Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wɔ Nyametsotsowo Le Nunya Me

Wɔ Nyametsotsowo Le Nunya Me

“Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke mègaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.”LOD. 3:5.

1, 2. Ðe nyametsotsowɔwɔ doa dzidzɔ na wòa? Aleke nèsena le ɖokuiwò me le nyametsotso aɖewo siwo nèwɔ va yi ŋu?

NYAMETSOTSOWO! Ehiãna be mí katã míawɔ nyametsotsowo gbe sia gbe. Aleke nèbua nyametsotsowɔwɔ? Ame aɖewo dina be yewo ŋutɔ yewoawɔ nu sia nu ŋuti nyametsotso. Wosusuna be yewokpɔ mɔ awɔ nyametsotso ɖe sia ɖe na yewo ɖokui, eya ta medzɔa dzi na wo kura be ame bubu naɖo nu si woawɔ la na wo o. Ke hã ame bubuwo ya vɔ̃na na nyametsotso veviwo wɔwɔ. Wo dometɔ aɖewo dia aɖaŋuɖoɖowo le mɔfiagbalẽwo me kple aɖaŋuɖola bibiwo gbɔ, eye ɣeaɖewoɣi woxea fe gbogbowo ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo wosusu be yewohiã ta.

2 Mía dometɔ geɖe míenyae be míekpɔ mɔ awɔ nyametsotso aɖewo le mía ɖokui si o. Gake míenyae hã be míawo ŋutɔwo míate ŋu atso nya me le nu vovovowo ŋu le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me. (Gal. 6:5) Ke hã, ɖewohĩ míalɔ̃ ɖe edzi be menye ɣesiaɣie míewɔa nyametsotso nyuiwo alo esiwo ɖea vi na mí ŋutɔŋutɔ le agbe me o.

3. Mɔfiame kawoe li siwo akpe ɖe mía ŋu le nyametsotsowo wɔwɔ me, ke hã nu ka tae nyametsotsowɔwɔ sesẽna ɣeaɖewoɣi?

3 Edoa dzidzɔ na mí Yehowa subɔlawo be ena mɔfiame siwo me kɔ mí le agbemenya vevi geɖewo ŋu. Míenyae be ne míewɔ ɖe mɔfiame mawo dzi la, míate ŋu awɔ nyametsotso siwo adze Yehowa ŋu eye woaɖe vi na mí bliboe. Ke hã ɣeaɖewoɣi míedoa go nɔnɔme siwo ŋu Mawu mena mɔfiame aɖeke le tẽe le eƒe Nya la me o. Ke aleke míawɔ anya nu si míawɔ le nɔnɔme mawo me? Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be míagafi fi o. (Ef. 4:28) Gake nu ka koŋ ye nye fififi? Ðe wòanye nu si wotsɔ la ƒe asixɔxɔ alo susu si le etsɔla la si alo nu bubu aɖe ye aɖee afia? Aleke míawɔ nyametsotso le nu siwo ŋu ame aɖewo gblɔ le be mɔfiame tẽe aɖeke mele o ŋu? Ðe nane li akpe ɖe mía ŋua?

 WƆ NYAMETSOTSO LE ŊUÐƆÐO ME

4. Aɖaŋu kae haxɔsetɔwo ɖona na mí ɣeaɖewoɣi ne nyametsotsowɔwɔ dze ŋgɔ mí?

4 Ne míegblɔ na hati Kristotɔ aɖe be míedi be míawɔ nyametsotso vevi aɖe la, ɖewohĩ aɖo aɖaŋu na mí be míawɔe le ŋuɖɔɖo me. Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖee nye ema. Biblia xlɔ̃ nu mí be míagawɔ nyametsotsowo dzitsitsitɔe o esi wògblɔ be: “Ame si tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.” (Lod. 21:5) Gake nu kae ŋuɖɔɖo fia? Ðe esia fia ko be míagbɔ dzi ɖi, abu nyaa ŋu nyuie, aɖe ameŋububu afia eye míada nuwo kpɔ nyuiea? Esiawo katã le vevie le nyametsotso nyui wɔwɔ me, gake ŋuɖɔɖo mese ɖe emawo ko dzi o.Rom. 12:3; 1 Pet. 4:7.

