Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ame kawoe “mawuviwo,” siwo woyɔ le 1 Mose 6:2, 4, siwo nɔ agbe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔ la nye?

Kpeɖodziwo li be Mawu ƒe vi siwo nye mawudɔlawoe wozã nyagbɔgblɔ sia na. Kpeɖodzi kawoe li?

Kpukpui siawo ƒe gbãtɔ xlẽ be: “Mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.”—1 Mose 6:2.

Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be “mawuviwo,” “Mawu viŋutsuwo” kple “Mawu ƒe viwo” dze le 1 Mose 6:2, 4; Hiob 1:6; 2:1; 38:7; kple Psalmo 89:7. Nu kawoe mawunyakpukpui siawo fia mí tso ‘mawuvi’ siawo ŋu?

Edze ƒãa be ‘Mawu ƒe vi’ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Hiob 1:6 la nye mawudɔla siwo va ƒo ƒu ɖe Mawu ŋkume. Satana, si va nɔa ‘tsatsam le anyigba dzi,’ hã nɔ wo dome. (Hiob 1:7; 2:1, 2) Nenema kee le Hiob 38:4-7 la, míexlẽ nu tso ‘Mawu ƒe vi’ siwo ‘gli kple dzidzɔ’ esime Mawu ‘ɖo anyigba ƒe dzogoedzikpe’ anyi la ŋu. Mawudɔlawo kokokoe woanye elabena ɣemaɣi la, womewɔ amegbetɔwo haɖe o. Eme kɔ be “Mawu ƒe viwo,” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Psalmo 89:7, si gɔme woɖe le Eʋegbe Biblia me be “mawuwo ƒe viwo,” la nye mawudɔla siwo wɔa dɔ kple Mawu, ke menye amegbetɔwo o.

Ke ame kawoe “mawuviwo,” siwo ŋu woƒo nu tsoe le 1 Mose 6:2, 4 la nye? Le ɖekawɔwɔ me kple Biblia me kpeɖodzi siwo me míedzro la, esɔ be míaƒo nya ta be mawunyakpukpui sia le nu ƒom tso Mawu ƒe vi siwo nye mawudɔla siwo va anyigba dzi la ŋu.

Esesẽna na ame aɖewo be woaxɔ edzi ase be mawudɔlawo ate ŋu adɔ kple nyɔnuwo. Yesu ƒe nya siwo wògblɔ le Mateo 22:30 la fia be srɔ̃ɖeɖe kple gbɔdɔdɔ mele dziƒo o. Ke hã le blema la, mawudɔlawo doa amegbetɔŋutilã ɣeaɖewoɣi, eye woɖua nu noa nu kple amegbetɔwo gɔ̃ hã. (1 Mose 18:1-8; 19:1-3) Le esia ta, nyateƒee wònye be le amegbetɔ ƒe nɔnɔme mawo me la, woate ŋu adɔ kple nyɔnuwo.

Biblia me kpeɖodziwo li siwo na míeka ɖe edzi be nu sia tututue mawudɔla aɖewo wɔ. Le Yuda 6, 7 la, wotsɔ “mawudɔla siwo meyi edzi nɔ afi si woda wo ɖo le gɔmedzedzea me o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi” la sɔ kple Sodomtɔ siwo dze ŋutilã bubu yome la ƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo. Nu ɖeka si ɖe dzesi le mawudɔla siawo kple Sodomtɔwo ŋue nye be, “wonɔ [gbɔdɔdɔ ƒe] agbe gbegblẽ wògbɔ eme . . . hedze ŋutilã yome hena eŋudɔwɔwɔ le mɔ si mele dzɔdzɔme nu o.” Nya sia tɔgbi si dze le 1 Petro 3:19, 20 la yɔ mawudɔla sẽto siawo wòku ɖe “Noa ƒe ŋkekeawo” ŋu. (2 Pet. 2:4, 5) Le esia ta woate ŋu atsɔ afɔ si mawudɔla maɖoto siawo ɖe le Noa ƒe ŋkekea me la asɔ kple Sodom kple Gomora tɔwo tɔ.

Eya ta esɔ be míaƒo nya ta be “mawuviwo” siwo woyɔ le 1 Mose 6:2, 4, la nye mawudɔla siwo do amegbetɔŋutilã eye wova nɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ kple nyɔnuwo.

 Biblia gblɔ be Yesu ‘ɖe gbeƒã na gbɔgbɔwo le gaxɔ me.’ (1 Pet. 3:19) Nu kae nya sia fia?

Apostolo Petro gblɔ be gbɔgbɔ siawo nye “gbɔgbɔ siwo sẽ to, esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la nɔ lalam le Noa ƒe ŋkekeawo me.” (1 Pet. 3:20) Edze ƒãa be mawudɔla siwo wɔ ɖeka kple Satana esi wòdze aglã la ŋu nya gblɔm Petro nɔ. Yuda ƒo nu tso mawudɔla siwo “meyi edzi nɔ afi si woda wo ɖo le gɔmedzedzea me o” la ŋu eye wògblɔ be, Mawu tsɔ “babla mavɔwo dzra wo ɖo ɖi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.”Yuda 6.

Mɔ ka nue mawudɔla siawo sẽ to le le Noa ƒe ŋkekea me? Do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, gbɔgbɔ vɔ̃ siawo do amegbetɔŋutilã heva anyigba dzi, evɔ menye Mawue dɔ wo hafi o. (1 Mose 6:2, 4) Gawu la, mawudɔla siwo va dɔ kple nyɔnuwo la wɔ nu si mele dzɔdzɔme nu o. Mawu mewɔ mawudɔlawo be woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kple nyɔnuwo o. (1 Mose 5:2) Woatsrɔ̃ mawudɔla tomaɖola vɔ̃ɖi siawo le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Gake abe ale si Yuda ka nya ta ene la, wole “viviti tsiɖitsiɖi me”—ne míagblɔe la, wole gbɔgbɔmegaxɔ me fifia.

Ɣekaɣie Yesu ‘ɖe gbeƒã na gbɔgbɔ siawo le gaxɔ me,’ eye alekee? Petro ŋlɔ bena Yesu wɔ esia esime “wogbɔ agbee le gbɔgbɔ me.” (1 Pet. 3:18, 19) De dzesii hã be Petro gblɔ be Yesu “ɖe gbeƒã.” Ale si Petro gblɔ nya la ɖee fia be nu sia dzɔ va yi xoxo hafi wòŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ. Eya ta edze abe le Yesu fɔfɔ ɖe tsitre ƒe ɣeyiɣi aɖe megbe la, egblɔ gbedeasi si nye to si woava he na mawudɔla vɔ̃ɖiawo la na wo. Menye mɔkpɔkpɔgbedeasi ye Yesu gblɔ na wo o. Ʋɔnudrɔ̃gbedeasi boŋ ye. (Yona 1:1, 2) Esi Yesu ɖe xɔse fia hewɔ nuteƒe va se ɖe ku me eye emegbe wofɔe ɖe tsitre la—eɖee fia be Abosam mekpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi o—ŋusẽ le Yesu si be wòagblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasi ma na wo.—Yoh. 14:30; 16:8-11.

Le etsɔme la, Yesu abla Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃ siawo eye wòatsɔ wo aƒu gbe ɖe aʋli me. (Luka 8:30, 31; Nyaɖ. 20:1-3) Gake va se ɖe ɣemaɣi la, mawudɔla maɖoto siawo le gbɔgbɔmeviviti tsiɖitsiɖi me, eye woava tsrɔ̃ wo godoo.Nyaɖ. 20:7-10.