GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 2013

Tata sia dzro ale si míayi edzi anɔ kɔkɔe be Mawu nazã mí le eƒe subɔsubɔdɔa me, ale si míawɔ be míagava nɔ fɔ bum Mawu ɖe míaƒe kuxiwo ta o, kpakple ale si míawɔ akpe akɔ kple dziɖeleameƒo.

Wona Mia Ŋuti Kɔ

Kpɔ nu vevi ene siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ kɔkɔe be Yehowa nazã mí le eƒe subɔsubɔdɔa me.

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe wòasɔ be dzila Kristotɔ kple via si woɖe le ha me nanɔ teƒe ɖeka le hame ƒe kpekpewo mea?

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa ‘Tsɔa Nye Agbawo Nam Gbe Sia Gbe’

Togbɔ be lãmesẽkuxi sesẽwo le fu ɖem na nɔvinyɔnu aɖe si tso Namibia hã la, nu kae kpe ɖe eŋu wòle subɔsubɔm dzidzɔtɔe abe mɔɖela ene ƒe 20 kple edzivɔe nye esia?

Wò ‘Dzi Meganyra Ðe Yehowa Ŋu’ Gbeɖe O

Ame aɖewo do dziku ɖe Mawu ŋu le woƒe dzi me. Wobua fɔe ɖe woƒe kuxiwo ta. Aleke míawɔ aƒo asa na mɔ̃ sia?

Dzilawo—Mimla Mia Viwo Tso Woƒe Ðevime

Ɣekaɣie wòle be woadze ɖeviwo hehe gɔme? Nu kae hehenana sia bia?

Minɔ Mia Nɔewo Ŋu Bum Eye Miado Ŋusẽ Mia Nɔewo

Aleke míate ŋu akpe ɖe mía nɔewo ŋu be míasubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ne kuxiwo ɖe kpe na mí gɔ̃ hã?

Mibu Ame Siwo Ƒomevi Wòle Be Mianye Ŋu

Satana medi be míawɔ nu si dzea Mawu ŋu o. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ta?

Elisa Kpɔ Dzotasiaɖamwo—Wò Hã Èle Wo Kpɔma?

Xɔse sẽŋu nɔ Elisa si eye wòka ɖe Yehowa dzi bliboe. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

Fia La Kpɔ Dzidzɔ Ale Gbegbe!

Kpɔ ale si Swaziland fia aɖe kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ ŋui ɖa.