Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Ŋu

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Ŋu

“Wò ŋkuɖodzinyawo nye nye domenyinu tegbee.”PS. 119:111, NW.

1. (a) Mɔ vovovo kawo nue amewo wɔa nu ɖe ŋkuɖodzinyawo ŋu le, eye nu ka tae? (b) Aleke dadala wɔa nu ne woɖo aɖaŋu nɛ?

MƆ VOVOVOWO nue amewo wɔa nu ɖe mɔfiamewo ŋu le. Etea ŋu dzɔna be amewo lɔ̃na wɔna ɖe ŋkuɖodzinya si tso ame si le ŋusẽnɔƒe gbɔ la dzi bɔbɔe, gake wogbea aɖaŋu si wo hati alo wo tevi ɖo na wo la dzi wɔwɔ. Ne woɖo aɖaŋu na ame aɖewo alo xlɔ̃ nu wo la, wotea ŋu léa blanui, dzi ɖena le wo ƒo, alo ŋu kpea wo. Gake aɖaŋuɖoɖo ʋãa ame bubuwo ya, kakaɖedzi sua wo si, eye wodina be yewoawɔ tɔtrɔ. Nu ka tae amewo ƒe nuwɔna le go sia me toa vovo? Ðekae nye dada. Ne woɖo aɖaŋu na dadala la, esusuna be mesɔ be woaɖo aɖaŋu ma na ye o; le esia ta egbea aɖaŋuɖoɖoa, eye nufiame nyuiawo toa eŋu.Lod. 16:18.

2. Nu ka tae Kristotɔ vavãwo kpɔa ŋudzedze ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo wotu ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi ŋu?

2 Ke hã Kristotɔ vavãwo kpɔa ŋudzedze ɖe aɖaŋuɖoɖo nyuiwo ŋu, vevietɔ ne wotu wo ɖe Mawu ƒe Nya la dzi. Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo kpena ɖe mía ŋu míekpɔa afɔku siwo le agbe maɖɔʋu nɔnɔ me dzea sii. Efiaa ale si míaƒo asa na ŋutilãmenudidi vivivo, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, atike vɔ̃ɖi zazã kple aha tsu nono ƒe mɔ̃tetrewo mí. (Lod. 20:1; 2 Kor. 7:1; 1 Tes. 4:3-5; 1 Tim. 6:6-11) Gakpe ɖe eŋu la, míetsoa aseye “le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ” si tsoa Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi wɔwɔ me la ta.Yes. 65:14.

3. Hakpalaa ƒe nɔnɔme kae wòanyo be míasrɔ̃?

3 Be míakpɔ ƒomedodo si le mía kple mía Fofo si le dziƒo dome ta la, ele be míayi edzi anɔ wɔwɔm ɖe Yehowa ƒe mɔfiame siwo me nunya le dzi le míaƒe agbe me. Aleke gbegbe wòanyoe nye esi ne míesrɔ̃ nɔnɔme si hakpalaa ɖe fia, esi wògblɔ be: “Wò ɖaseɖiɖiwo [alo ŋkuɖodzinyawo, NW] nye nye domenyinu tegbee, elabena woawoe nye nye dzi ƒe dzidzɔ”! (Ps. 119:111) Ðe Yehowa ƒe sededewo doa dzidzɔ na míaƒe dzi nenema kea, alo ɖe míebua wo be wonye agba kpekpea?  Ne aɖaŋuɖoɖoxɔxɔ sesẽna na mí ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã la, mele be dzi naɖe le mía ƒo o. Míate ŋu ana ale si míeka ɖe Mawu ƒe sedede siwo me nunya le dzi la me nasẽ ɖe edzi! Mina míadzro mɔ etɔ̃ siwo dzi míato awɔ esia me kpɔ.

GBEDODOÐA

4. Nu kae metrɔ gbeɖe le David ƒe agbe me o?

4 Fia David to nɔnɔme deamedziwo kple nɔnɔme madeamedziwo siaa me le agbe me, gake nu ɖeka aɖe ya metrɔ gbeɖe o—eɖo ŋu ɖe Wɔla la ŋu ɣeawokatãɣi. Egblɔ be: “Yehowa, wòe mewu nye luʋɔ ɖe dzi na. Nye Mawu, wò ŋu mele ŋu ɖom ɖo.” (Ps. 25:1, 2) Nu kae kpe ɖe David ŋu wòɖo ŋu ɖe Fofoa si le dziƒo ŋu nenema gbegbe?

