Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Èdoa Vevie Nu Le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Mea’?

‘Èdoa Vevie Nu Le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Mea’?

“Kristo Yesu . . . tsɔ eɖokui na ɖe mía ta, bene . . . wòakɔ dukɔ si nye ye ŋutɔ tɔ koŋ, si doa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, la ŋu na eɖokui.”TITO 2:13, 14.

1, 2. Bubu gã kae wode mí Yehowa Ðasefowo ŋu, eye aleke nèsena le ɖokuiwò me tso eŋu?

LE AME geɖe gome la, ne wona nunana wo tsɔ kafu wo ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta la, wobunɛ be wode bubu gã yewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo xɔ Nobel Nunana le esi wowɔ akpa vevi aɖe be ŋutifafa va le futɔwo alo ƒuƒoƒo siwo menyina tsã o dome ta. Gake bubu gãtɔ kekeake wònye be Mawu nadɔ ame be wòanye eteƒenɔla si akpe ɖe amewo ŋu be woadzra wo kple wo Wɔla dome ɖo!

2 Bubu gã mae wode mí Yehowa Ðasefowo ŋu. Mawu kple Kristo de se na mí be míayi aɖaɖe kuku na amewo be: “Mina woadzra mia kple Mawu dome ɖo.” (2 Kor. 5:20) Yehowa le mía zãm tsɔ le amewo hem ɖe eɖokui ŋu. Mɔ sia dzie míeto kpe ɖe ame miliɔn geɖe siwo tso dukɔ siwo wu 235 me la ŋu be wova le ƒomedodo nyui me kple Mawu eye agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ su wo si. (Tito 2:11) Míekpea amewo veviedodotɔe be: “Ame sia ame si lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la femaxee.” (Nyaɖ. 22:17) Esi míedea asixɔxɔ dɔdeasi vevi sia ŋu eye míewɔnɛ moveviɖoɖotɔe ta la, woate ŋu agblɔ wòasɔ be míenye ame siwo “doa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me.” (Tito 2:14) Azɔ míadzro ale si míaƒe veviedodo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me nana míehea amewo ɖe Yehowa ŋu la me. Mɔ aɖe si dzi míetona wɔa esiae nye gbeƒãɖeɖedɔa.

SRƆ̃ YEHOWA KPLE YESU ƑE DZONƆAMEME

3. Kakaɖedzi kae ‘Yehowa ƒe dzonɔameme’ naa mí?

3 Yesaya 9:6 ƒo nu tso nu nyui siwo Mawu ƒe Vi la ƒe dziɖuɖu ahe vɛ na ameƒomea ŋu, eye wògblɔ be: “Yehowa, Aʋakɔwo ƒe Mawu la, ƒe dzonɔameme awɔ esia.” (NW) Nya siawo na míekpɔ ale si gbegbe mía Fofo si le dziƒo tsɔ ɖe le ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ me. Dzonɔameme ƒe kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo na mí la na míekpɔe be ele be míawo hã míatsɔ dzi blibo awɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si Mawu de mía si la kple dzonɔameme kpakple  veviedodonu. Didi vevie si le mía me be míakpe ɖe amewo ŋu woava nya Mawu la nye Yehowa ƒe dzonɔameme ɖeɖe fia. Eya ta abe Mawu ƒe hadɔwɔlawo ene la, ɖe míeɖoe kplikpaa be míawɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa kple míaƒe ŋutete katã?—1 Kor. 3:9.

4. Aleke Yesu ɖo subɔsubɔdɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe ƒe kpɔɖeŋu ɖi?

4 Mina míabu dzonɔameme si Yesu hã ɖe fia ŋu kpɔ. Eɖo subɔsubɔdɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi. Togbɔ be amewo tsi tre ɖe eŋu vevie hã la, eyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi dzonɔamemetɔe va se ɖe eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe nuwuwu. (Yoh. 18:36, 37) Esi Yesu ƒe vɔsakua nɔ aƒe tum la, egado vevie nu geɖe wu be yeana amewo nava nya Yehowa.

