Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Le Eteƒe

Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Le Eteƒe

“Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya.”PS. 19:8, NW.

1. Nyati kawo mee Mawu ƒe amewo dzrona edziedzi le kpekpeawo me, eye vi kae esia ɖena na mí?

ÐE WÒDZƆ kpɔ be esi nèle dzadzram ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ŋu la, èbia ɖokuiwò be, ‘Ðe míesrɔ̃ nyati sia kpɔ oa?’ Ne ɣeyiɣi didi aɖee nye esia nèdea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo la, ke anɔ eme be ède dzesii be míedzroa nyati aɖewo me edziedzi. Míesrɔ̃a nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea, tafea, nusrɔ̃lawɔwɔdɔa kpakple nɔnɔmewo abe lɔlɔ̃ kple xɔse ene ŋu zi geɖe le kpekpeawo me. Nyati siawo me dzodzro edziedzi kpena ɖe mía ŋu be míali ke le xɔse me eye míazu “nyadziwɔlawo, ke menye nyaselawo ko o.”Yak. 1:22.

2. (a) Nu kawoe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo nyena zi geɖe? (b) Aleke Mawu ƒe sewo to vovo tso amegbetɔwo tɔwo gbɔe?

2 Hebrigbe me ŋkɔnya si gɔme woɖe be “ŋkuɖodzinya” la nyea se kple ɖoɖo siwo Mawu naa eƒe amewo zi geɖe. Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖowo le eteƒe, míate ŋu aɖo ŋu ɖe wo ŋu ɣesiaɣi. Womele abe amegbetɔwo ƒe se siwo ŋu wòle be woanɔ asi trɔm le enuenu be woasɔ ɖe ɣeyiɣia nu la ene o. Togbɔ be Mawu de se aɖewo le blema siwo dzi eƒe ame siwo li egbea megawɔna ɖo o hã la, menye esi nane gblẽ le se mawo ŋu tae o. Hakpala la gblɔ be: “Wò ɖaseɖiɖiwo [alo, ŋkuɖodzinyawo, NW] le dzɔdzɔe tegbee.”Ps. 119:144.

3, 4. (a) Nu kawoe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo nyena ɣeaɖewoɣi? (b) Vi kae wo dzi wɔwɔ aɖe na Israel viwo?

3 Ðewohĩ ède dzesii be ɣeaɖewoɣi Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo nyea nuxlɔ̃amewo. Mawu to eƒe nyagblɔɖilawo dzi xlɔ̃ nu Israel dukɔa zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, do ŋgɔ teti hafi Israel viwo naɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mose xlɔ̃ nu wo be: “Mikpɔ nyuie, ne miagana miaƒe dzi naflu mi, eye miatrɔ asubɔ mawu bubuwo, eye miade ta agu na wo o; ne Yehowa magado dɔmedzoe ɖe mia ŋu . . . o.”  (5 Mose 11:16, 17) Míekpɔe le Biblia me be Mawu na ŋkuɖodzinya geɖe eƒe amewo, si ɖe vi na wo.

4 Zi geɖe la, Yehowa ɖoa ŋku edzi na Israel viwo be woavɔ̃ ye, woaɖo to ye, eye woakɔ yeƒe ŋkɔ ŋu. (5 Mose 4:29-31; 5:25, 26) Mawu do ŋugbe na wo be ne wowɔ ɖe yeƒe ŋkuɖodzinyawo dzi la, yeadudu yayra akɔ ɖe wo dzi.3 Mose 26:3-6; 5 Mose 28:1-4.

ALE SI ISRAEL WƆ NU ÐE MAWU ƑE ŊKUÐODZINYAWO ŊU

5. Nu ka tae Yehowa wɔ aʋa na Fia Xizkiya?

5 Le Israel dukɔa ƒe ŋutinya katã me la, Mawu wɔ eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, esime Asiria Fia Sanxerib ho ɖe Yuda ŋu be yeawɔ aʋa kple Fia Xizkiya la, Yehowa ɖo eƒe dɔla ɖa enumake be wòaxɔ na eƒe amewo. Le zã ɖeka ko me Mawu ƒe dɔlaa wu “ŋutsu kalẽtɔwo katã” le Asiriatɔwo ƒe asaɖaa me, eye wòle na Sanxerib be wòatrɔ ayi aƒe kple ŋukpe gã. (2 Kron. 32:21; 2 Fia. 19:35) Nu ka tae Mawu wɔ aʋa na Fia Xizkiya? Elabena “[Xizkiya ku] ɖe Yehowa ŋu, eye mete ɖa le eŋu o, eye wòlé Yehowa ƒe [sewo] . . . me ɖe asi.”2 Fia. 18:1, 5, 6.

Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ʋã Yosiya wògbugbɔ ɖo tadedeagu vavãtɔ anyi (Kpɔ memama 6)

6. Aleke Fia Yosiya ɖee fia be yeka ɖe Yehowa dzi?

6 Ame bubu si wɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzie nye Fia Yosiya. Tso esime wònye ɖevi si xɔ ƒe enyi pɛ ko la, “ewɔ nu si dze Yehowa ŋu . . . Medze ɖe ɖusi alo mia me o.” (2 Kron. 34:1, 2) Yosiya ɖee fia be yeka ɖe Yehowa dzi bliboe esi wòɖe legbawo ɖa le anyigba la dzi eye wògbugbɔ ɖo tadedeagu vavãtɔ anyi. Afɔ si Yosiya ɖe la na Yehowa yra eya kple dukɔ bliboa siaa.Mixlẽ  2 Kronika 34:31-33.

7. Nu kae dzɔna ne Israel viwo do toku Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo?

7 Gake nublanuitɔe la, menye ɣesiaɣie Mawu ƒe dukɔa ɖo dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu o. Wosẽ to zi geɖe le ƒe alafa geɖe mawo katã me. Zi geɖe ne woƒe xɔse gbɔdzɔ la, apostolo Paulo ƒe nya siawo sɔna ɖe woƒe nɔnɔmea nu, be wozua ame siwo “nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna.” (Ef. 4:13, 14) Eye abe ale si wogblɔe ɖi ene la, ɣesiaɣi si wodo toku Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo la, wokpɔa emetsonu gbegblẽwo.3 Mose 26:23-25; Yer. 5:23-25.

8. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Israel viwo ƒe kpɔɖeŋua me?

8 Mɔ ka nue Israel viwo ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na mí le? Abe woawo ene la, Mawu naa aɖaŋuɖoɖo kple nuxlɔ̃ame esubɔla siwo li egbea hã. (2 Pet. 1:12)  Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ɖoa ŋku nuwo dzi na mí ɣesiaɣi si míexlẽe. Esi tiatiawɔblɔɖe le mía si ta la, míate ŋu atiae be míawɔ Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi loo alo awɔ nu si míawo ŋutɔwo míesusu be esɔ. (Lod. 14:12) Mina míadzro susu siwo ta míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi la me ahakpɔ ale si wo dzi wɔwɔ aɖe vi na míi ɖa.

ÐO TO MAWU NE NÀNƆ AGBE

9. Esi Israel viwo nɔ gbea dzi la, aleke Yehowa ka ɖe edzi na wo be yeli kpli wo?

9 Esi Israel viwo dze woƒe mɔzɔzɔ si va xɔ ƒe 40 gɔme la, Yehowa medo ŋgɔ ɖe ale si tututu wòafia mɔ wo, akpɔ wo ta ahanyi wo le “gbegbe gã dziŋɔ” ma dzi la me na wo o. Ke hã ewɔ nu vovovo siwo ɖo kpe edzi be woate ŋu aka ɖe ye kple yeƒe mɔfiamewo dzi. Esi Yehowa nɔ Israel viwo kplɔm to gbegbe gã dziŋɔ ma la, ezã alilikpo dodo le ŋkeke me, eye wòna alilikpoa klẽna na wo le zã me tsɔ ɖo ŋku edzi na wo be yeli kpli wo. (5 Mose 1:19; 2 Mose 40:36-38) Ekpɔ woƒe nuhiahiã veviwo hã gbɔ na wo. “Woƒe avɔwo medo xoxo o, eye woƒe afɔwo mete o.” Nyateƒee, “naneke mehiã wo o.”Neh. 9:19-21.

