea! Le dukɔ aɖewo me la, ɖeviwo dzea abɔdzokposuku gɔme kaba, ɣeaɖewoɣi ne womekpɔ xɔ ƒe eve o gɔ̃ hã. Vifofo kple vidada geɖe wɔa dɔ le didiƒe. Le ɣeyiɣi sue si dzilawo kple wo viwo nɔa anyi ɖekae gɔ̃ hã me la, nu bubuwo abe kɔmpiuta, television, asitelefon kple videofefewo ene xɔa dzeɖoɣiwo le wo si. Le ƒome geɖe me la, dzilawo kple wo viwo mewɔa nuwo ɖekae o, eya ta womenya wo nɔewo nyuie o. Dzeɖoɖo tuameɖowo zu dze bu ɖe ama me.
5, 6. Aleke dzila aɖewo ‘ƒlea ɣeyiɣi’ tso nu bubuwo gbɔ hezãnɛ ɖe wo viwo ŋui?
5 Ðe nàte ŋu ‘aƒle ɣeyiɣi’ tso nu bubuwo gbɔ ahazãe ɖe wò ƒomea ŋua? (Mixlẽ Efesotɔwo 5:15, 16.) Ƒome aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoaɖe televisionkpɔkpɔ kple kɔmpiutazazã dzi kpɔtɔ. Bubuwo dzea agbagba be yewoaɖu nu ɖekae zi ɖeka ya teti gbe sia gbe. Eye mɔnukpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye esi ƒometadedeagu ƒe ɖoɖoa nana dzilawo kple wo viwo be woate ɖe wo nɔewo ŋu ahadzro Biblia me ɖekae le dziɖeɖi me! Miate ŋu aɖo gaƒoƒo ɖeka alo esi wu nenema ɖi na esia wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa, gake ema ɖeɖe mesɔ gbɔ aʋu mɔ na dzeɖoɖo si yi ŋgɔ o. Ehiã godoo be mianɔ dze ɖom edziedzi gbe sia gbe. Hafi viwò nayi suku la, dze agbagba nagblɔ nya dedziƒoname aɖewo nɛ, midzro gbe sia gbe mawunyakpukpuia me, alo do gbe ɖa kple viwòa. Esia wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe eŋu geɖe le ŋkekea me.
6 Dzila aɖewo te ŋu wɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me ale be woakpɔ vovo ɖe wo viwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Laura, * si si vi sue eve le, ɖe asi le eƒe dɔwɔɖui si xɔa eƒe ɣeyiɣi katã ŋu ɖe esia ta. Egblɔ be: “Ŋdi me la, mí katã míenɔa du dzi be míaɖo dɔme alo suku ɖe game dzi. Kaka magbɔ va aƒe me le fiẽ me la, vidzikpɔla si míexɔ la ble wo nu wodɔ alɔ̃ xoxo. Esi meɖe asi le dɔ ŋu la, eva hiã be míanɔ agbe ɖe ga sue aɖe ko nu, gake fifia meva nya vinyewo ƒe susuwo kple woƒe kuxiwo nyuie wu. Meɖoa to sea nya siwo wogblɔna le woƒe gbedodoɖawo me eye mate ŋu akpe ɖe wo ŋu, ade dzi ƒo na wo ahafia nu wo.”
‘MIÐE ABLA LE NUSESE ME’
7. Konyi kae dzilawo kple ɖeviwo siaa fana?
7 Esi agbalẽ si nye For Parents Only la talawo bia gbe sɔhɛ geɖewo vɔ la, wode dzesi nu bubu si hã xea mɔ na dzeɖoɖo. Wogblɔ be: “Ðeviawo fa konyi le wo dzilawo ŋu be, ‘Womeɖoa to mí o.’” Gake nya ma tututue dzilawo hã gblɔna zi geɖe le wo viwo ŋu. Be dzeɖoɖomɔnu nanɔ ʋuʋu ɖi la, ele be ƒomea me tɔwo naɖo to wo nɔewo nyuie.