5. Aleke Yesu wɔ nu abe waingbledela si le gboti ŋuti kpɔɖeŋua me la ene?

5 Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 32 M.Ŋ. ƒe kele me la, Yesu wɔ kpɔɖeŋu ku ɖe ame aɖe si do gboti ɖe eƒe waingble me ŋu; ƒe etɔ̃ sɔŋ gbotia menɔ ku tsem o. Esi wògblɔ na waingbledela la be wòatso gbotia aƒu anyi la, ebia be wòana ɣeyiɣi ye yeado aɖu ɖe eŋu. (Mixlẽ Luka 13:6-9.) Ɣemaɣi la, ame ʋɛ aɖewo koe va zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. Gake abe waingbledela si le kpɔɖeŋua me ene la, Yesu zã ɣeyiɣi kpui si susɔ—si anɔ abe ɣleti ade ene—tsɔ ɖe gbeƒã vevie le Yudea kple Perea. Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, efa avi ɖe edetɔ siwo ‘se nyaa gake womewɔ edzi o’ la ta.—Mat. 13:15; Luka 19:41.

6. Nu ka tae wòle be míado vevie nu geɖe wu le subɔsubɔdɔa me?

6 Esi míele nuwuɣia me ʋĩi ta la, ɖe mehiã ŋutɔ be míado vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me geɖe wu oa? (Mixlẽ Daniel 2:41-45.) Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi be míenye Yehowa Ðasefowo! Egbea míawo koe gblɔa ale si woakpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ la na amewo. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ be womate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na biabia si nye, “Nu ka tae vɔ̃ dzɔna ɖe ame nyuiwo dzi?” la o. Agbanɔamedzi kple mɔnukpɔkpɔ wònye na mí Kristotɔwo be míagblɔ ale si Biblia ɖo biabia siawo ŋui la na ame siwo di be yewoasee. Ehiã godoo be ‘míaxɔ dzo le gbɔgbɔ la me’ esi míele dɔ si Mawu de mía si la wɔm. (Rom. 12:11) Yehowa ayra ɖe agbagba siwo dzem míele be míakpe ɖe amewo ŋu be woadze sii ahalɔ̃e la dzi.

ÐOKUITSƆTSƆSAVƆ ƑE GBƆGBƆ DOA YEHOWA ÐE DZI

7, 8. Aleke ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ doa Yehowa ɖe dzi?

7 Abe ale si nu siwo me apostolo Paulo to ɖee fiae ene la, le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, míate ŋu atsi “zãdomadɔlɔ̃e” eye ‘míatsi dɔmeɣi.’ (2 Kor. 6:5) Nya siawo nana míekpɔa nu si ɖokuitsɔtsɔsavɔ ŋutɔŋutɔ fia eye wònana míeɖoa ŋku mɔɖela siwo wɔa dɔ kpɔa woawo ŋutɔ ɖokuiwo dzi evɔ wotsɔa woƒe subɔsubɔdɔa ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me la dzi. Gabu dutanyanyuigblɔla dovevienu siwo ‘tsɔa wo ɖokuiwo kɔna ɖi abe nunovɔsa ene’ heyina ɖasubɔna le dukɔ bubuwo me la hã ŋu kpɔ. (Flp. 2:17) Ke míaƒe hamemetsitsi siwo nuɖuɖu toa wo ŋu ɣeaɖewoɣi alo tsia zãdomadɔlɔ̃e le beléle na Yehowa ƒe alẽwo ta ya ɖe? Mía nɔvi tsitsiwo kple ame siwo lãmesẽkuxiwo ɖea fu na, siwo wɔa woƒe ŋutete ɖe sia ɖe dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo hewɔa gbeƒãɖeɖedɔa la hã li. Míaƒe dziwo yɔna fũu kple ŋudzedzekpɔkpɔ ne míede ŋugble le Mawu subɔla siawo siwo tsɔa wo ɖokui saa vɔe alea la ŋu. Esiawo nana amewo kpɔa ale si gbegbe míaƒe subɔsubɔdɔa le vevie na míi.

