Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔdzikpɔha La Me Tɔ Yeye

Dɔdzikpɔha La Me Tɔ Yeye

Le Kuɖa ŋdi, September 5, 2012 dzi la, woɖe gbeƒãe na United States kple Canada Betel ƒomea me tɔwo be wotsɔ ame yeye kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha la ŋu. Eyae nye Nɔviŋutsu Mark Sanderson, si va zu Dɔdzikpɔha la me tɔ tso September 1, 2012 dzi.

Dzila Kristotɔwoe nyi Nɔviŋutsu Sanderson le San Diego, California, U.S.A., eye wòxɔ nyɔnyrɔ le February 9, 1975 dzi. Edze mɔɖeɖedɔa gɔme le September 1, 1983 dzi le Saskatchewan, Canada. Le December 1990 me la, edo le Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasuku (si nye Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃suku fifia) ƒe klass adrelia le United States. Woɖo Nɔviŋutsu Sanderson mɔɖela vevi le Newfoundland ƒukpo dzi le Canada, le April 1991 me. Esi wòsubɔ abe nutome sue dzikpɔla teƒenɔla ene ɣeyiɣi aɖe megbe la, wokpee be wòava subɔ le Canada Betel le February 1997 me. Le November 2000 me la, wona wòva subɔ le United States alɔdzedɔwɔƒea, eye wòwɔ dɔ le Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakadɔwɔƒe, eye emegbe le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒe.

Le September 2008 me la, Nɔviŋutsu Sanderson de Alɔdzekɔmiti Me Tɔwo Ƒe Suku, eye emegbe wotiae wòzu Philippines Alɔdzekɔmitia me tɔ. Le September 2010 me la, wokpee be wòatrɔ ava subɔ le United States alɔdzedɔwɔƒea, eye wònɔ kpekpem ɖe Dɔdzikpɔha la ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia ŋu.