Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wɔ Tiatia Nyuiwo Be Wò Domenyinua Nagage Le Asiwò O

Wɔ Tiatia Nyuiwo Be Wò Domenyinua Nagage Le Asiwò O

“Minyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi, milé ɖe nu si nyo la ŋu.”ROM. 12:9.

1, 2. (a) Nu kae kpe ɖe ŋuwò nètiae be yeasubɔ Mawu? (b) Nya kawoe míate ŋu abia ku ɖe domenyinu si Mawu dzra ɖo ɖi na mí ŋu?

MÍ AME miliɔn geɖe míetiae be míasubɔ Yehowa Mawu ahadze Yesu Kristo ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ. (Mat. 16:24; 1 Pet. 2:21) Míebua míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu nu tsɛ kura o. Menye ŋɔŋlɔ ʋɛ aɖewo ŋuti sidzedze dzie míenɔ te ɖo wɔ tiatia sia o, ke boŋ ɖe míesrɔ̃ Mawu ƒe Nya la tsitotsito hafi wɔe. Esia na míesrɔ̃ nu geɖe ku ɖe domenyinu si Yehowa dzra ɖo ɖi na ame siwo va ‘nya eya kple Yesu Kristo si wòdɔ ɖa la’ ŋu, eye esia doa ŋusẽ míaƒe xɔse.—Yoh. 17:3; Rom. 12:2.

2 Be tenɔnɔ nyui nakpɔtɔ anɔ mí Kristotɔwo si le mía Fofo si le dziƒo ŋkume la, ele be míawɔ tiatia siwo dzea eŋu. Eya ta nyati sia adzro biabia vevi siwo gbɔna me: Nu kae nye domenyinu si Mawu dzra ɖo ɖi na mí? Aleke wòle be míabui? Nu kae míate ŋu awɔ be míaƒe asi nasu míaƒe domenyinua dzi? Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ tiatia nyuiwo?

NU KAE NYE MÍAƑE DOMENYINU LA?

3. Domenyinu kae wodzra ɖo ɖi na (a) amesiaminawo, kple (b) ‘alẽ bubuawo’?

3 Kristotɔ ʋɛ aɖewo le mɔ kpɔm be yewoaxɔ “domenyinu magblẽmagblẽ, maƒoɖi, si nu meyina o.” Eyae nye mɔnukpɔkpɔ xɔasi si nye be woaɖu fia kple Kristo le dziƒo. (1 Pet. 1:3, 4) Ele be ‘woagbugbɔ ame siawo adzi’ hafi woate ŋu axɔ domenyinu sia. (Yoh. 3:1-3) Ke nu kae nye Yesu ƒe “alẽ bubuwo,” siwo nye ame miliɔn geɖe siwo kpea asi ɖe eyomedzela amesiaminawo ŋu le gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me la ƒe domenyinu? (Yoh. 10:16) Domenyinu  si mesu Adam kple Xawa si o, si nye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi, afi si fukpekpe, ku kple konyifafa mele o lae asu alẽ bubuawo si. (Nyaɖ. 21:1-4) Esia tae Yesu do ŋugbe na nu vɔ̃ wɔla si wohe ɖe ati ŋu le exa la be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be: Ànɔ Paradiso me kplim.”Luka 23:43.

4. Yayra kawoe su mía si xoxo?

4 Fifia gɔ̃ hã la, míele vivi sem le míaƒe domenyinua ƒe akpa aɖewo me. Esi míexɔ “tafe si Kristo Yesu xe” dzi se ta la, míaƒe dzi dzea eme eye ƒomedodo kplikplikpli le mía kple Mawu dome. (Rom. 3:23-25) Míeva se ŋugbedodo xɔasi siwo le Mawu ƒe Nya la me gɔme nyuie. Azɔ hã, dzidzɔ manyagblɔe wònye na mí be míenye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le la me tɔwo. Eye mɔnukpɔkpɔ gãe wònye be míenye Yehowa ƒe Ðasefowo. Mewɔ nuku o be míedea asixɔxɔ míaƒe domenyinua ŋu ale gbegbe!