5. Nu ka tae mía dometɔ aɖeke mate ŋu awɔ nu ŋuɖɔɖotɔe bliboe o?

5 Míalɔ̃ ɖe edzi be mí katã míaƒe susu mede blibo o eye míetea ŋu wɔa nu ŋuɖɔɖotɔe ɣesiaɣi o. Nu si tae nye be nu vɔ̃ mee wodzi mí katã ɖo, eye mía dometɔ aɖeke mede blibo le ŋutilã alo susu me o. (Ps. 51:7; Rom. 3:23) Gakpe ɖe eŋu la, mía dometɔ geɖe míenɔ ame siwo Satana “gbã ŋku na” la dome tsã, eye míenya Yehowa kple eƒe nudidi dzɔdzɔewo tsã o. (2 Kor. 4:4; Tito 3:3) Eya ta ne míetu míaƒe nyametsotsowo ɖe nu si míawo ŋutɔwo míesusu be esɔ alo be nunya le eme dzi la, míate ŋu aflu mía ɖokui, aleke kee míebu nuwo ŋu hafi wɔ nyametsotsoae o.Lod. 14:12.

6. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu le ŋuɖɔɖo me?

6 Togbɔ be míede blibo le ŋutilã kple susu me o hã la, Yehowa, mía Fofo si le dziƒo, ya de blibo le go sia go me. (5 Mose 32:4) Dzidzɔtɔe la, ena nu si tututu míehiã be míawɔ míaƒe tamesusu yeyee ahawɔ nu ŋuɖɔɖotɔe la mí. (Mixlẽ 2 Timoteo 1:7.) Esi míenye Kristotɔwo ta la, míedi be míabu nuwo ŋu nyuie, ada nuwo kpɔ nyuie ahawɔ nu si sɔ. Ele be míasrɔ̃ ale si míakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu kple seselelãme dzi, eye míasrɔ̃ ale si Yehowa bua nuwo ŋu, sena le eɖokui me kple ale si wòwɔa nui.

7, 8. Gblɔ kpɔɖeŋu si ɖe ale si míate ŋu awɔ nyametsotso le ŋuɖɔɖo me togbɔ be míado go nyaƒoɖeamenu kple nɔnɔme sesẽwo hã fia.

7 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Enye nu si bɔ le dukɔ aɖewo me be ne amewo zɔ mɔ yi duta be yewoawɔ dɔ akpɔ ga eye wova dzi vi le afi ma la, woɖoa vidzĩa ɖe ƒometɔwo le aƒe be woakpɔ ɖevia dzi ale be woavo ayi woƒe dɔwo dzi. * Esia dzɔ ɖe nyɔnu aɖe si zɔ mɔ la dzi esime wòdzi viŋutsuvi goɖoo aɖe. Ɣemaɣi tututue wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eye wònɔ ŋgɔyiyi nyui wɔm. Xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nɔ eƒom ɖe eya kple srɔ̃a nu be woaɖo vidzĩa ɖe mamaa kple tɔgbuia ale be woate ŋu akpɔ vovo ɖe woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu. Gake nu si srɔ̃m srɔ̃nyɔnua le la na wòkpɔe be Mawu ŋutɔe bia tso ye si be yeahe ye via. (Ps. 127:3; Ef. 6:4) Ðe wòawɔ nu si wɔm ame geɖe le hesusuna be eya mee nunya lea? Alo ɖe wòawɔ ɖe nu si srɔ̃m wòle le Biblia me dzi, si ate ŋu ana ganyawo nasesẽ nɛ eye amewo nanɔ ekoma? Ne wòe ɖo nɔnɔme sia me la, nyametsotso kae nàwɔ?

8 Esi nyaƒoɖeamenua nu nɔ sesẽm eye wònɔ tetem ɖe nyɔnua dzi la, edo gbe ɖa na Yehowa tso dzi me be wòafia mɔ ye. Eɖo dze tso nɔnɔmea ŋu na ame si nɔ Biblia srɔ̃m kplii kple hamea me tɔ bubuwo eye wokpe ɖe eŋu wòva kpɔ Yehowa ƒe susu le nyaa ŋu. Ebu nu si gbegbe tea ŋu gblẽna le ɖeviwo ƒe seselelãme ŋu nenye be womele wo dzilawo gbɔ le ɣeyiɣi si wohiã wo dzilawo ƒe mɔfiame vevie wu me o la ŋu. Esi wòbu nu siwo Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso nɔnɔmea ŋu nyuie vɔ la, etso nya me be masɔ be yeaɖo ye via ɖe  ye dzilawo o. Esi srɔ̃ŋutsua kpɔ ale si hamea me tɔwo wɔ kaba va na kpekpeɖeŋu wo kple ale si ɖevia le lãmesẽ me hele dzidzɔ kpɔm la, elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye wòdze hamea ƒe kpekpewo dede gɔme kple srɔ̃a.