8 Nuxlẽla aɖe si menye Ðasefo o gblɔ le lɛta si wòŋlɔ wota ɖe United Kingdom nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be Boston Target me be: “Amewo ƒe xɔse ɖe mawusubɔsubɔ ŋu nu le fafam . . . Nu ka hakplɔla mawo wɔna ŋkeke bliboa katã? Le nyateƒe me la, womedoa go yia amewo gbɔ abe  ale si Kristo wɔe ene o . . . Subɔsubɔha ɖeka kolia, si dze abe wotsɔ ɖe le eme na amewo ene ye nye Yehowa Ðasefowo, ame siwo doa go yia amewo gbɔ eye wokpɔa gome le gbeƒãɖeɖe nyateƒea me anukwaretɔe.” Le egbexexea me la, ame akpa gãtɔ tsia dzi ɖe woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo ko ŋu, eya ta míaƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ doa Yehowa Mawu ɖe dzi.—Rom. 12:1.

Wò gbeadzidede ɖeɖe dzaa nyea ɖaseɖiɖi gã aɖe na eteƒekpɔlawo

9. Nu kae ate ŋu aʋã mí be míayi edzi ado vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me le subɔsubɔdɔa me?

9 Gake ne ewɔ abe dzo si le mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu nu le tsitsim ene la, nu kae míate ŋu awɔ? Anyo be míade ŋugble le nu siwo gbegbe Yehowa le wɔwɔm to gbeƒãɖeɖedɔa dzi la ŋu. (Mixlẽ Romatɔwo 10:13-15.) Hafi amewo nakpɔ agbe la, ele be woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔa le xɔse me, gake womate ŋu awɔ esia ne míeɖe gbeƒã na wo o. Ele be esia nyanya naʋã mí míayi edzi ado vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me eye míagblɔ Fiaɖuƒeŋutinya nyuia dzonɔamemetɔe.

AGBENƆNƆ NYUI HEA AMEWO ÐE MAWU ŊU

Wò anukwareɖiɖi kple dɔ sesẽ wɔwɔ menɔa ɣaɣla o

10. Aleke míaƒe agbenɔnɔ nyui hea amewo ɖe Yehowa ŋui?

10 Menye dzonɔameme le subɔsubɔdɔa me ɖeɖe koe ate ŋu ahe amewo ɖe Mawu ŋu o. Nu evelia si hea amewo ɖe Mawu ŋue nye Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ nyui. Paulo te gbe ɖe esia ƒe vevienyenye dzi esi wògblɔ be: “Míewɔa naneke si azu nukikli le mɔ aɖeke nu o, bene woagakpɔ vodada le míaƒe subɔsubɔdɔ la ŋu o.” (2 Kor. 6:3) Míaƒe nya dzetowo kple agbenɔnɔ dzadzɛ ɖoa atsyɔ̃ na Mawu ƒe nufiafia, eye wòhea amewo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. (Tito 2:10) Zi geɖe la, míesea nuteƒekpɔkpɔwo tso nu nyui siwo doa go tso eme ne amewo kpɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ nyuiwo la ŋu.

11. Nu ka tae wòle be míabu ale si míaƒe agbenɔnɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi la ŋu vevie?

11 Míenyae be míaƒe nuwɔna nyuiwo kpɔa ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi, gake agbenɔnɔ  si mesɔ o hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe amewo dzi. Eya ta míeɖale dɔme, aƒe me, alo suku o, ele be míaƒo asa na nu sia nu si ana amewo nakpɔ vodada le míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe agbenɔnɔ ŋu la kura. Ne míeɖonɛ koŋ nɔa nu vɔ̃ wɔm la, esia agblẽ nu le mía ŋu vevie. (Heb. 10:26, 27) Ele be esia naʋã mí míabu ale si míele agbe nɔmee kple ŋusẽ si kpɔm wòle ɖe amewo dzi la ŋu ahado gbe ɖa tso eŋu. Esi xexe sia ƒe agbenɔnɔ le gbegblẽm ɖe edzi la, dzianukwaretɔwo akpɔ “vovo, si le mawusubɔla kple ame si mesubɔnɛ o la dome” nyuie wu. (Mal. 3:18) Ɛ̃, míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ nyui wɔa akpa vevi aɖe le amewo kple Mawu dome dzadzraɖo me.