5. Nu kae Satana di vevie be yeatu kple Mawu ƒe amewo, eye nu kae akpe ɖe mía ŋu míanɔ te sesĩe ɖe eƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu?

5 Gake hafi míate ŋu avã míaƒe domenyinua goŋgoŋ la, ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe Satana ƒe ayemɔwo ŋu. Tso gbe aɖe gbe ke la, Satana le agbagba dzem be yeahe tetekpɔwo ava Mawu ƒe amewo dzi be woƒe domenyinua nage le wo si. (4 Mose 25:1-3, 9) Esi Satana nyae be yeƒe tsɔtsrɔ̃ tu aƒe ta la, eƒe ŋku biã vevie wu tsã be yeakplɔ mí atrae. (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 12:12, 17.) Be míayi edzi “anɔ te sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu” la, ele be míade asixɔxɔ gã míaƒe domenyinua ŋu. (Ef. 6:11) Nusɔsrɔ̃ tso blemafofo Isak viŋutsu Esau ƒe nuxlɔ̃amekpɔɖeŋua me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia.

MÈGAWƆ NU ABE ESAU ENE O

6, 7. Ame kae Esau nye, eye domenyinu wɔnuku kae ate ŋu asu esi?

6 Anɔ abe ƒe 4,000 ye nye esi va yi la, Isak kple Rebeka dzi venɔvi siwo nye Esau kple Yakob. Esi venɔviawo nɔ tsitsim la, woƒe nɔnɔme kple dɔ siwo dzɔa dzi na wo la to vovo kura. “Esau zu adela, eye wòlɔ̃a gbe me nɔnɔ; ke Yakob [nye] ame fafa, eye wòlɔ̃a agbadɔ me nɔnɔ.” (1 Mose 25:27) Biblia gɔmeɖela Robert Alter gblɔ be, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ame fafa” la fia “nuteƒewɔla alo ame maɖifɔ gɔ̃ hã.”

7 Esi Esau kple Yakob xɔ ƒe 15 la, wo tɔgbui Abraham ku, gake ŋugbe si Yehowa do na Abraham ya nu meyi o. Emegbe Yehowa gaɖo kpe eƒe ŋugbedodoa dzi na Isak, eye wògblɔ be woayra anyigba dzi dukɔwo katã to Abraham ƒe dzidzimeviwo dzi. (Mixlẽ 1 Mose 26:3-5.) Eya ta Mawu ɖee fia be Mesia la, si nye ‘dzidzimevi’ wɔnuteƒe si ŋu nya wogblɔ le 1 Mose 3:15 la, anye Abraham ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka. Esi Esau nye Isak ƒe ŋgɔgbevi ta la, eya dzie wòle be ŋugbedodovia nato ava. Domenyinu wɔnuku kae nye esi! Gake ɖe Esau de asixɔxɔ eŋua?

Mègabu domenyinu si Yehowa dzra ɖo ɖi na wò la nu tsɛ o

8, 9. (a) Tiatia kae Esau wɔ ku ɖe eƒe domenyinua ŋu? (b) Nu kae Esau va de dzesi ƒe geɖe megbe le tiatia si wòwɔ ŋu, eye aleke wòwɔ nui?

8 Gbe ɖeka esi Esau gbɔ tso gbe me la, ekpɔ nɔvia Yakob ‘wònɔ nu ɖam.’ Enumake Esau gblɔ nɛ be, ‘Na nu dzĩa ɖem maɖu, elabena dɔ wum ɖi tsi ɖe ŋunye.’ Yakob ɖo eŋu na Esau be: “Tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye [dzra] nam gbã gbɔ.” Tiatia kae Esau wɔ? Nukutɔe la, egblɔ be: “Nu ka gɔ̃ ŋgɔgbevinyenye awɔ nam?” Aleae Esau tia abɔbɔ agba ɖeka ɖe eƒe ŋgɔgbevinyenye teƒee nye esi! Be kpeɖodzi nanɔ Esau ƒe ŋgɔgbevinyenyea dzadzra ŋu le se nu la, Yakob gblɔ nɛ be: “Ka atam ƒu dzi nam gbɔ!” Esau mehe ɖe megbe kura o, eɖe asi le eƒe ŋgɔgbevinyenyea ŋu. Eyome “Yakob tsɔ abolo kple  bɔbɔ na Esau. Tete wòɖu nu no nu, eye wòtso dzo. Ale wɔ, eye Esau do vlo eƒe ŋgɔgbevinyenye enye esi.”—1 Mose 25:29-34.