8. Aleke dzilawo ate ŋu aɖo to wo viwo ŋutɔŋutɔ?
8 Dzilawo, ɖe mieɖoa to mia viwo ŋutɔŋutɔa? Esia ate ŋu asesẽ ne ɖeɖi te mia ŋu alo ne edze abe nya si ɖevia do ɖa la nye nya maɖinya ene. Gake nu si dze abe nya maɖinya ene ate ŋu anye nya vevi aɖe na mia via ya. Be ‘nàɖe abla le nusese me’ la, menye nya si viwòa gblɔna ko ŋue wò to anɔ o, ke ele be wòanɔ ale si wòle egblɔm hã ŋu. Gbe si ɖevi tsɔ le nya aɖe gblɔm kple ale si wòle eɖokui wɔmee la ɖea ale si wòle sesem le eɖokui me fiana. Nyawo biabia hã le vevie. Biblia gblɔ be: “[Ame] ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela dunɛ.” (Lod. 20:5) Nugɔmesese kple nuŋububu nyui hiã, vevietɔ ne miele nya siwo ŋu womelɔ̃na be yewoaƒo nu le o la me dzrom.
9. Nu ka tae wòle be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo?
9 Ðeviwo, ɖe mieɖoa to mia dzilawoa? Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.” (Lod. 1:8) Miɖo ŋku edzi be mia dzilawo lɔ̃ mi eye miaƒe nyui ko dim wole, eya ta nunya le eme be miaɖo to wo. (Ef. 6:1) Toɖoɖo nɔa bɔbɔe ne mietea ŋu ɖoa dze nyuie eye mieka ɖe edzi be wolɔ̃ mi. Gblɔ ale si nèsena le ɖokuiwò me le nanewo ŋu la na wo. Esia akpe ɖe wo ŋu be woase nu gɔme na wò. Ele be wò hã nàse nu gɔme na dziwòlawo.
10. Nu kae míesrɔ̃ tso Rexabeam ƒe ŋutinyaa me?
10 Gake ele be nàkpɔ nyuie le hawòtiwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo sese ŋu. Woƒe nyawo ate ŋu avivi le to me na wò, gake anɔ eme be woƒe aɖaŋuɖoɖowo maɖe vi aɖeke na wò o. Le nyateƒe me la, ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò gɔ̃ hã. Esi nunya kple nuteƒekpɔkpɔ si su ame tsitsiwo si la mesu sɔhɛwo si o ta la, wo dometɔ akpa gãtɔ metea ŋu kpɔa nuwɔna aɖewo me tsonuwo dzea sii kaba o. Ðo ŋku Fia Salomo vi Rexabeam ƒe kpɔɖeŋua dzi. Esi wòzu fia ɖe Israel dzi la, ɖe wòle be wòaɖo to aɖaŋu si ame tsitsiwo ɖo nɛ la hafi. Gake ehati ɖekakpuiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo gbegblẽa boŋ dzie wòwɔ ɖo. Esia na be etevi akpa gãtɔ trɔ le eyome. (1 Fia. 12:1-17) Mègasrɔ̃ Rexabeam ƒe bometsinuwɔna sia o, ke boŋ dze agbagba vevie nànɔ dze ɖom kple dziwòlawo ɣesiaɣi. Gblɔ wò susuwo na wo faa. Na woƒe aɖaŋuɖoɖo kple nunya naɖe vi na wò.—Lod. 13:20.
11. Nu kae ate ŋu adzɔ ne dzilawo menye ame siwo ŋu wo viwo tena ɖo bɔbɔe o?
11 Dzilawo, ne miedi be mia viwo naɖo to wo hatiwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo o la, ke mina wòanɔ bɔbɔe na wo be woate ɖe mia ŋu, eye woaɖo dze kpli mi faa. Nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe gblɔ be: “Ne menya yɔ ŋutsuvi aɖe ŋkɔ ko la, dzinyelawo tsia dzodzodzoe. Esia wɔnɛ be nyemevona le ɖokuinye me o, eye nyemegadina be mayi nyaa dzi o.” Nɔvinyɔnu ɖetugbui aɖe hã gblɔ be: “Ƒewuivi geɖe dina be yewoase yewo dzilawo ƒe aɖaŋuɖoɖo, gake ne dzilawo metsia dzi ɖe woƒe nyawo ŋu o la, woayi ame bubu siwo aɖo aɖaŋu na wo la gbɔ, ate ŋu anye ame siwo si nuteƒekpɔkpɔ boo aɖeke mele o gɔ̃ hã.” Ne èlɔ̃na ɖoa to viwòwo veveseɖeamenutɔe le nya sia nya si wodi be yewoagblɔ na wò me la, àva kpɔe be woanɔ woƒe dzimenyawo gblɔm na wò eye woalɔ̃ axɔ wò mɔfiamewo.