5, 6. Nu kae Mawu ƒe Nya la na míenya tso ƒomedodo si nɔ David kple Yehowa dome ŋu?

5 Le ame geɖe gome la, ne woɖo xaxa me ko hafi wodoa gbe ɖa na Mawu. Tsɔe be xɔ̃wò alo ƒometɔ aɖe li, ne ehiã ga alo kpekpeɖeŋu tso gbɔwò ko hafi nèsea eŋkɔ. Nu kae adzɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe? Àva nɔ ɖi kem nenye be xɔ̃wò alo ƒometɔ ma lɔ̃ wò vavã. Gake nɔnɔme ma menɔ David ya si o. Le David ƒe agbe me katã la, eƒe gbedodoɖawo ɖee fia be elɔ̃ Yehowa Mawu vevie eye wòɖoa ŋu ɖe eŋu bliboe—le nɔnɔme deamedziwo kple nɔnɔme madeamedziwo siaa me.Ps. 40:9.

6 David kafu Yehowa heda akpe nɛ gblɔ be: ‘Yehowa, mía Aƒetɔ, wò ame si na wò ŋutikɔkɔe gbagba gbɔ dziƒo ta, aleke gbegbe wò ŋkɔ dze ani le anyigba blibo la dzie nye esi!’ (Ps. 8:2) Ðe mèkpɔe le David ƒe nya siawo me be eya kple Fofoa si le dziƒo dome le nyuie ŋutɔ oa? Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe gãnyenye kple ŋutikɔkɔe ŋu ʋãe wòkafu Yehowa “gbe sia gbe.”Ps. 35:28.

7. Aleke tete ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me ɖea vi na mí?

7 Abe David ene la, ehiã be míanɔ gbe dom ɖa na Yehowa ɣeawokatãɣi ale be míaƒe kaka ɖe eyama dzi me nasẽ ɖe edzi. Biblia gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yak. 4:8) Hekpe ɖe eŋu la, tete ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me nye mɔ vevi si dzi míato axɔ gbɔgbɔ kɔkɔea.Mixlẽ 1 Yohanes 3:22.

8. Nu ka tae wòanyo be míaƒo asa na nya ɖeka gbugbɔgblɔ ne míele gbe dom ɖa?

8 Ne èle gbe dom ɖa la, ɖe nènɔa nya alo nyagbɔgblɔ mawo ke gbugbɔ gblɔm ɣesiaɣia? Ne edzɔna alea la, ke hafi nàdo gbe ɖa la, gbɔ dzi ɖi vie nàde ŋugble le nya siwo nàdi be yeagblɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne edzɔ be ɣesiaɣi si míaƒo nu na mía xɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖe la, nya ɖeka mawo ke ko míenɔa gbɔgblɔm nɛ la, ɖe wòado dzidzɔ nɛa? Anɔ eme be ɖeko wòava nɔ toku dom míaƒe nyawo. Ele eme be Yehowa maɖe to ɖa le esubɔla wɔnuteƒe ƒe gbedodoɖa si tso dzi me la ŋu o ya. Gake anyo be míaƒo asa na nya ɖeka gbugbɔgblɔ ne míele gbe dom ɖa nɛ.

9, 10. (a) Nu kawo ŋue wòle be míado gbe ɖa le? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi?

9 Edze ƒãa be ne míedoa gbe ɖa tso nu siwo le vevie wu ŋu o la, míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli o. Zi ale si míegblɔa míaƒe dzimenya veviwo na Yehowa la, zi nenemae míanɔ tetem ɖe eŋu wu eye míava nɔ kakam ɖe eyama dzi geɖe wu. Ke nu kawo hã ŋue wòle be míado gbe ɖa le? Mawu ƒe Nya la ɖo biabia sia ŋu ale: “Le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo.” (Flp. 4:6) Nyateƒeae nye be esɔ be míado gbe ɖa le nu sia nu si akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe kple ƒomedodo si le mía kple Mawu dome dzi ŋu.