9 Ƒe geɖe megbe esi wo fofo Isak gblɔ be yeƒe kuɣi gogo la, Rebeka ɖe afɔ aɖewo be yeatsɔ akpɔ egbɔ be ŋgɔgbevinyenye si ŋu Esau ɖe asi le la ƒe yayra su Yakob si. Wogblɔna be, ɖe menya medoa ŋgɔ o, eya ta emegbe esi Esau va de dzesi bometsinu si wòwɔ la, edo ɣli na Isak nublanuitɔe be: “Fofonye, yra nye hã! . . . Mèkpɔtɔ yayra aɖeke ɖi nam oa?” Esi Isak gblɔ nɛ be yeyra Yakob xoxo eya ta yemate ŋu atrɔe o la, “Esau gba avi doo.”—1 Mose 27:30-38.

10. Aleke Yehowa bu Esau kple Yakob, eye nu ka tae?

10 Nɔnɔme kawoe míede dzesii le Esau ŋu le nuŋlɔɖi sia me? Míekpɔe be kɔɖiɖi na ŋutilãmenudzodzrowo nɔ vevie nɛ wu yayra siwo eƒe domenyinua ana woadudu akɔ ɖe edzi. Esau mede asixɔxɔ eƒe ŋgɔgbevinyenyea ŋu o, eye edze ƒãa be melɔ̃ Mawu ŋutɔŋutɔ o. Gawu la, Esau mebu ŋusẽ si eƒe nuwɔnaa akpɔ ɖe eƒe dzidzimeviwo dzi la ŋu o. Gake Yakob ya de asixɔxɔ gã eƒe domenyinua ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yakob wɔ ɖe dzilaawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi le srɔ̃ si wòaɖe tiatia me. (1 Mose 27:46–28:3) Esi Yakob wɔ tiatia sia si bia be wòagbɔ dzi ɖi eye wòatsɔ nu geɖe asa vɔe ta la, eva zu Mesia la tɔgbui. Aleke Mawu bu Esau kple Yakob? Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Maleaxi dzi be: “Melɔ̃ Yakob, ke melé fu Esau ya.”—Mal. 1:2, 3.

11. (a) Nu ka tae Esau ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa ka mí Kristotɔwo egbea? (b) Nu ka tae Paulo yɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ esi wònɔ nu ƒom tso Esau ŋu?

11 Ðe nu si Biblia gblɔ tso Esau ŋu la ka mí Kristotɔwo egbea? Ɛ̃. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu eƒe haxɔsetɔwo be woakpɔ nyuie be “ame aɖeke naganye [gbɔdɔdɔ ƒe] agbe gbegblẽ nɔla alo ame si medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, abe Esau, ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye ƒe gomenɔamesiwo na ɖe nuɖuɖu [zi] ɖeka ta, la ene o.” (Heb. 12:16) Nuxlɔ̃ame ma yi na mí Kristotɔwo egbea hã. Ele be míayi edzi ade asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu ale be ŋutilãmenudzodzrowo nagawɔe be domenyinu si Mawu dzra ɖo ɖi na mí la nage le mía si o. Gake nu ka tae Paulo yɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ esi wònɔ nu ƒom tso Esau ŋu? Ne míewɔ nu abe Esau ene hena ŋutilãa ƒe nudzodzrowo kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi la, ana wòanɔ bɔbɔe be míawɔ nu vɔ̃ gãwo abe matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ ene, eye míaƒe domenyinua age le mía si.

 DZRA WÒ DZI ÐO FIFIA

12. (a) Aleke Satana dzea agbagba be yeate mí kpɔ? (b) Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne tiatia sesẽwo dze ŋgɔ mí?

