Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alẽkplɔlawo, Misrɔ̃ Alẽkplɔla Gãtɔwo

Alẽkplɔlawo, Misrɔ̃ Alẽkplɔla Gãtɔwo

“Kristo . . . kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.” —1 PET. 2:21.

1, 2. (a) Nu kae dona tso eme ne alẽkplɔla léa be na eƒe alẽawo? (b) Nu ka tae ame siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me le abe alẽ siwo nu kplɔla mele o ene?

ALẼWO nɔa lãmesẽ me eye wotsina nyuie ne alẽkplɔla la tsɔa ɖe le woƒe dedienɔnɔ me vevie. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso alẽnyinyi ŋu gblɔ be, “alẽkplɔla si kplɔa alẽwo yia gbeɖuƒe ko evɔ, megatsɔa ɖeke le eme na wo o eye megabua wo ŋu o la ƒe alẽ geɖewo ate ŋu adze dɔ ahaɖi ku le ƒe ʋɛ aɖewo megbe.” Gake ne alẽkplɔla léa be na eƒe alẽwo ale si dze la, woanɔ lãmesẽ me eye woatsi vlɔvlɔvlɔ.

2 Beléname kple ɖetsɔleme si Mawu ƒe alẽwo kplɔlawo nana alẽ siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te la dometɔ ɖe sia ɖe kpɔa ŋusẽ ɖe hame bliboa ƒe gbɔgbɔmelãmesẽ dzi. Àɖo ŋku edzi be amehawo ƒe nu wɔ nublanui na Yesu elabena “wowɔ fu wo, eye woka hlẽ abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene.” (Mat. 9:36) Nu kae na alẽawo ɖo nɔnɔme wɔnublanui ma me? Nu si tae nye be, ame siwo dzi agba le be woafia Mawu ƒe Sea wo la ƒe nya me sẽ kpaɖii, wobiaa nu geɖe tso wo si, eye wonye alakpanuwɔlawo. Le esi Israel ƒe kplɔlawo nakpe ɖe alẽawo ŋu ahanyi wo teƒe la, woblaa “agba kpekpewo” tsɔ ɖoa woƒe abɔta.—Mat. 23:4.

3. Nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na hamemetsitsiwo esi wole alẽawo kplɔm?

3 Eya ta agba gã aɖe le Kristotɔ hamemetsitsi siwo nye alẽkplɔla siwo li egbea dzi. Alẽha si kplɔm wole la nye Yehowa kple Yesu, ame si yɔ eɖokui be “alẽkplɔla nyui la,” tɔ. (Yoh. 10:11) Yesu ŋutɔ ƒe “ʋu xɔasi” lae “wotsɔ ƒle” alẽawo. (1 Kor. 6:20; 1 Pet. 1:18, 19) Elɔ̃ alẽawo ale gbegbe be wòlɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe sa vɔe ɖe wo ta. Ele be hamemetsitsiwo naɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be alẽkplɔlateviwo yewonye, eye yewole Mawu ƒe Vi lɔlɔ̃a, Yesu Kristo, si nye “alẽawo ƒe kplɔla gãtɔ” te.—Heb. 13:20.

4. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

 4 Aleke wòle be Kristotɔ alẽkplɔlawo nawɔ nu ɖe alẽawo ŋu? Wode se na hamea me tɔwo be ‘woaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le’ wo dome. Azɔ hã, woxlɔ̃ nu Kristotɔ hamemetsitsiwo be ‘woaganɔ aƒetɔ ɖum ɖe ame siwo nye Mawu ƒe domenyinu la dzi o.’ (Heb. 13:17; mixlẽ 1 Petro 5:2, 3.) Ke aleke hamemetsitsi siwo woɖo la ate ŋu axɔ ŋgɔ le hamea me evɔ womaɖu aƒetɔ ɖe alẽha la dzi o? Ne míagblɔe bubui la, aleke hamemetsitsiwo anyi alẽawo evɔ womawɔ nu wòagbɔ ŋusẽ si Mawu tsɔ na wo abe dzikpɔlawo ene la ŋu o?