MINƆ “BLEWU LE NUƑOƑO ME”
12. Aleke dzilawo ƒe nuwɔna ate ŋu axe mɔ ɖe dzeɖoɖo kple wo viwo nu?
12 Nu bubu si gaxea mɔ na dzeɖoɖoe nye ale si dzilawo wɔa nu ɖe nya si gblɔm wo viwo le ŋu. Dzilawo tea ŋu wɔa nu le dziku me enumake. Edze ƒãa be dzila Kristotɔwo di be yewoakpɔ yewo viwo ta. ‘Ŋkeke mamlɛ’ siawo me yɔ fũu kple gbɔgbɔmefɔkuwo kple afɔku bubuwo. (2 Tim. 3:1-5) Gake nu siwo dzilawo bu be wonye takpɔkpɔ na wo viwo la ate ŋu adze na ɖeviawo ya be wogbɔ eme akpa.
13. Nu ka tae mele be dzilawo natsɔ dzitsitsi agblɔ woƒe susuwo enumake o?
13 Ele be dzilawo nakpɔ nyuie be woagatsɔ dzitsitsi axɔ nya le wo viwo nu o. Enye nyateƒe be miadi be miagblɔ miaƒe susu kaba le nya ɖefuname si gblɔm mia via le ŋu ya. Gake ele vevie be miaɖo to ase nyaa katã nyuie hafi agblɔ miaƒe susu. Nunyala Fia Salomo gblɔ be: “Ne ame aɖe mekpɔ se nya, hafi ɖo eŋu o la, bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.” (Lod. 18:13) Ne èlé ɖokuiwò kpoo la, viwòa ayi eƒe nyaa dzi eye àse nya geɖe. Ele be nàse nya bliboa hafi ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si sɔ. Ne edze abe eƒe “nyawo le mɔ tram” ene hã la, ate ŋu anye be vevesesee le dzi me nɛ. (Hiob 6:1-3) Abe dzila lɔ̃ame ene la, ke to nyuie be gɔmesese nasu asiwò, eye nàke nu atsɔ ada gbe le viwò ŋu.
14. Nu ka tae wòle be ɖeviwo nanɔ blewu le nuƒoƒo me?
14 Ðeviwo, ele na miawo hã be ‘mianɔ blewu le nuƒoƒo me’; miganɔ tsitre tsim ɖe mia dzilawo ƒe nyawo ŋu o, elabena Mawu ye de dɔ asi na wo be woamla mi. (Lod. 22:6) Woanya to nɔnɔme siwo me tom miele fifia la tɔgbi me kpɔ. Gawu la, eve wo be yewowɔ vodada aɖewo le yewoƒe ɖevime eye wodi vevie be yewoakpɔ mia ta be miagawɔ vodada mawo tɔgbi o. Eya ta bu dziwòlawo be wole yeƒe akpa dzi, ke menye be wonye yeƒe ketɔwo o; bu wo be wonye wò aɖaŋuɖolawo, ke menye wò tsitretsiɖeŋulawo o. (Mixlẽ Lododowo 1:5.) “Bu fofowò kple dawò” eye nàna woakpɔe be nèlɔ̃ wo abe ale si wolɔ̃ ye ene. Esia ana wòanɔ bɔbɔe na wo be ‘woahe wò le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.’—Ef. 6:2, 4.
MINƆ “BLEWU LE DZIKU ME”
15. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míalé mía ɖokui kpoo eye míado dziku ɖe ame siwo míelɔ̃ vevie ŋu o?