9, 10. Nu kae ŋuɖɔɖo fia, eye aleke míawɔ aɖɔ ŋu ɖo?

9 Kpɔɖeŋu ɖeka koe nye ema, gake esia ɖee fia be nyametsotsowɔwɔ le ŋuɖɔɖo me mefia ko be míawɔ nu si míesusu be esɔ alo nu si amewo susu be eyae nye nyuitɔ alo bɔbɔetɔ o. Míate ŋu atsɔ míaƒe dzi kple susu madebliboa asɔ kple gaƒoɖokui si le du ƒum akpa loo, alo esi tsi megbe akpa. Ne míeɖo ŋu ɖe gaƒoɖokui ma ƒomevi ŋu la, ate ŋu ana míaɖo xaxa gã aɖe me. (Yer. 17:9) Ele be míatsɔ Mawu ƒe dzidzenu siwo ŋu kakaɖedzi le la afia mɔ míaƒe dzi kple susu.Mixlẽ Yesaya 55:8, 9.

10 Susu nyuiwo tae Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke mègaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lod. 3:5, 6) De dzesi nya siwo nye “mègaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.” Wogblɔ kplɔe ɖo be “lé ŋku ɖe [Yehowa ŋu].” Eya ɖeka ko ƒe nuŋububue sɔna bliboe. Eya ta ɣesiaɣi si wòhiã be míawɔ nyametsotso aɖe la, ele be míatrɔ ɖe Biblia ŋu akpɔe ɖa be nu kae nye Mawu ƒe susu le nyaa ŋu hã, eye míawɔ nyametsotso siwo wɔ ɖeka kple eƒe susu. Ne míewɔe alea la, ke efia be míeɖɔa ŋu ɖo—míebua nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene.

NA HEHE WÒ NUGƆMESESE ƑE ŊUTETE

11. Nu vevi kae akpe ɖe ame si di be yeawɔ nyametsotso siwo me nunya le ŋu?

11 Mele bɔbɔe be míawɔ nyametsotso siwo me nunya le ahawɔ wo dzi o. Ame siwo xɔ nyateƒea eteƒe medidi o alo ame siwo le agbagba dzem fifia be yewoaɖo gbɔgbɔmetsitsinyenye gbɔ koŋ ye wòate ŋu asesẽ na. Ke hã anya wɔ be ame siawo, siwo Biblia yɔ be gbɔgbɔmevidzĩwo, nawɔ ŋgɔyiyi vavãtɔ. Bu ale si ɖevi suewo srɔ̃a azɔlizɔzɔ nyuie ŋu kpɔ. Nu vevi si kpena ɖe wo ŋu zi geɖe ye nye afɔɖeɖe vivivi kple ewɔwɔ edziedzi. Nu sia tɔgbi ye gbɔgbɔmevidzĩ siwo le ale si woawɔ nyametsotso si me nunya le srɔ̃m  hã wɔna. Ðo ŋku edzi be apostolo Paulo gblɔ be ame siwo tsi le gbɔgbɔ me la “na hehe woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo to wo zazã me, bene woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.” Nya siwo nye “to wo zazã me” kple “na hehe” siaa bia be woayi edzi anɔ nane wɔm, eye woanɔ ewɔm edziedzi, eye esia tututue wòle be ame yeyewo nawɔ.Mixlẽ Hebritɔwo 5:13, 14.