12-14. Aleke míaƒe dzidodo le xɔse ƒe dodokpɔwo me kpɔa ŋusẽ ɖe ale si amewo bua míaƒe subɔsubɔdɔae dzi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Paulo gblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ na Korintotɔwo me be yeto xaxawo, hiãkamewo, ƒoƒowo kple gaxɔmenɔnɔwo me. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 6:4, 5.) Ne míedo dzi le xɔse ƒe dodokpɔwo me la, ate ŋu aʋã eteƒekpɔlawo be woaxɔ nyateƒea. Le kpɔɖeŋu me: Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, amewo tee kpɔ be yewoatsrɔ̃ Yehowa Ðasefowo le Angola ƒe nuto aɖe me. Wolé Ðasefo xɔnyɔnyrɔ 2 kple ɖetsɔlemetɔ 30 siwo dea míaƒe kpekpewo. Eyome wona nutoa me tɔwo va ƒo ƒu, eye woƒo ame maɖifɔ siawo de abi wo ŋu. Womeɖe nyɔnuwo kple ɖeviwo gɔ̃ hã le eme o. Woƒe taɖodzinue nye be yewoado ŋɔdzi na amewo ale be woagaɖo to Yehowa Ðasefowo azɔ o. Gake esi woƒo Ðasefo mawo le dutoƒo megbe la, nutoa me tɔ geɖe te ɖe wo ŋu hebia be woava srɔ̃ Biblia kpli yewo! Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa kpɔ dzidzedze geɖe le nudzɔdzɔ ma megbe eye wokpɔ dzidziɖedzi kple yayra geɖewo.

13 Kpɔɖeŋu sia ɖe ale si gbegbe Biblia ƒe gɔmeɖosewo me léle ɖe asi sesĩe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzii la fia. Nenema kee ale si Petro kple apostolo bubuawo nɔ te sesĩe la anya de dzi ƒo na ame bubu geɖewo be woadzra wo kple Mawu dome ɖo. (Dɔw. 5:17-29) Míawo hã míaƒe sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo, alo ƒometɔwo ate ŋu ava xɔ nyateƒea ne wokpɔ ale si míeléa nu dzɔdzɔe wɔwɔ me ɖe asi sesĩe.

14 Ɣesiaɣi la, wonɔa mía nɔviwo yome tim le teƒe aɖe godoo. Le kpɔɖeŋu me, le Armenia la, mía nɔvi siwo ade 40 le gaxɔ me fifia ɖe woƒe akpaɖekedzimademade ta, eye anɔ eme be woagalé nɔvi geɖewo ade gɔxɔ me le ɣleti siwo gbɔna me. Le Eritrea la, Yehowa subɔla 55 siwo dometɔ aɖewo xɔ wu ƒe 60 ye le gaxɔ me fifia. Le South Korea la, Ðasefo siwo ade 700 yi mɔ́ ɖe woƒe xɔse ta. Nu siawo le edzi yim ƒe 60 sɔŋ ye nye esia. Mina míanɔ gbe ɖom ɖa ɖe mía nɔvi siawo siwo yome tim wole la ta be woƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi nahe ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu eye wòaʋã dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo be woaxɔ nyateƒea.—Ps. 76:9-11.

15. Gblɔ ale si anukwareɖiɖi ate ŋu ahe amewo ava nyateƒea me la ƒe kpɔɖeŋu.

15 Míaƒe anukwareɖiɖi hã ate ŋu ahe amewo ava nyateƒea me. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 6:4, 7.) Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Mía nɔvinyɔnu aɖe di be yeatsɔ yeƒe ʋuɖofe ade mɔ̃ aɖe si me wodenɛ le bɔs si wòɖo la me be yeatso tikiti esi exɔlɔ̃ aɖe gblɔ nɛ be mehiã be wòaxe ʋudzɔa o, le esi menye didiƒe yim wòle o ta. Mía nɔvinyɔnua ɖe eme nɛ be ele be yeatso tikitia ne ʋutɔɖoƒe gbãtɔae yeaɖi ɖo gɔ̃ hã. Emegbe xɔlɔ̃a ɖi le ʋua me. Eyome ʋukulaa trɔ kɔ hebia nɔvinyɔnua be, “Yehowa Ðasefoe nènyea?” Mía nɔvinyɔnua ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nu ka tae nèbia?” Ʋukulaa gblɔ be, “Mese dze si ɖom mienɔ tso tikititsotso ŋu; menya be Yehowa Ðasefowo le ame ʋɛ siwo xea ʋudzɔa dome, eye wowɔa nuteƒe le nu sia nu me.” Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, ŋutsu aɖe te  ɖe nɔvinyɔnua ŋu le kpekpe me eye wòbiae be, “Èkpɔm dze siia? Nyee nye ʋukula si kafu wò ɖe ʋudzɔa xexe ta. Wò anukwareɖiɖi na metso nya me be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kplim.” Ne amewo nya mí be míenye anukwareɖilawo la, wokana ɖe nya si míeɖea gbeƒãe la dzi.