10 Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe gbedodoɖa siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la me. (1 Sam. 1:10, 11; Dɔw. 4:24-31) Gbedodoɖa kple ha siwo wodzi na Yehowa tso dzi blibo me la  sɔ gbɔ ɖe Psalmowo me. Amegbetɔwo ƒe seselelãme ɖe sia ɖe dze le wo me, tso nuxaxa vevie dzi yi ɖe aseyetsotso dzi. Nusɔsrɔ̃ tso nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa mawo me akpe ɖe mía ŋu be gbe siwo míedona ɖa na Yehowa la nanyo ɖe edzi.

ŊUGBLEDEDE LE MAWU ƑE ŊKUÐODZINYAWO ŊU

11. Nu ka tae wòhiã be míade ŋugble le Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu?

11 David gblɔ be: “Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi [alo ŋkuɖodzinya, NW] le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya.” (Ps. 19:8) Ɛ̃, ne míenye bometsilawo gɔ̃ hã la, Mawu ƒe sededewo dzi wɔwɔ ana míadze nunya. Ke hã, le Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo aɖewo gome la, ne míede ŋugble le wo ŋu ko hafi woaɖe vi na mí bliboe. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye Biblia me gɔmeɖose siwo akpe ɖe mía ŋu míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ne míedo go nyaƒoɖeamenuwo le suku alo dɔ me, ale si míalé Mawu ƒe dzidzenu siwo ku ɖe ʋu ŋu me ɖe asi, ale si míalé Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi, kple esiwo ku ɖe awudodo kple dzadzraɖo ŋu. Ŋugbledede le nu siawo ŋuti ɖaŋu siwo Mawu ɖo na mí ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo ɖe kuxi siwo ate ŋu ado mo ɖa ŋu eye míado ŋgɔ aɖo nu si míawɔ nenye be míeva ɖo nɔnɔme mawo me la ɖe tame. Ŋugbledede kple dzadzraɖo alea akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na vodada siwo ava zu taɖui na mí la wɔwɔ.Lod. 15:28.

12. Ŋugbledede tso nyabiase kawo ŋue akpe ɖe mía ŋu míalé Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo me ɖe asi?

12 Esi míele Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava lalam la, ɖe ale si míenɔa agbee ɖenɛ fiana be míele ŋudzɔ le gbɔgbɔ mea? Le kpɔɖeŋu me, ɖe míeka ɖe edzi vavã be woatsrɔ̃ Babilon Gã la kpuiea? Ðe etsɔme yayrawo, siwo dometɔ ɖekae nye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi, ganye nu ŋutɔŋutɔ na mí abe ale si wònɔ na mí esime míesrɔ̃ nu tso wo ŋu zi gbãtɔ enea? Ðe míegatsɔa dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋua, alo ɖe míeɖe mɔ míaƒe nudzodzrowo xɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe mea? Ke aleke wòle le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa, Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ kple eƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli ya gome? Ðe nu siawo gale vevie na mí kokokoa? Ŋugbledede le nyabiase siawo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míana Mawu ƒe ‘ŋkuɖodzinyawo nanye míaƒe domenyinu tegbee’ abe hakpala la ene.Ps. 119:111.

13. Nu ka tae nya aɖewo gɔme sese sesẽ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Nya aɖewo le Biblia me siwo gɔme míate ŋu ase bliboe fifia o, le esi ɣeyiɣia mede na Yehowa haɖe be wòana wo me nakɔ na mí o ta. Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo zi gbɔ zi geɖe be ele be yeakpe fu eye woawu ye. (Mixlẽ Mateo 12:40; 16:21.) Gake apostoloawo mese eƒe nya siawo gɔme o. Esi Yesu ku, fɔ ɖe tsitre, do amegbetɔŋutilã eye wòɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la geɖewo “[heʋu] woƒe susu nyuie, bene woase Ŋɔŋlɔawo gɔme” ko hafi wose nya sia gɔme. (Luka 24:44-46; Dɔw. 1:3) Nenema kee Kristo yomedzela mawo mese egɔme be dziƒoe woaɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le o, va se ɖe esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe wo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi hafi.Dɔw. 1:6-8.

14. Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, kpɔɖeŋu nyui kae mía nɔviwo ɖo ɖi togbɔ be womese nanewo gɔme ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu o hã?