10. Aleke Yehowa le mɔ fiam eƒe amewo egbea?

10 Mawu subɔla siwo li egbea hã le xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la ƒe agbo nu. Ðe míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa le nu sia nu si míehiã ale be míate ŋu atsi agbe le “xaxa gã” si gbɔna me la nam mía? (Mat. 24:21, 22; Ps. 119:40, 41) Ele eme baa be menye alilikpo dodo alo alilikpo si le keklẽm ye Yehowa tsɔ le mɔ fiam mí yina xexe yeyea me o ya. Gake ele eƒe habɔbɔa zãm le ŋkuɖodzinya siwo tututu míehiã la nam mí be míayi edzi anɔ ŋudzɔ. Le kpɔɖeŋu me, wodea dzi ƒo na mí ɣesiaɣi be míatu míaƒe gbɔgbɔmenyenye ɖo to ɖokuisi Biblia xexlẽ, Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖoa, kpakple kpekpewo kple gbeadzi dede edziedzi me. Ðe míewɔ tɔtrɔ siwo hiã ale be míawɔ ɖe mɔfiame siawo dzi pɛpɛpɛa? Esia wɔwɔ ana míatu xɔse sẽŋu si akpe ɖe mía ŋu míatsi agbe age ɖe xexe yeyea me la ɖo.

Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ʋãa mí be míana míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo nanɔ dedie (Kpɔ memama 11)

11. Mɔ kawo nue Mawu ɖee fia le be yetsɔa ɖe le eme na mí?

11 Mawu ƒe habɔbɔa ganaa mɔfiame siwo kpena ɖe mía ŋu míewɔa nyametsotso nyuiwo le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me la mí. Le kpɔɖeŋu me, wodea dzi ƒo na mí be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu eye míagato ŋku gã o, ale be míagatsi dzimaɖi fũu akpa le agbe me o. Míexɔa mɔfiamewo ku ɖe awudodo kple dzadzraɖo, modzakaɖeɖe nyui siwo míate ŋu atia kple suku agbɔsɔsɔme si sɔ be míade ŋu. Eye gabu ŋkuɖodzinya siwo wonaa mí ku ɖe nu siwo míawɔ be míanɔ dedie le míaƒe aƒewo, míaƒe ʋuwo kple míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me, kpakple ale si míadzra ɖo ɖe nudzɔdzɔ kpatawo ŋu la ŋuti kpɔ. Mɔfiame nyui mawo ɖee fia be Mawu tsɔa ɖe le míaƒe dedienɔnɔ me.

ŊKUÐODZINYAWO KPE ÐE KRISTOTƆ GBÃTƆWO ŊU WOWƆ NUTEƑE

12. (a) Nu ka ŋue Yesu ƒo nu tsoe na eƒe nusrɔ̃lawo enuenu? (b) Ðokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu kae tsi susu me na Petro, eye nu kae míesrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?

12 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, woɖoa ŋku nya veviwo dzi na Mawu ƒe amewo edziedzi. Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo enuenu tso ale si ɖokuibɔbɔ le vevie ŋu. Ke hã, ewɔ nu si yi ŋgɔ wu egbɔgblɔ na wo ko be ɖokuibɔbɔ le vevie—eɖo eƒe kpɔɖeŋu ɖi na wo. Le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me la, eƒo apostoloawo nu ƒu na Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu. Esi Yesu ƒe apostoloawo nɔ nua ɖum la, etso le nuɖukplɔ̃a ŋu eye wòklɔ woƒe  afɔwo—esia nye subɔvi ƒe dɔ. (Yoh. 13:1-17) Womeŋlɔ ɖokuibɔbɔ ŋuti nufiame sia be gbeɖe o. Ƒe 30 sɔŋ megbe la, apostolo Petro si hã nɔ nuɖukplɔ̃a ŋu la ɖo aɖaŋu na haxɔsetɔwo ku ɖe ɖokuibɔbɔ ŋu. (1 Pet. 5:5) Ele be Yesu ƒe kpɔɖeŋua naʋã mí katã be míabɔbɔ mía ɖokui ne míele nu wɔm kple mía nɔewo.Flp. 2:5-8.