‘AKƆ WO ÐE AKƆNU’

5. Nu kae kpɔɖeŋu si dze le Yesaya 40:11 la fia mí tso Yehowa ŋu?

5 Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.” (Yes. 40:11) Kpɔɖeŋu sia ɖee fia be Yehowa léa be na hamea me tɔ siwo gbɔdzɔ kple esiwo ate ŋu adze afɔku bɔbɔe. Abe ale si alẽkplɔla nyaa alẽ ɖe sia ɖe ƒe nuhiahiãwo eye wònɔa klalo be yeakpe ɖe eŋu ene la, Yehowa nya ame siwo le hamea me ƒe hiahiãwo eye edoa dzidzɔ nɛ be yeana kpekpeɖeŋu si wohiã la wo. Eye abe ale si ko alẽkplɔla kɔa alẽvi sue si wodzi ɖe eƒe akɔnu ne ehiã ene la, Yehowa, ame si nye “dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo” la, akpe ɖe mía ŋu ne dodokpɔwo dze ŋgɔ mí alo míele ɣeyiɣi sesẽwo me. Afa akɔ na mí ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom alo ne míeɖo hiã me.—2 Kor. 1:3, 4.

6. Aleke alẽkplɔla siwo le hamea me ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu?

6 Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi alẽkplɔla siwo le hamea me ate ŋu asrɔ̃ tso mía Fofo si le dziƒo gbɔ! Abe Yehowa ene la, ele be woanɔ ŋudzɔ ɖe alẽawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Ne hamemetsitsi nya kuxi siwo le fu ɖem na nɔviawo kple woƒe hiahiã siwo gbɔ wòle be wòakpɔ kpata la, ate ŋu ade dzi ƒo na wo ahana kpekpeɖeŋu si wohiã la wo. (Lod. 27:23) Eme kɔ ƒãa be, ele be hamemetsitsi nakpɔ vovo ɖe eƒe haxɔsetɔwo ŋu ahanɔ dze ɖom kpli wo. Togbɔ be hamemetsitsi manɔ nu dem nya siwo mekae o me o hã la, ele be wòatsɔ ɖe le nu siwo kpɔm wòle kple nya siwo sem wòle le hamea me la me, eye wòadi ɣeyiɣi akpe ɖe “ame siwo gbɔdzɔ la ŋu” lɔlɔ̃tɔe.—Dɔw. 20:35; 1 Tes. 4:11.

7. (a) Aleke alẽkplɔla siwo nɔ anyi le Xezekiel kple Yeremiya ƒe ŋkekea me wɔ nu ɖe Mawu ƒe alẽwo ŋu? (b) Esi Yehowa gbe alẽkplɔla maɖianukware mawo la, nufiame kae le eme na mí?

7 Bu nɔnɔme gbegblẽ siwo alẽkplɔla siwo ŋu Mawu ƒo nu tsi tre ɖo ɖe fia ŋu kpɔ. Le Xezekiel kple Yeremiya ƒe ŋkekea me la, Yehowa gbe ame siwo wòle na be woalé be na eƒe alẽawo gake womenɔ ewɔm o. Esi wo dometɔ aɖeke menɔ alẽawo dzi kpɔm o la, gbemelãwo nɔ wo lém eye woka hlẽ. Le esi alẽkplɔla mawo nanyi alẽawo teƒe la, ɖe wonɔ wo tafam henɔ “woawo ŋutɔ ɖokui” nyim boŋ. (Eze. 34:7-10; Yer. 23:1) Abe ale si Mawu gbe alẽkplɔla mawo ene la, egbe Kristodukɔa ƒe ŋgɔnɔlawo hã. Gake esia te gbe ɖe ale si wòle vevie be Kristotɔ hamemetsitsiwo nanyi Yehowa ƒe alẽawo nyuie le lɔlɔ̃ me la dzi.

“MEÐO KPƆÐEŊU ÐI NA MI”

8. Kpɔɖeŋu ɖedzesi kae Yesu ɖo si hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ le aɖaŋuɖoɖo na wo nɔviwo me?

8 Esi wònye be míede blibo o ta la, Mawu ƒe alẽ aɖewo mesea nu siwo Yehowa di tso wo si la gɔme nyuie kaba o. Ate ŋu adzɔ be woawɔ nyametsotso siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo o, alo ate ŋu adze le woƒe  nuwɔnawo me be wometsi le gbɔgbɔ me o. Aleke wòle be hamemetsitsiwo nawɔ nu ɖe ame siawo ŋu? Ele be woasrɔ̃ ale si Yesu gbɔ dzi ɖi na eƒe nusrɔ̃la esime wonɔ dzi tsim ɖe ame si anye gãtɔ le wo dome le Fiaɖuƒea me la ŋu. Le esi Yesu nado dziku ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu teƒe la, eyi edzi fia nu wo eye wòɖo aɖaŋu na wo lɔlɔ̃tɔe tso ale si woaɖe ɖokuibɔbɔ afia ŋu. (Luka 9:46-48; 22:24-27) Yesu klɔ woƒe afɔwo tsɔ ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ ɖi na wo. Esia nye nɔnɔme nyui si wòle be Kristotɔ dzikpɔlawo naɖe afia.—Mixlẽ Yohanes 13:12-15; 1 Pet. 2:21.

