Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilawo—Mimla Mia Viwo Tso Woƒe Ðevime

Dzilawo—Mimla Mia Viwo Tso Woƒe Ðevime

BIBLIA gblɔ be: “Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.” (Ps. 127:3) Eya ta mewɔ nuku o be ne dzila Kristotɔwo dzi vi la, wokpɔa dzidzɔ manyagblɔ.

Togbɔ be vidzidzi nyea dzidzɔ hã la, edaa agba gã aɖe ɖe dzilawo dzi. Hafi ɖevia natsi anɔ lãmesẽ me la, ehiã be woana nuɖuɖu siwo me nunyiame le lae gbe sia gbe. Nenema kee hafi ɖevi nava nɔ tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa dzi la, ehiã be dzilawo nana hehee ahafia Mawu ƒe Nya lae nyuie. (Lod. 1:8) Ɣekaɣie wòle be woadze hehenana sia gɔme, eye nu kae esia wɔwɔ bia?

 DZILAWO HIÃ NA MƆFIAFIA

Bu Manoax, si tso Dan to la me, si nɔ blema Israel-du Zora me ŋu kpɔ. Yehowa ƒe dɔla va gblɔ na Manoax srɔ̃ si nye konɔ be adzi ŋutsuvi. (Ʋɔn. 13:2, 3) Ðikeke mele eme o be dzi dzɔ nuteƒewɔla Manoax kple srɔ̃a ŋutɔ. Gake wotsi dzimaɖi vevie hã. Eya ta Manoax do gbe ɖa be: “Oo Aƒetɔ, na Mawu ƒe ame, si nèdɔ ɖa la, nagava mía gbɔ zi ɖeka, ne wòafia nu si míawɔ na ɖevi, si woadzi la mí!” (Ʋɔn. 13:8) Manoax kple srɔ̃a tsi dzi ɖe ale si woawɔ ahe wo viae ŋu. Ðikeke mele eme o be wofia Mawu ƒe sea wo vi Simson, eye edze ƒãa be woƒe agbagbadzedze mezu dzodzro o. Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ de asi [Simson dzi] dzedze me.” Simson va zu ʋɔnudrɔ̃la siwo nɔ Israel la dometɔ ɖeka eye wòwɔ ŋusẽdɔ geɖewo.Ʋɔn. 13:25; 14:5, 6; 15:14, 15.

Manoax do gbe ɖa bia be woafia ale si yewoahe ɖevi si dzi ge yewoala la yewo

Ɣekaɣie wòle be woadze hehenana ɖeviwo gɔme? “Tso vidzĩme” kee Timoteo dada Eunike kple mamaa Loide wotsɔ “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” na hehee. (2 Tim. 1:5; 3:15) Ɛ̃, wotsɔ Ŋɔŋlɔawo mla Timoteo tso esime wònye ɖevi sue ko.

Anyo be dzila Kristotɔwo nado gbe ɖa abia mɔfiafia eye woawɔ ɖoɖowo do ŋgɔ ale be woate ŋu adze nufiafia wo via gɔme “tso vidzĩme” ke. Lododowo 21:5 gblɔ be: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.” Ðikekemanɔmee la, dzilawo dzrana ɖo nyuie hafi ɖevia dziɣi ɖona. Wotea ŋu ŋlɔa nu vovovo siwo wòhiã be woaƒle na ɖevia dana ɖi gɔ̃ hã. Ele vevie be woawɔ ɖoɖo hã ɖe ale si woafia nu ɖevi suea tso Yehowa ŋu la ŋu. Eye woƒe taɖodzinu nanye be yewoadze hehenana ɖevia gɔme tso vidzĩme ke.

Agbalẽ aɖe si ku ɖe ale si ɖeviwo tsinae ŋu gblɔ be, ɣleti siwo kplɔ vidziɣi ɖo wɔa akpa vevi aɖe le ɖevia ƒe susuŋudɔwɔwɔ me. Le ɣeyiɣi mawo me la, ahɔhɔ̃meka siwo nana ɖeviwo srɔ̃a nu kabakaba la dzina ɖe edzi zi gbɔ zi blaeve. Aleke gbegbe nunya le eme be dzilawo nawɔ ɣeyiɣi kpui ma si me wo via ƒe susu tsina kabakaba le la ŋu dɔ atsɔ adze gbɔgbɔmenuwo ƒaƒã ɖe susua me gɔmee nye esi!

Vidada aɖe si nye gbesiagbe mɔɖela gblɔ tso via nyɔnuvi sue ŋu be: “Mekpanɛ yia gbeadzi tso esime wòxɔ ɣleti ɖeka ko. Togbɔ be mate ŋu ase nu siwo nɔ edzi yim la gɔme o hã la, meka ɖe edzi be esia kpɔ ŋusẽ nyui ɖe edzi. Kaka wòaxɔ ƒe eve la, etsɔa dzonɔameme naa trakt amewo le gbeadzi.”