ÐE NƆNƆME NYUI SIWO DEA BUBU MAWU ŊU FIA ƔESIAƔI

16. Nu ka tae nɔnɔme nyuiwo abe dzigbɔgbɔ blewu, lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ene wɔa dɔ ɖe amewo dzi? Gblɔ nu siwo hakplɔla alakpanuwɔla aɖewo wɔna ƒe kpɔɖeŋu.

16 Ne míeɖea nɔnɔme nyuiwo abe dzigbɔgbɔ blewu, lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ene fiana la, ate ŋu aʋã amewo woadi be yewoasrɔ̃ nu tso Yehowa, eƒe tameɖoɖowo, kple eƒe amewo ŋu. Kristotɔ vavãwo ƒe nɔnɔme nyuiwo dea bubu Mawu ŋu, eye esia to vovo kura na gotagomemawusosroɖa si yeaɖi mawusubɔla alakpanuwɔlawo ɖena fiana zi geɖe. Subɔsubɔhakplɔla aɖewo to ga si wotafa woƒe hameviwo dzɔ le wo si dzi va zu kesinɔtɔ gãwo, wotu aƒe gãwo eye wole ʋu xɔasiwo me—wo dometɔ ɖeka ƒle avukpo si me yafamɔ̃ le gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, ame siwo gblɔna be Kristo yomedzelawoe yewonye la mele klalo be yewoawɔ ɖe Yesu ƒe se si nye “faa minae” la dzi o. (Mat. 10:8) Ke boŋ wole abe blema Israel ƒe nunɔla dzego siwo “fiaa nu ame le fetu ta” la ene, eye woƒe nufiafiawo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu hã o. (Mika 3:11) Woƒe alakpanuwɔwɔ mawo medzraa ame aɖeke kple Mawu dome ɖo o.

17, 18. (a) Ne míeɖe Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo fia la, aleke wòdea bubu eŋui? (b) Nu kae ʋãa wò nèdoa vevie nu geɖe wu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me?

17 Gake Kristotɔwo ƒe nufiafia vavãwo kple nu nyui siwo wowɔna na wo haviwo ʋãa amewo ƒe dzi. Esi nɔviŋutsu mɔɖela aɖe nɔ gbeƒã ɖem tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu la, ahosi tsitsi aɖe gbe nyaa enumake. Egblɔ be ɖe yelia aŋutsrɔe le dzodoƒe nɔ elektrikkaɖigo ɖɔlim esime wòƒo agbonugaa. Nɔviŋutsua gblɔ nɛ be: “Menyo be wò ɖeka nàde nu dzi anɔ dɔ ma wɔm o.” Nɔviŋutsua ɖɔli akaɖia nɛ ko hetrɔ dzo. Esi nyɔnua viŋutsu va se nu si dzɔ la, nua wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be edi nɔviŋutsua be yeada akpe nɛ. Mlɔeba la, ŋutsua lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

18 Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yeado vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me? Ðewohĩ esi nènyae be ne míewɔ subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe eye míeyi edzi wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ade bubu Yehowa ŋu eye wòate ŋu ana amewo nakpɔ agbe tae. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 10:31-33.) Susu bubue nye be, míedoa vevie nu le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me heléa mawusosroɖagbenɔnɔ me ɖe asi tsɔ ɖea ale si gbegbe míelɔ̃ Mawu kple mía haviwo la fiana. (Mat. 22:37-39) Ne míedoa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me la, woayra mí geɖe, eye míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme fifia gɔ̃ hã. Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu akpɔ mɔ na ɣeyiɣi si me ameƒomea katã atsɔ dzidzɔ ade ta agu na mía Wɔla Yehowa ahakafui ɖaa.