9. Nɔnɔme kae nɔ apostoloawo si si wòhiã be Yesu naɖɔ ɖo?

9 Yesu mebu ɖoƒe si alẽkplɔlawo le la abe ale si Yakobo kple Yohanes bui ene o. Apostolo eveawo di be yewoanɔ ɖoƒe kɔkɔ le Fiaɖuƒea me. Gake Yesu ɖɔ woƒe susu ɖo esi wògblɔ be: “Mienyae be dukɔwo ƒe dziɖulawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. Menye nenemae wòle le mia dome o; ke boŋ ele be ame sia ame si di be yeanye gãtɔ le mia dome la nanye miaƒe subɔla.” (Mat. 20:25, 26) Ehiã be apostoloawo naɖu didi be ‘yewoaɖu aƒetɔ ɖe’ yewo nɔviwo dzi, alo ‘akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi,’ la dzi.

10. Aleke Yesu di be hamemetsitsiwo nawɔ nu ɖe alẽha la ŋu, eye esia ƒe kpɔɖeŋu kae Paulo ɖo?

10 Yesu kpɔ mɔ be Kristotɔ hamemetsitsiwo nawɔ nu ɖe alẽawo ŋu abe ale si eya ŋutɔ wɔ nu ɖe wo ŋui ene. Ele be woalɔ̃ faa asubɔ woƒe haxɔsetɔwo, ke menye be woaɖu aƒetɔ ɖe wo dzi o. Apostolo Paulo bɔbɔa eɖokui, elabena egblɔ na hamemetsitsi siwo nɔ Efeso hamea me la be: “Mienya nyuie be tso ŋkeke gbãtɔ si meɖo afɔ Asia nutoa me la, menɔ mia gbɔ ɣeawokatãɣi, hetsɔ ɖokuibɔbɔ gãtɔ kekeake . . . nɔ dɔ wɔm na Aƒetɔ la abe kluvi ene.” Paulo di be hamemetsitsi mawo natsɔ didi vevie akpe ɖe wo nɔviwo ŋu le ɖokuibɔbɔ me. Egblɔ be: “Le nu sia nu me la, meɖee fia mi be ele be miakpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu to dɔwɔwɔ alea dzi.” (Dɔw. 20:18, 19, 35) Paulo gblɔ na Korintotɔwo be yemeɖua aƒetɔ ɖe woƒe xɔse dzi o. Ke boŋ be yenye woƒe hadɔwɔla bɔbɔɖokui hena woƒe dzidzɔkpɔkpɔ. (2 Kor. 1:24) Paulo ɖo ɖokuibɔbɔ kple kutrikuku ƒe kpɔɖeŋu ɖi na hamemetsitsi siwo li egbea.

‘LÉ ÐE NYATEƑENYA LA ŊU GOŊGOŊ’

11, 12. Kpekpeɖeŋu kae hamemetsitsi ate ŋu ana haxɔsetɔwo le woƒe nyametsotsowo wɔwɔ me?

11 Ele na hamemetsitsi be ‘wòalé ɖe nyateƒenya la ŋu goŋgoŋ le eƒe nufiafia me.’ (Tito 1:9) Gake ewɔa esia le “tufafa ƒe gbɔgbɔ me.” (Gal. 6:1) Le esi wòanɔ agbagba dzem be yeazi nɔviawo dzi be woawɔ nu le mɔ aɖe koŋ si wòdi nu teƒe la, alẽkplɔla nyui dzea agbagba be yeakpe ɖe wo ŋu be lɔlɔ̃ si le wo si na Yehowa kple eƒe Nya la naʋã wo woawɔ woawo ŋutɔwo ƒe nyametsotso. Hamemetsitsi ate ŋu ahe susu ayi Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo ŋu wòle be nɔvi aɖe nabu le nyametsotso vevi aɖe wɔwɔ me la dzi. Ate ŋu adzro míaƒe agbalẽwo me nyati aɖe si ku ɖe nyaa ŋu me kplii. Agate ŋu abia tso nɔvia si be wòade ŋugble le ale si tiatia vovovo siwo wòate ŋu awɔ la akpɔ ŋusẽ ɖe eya kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi hã ŋu. Azɔ hamemetsitsia ate ŋu aɖo ŋku ale si wòle vevie be wòado gbe ɖa abia Mawu ƒe mɔfiame hafi awɔ nyametsotsoa dzi nɛ. (Lod. 3:5, 6) Le numedzodzro sia megbe la, hamemetsitsia ana nɔvia nawɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso.—Rom. 14:1-4.