14 Nenema ke le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, Kristotɔ vavãwo nɔ mɔ kpɔm na nanewo, siwo wosusu be adzɔ le “ŋkeke mamlɛawo me,” siwo meva eme o. (2 Tim. 3:1) Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1914 me la, wo dometɔ aɖewo nɔ mɔ kpɔm be eteƒe madidi o woakplɔ yewo ayi dziƒo. Esi woƒe mɔkpɔkpɔawo meva eme enumake o la, wogbugbɔ dzro Ŋɔŋlɔawo me veviedodotɔe eye wova kpɔe be gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe gali yewoawɔ. (Marko 13:10) Eya ta le ƒe 1922  me la, J. F. Rutherford, si nɔ ŋgɔ xɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me ɣemaɣi la, gblɔ na ame siwo va dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Cedar Point, Ohio, U.S.A. la be: “Mikpɔ ɖa, Fia la le dzi ɖum! Miawoe nye eƒe nyakakalawo. Eya ta miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒe la.” Tso ɣemaɣi la, gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la” ye nye dɔ vevitɔ si wotsɔ dea dzesi Yehowa subɔla siwo li egbea.Mat. 4:23; 24:14.

15. Vi kae ŋugbledede le ale si Mawu wɔa nu kple eƒe amewo ŋu ɖena na mí?

15 Ne míedea ŋugble le mɔ wɔnuku si nu Yehowa wɔ nu kple esubɔla blematɔwo kple egbetɔwo le ŋu la, ekpena ɖe mía ŋu míegakana ɖe ŋutete si le esi be ana eƒe lɔlɔ̃nu kple tame si wòɖo ɖe etsɔme ŋu nava eme la dzi geɖe wu. Eye nenema kee Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo kpena ɖe mía ŋu be nyagblɔɖi siwo míele mɔ kpɔm be woava eme la ganɔa yeye le míaƒe susu kple dzi me. Ɛ̃, ŋugbledede tso nu siawo ŋu kpena ɖe mía ŋu míegakana ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi geɖe wu.

VEVIEDODO NU LE TEOKRASIDƆWO ME

16. Ne míedoa vevie nu le subɔsubɔdɔa me la, yayra kawoe míekpɔna?

16 Mía Mawu, Yehowa, nye Mawu si si alɔkame sesẽ le, enye Mawu si tsɔa dzo ɖe dɔ ŋu. Hakpalaa bia be: “Ame ka sesẽ abe wò, Yehowa, ene?” Egblɔ kpee be: “Ŋusẽ le wò asi ŋu, eye wò nuɖusi de dzi.” (Ps. 89:9, 14) Esi Yehowa tsɔa dzo ɖe dɔ ŋu ta la, ekpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo míedzena be míado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ la ŋu eye wòyrana ɖe wo dzi. Ekpɔnɛ be ye subɔlawo—woɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo, ɖeviwo alo ame tsitsiwo o—menɔ anyi ɖi, de asi asitɛ me hele “kuviabolo” ɖum o. (Lod. 31:27) Le mía Wɔla la sɔsrɔ̃ me la, míedoa vevie nu le teokrasidɔwo me. Ne míewɔa míaƒe ŋutete katã  le Mawu subɔsubɔ me la, enana míekpɔa dzidzɔ, eye Yehowa hã kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu.Mixlẽ Psalmo 62:13.

17, 18. Mɔ kawo nue nu siwo xɔse ʋãa mí míewɔna la nana míegakana ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi geɖe wu le? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