Ðeviwo mamla tso vidzĩme ke hea viɖe geɖe vanɛ. Ke hã dzilawo kpɔnɛ be esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o.

‘ƑLE ƔEYIƔI SI SƆ’

Esi ɖeviwo menɔa anyi kpoo o eye woƒe susu menɔa nu ɖeka ŋu wòdidina o ta la, nufiafia wo ate ŋu asesẽ na dzilawo. Ðevi suewo ƒe susu tea ŋu dzona le nu ɖeka ŋu yia nu bubu dzi kabakaba. Le nyateƒe me la, wokea ŋku ɖe nuwo ŋu hedina be yewoanya nu siwo ƒo xlã yewo. Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu be woƒe susu nanɔ nu si fiam wole wo la ŋu?

Bu nya si Mose gblɔ ŋu kpɔ. Egblɔ le 5 Mose 6:6, 7 be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” Nyagbɔgblɔ “ku wo ɖe to me” fia nufiafia kpakple gbetete ɖe edzi to egbɔgblɔ edziedzi me. Ðevi le abe ati fẽ si hiã be woanɔ tsi demee edziedzi la ene. Esi wònye nyawo gbugbɔgagblɔ edziedzi kpena ɖe ame tsitsiwo ŋu woɖoa ŋku nya veviwo dzi ta la, akpe ɖe ɖeviwo hã ŋu godoo!

Ehiã be dzilawo nazã ɣeyiɣi geɖe ɖe wo viwo ŋu atsɔ afia Mawu ƒe Nya la me nyateƒea wo. Esi vovo menɔa ame ŋu le egbexexe sia me o ta la, ɣeyiɣi ɖoɖo ɖi na esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ. Gake apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be ‘woaƒle ɣeyiɣi si sɔ’ hena nu siwo le vevie wu la wɔwɔ. (Ef. 5:15, 16) Aleke míate ŋu awɔ esiae? Esesẽ na Kristotɔ dzikpɔla aɖe si ŋu vovo menɔna o, si srɔ̃ nye gbesiagbe mɔɖela, la be wòada asɔ le via hehe, eƒe teokrasi gbanɔamedziwo tsɔtsɔ kple eƒe dɔwɔnyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Aleke woawɔ akpɔ ɣeyiɣi amla wo vi nyɔnuvia? Vifofoa gblɔ  be: “Ŋdi sia ŋdi hafi mayi dɔme la, nye kple srɔ̃nye míexlẽa Nye Agbalẽ Si Nye Biblia Ŋutinyawo alo Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe la me nyawo nɛ. Le fiẽ me la, míedzea agbagba xlẽa nane nɛ hafi wòmlɔa anyi, eye míekplɔnɛ ɖe asi yia gbeadzi. Míedi be hehenana tso ɖevime ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi sia nato mía ŋu kura o.”

‘ÐEVIWO LE ABE AŊUTRƆWO ENE’

Kakaɖedzi li be míedi vevie be mía viwo natsi azu ame ɖɔʋuwo. Ke hã, susu vevi si tae míemlaa wo ɖoe nye be míatu lɔlɔ̃ na Mawu ɖo ɖe woƒe dzi me.Marko 12:28-30.

Psalmo 127:4 gblɔ be: “Ale si aŋutrɔwo le kalẽtɔ sii la, nenema nye ɖekakpui me viŋutsuwo.” Wotsɔ ɖeviwo sɔ kple aŋutrɔ siwo wòle be woadzidze nyuie ale be woagada dadagbo o. Ne aŋutrɔdalaa nya da aŋutrɔa ko la, naneke meli wòagate ŋu awɔ tso aŋutrɔ si do le esi me la ŋu o. Ðeviwo nye ‘aŋutrɔ’ siwo nɔa dzilawo si me hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Ele be woazã ɣeyiɣi kpui ma atsɔ aƒã lɔlɔ̃ na Mawu kple eƒe sewo ɖe wo viwo ƒe dzi me.

Apostolo Yohanes ŋlɔ tso ame siwo va zu viawo le Aƒetɔ la me ŋu be: “Nu bubu aɖeke meli si ta mada akpe ɖo wu nu siawo o, be manɔ sesem be vinyewo yi edzi le zɔzɔm le nyateƒe la me.” (3 Yoh. 4) Dzila Kristotɔwo hã ate ŋu atsɔ dzidzɔ agblɔ nya mawo tɔgbi ne wokpɔe be yewo viwo “yi edzi le zɔzɔm le nyateƒe la me.”