12 Mawu ƒe Nya la dzi koe Kristotɔ hamemetsitsiwo anɔ te ɖo afia mɔ nɔviawo.  Eya ta ele vevie be woazã Biblia la aɖaŋutɔe ahatu woƒe aɖaŋuɖoɖowo katã ɖe edzi ɣesiaɣi. Esia wɔwɔ ana hamemetsitsiwo naƒo asa na ŋusẽzazã madzemadzee. Alẽkplɔlateviwo ko wonye, eye Yehowa kple Yesu ye hamea me tɔ ɖe sia ɖe abu nyametsotso siwo wòawɔ la ŋuti kɔnta na.—Gal. 6:5, 7, 8.

“KPƆÐEŊU NA ALẼHA LA”

Hamemetsitsiwo kpena ɖe woƒe ƒomewo ŋu be woadzra ɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu (Kpɔ memama 13)

13, 14. Go kawo mee hamemetsitsiwo ate ŋu anye kpɔɖeŋu na alẽha la le?

13 Esi apostolo Petro gblɔ na hamemetsitsiwo be ‘woagaɖu aƒetɔ ɖe ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te dzi o’ megbe la, eɖo aɖaŋu na wo be ‘woanye kpɔɖeŋu na alẽha la.’ (1 Pet. 5:3) Aleke hamemetsitsi ate ŋu anye kpɔɖeŋu na alẽha lae? De ŋugble le nudidi siwo gbɔ wòle be ŋutsu si le “dzikpɔladɔ minyam” naɖo la dometɔ eve ŋu kpɔ. Ele be wòanye “ame ɖɔŋuɖo” kple “ame si kpɔa ye ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie.” Ne srɔ̃ kple viwo le hamemetsitsi si la, ele be wòaɖo kpɔɖeŋu nyui le eƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ me, elabena “ne ame aɖe menya ale si wòakpɔ ye ŋutɔ ƒe aƒe dzi o ɖe, aleke wòawɔ akpɔ Mawu ƒe hame la dzi?” (1 Tim. 3:1, 2, 4, 5) Ele be ame si adze anye dzikpɔla la nanye ame ɖɔŋuɖo. Esia fia be ele be wòase Biblia me gɔmeɖosewo gɔme nyuie eye wòanya ale si wòawɔ wo dzi le eƒe agbenɔnɔ me. Enyea ame fatu kple nugɔmesela eye wòbua nuwo ŋu nyuie hafi wɔa nyametsotso. Ne hamea me tɔwo dea dzesi nɔnɔme siawo le hamemetsitsiwo ŋu la, enana wogakana ɖe wo dzi geɖe wu.

14 Go bubu si me hamemetsitsiwo nyea kpɔɖeŋu na wo nɔvi Kristotɔwo le ye nye woƒe ŋgɔxɔxɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me abe ale si Yesu wɔe ene. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, etsɔ Fiaɖuƒeŋutinya nyuia gbɔgblɔ ɖo nɔƒe vevi aɖe le eƒe agbe me. Efia ale si eƒe nusrɔ̃lawo awɔ dɔ siae la wo. (Marko 1:38; Luka 8:1) Egbea, edea dzi ƒo na nɔviwo ŋutɔ ne hamemetsitsiwo zɔ kpli wo le gbeadzi. Wokpɔa ale si hamemetsitsiwo tsɔ dzo ɖe agbeɖeɖedɔ sia wɔwɔ ŋu, eye wosrɔ̃a nufiafiaɖaŋu nyui geɖe tso wo gbɔ. Togbɔ be vovo menɔa hamemetsitsiwo ŋu kura o hã la, ale si wodoa vevie nu le nya nyui gbɔgblɔdɔa me dea dzi ƒo na hamea me tɔwo katã be woaɖe dzonɔameme ma ke afia. Hamemetsitsiwo agate ŋu anye kpɔɖeŋu nyui na wo nɔviwo ne wodzrana ɖo nyuie ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu, woɖoa nya ŋu, eye wokpɔa gome le dɔ bubuwo abe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo ene me.—Ef. 5:15, 16; mixlẽ Hebritɔwo 13:7.

Hamemetsitsiwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le gbeƒãɖeɖedɔa me (Kpɔ memama 14)

“MIKPE ÐE GBƆDZƆGBƆDZƆTƆWO ŊU”

15. Susu siwo tae hamemetsitsiwo srãa alẽawo kpɔna la dometɔ aɖewoe nye kawo?

15 Alẽkplɔla nyui tsona kpla naa kpekpeɖeŋu alẽ siwo nu vevi wɔ alo dze dɔ. Nenema kee wòle be hamemetsitsiwo natso kaba ana kpekpeɖeŋu hamea me tɔ ɖe sia ɖe si le fu kpem, alo si  hiã aɖaŋuɖoɖo alo dzideƒoname. Hamea me tɔ tsitsiwo kple ame siwo dze dɔ ate ŋu ahiã ŋutilãmekpekpeɖeŋu, gake nu si wohiã vevie wue nye gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu kple dzideƒoname. (1 Tes. 5:14) Anɔ eme be sɔhɛ siwo le hamea me doa go kuxiwo abe “sɔhɛmenɔɣi ƒe nudzodzrowo” ene. (2 Tim. 2:22) Hamemetsitsiwo kpena ɖe hamea me tɔwo katã ŋu to alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo wɔwɔ edziedzi me. Wotoa sasrãkpɔ siawo dzi dzea agbagba be yewoase kuxi siwo me tom nɔviawo le la gɔme eye wozãa Ŋɔŋlɔawo tsɔ dea dzi ƒo na wo. Ne hamemetsitsiwo tsona kpla ɖe kpekpeɖeŋunana wo nɔviwo ŋu la, woate ŋu akpɔ kuxi geɖe gbɔ hafi woayi gã do ge ɖe edzi.

16. Ne hamea me tɔ aɖe do go kuxi sesẽ la, kpekpeɖeŋu kae hamemetsitsiwo ate ŋu anae?

16 Ke ne hamea me tɔ aɖe do go kuxi sesẽ si ate ŋu agblẽ eya kple Yehowa dome ƒomedodoa me ɖe? Biblia ŋlɔla Yakobo bia be: “Ðe mia dometɔ aɖe le dɔ léma? Neyɔ hamemetsitsiwo woava egbɔ, eye woado gbe ɖa ɖe eta ahasi ami nɛ le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa ana dɔnɔ la ƒe lãme nasẽ, eye Yehowa afɔe ɖe te. Eye ne ewɔ nu vɔ̃ aɖewo la, woatsɔe akee.” (Yak. 5:14, 15) Ne ame si dze dɔ le gbɔgbɔ me ‘meyɔ hamemetsitsiwo’ o hã la, ele be woatso kaba akpe ɖe eŋu ne wonya se nu tso eƒe nɔnɔmea ŋu teti ko. Ne hamemetsitsiwo do gbe ɖa kple wo nɔviwo, wodo gbe ɖa ɖe wo ta, eye wokpe ɖe wo ŋu le hiãɣi la, woɖenɛ fiana be yewonye gbɔgbɔ me gbɔɖemeƒe kple dzideƒotsoƒe na nɔvi siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te.—Mixlẽ Yesaya 32:1, 2.

17. Nu kae ado tso eme ne hamemetsitsiwo srɔ̃a “alẽawo ƒe kplɔla gãtɔ”?

17 Kristotɔ alẽkplɔlawo dzea agbagba ɖe sia ɖe be yewoasrɔ̃ “alẽawo ƒe kplɔla gãtɔ,” Yesu Kristo. Gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si ŋutsu siawo nana la ɖea vi na alẽha bliboa eye emetɔwo yia edzi tsina nyuie le nyateƒea me hesubɔa Mawu nuteƒewɔwɔtɔe. Esiawo katã ʋãa mí be míada akpe na Yehowa, Alẽkplɔla si ɖeke mesɔ kplii o, eye míakafui ɖaa.