17 Mɔ kawo nue nu siwo xɔse ʋãa mí míewɔna la nana míegakana ɖe Yehowa dzi geɖe wu le? De ŋugble le Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖi si ku ɖe Israel viwo ƒe Ŋugbedodonyigbaa dzi yiyi ŋu la ŋuti kpɔ. Yehowa gblɔ be nunɔla siwo tsɔ nubablaɖaka la nazɔ ayi Yordan Tɔsisia me tẽe. Gake esi dukɔa nɔ tɔsisia gogom la, wode dzesii be tsidzadza na tɔsisia ɖɔ gbagba. Nu kae Israel viwo awɔ fifia? Ðe woaƒu asaɖa anyi le tɔsisia nu alala kwasiɖa geɖe be tsia namie vie hafi yewoatsoea? Kpao, ke boŋ woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe eye wowɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. Nu kae do tso eme? Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Esi nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, ƒe afɔwo ka tsia me la, tete [tsia] mie ƒiaƒiaƒia. Eye nunɔlawo tɔ ɖe tsitre sesĩe le ƒuƒuiƒe le Yordan titina, va se ɖe esime dukɔ blibo la va Yordan godo.’ (Yos. 3:12-17) Kpɔ ale si Israel viwo akpɔ dzidzɔe esi tsi si nɔ sisim sesĩe la tɔ ɖa le susu me! Vavãe, Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ na wogaxɔ eyama dzi se geɖe wu.

Ðe nàka ɖe Yehowa dzi abe ale si eƒe ame siwo nɔ anyi le Yosua ŋɔli wɔe enea? (Kpɔ memama 17, 18)

18 Enye nyateƒe be Yehowa mewɔa nukunu mawo na eƒe amewo egbea o, gake eyrana ɖe nu siwo xɔse ʋãa mí míewɔna dzi. Mawu ƒe dɔwɔŋusẽa doa ŋusẽ mí míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia le xexea me godoo. Eye Yehowa ƒe Ðasefo vevitɔ, si nye Kristo Yesu si wofɔ ɖe tsitre la, ka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be yele megbe na wo le dɔ vevi sia wɔwɔ me esime wògblɔ be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo . . . Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:19, 20) Ðasefo geɖe siwo ŋu kpena eye wovɔ̃na tsã la aɖi ɖase be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea naa dzideƒo yewo yewotea ŋu ɖea gbeƒã na ame siwo yewomedze si o la le gbeadzi.Mixlẽ Psalmo 119:46; 2 Korintotɔwo 4:7.

19. Ne míaƒe nɔnɔmea wɔe be míetea ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me o hã la, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

19 Le dɔléle kple tsitsi ta la, mía nɔvi aɖewo metea ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me o. Ke hã woate ŋu aka ɖe edzi be “dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu” la sea nɔnɔme si me Kristotɔ vavã ɖe sia ɖe le la gɔme. (2 Kor. 1:3) Ekpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo katã míedzena le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ me la ŋu. Ehiã be mí katã míaɖo ŋku edzi be esi míele nu sia nu si míaƒe nɔnɔmea aɖe mɔ na mí be míawɔ la wɔm la, Kristo ƒe tafevɔsa la dzi xɔxɔ se koŋ dzie míaƒe luʋɔ xɔxɔ ɖe agbe nɔ te ɖo.Heb. 10:39.

20, 21. Mɔ siwo dzi míetona ɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?

20 Míaƒe tadedeagua bia be míazã míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo ale si míate ŋui le mawusubɔsubɔ me. Ɛ̃, míedi be míawɔ “nya nyui gblɔla ƒe dɔ” la tso dzi blibo me. (2 Tim. 4:5) Nyateƒeae nye be, enyea dzidzɔ na mí be míawɔ esia ale be míakpe ɖe amewo ŋu “nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ” nasu wo si. (1 Tim. 2:4) Eme kɔ ƒãa be bubudede Yehowa ŋu kple ekafukafu wɔa mí kesinɔtɔwo le gbɔgbɔ me. (Lod. 10:22) Eye wòkpena ɖe mía ŋu míeɖoa ŋu ɖe mía Wɔla la ŋu bliboe, nu ka kee ɖadzɔ o.Rom. 8:35-39.

21 Abe ale si míeva srɔ̃e ene la, ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu be wòafia mɔ nyuitɔ mí mevana le eɖokui si o; ele be míawo ŋutɔwo míatu nɔnɔme sia ɖo. Eya ta neva eme be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu to gbedodoɖa nɛ me. Míade ŋugble le ale si Yehowa na eƒe lɔlɔ̃nu va eme va yi kple ale si wòawɔ esia le etsɔme ŋu. Eye míayi edzi aka ɖe Yehowa dzi to veviedodo nu le teokrasidɔwo me dzi. Vavãe, Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo anɔ anyi tegbee. Eye wò hã àte ŋu anɔ agbe tegbee ne èwɔ wo dzi!