Ne míewɔa tiatia nyuiwo gbe sia gbe la, ke míele hehe nam míaƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo (Kpɔ memama 11)

12. Aleke míawɔ asrɔ̃ nyametsotso nyuiwo wɔwɔ?

12 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, ehiãna be míawɔ nyametsotso gbogbo aɖewo gbe sia gbe, suewo kple gãwo. Numekuku aɖe ɖee fia be nyametsotso siwo katã míewɔna ƒe afã kloe nɔa te ɖe numamewo ko dzi ke menye ɖe nuŋububu nyuie dzi o. Le kpɔɖeŋu me, ŋdi sia ŋdi la, ètsoa nya me le awu si nàdo ŋu. Ðewohĩ mègbɔa dzi ɖi bua eŋu fũu hafi o, vevietɔ ne èle kplakpla dzi. Ke hã ele vevie be nàbu eŋu kpɔ ne awu si nèdo la sɔ na Yehowa subɔla. (2 Kor. 6:3, 4) Ne èle awu ƒlem alo le awu tɔm la, ɖewohĩ wò susu ayi atsyã siwo le tsia dzi la dzi, gake ɖe nèbua eŋu nenye be enye esi metɔ ŋku o eye wònye esi nu wò ga adea? Nyametsotso nyuiwo wɔwɔ le go siawo me awɔ akpa aɖe le hehenana míaƒe nuŋububu ƒe ŋutete me, eye wòakpe ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotso nyuiwo le nya siwo le vevie wu me.Luka 16:10; 1 Kor. 10:31.

NA WÒANYE WÒ DIDI VEVIE BE YEAWƆ NU SI SƆ

13. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu siwo míetso nya be míawɔ la?

13 Míenya be ne míewɔ nyametsotso nyuiwo gɔ̃ hã la, menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe be míawɔ nu siwo míetso nya me be míawɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo di be yewoadzudzɔ sigaretinono la dometɔ aɖewo doa kpo nu le esi didi si le wo me be woadzudzɔ la nu mesẽ o ta. Nu si wohiãe nye eɖoɖo kplikpaa be woawɔ nu si tututu wotso nya me be yewoawɔ la. Míate ŋu ado ŋusẽ didi si le mía me la abe ale si wotea kame tsɔ doa ŋusẽ lãmekawo ene. Zi ale si míele kame tem la, zi nenemae ŋusẽ ɖoa lãmekawo ŋui. Gake ne ƒãa hafi míezãa míaƒe lãmekawo la, ke woagbɔdzɔ. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míado ŋusẽ didi si le mía me be míalé nyametsotso si míewɔ la me ɖe asi ahawɔ edzi? Ehiã be míadi kpekpeɖeŋu tso Yehowa gbɔ.Mixlẽ Filipitɔwo 2:13.

14. Nu kae do ŋusẽ Paulo wòwɔ nu si wòle be wòawɔ?

14 Nu siwo me Paulo to na wòkpɔe be mele bɔbɔe be míawɔ nu siwo míetso nya me be míawɔ o. Efa konyi ɣeaɖeɣi be: “Didi ƒe ŋutete le menye, gake nu si nyo wɔwɔ ƒe ŋutete ya meli o.” Enya nu si wòdi be yeawɔ alo nu si wòle be yeawɔ, gake ɣeaɖewoɣi nanewo xea mɔ nɛ be metea ŋu wɔnɛ o. Eʋu eme be: “Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋu ŋutɔ le ame si menye le ememe la gome, gake mekpɔ se bubu aɖe le nye ŋutinuwo me, si le aʋa wɔm kple nye susu ƒe se, eye wòléam aboyoe yina na nu vɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me.” Ðe mɔkpɔkpɔ bu ɖeea? Kura o. Egblɔ be: “Akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!” (Rom. 7:18, 22-25) Egaŋlɔ le eƒe agbalẽ bubu me be: “Le nuwo katã gome la, mekpɔa ŋusẽ tso ame si doa ŋusẽm la gbɔ.”Flp. 4:13.

15. Nu ka tae mele be míanɔ evedomesi o?

15 Edze ƒãa be hafi míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be míatso nya me be míawɔ nu si sɔ eye míaɖoe kplikpaa awɔe hã. Ðo ŋku nya si Eliya gblɔ na Baal subɔlawo kple Israel vi xɔsegbelawo le Karmel Toa gbɔ la dzi be: “Va se ɖe ɣekaɣi miaɖu adzɔ evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome!” (1 Fia. 18:21) Israel viwo nya nu si wòle be woawɔ, gake wotsi evedomesi. Ƒe geɖe do ŋgɔ  la, Yosua mewɔ nu alea o; eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi esi wògblɔ na Israel viwo be: “Ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, ame si subɔ ge miala, egbea . . . Ke mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!” (Yos. 24:15) Nu kae do tso nyametsotso nyui sia me? Woyra Yosua kple ame siwo wɔ ɖeka kplii be woyi ɖe Ŋugbedodonyigba, si nye “anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi.Yos. 5:6.