12 Abe Yehowa subɔlawo ene la, míewɔa nu sia nu si míate ŋui be míaƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ mí ade gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me. Eye míedoa gbe ɖa na Yehowa Mawu be wòagana míana ta ne wote mí kpɔ be míada eƒe sewo dzi o. (Mat. 6:13) Gake Satana dzea agbagba atraɖii be yeagblẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodo me esi míele agbagba dzem be míawɔ nuteƒe le xexe dzeakaɖa sia me. (Ef. 6:12) Abosam, si nye xexe sia ƒe mawu, nya ale si wòawɔ míaƒe ŋutilã madebliboa ƒe dzodzrowo ŋu dɔ atsɔ ahe mí ade tetekpɔwo me. (1 Kor. 10:8, 13) Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be nèɖo nɔnɔme aɖe si me nàte ŋu aɖi kɔ na wò dzodzrowo bɔbɔe, gake le mɔ gbegblẽ nu. Tiatia kae nàwɔ? Ðe nàgblɔ abe Esau ene be: ‘Tsɔe nam enumake!’ Alo ɖe nàɖu tetekpɔ ma dzi, asi adzo abe ale si Yakob vi Yosef wɔe esi Potifar srɔ̃ tee kpɔ enea?—Mixlẽ 1 Mose 39:10-12.

13. (a) Aleke nɔvi geɖe wɔa nu abe Yosef ene egbea, gake aleke ɖewo hã wɔa nu abe Esau ene? (b) Nu vevi kae wòle be míawɔ be míagawɔ nu abe Esau ene o?

13 Mía nɔvi geɖe ɖo nɔnɔme aɖewo siwo me wòhiã le be woatiae be yewoawɔ nu abe Esau ene loo alo abe Yosef ene. Wo dometɔ akpa gãtɔ wɔ tiatia siwo me nunya le eye wodo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Lod. 27:11) Gake le mía nɔvi aɖewo gome la, wotiae be yewoawɔ nu abe Esau ene esi woɖo tetekpɔ me, eye womekpɔ domenyinu si Mawu dzra ɖo ɖi na wo la ta o. Ƒe sia ƒe la, wokaa mo na nɔvi gbogbo aɖewo alo ɖea wo le hamea me le matrewɔwɔ alo ahasiwɔwɔ ta. Aleke gbegbe wòle vevie be míadzra míaƒe dzi ɖo fifia hafi nuteƒewɔwɔ ƒe tetekpɔ aɖe nadze ŋgɔ míe nye esi, elabena, dze aʋa ɖi aʋa mesinɛ o! (Ps. 78:8) Míate ŋu aɖe afɔ vevi eve ya teti atsɔ adzra mía ɖokui ɖo be míate ŋu aɖu tetekpɔwo dzi ahawɔ tiatia nyuiwo.

DE ŊUGBLE EYE NÀNƆ DZADZRAÐOÐI

Míenɔa dzadzraɖoɖi ɖe tetekpɔ ŋu ne míedia nunya si tso Yehowa gbɔ

14. Ŋugbledede le biabia kawo ŋue akpe ɖe mía ŋu ‘míanyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi’ eye ‘míalé ɖe nu si nyo la ŋu’?

14 Afɔɖeɖe gbãtɔe nye be, míanɔ ŋugble dem le nuwɔna gbegblẽwo me tsonuwo ŋu. Ale si gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe domenyinu si Mawu dzra ɖo ɖi na mí ŋu la nɔa te ɖe lɔlɔ̃ si gbegbe le mía si na Yehowa, domenyinua Nala la, dzi. Ne míelɔ̃ ame aɖe nyateƒe la, míadi be míawɔ nu si avee o. Ke boŋ míedzea agbagba be míawɔ nu si adze eŋu. Eya ta anyo be míanɔ ŋugble dem le nu si ado tso eme na míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo ne míena ta le agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔwo me la ŋu. Ele be míabia mía ɖokui be: ‘Ŋusẽ kae ɖokuitɔdidi ƒe nuwɔna sia akpɔ ɖe nye kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi? Nu kae wòagblẽ le nye ƒomea ŋu? Nu kae wòagblẽ le nɔvi siwo le hamea me ŋu? Ðe wòaɖia amewo nua?’ (Flp. 1:10) Míagate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ðe wòsɔ be mawɔ nu si ahe taɖui vɛ na ame geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe vivisese ko taa? Ðe madi be wòava nɔ nam abe Esau ene, afa avi hehehe emegbe ne meva nyɔ le ɖokuinye mea?’ (Heb. 12:17) Ŋugbledede le biabia siawo tɔgbi ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míanyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi,’ eye ‘míalé ɖe nu si nyo la ŋu.’ (Rom. 12:9) Vevietɔ wu la, lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã mí míalé míaƒe domenyinua me ɖe asi goŋgoŋ.—Ps. 73:28.

15. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míanɔ dzadzraɖoɖi ɖe tetekpɔ siwo ade míaƒe gbɔgbɔmemenyenye afɔku me la ŋu?

15 Afɔɖeɖe eveliae nye be, míanɔ dzadzraɖoɖi ɖe tetekpɔwo ŋu. Yehowa wɔ ɖoɖo geɖe na mí siwo akpe ɖe mía ŋu be míanɔ dzadzraɖoɖi ɖe tetekpɔ siwo  ade míaƒe gbɔgbɔmemenyenye afɔku me ŋu. Ðoɖo siawo ƒe ɖewoe nye Biblia sɔsrɔ̃, Kristotɔwo ƒe kpekpewo, gbeadzisubɔsubɔdɔa kpakple gbedodoɖa. (1 Kor. 15:58) Ɣesiaɣi si míegblɔ míaƒe dzimenyawo na Yehowa le gbedodoɖa me, kple ɣesiaɣi si míekpɔ gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me bliboe la, míele mía ɖokuiwo dzram ɖo be míate ŋu aɖu tetekpɔkpɔwo dzi. (Mixlẽ 1 Timoteo 6:12, 19.) Ŋutete si anɔ mía ŋu be míaɖu tetekpɔwo dzi la ƒe akpa gã aɖe nɔa te ɖe míawo ŋutɔwo ƒe kutrikuku dzi. (Gal. 6:7) Wote gbe ɖe esia dzi le Lododowo ta evelia me.

‘NƆ EDIDI DZI’

16, 17. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ tiatia siwo me nunya le?

16 Lododowo ƒe ta 2 lia de dzi ƒo na mí be míadi nunya kple gɔmesese. Nɔnɔme nyui siawo siwo Yehowa naa mí la akpe ɖe mía ŋu be míawɔ tiatia le nyui kple vɔ̃ dome, le ɖokuidziɖuɖu kple ɖokuitɔdidi dome. Gake hafi míate ŋu akpɔ dzidzedze la, ehiã be míaku kutri. Biblia te gbe ɖe esia ƒe nyateƒenyenye dzi esi wògblɔ be: “Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, ɛ̃, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wo gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu. Elabena Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.”—Lod. 2:1-6.

17 Edze ƒãa be ne míewɔ ɖe aɖaŋu siwo woɖo le Lododowo ƒe kpukpui siawo me dzi la, míate ŋu awɔ tiatia siwo me nunya le. Míate ŋu aɖu tetekpɔwo dzi ne míena Yehowa ƒe nyawo mla míaƒe amenyenye ememetɔ, ne míedoa gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe hebiaa Mawu ƒe mɔfiafia, eye ne míeyi Mawu ƒe nunya didi dzi abe kesinɔnu si le to me ene.

18. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeayi edzi awɔ, eye nu ka tae?

18 Yehowa ye naa sidzedze, gɔmesese kple nunya sua ame siwo dia nunana siawo la si. Zi ale si míeyi wo didi dzi la, zi nenemae míanɔ tetem ɖe nɔnɔme nyui siawo Nala, Yehowa, ŋu. Esia awɔe be ƒomedodo nyui si le mía kple Yehowa Mawu dome akpɔ mía ta ne míege ɖe tetekpɔ me. Yehowa vɔvɔ̃ kple tete ɖe eŋu kplikplikpli akpe ɖe mía ŋu be míatsri nu vɔ̃ɖi. (Ps. 25:14; Yak. 4:8) Neva eme be xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Yehowa dome kple nunya si wòna mí la naʋã mí katã be míayi edzi anɔ tiatia nyui siwo ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi la wɔm, ale be míaƒe domenyinua nagage le mía si gbeɖe o.