13. Nɔnɔme vevi kae Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be ehiã vevie be woatu ɖo?

13 Nu vevi bubu si ŋu Yesu ƒo nu le na eƒe nusrɔ̃lawo zi geɖe ye nye ale si wòhiã be xɔse sẽŋu nanɔ wo si. Gbe ɖeka esi nusrɔ̃lawo mete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le ŋutsuvi aɖe me o la, wobia Yesu be: “Nu ka ŋuti míawo ya míete ŋu nyae do goe o?” Yesu ɖo eŋu na wo be: “Xɔse ʋɛ si le mia si tae. Elabena vavã mele egblɔm na mi be: Ne xɔse le mia si de [sinapi] atiku sue . . . ƒe lolome nu la, . . . naneke mate ŋu awu wɔwɔ na mi o.” (Mat. 17:14-20) Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa katã me la, efia eƒe nusrɔ̃lawo be ele vevie be xɔse nanɔ wo si. (Mixlẽ Mateo 21:18-22.) Ðe míedea takpekpe suewo kple gãwo kpakple Kristotɔwo ƒe kpekpe siwo katã ƒe ɖoɖo wowɔ na mí ale be míado ŋusẽ míaƒe xɔsea? Menye kpekpe siwo doa dzidzɔ na mí koe wonye o, ke woʋua mɔnukpɔkpɔwo ɖi na mí hã be míaɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu.

14. Nu ka tae wòle vevie egbea be míalɔ̃ mía nɔewo abe ale si Kristo lɔ̃ mí ene?

14 Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me yɔ fũu kple ŋkuɖodzinyawo ku ɖe ale si wòhiã be míalɔ̃ mía nɔewoe ŋu. Yesu gblɔ be sedede gãtɔ eveliae nye be: “Nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mat. 22:39) Yesu dadavi Yakobo hã yɔ lɔlɔ̃ be “fiasedede la.” (Yak. 2:8) Apostolo Yohanes gblɔ be: “Lɔlɔ̃tɔwo, menye se yeye ŋlɔm mele ɖo ɖe mi o, ke se xoxo, si le mia si tso gɔmedzedzea me ke la boŋ ye. . . . Megale se yeye ŋlɔm na mi ake.” (1 Yoh. 2:7, 8) Nu kae nye “se xoxo” si ŋu Yohanes nɔ nu ƒom tsoe? Eyae nye lɔlɔ̃ ƒe se si wode na mí. Enye “se xoxo” le susua nu be Yesu de se sia ƒe gbogbo aɖewo do ŋgɔ, “tso gɔmedzedzea me.” Gake eganye “se yeye” hã le susua nu be ahiã be nusrɔ̃lawo naɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia le mɔ yeyewo nu. Ðe mí Kristotɔ siwo li egbea míekpɔa ŋudzedze ɖe nuxlɔ̃ame siwo wonaa mí be míatsri ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ si xɔ aƒe ɖe xexe sia me, si ate ŋu ana lɔlɔ̃ si le mía si na mía haviwo nu natsi la ŋu oa?

15. Susu vevi ka tae Yesu va anyigba dzi ɖo?

15 Yesu tsɔ ɖe le eme na amewo vevie. Míekpɔ esia esi lɔlɔ̃ ʋãe wòda dɔ na dɔnɔwo eye wòfɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Gake menye dɔdada na amewoe nye susu vevitɔ si ta Yesu va anyigba dzi  ɖo o. Eƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa ye ɖe vi na amewo geɖe wu. Le mɔ ka nu? Le kpɔɖeŋu me, ame siwo Yesu da dɔ na alo fɔ ɖe tsitre le ƒe alafa gbãtɔ me la tsi eye woku le ɣeyiɣi aɖe megbe, gake mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo se gbedeasi si wòɖe gbeƒãe hewɔ edzi la si be woakpɔ agbe mavɔ.Yoh. 11:25, 26.

16. Aleke gbegbe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa keke ta egbeae?

16 Gbeƒãɖeɖedɔ si gɔme Yesu dze le ƒe alafa gbãtɔ me la keke ta fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Yesu ŋutɔe de dɔ asi na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.” (Mat. 28:19) Ɛ̃, nusrɔ̃laawo wɔ dɔ sia, eye míawo hã míele edzi! Yehowa Ðasefo miliɔn adre kple edzivɔ le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzonɔamemetɔe le dukɔ siwo wu 230 me, eye wole Biblia srɔ̃m kple ame miliɔn geɖe. Gbeƒãɖeɖedɔ sia hã nye kpeɖodzi be míele ŋkeke mamlɛawo me.

ÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU EGBEA

17. Aɖaŋu kae Paulo kple Petro ɖo na Kristotɔwo?

17 Edze ƒãa be ŋkuɖodzinyawo do ŋusẽ Kristotɔ gbãtɔwo ƒe xɔse. Esi apostolo Paulo nɔ gaxɔ me le Roma la, egblɔ na Timoteo be: “Yi edzi nàlé nya nyuitɔwo, siwo nèse le gbɔnye . . . la ƒe kpɔɖeŋu me ɖe asi.” (2 Tim. 1:13) Aleke gbegbe nya mawo anya de dzi ƒo na Timoteo ye nye esi! Esi apostolo Petro de dzi ƒo na haxɔsetɔwo be woatu nɔnɔme nyuiwo abe dzidodo, nɔvilɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ene ɖo vɔ la, egblɔ kpee be: “Manɔ klalo ɣesiaɣi be maɖo ŋku nu siawo dzi na mi, togbɔ be mienya wo, eye mieli ke sesĩe le nyateƒe . . . la me hã.”2 Pet. 1:5-8, 12.

18. Aleke Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me bu ŋkuɖodzinyawoe?

18 Enye nyateƒe be agbalẽ siwo Paulo kple Petro ŋlɔ ɖo ɖe hameawo la me nyawo de sɔsɔ ge kple “nya siwo nyagblɔɖila kɔkɔeawo gblɔ do ŋgɔ” ya. (2 Pet. 3:2) Gake ɖe mɔfiame mawo sese ti to me na nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ mea? Kura o, elabena ɖe wòɖo kpe lɔlɔ̃ si le Mawu si na wo la dzi na wo boŋ, eye esia kpe ɖe wo ŋu ‘woyi edzi tsi le mía Aƒetɔ kple Ðela Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me.’2 Pet. 3:18.

19, 20. Nu ka tae wòle be míaka ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi, eye aleke esia wɔwɔ aɖe vi na míi?

19 Egbea susu geɖewo li siwo ta wòle be míaka ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinya siwo le eƒe Nya, Biblia, si medoa kpo emevava o me la dzi. (Mixlẽ Yosua 23:14.) Woŋlɔ ale si Mawu wɔ nu ɖe amegbetɔ madeblibowo ŋu le ƒe akpe geɖe siwo va yi me la ɖe eme be wòaɖe vi na mí. (Rom. 15:4; 1 Kor. 10:11) Míekpɔe be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam. Míate ŋu atsɔ nyagblɔɖiwo asɔ kple ŋkuɖodzinya siwo wogblɔ na mí do ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, ame miliɔn geɖe le zi nyem ɖe Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛa ŋu abe ale si tututu wogblɔe ɖi be adzɔ “le ŋkeke mlɔeawo me” ene. (Yes. 2:2, 3) Ale si nɔnɔmeawo le gbegblẽm ɖe edzi le xexea me hã nye Biblia me nyagblɔɖiwo me vava. Eye abe ale si míegblɔe do ŋgɔ ene la, gbeƒãɖeɖedɔ si le ta kekem ɖe edzi fifia le xexea me godoo la hã nye Yesu ƒe nyawo me vava tẽe.Mat. 24:14.

20 Mía Wɔla la ɖee fia be yenye ame si ŋu míate ŋu aɖo ŋu ɖo bliboe. Ðe míena eƒe ŋkuɖodzinyawo le vi ɖem na mí bliboea? Ele vevie be míaɖo dzi ɖe eƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu. Ema tututue Nɔvinyɔnu Rosellen wɔ. Egblɔ be: “Esi meva nɔ dzi ɖom ɖe Yehowa ŋu bliboe la, eme va kɔ nam nyuie wu be eléam ɖe te eye wòdoa ŋusẽm lɔlɔ̃tɔe.” Neva eme be míawo hã míaxɔ Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo, awɔ wo dzi, be wòaɖe vi na mí.