WƆ NYAMETSOTSO NYUIWO BE WÒAÐE VI NA WÒ

16, 17. Gblɔ viɖe siwo dona tso eme ne míewɔ nyametsotso wòwɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ƒe kpɔɖeŋu.

16 Bu nɔnɔme si ate ŋu ado mo ɖa le egbeŋkekea me ŋu kpɔ. Srɔ̃ kple vi sue etɔ̃ le nɔviŋutsu aɖe si xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o si. Gbe ɖeka la, eƒe dɔwɔhati aɖe doe ɖa be ye kplii yewoayi aɖawɔ dɔ le dɔwɔƒe bubu aɖe si ƒe fetu lolo wu, afi si mɔnukpɔkpɔ geɖewo ʋu ɖi na dɔwɔlawo le. Mía nɔviŋutsua de ŋugble hedo gbe ɖa tso nyaa ŋu. Togbɔ be dɔwɔƒe si wòle fifia ƒe fetu menyo tututu o hã, susu si tae wòtiae be yeawɔ dɔ le afi mae nye be, avo le kwasiɖanuwuwuwo ate ŋu ade kpekpeawo ahayi gbeadzi kple eƒe ƒomea. Ede ŋugble hekpɔe be eteƒe adidi ŋutɔ hafi yeate ŋu agakpɔ ɣeyiɣi alea nenye be woxɔ ye ɖe dɔwɔƒe yeyea. Ne wòe ɖe, anye ne nu kae nàwɔ?

17 Esi nɔviŋutsua da gbɔgbɔmeviɖeawo kple ŋutilãmeviɖeawo kpɔ la, egbe. Ðe nèsusu be nyametsotso ma si wòwɔ la va vee emegbea? Kura o. Ekpɔe be gbɔgbɔmeyayra siwo yeakpɔ la nyo na ye kple yeƒe ƒomea sãsãsã wu fetu gã xɔxɔ me viɖewo. Eya kple srɔ̃a wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wo vinyɔnuvi tsitsitɔ si xɔ ƒe ewo la gblɔ be yelɔ̃ ye dzilawo, yelɔ̃ nɔviawo, eye yelɔ̃ Yehowa hã vevie ŋutɔ. Ðevia gblɔ be yedi be yeatsɔ yeƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa axɔ nyɔnyrɔ. Aleke gbegbe kpɔɖeŋu nyui si ɖevi sia fofo ɖo esi wòtsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me la ɖe vi nɛ ye nye esi!

Wɔ tiatia nyuiwo be nàkpɔ dzidzɔ le Mawu ƒe amewo dome (Kpɔ memama 18)

18. Nu ka tae wòle vevie be míawɔ nyametsotsowo le nunya me gbe sia gbe?

18 Yesu Kristo, si nye Mose Gãtɔ, xɔ ŋgɔ hele Yehowa subɔla vavãwo kplɔm to Satana ƒe xexea ƒe gbedadaƒo ƒe geɖee nye esia. Eye abe Yosua Gãtɔ ene la, Yesu le klalo be yeahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ava nuwuwui eye yeakplɔ ye yomedzelawo ayi xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la me. (2 Pet. 3:13) Eya ta menye fifiae wòle be míagatrɔ ayi nuŋububu, agbenɔnɔ, dzidzenu kple taɖodzinu siwo nɔ mía si tsã la gbɔ o. Ke boŋ fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míakpɔ nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la adze sii nyuie wu. (Rom. 12:2; 2 Kor. 13:5) Eya ta na nyametsotso kple tiatia siwo nàwɔ gbe sia gbe la naɖee afia be èle ame siwo dze axɔ Mawu ƒe yayra mavɔwo la dome.Mixlẽ Hebritɔwo 10:38, 39.

^ mm. 7 Susu bubu si tae ame aɖewo ɖoa wo viwo ɖe aƒe ye nye be, enyea dada na tɔgbuiwo kple mamawo be yewoaɖe yewo tɔgbuiyɔviwo alo mamayɔviwo afia xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ bubuwo.