15 Menye ɣesiaɣie míegbɔa dzi ɖi na ame siwo míelɔ̃ vevie la o. Apostolo Paulo ŋlɔ na “ame kɔkɔewo kple nɔvi nyateƒetɔ siwo le ƒomedodo me kple Kristo le Kolose” be: “Mi srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mianɔ mia srɔ̃wo lɔ̃m, eye miganɔ dɔmedzoe dom ɖe wo ŋu helĩhelĩ o. Mi vifofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, bene dzi nagaɖe le wo ƒo o.” (Kol. 1:1, 2; 3:19, 21) Paulo xlɔ̃ nu Efesotɔwo be: “Mina woaɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kpakple dzugbewo, ɖa le mia dome.” (Ef. 4:31) Ne míetu dzigbɔgbɔ blewu, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu—siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖewo—ɖo la, akpe ɖe mía ŋu míalé mía ɖokui kpoo ne nya aɖe te ɖe mía dzi gɔ̃ hã.—Gal. 5:22, 23.
16. Aleke Yesu ɖɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖoe, eye nu ka tae esia ɖe dzesi?
16 Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Kpɔ ale si gbegbe nu te ɖe edzi le fiẽ mamlɛtɔ si me wòɖu nu kple eƒe apostoloawo ɖa. Yesu nyae be le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, yease veve ʋuu aku. Fofoa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ kple ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ dzi. Ke hã, le nua ɖuƒe la, “nyaʋiʋli sesẽ aɖe hã ɖo [apostoloawo] dome le wo dometɔ si dze abe eyae nye gãtɔ ene la ŋuti.” Yesu meblu ɖe wo ta alo do dziku ɖe wo ŋu helĩhelĩ o. Ke boŋ ede ŋugble kpli wo tufafatɔe. Yesu ɖo ŋku edzi na wo be woawoe nye ame siwo nɔ ye ŋu le yeƒe tetekpɔwo me. Togbɔ be Satana di be woaɖe mɔ le wo ŋu ne yeagbɔ wo abe lu ene hã la, Yesu gblɔ be yeka ɖe wo dzi be woawɔ nuteƒe. Ebla nu kpli wo gɔ̃ hã.—Luka 22:24-32.
17. Nu kae akpe ɖe ɖeviwo ŋu woalé wo ɖokui kpoo?
17 Ele be ɖeviwo hã nalé wo ɖokui kpoo. Vevietɔ ne woɖo woƒe ƒewuiwo mee wotea ŋu bunɛ be mɔfiame ɖe sia ɖe si yewo dzilawo na yewo la fia be womeka ɖe yewo dzi o. Togbɔ be ate ŋu awɔ na mi nenema ɣeaɖewoɣi hã la, minyae be mia dzilawo tsɔ ɖe le eme na mi vevie le esi wolɔ̃ mi ta. Ne miegbɔ dzi ɖi ɖo to wo hewɔ ɖe woƒe mɔfiamewo dzi la, woade bubu mia ŋu eye woaka ɖe mia dzi. Esia ana woana ablɔɖe geɖe wu mi le nanewo me. Nunya anɔ eme be miaɖu mia ɖokui dzi. Lododo aɖe gblɔ be: “Bometsila dudua eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi; ke nunyala [faa] enu.”—Lod. 29:11.
18. Aleke lɔlɔ̃ ʋua mɔ na dzeɖoɖo viviwo?
18 Eya ta dzila kple ɖevi lɔlɔ̃tɔwo, dzi megaɖe le mia ƒo ne dzeɖoɖo le ƒomea me mele afɔ tsɔm o. Miyi edzi mianɔ asi trɔm le eŋu, eye mianɔ zɔzɔm le nyateƒe la me. (3 Yoh. 4) Le xexe yeyea me la, ame deblibowo aɖo dze kple wo nɔewo bliboe nugɔmemasemase na ame nɔewo kple dzrehehe aɖeke manɔmee. Gake fifia mí katã míewɔa nu siwo va vea mí emegbe. Eya ta kukuɖeɖe megave wò o. Lɔ̃ tsɔtsɔke. ‘Miwɔ nu aduadu le lɔlɔ̃ me.’ (Kol. 2:2) Ŋusẽ le lɔlɔ̃ ŋu. ‘Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ mebia dzi kabakaba o. Meŋlɔa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o. Enɔa te ɖe nuwo katã nu, exɔa nuwo katã dzi sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.’ (1 Kor. 13:4-7) Miyi edzi mianɔ lɔlɔ̃ ɖem fia eye dzeɖoɖo avivi mia nu, miaƒe ƒomea akpɔ dzidzɔ geɖe eye wòahe kafukafu vɛ na Yehowa.
^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔa.