Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Minɔ Ŋudzɔ Hena Gbedodoɖa”

“Minɔ Ŋudzɔ Hena Gbedodoɖa”

“Minɔ ŋute, eye minɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa.” —1 PET. 4:7.

1, 2. (a) Nu ka tae wòle be ‘míanɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa’? (b) Nya kawoe wòanyo be míabia mía ɖokuiwo ku ɖe gbedodoɖa ŋu?

ŊUTSU aɖe si wɔa zãdɔ tsã gblɔ be: “Zã ƒe ɣeyiɣi si me ŋudzɔnɔnɔ sesẽna le wue nye viviti tsiɖitsiɖi doɣi si doa ŋgɔ teti na agudzedze.” Anɔ eme godoo be zãdɔwɔla siwo wòhiã be woanɔ ŋudzɔ zã bliboa alɔ̃ ɖe nya sia dzi. Kristotɔ siwo li egbea hã le nɔnɔme ma tɔgbi me, elabena Satana ƒe xexea ƒe zã si do eteƒe didi la ɖo eƒe viviti tsiɖitsiɖi doɣi fifia. (Rom. 13:12) Afɔku gã wòanye be míanɔ alɔ̃ dɔm le ɣeyiɣi mamlɛ sia me! Ele be ‘míanɔ ŋute’ eye míawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame si nye be ‘míanɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa’ la dzi.—1 Pet. 4:7.

2 Le afi si míeɖo na ɣeyiɣia ta la, anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Aleke gbegbe mele ŋudzɔ hena gbedodoɖae? Ðe medoa gbe ƒomevi vovovowo ɖa henɔa gbedodoɖa dzi ɖaa? Ðe wònye numame nam be mado gbe ɖa ɖe ame bubuwo ta, alo nye ŋutɔ kple nye didiwo ŋu koe medoa gbe ɖa lea? Eye aleke gbegbe gbedodoɖa le vevie hena nye ɖeɖekpɔkpɔ?’

MINƆ GBEDODOÐA ÐE SIA ÐE ƑOMEVI DZI

3. Gbedodoɖa ƒomevi aɖewo ɖe?

3 Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Efesotɔwo me la, eƒo nu tso “gbedodoɖa ɖe sia ɖe ƒomevi” ŋu. (Ef. 6:18) Anɔ eme be míedoa gbe ɖa na Yehowa edziedzi be wòakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí eye wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu kuxi dzi. ‘Gbedodoɖasela’ la ɖoa to gbe siwo míedona ɖa biaa eƒe kpekpeɖeŋu la. (Ps. 65:3) Ke hã, ele be míadze agbagba ado gbe ƒomevi bubuwo hã ɖa. Esiawo dometɔ aɖewoe nye kafukafugbedodoɖa, akpedagbedodoɖa kple kokoƒoƒowo.

4. Nu ka tae wòle be míakafu Yehowa enuenu le míaƒe gbedodoɖawo me?

4 Susu geɖewo li siwo tae wòle be kafukafugbedodoɖa nakpe ɖe míaƒe gbedodoɖa na Yehowa ŋu  ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ne míede ŋugble le Mawu ƒe “nu tsu wɔwɔwo” kple “eƒe gãnyenye gbogbo la” ŋu la, eʋãa mí míekafua eyama. (Mixlẽ Psalmo 150:1-6.) Vavãe, eɖe dzesi ŋutɔ be le Psalmo 150 ƒe kpukpui adeawo ɖeɖe ko me la, wokpe mí zi 13 sɔŋ be míakafu Yehowa! Mawuvɔvɔ̃ ʋã hakpala bubu wòdzi ha be: “Mekafua wò zi adre le ŋkeke me, le wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ta.” (Ps. 119:164) Ɛ̃, Yehowa dze na kafukafu. Eya ta ɖe mele be míakafui le míaƒe gbedodoɖawo me “zi adre le ŋkeke me,” si fia be míakafui enuenu oa?

5. Aleke akpedada le gbedodoɖa me kpɔa mía tae?

5 Akpedagbedodoɖa hã nye gbedodoɖa ƒomevi bubu. Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Filipi be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo.” (Flp. 4:6) Akpedada na Yehowa le gbedodoɖa me nye takpɔkpɔ na mí. Ele alea vevietɔ esi míele ŋkeke mamlɛawo me eye amewo nye “ame madakpewo” ta. (2 Tim. 3:1, 2) Akpemadamada ƒe gbɔgbɔ xɔ aƒe ɖe xexea me. Ne míekpɔ nyuie o la, gbɔgbɔ ma ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi bɔbɔe. Eya ta akpedada na Mawu le gbedodoɖa me nana míekpɔa dzidzɔ eye wòkpɔa mía ta be míeva zua “liʋiliʋĩlĩlawo, ame siwo toa nyatoƒoe le woƒe agbe ŋuti” o. (Yuda 16) Gawu la, ne ƒome ƒe tawo daa akpe na Mawu ne wo kple woƒe ƒomea wole gbe dom ɖa la, eʋãa wo srɔ̃wo kple wo viwo wonyea akpedalawo.

6, 7. Nu kae nye kokoƒoƒo, eye nu kawo ŋu míate ŋu aƒo koko na Yehowa le?

6 Kokoƒoƒo nye gbedodoɖa si tso dzi me si me míegblɔa nu siwo le fu ɖem na mí vevie la na Mawu le. Nu kawo ŋue míate ŋu aƒo koko na Yehowa le? Míate ŋu awɔ esia ne wole mía yome tim alo míedze dɔ si de míaƒe agbe afɔku me. Le ɣeyiɣi mawo me la, míate ŋu agblɔ be gbe siwo míedona ɖa la nye kokoƒoƒowo. Gake ɣeyiɣi siawo ko mee míate ŋu aƒo koko na Yehowa lea?

7 Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa ŋu eye nàde dzesi nya si wògblɔ ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔa, Eƒe Fiaɖuƒea, kple Eƒe lɔlɔ̃nu ŋu. (Mixlẽ Mateo 6:9, 10.) Xexe sia nyrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me vĩi, eye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu le woƒe dumeviwo ƒe nuhiahiã veviwo gɔ̃ hã gbɔ kpɔm o. Eya ta eme kɔ be ele be míaƒo koko na mía Fofo si le dziƒo la be wòana eƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ, eye be eƒe Fiaɖuƒea nava ɖe Satana ƒe dziɖuɖu ɖa le anyigba dzi. Ɣeyiɣi sia hã mee wòle be míaƒo koko na Yehowa be wòana woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene. Eya ta mina míayi edzi anɔ ŋudzɔ ahanɔ klalo be míado gbe ƒomevi vovovowo ɖa.

“MINƆ GBEDODOÐA DZI”

8, 9. Nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie le ʋɔnudɔdrɔ̃ Petro kple apostolo bubuawo le esi wodɔ alɔ̃ le Getsemane-bɔa me ta ŋu?

8 Togbɔ be apostolo Petro xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woanɔ “ŋudzɔ hena gbedodoɖa” hã la, ne mede ɖeke o la, eya ŋutɔ menɔ ŋudzɔ le nɔnɔme ɖeka aɖe me o. Eya hã kpe ɖe nusrɔ̃la siwo dɔ alɔ̃ esime Yesu nɔ gbe dom ɖa le Getsemane-bɔa me la ŋu. Esi Yesu gblɔ na wo be “minɔ ŋudzɔ, eye minɔ gbedodoɖa dzi” megbe gɔ̃ hã la, womewɔe o.Mixlẽ  Mateo 26:40-45.

9 Le esi míadrɔ̃ ʋɔnu Petro kple apostolo bubuawo be womenɔ ŋudzɔ o teƒe la, ele be míaɖo ŋku edzi be ŋkekea me wɔnawo na nu te woƒe ŋutilã si gbɔdzɔ la ŋu. Wowɔ dzadzraɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyuia ŋu heɖui ɣetrɔ ma. Eyome Yesu ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la anyi  wònye kpɔɖeŋu na eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizã si woava nɔ ɖuɖum. (1 Kor. 11:23-25) “Mlɔeba esi wodzi kafukafuhawo vɔ la, wodo go yi Amito la dzi.” Wozɔ agbadroƒe geɖe to Yerusalem ƒe afɔmɔwo dzi hafi va ɖo teƒea. (Mat. 26:30, 36) Ɣemaɣi la, anya ƒo zã ga 12 to eŋu. Ne ɖe míawo hã míenɔ Getsemane-bɔa me zã ma me la, ɖewohĩ míadɔ alɔ̃. Le esi Yesu nahe nya ɖe apostolo siwo ŋu ɖeɖi te belibeli ŋu teƒe la, elɔ̃ ɖe edzi lɔlɔ̃tɔe be, “gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.”

Togbɔ be Petro kli nu hã la, esrɔ̃ ale si ‘wòanɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa’ (Kpɔ memama 10, 11)

10, 11. (a) Nu kae Petro srɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe edzi le Getsemane-bɔa me la me? (b) Dɔ kae nu si me Petro to la wɔ ɖe dziwò?

10 Nu si dzɔ le Getsemane-bɔa me mena wɔna vɔ le Petro ŋu o. Esrɔ̃ nu vevi aɖe tso eƒe ŋudzɔmanɔmanɔ sia me, eye evee ŋutɔ. Do ŋgɔ la, Yesu gblɔ be: “Mi katã miakli nu le tanye le zã sia me.” Gake Petro gblɔ be: “Togbɔ be ame susɔeawo katã akli nu le tawò hã la, nye ya nyemakli nu akpɔ o!” Yesu ɖo eŋu na Petro be agbe nu le ye gbɔ zi etɔ̃. Nya mawo meʋã Petro kura o, ke boŋ egblɔ be: “Ne anɔ nam be maku kpli wò hã la, nyemagbe nu le gbɔwò akpɔ o.” (Mat. 26:31-35) Ke hã, Petro gbe nu le Yesu gbɔ abe ale si wògblɔe ɖi ene. Esi Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃lia vɔ la, ete ɖe edzi ale gbegbe be ‘wòfa avi vevie.’—Luka 22:60-62.

11 Kakaɖedzitɔe la, Petro srɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ sia me, eye wòɖu kakaɖeameɖokui dzi fũu akpa dzi. Edze ƒãa be gbedodoɖa kpe ɖe Petro ŋu le nɔnɔme sia me. Le nyateƒe me la, eɖe dzesi be Petro ye ɖo aɖaŋu be ‘míanɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa.’ Ðe míele wɔwɔm ɖe aɖaŋuɖoɖo ma si tso gbɔgbɔ me dzia? Eye ɖe ‘míenɔa gbedodoɖa dzi’ ɖaa tsɔ ɖenɛ fiana be Yehowa sinue míekpɔna? (Ps. 78:7) Mina apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia hã nanɔ susu me na mí be: “Ame si susu be yele tsitre la nakpɔ nyuie be wòagadze anyi o.”—1 Kor. 10:12.

WOÐO NEXEMIYA ƑE GBEDODOÐAWO ŊU NƐ

12. Nu ka tae Nexemiya nye kpɔɖeŋu nyui na mí?

12 Bu Nexemiya si nye Persia Fia Artaxsasta ƒe ahakula le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me ŋu kpɔ. Nexemiya nye kpɔɖeŋu nyui na mí le gbedodoɖa kutrikukutɔe me. Eyi edzi ‘tsi nu dɔ henɔ gbe dom ɖa le Mawu ŋkume’ le Yudatɔ siwo nɔ Yerusalem la ƒe xaxawo ta. (Neh. 1:4) Esi Artaxsasta bia Nexemiya be nu ka tae wòlé blanui hã la, ‘edo gbe ɖa enumake na dziƒo Mawu la.’ (Neh. 2:2-4) Nu kae do tso eme? Yehowa ɖo eƒe  gbedodoɖawo ŋu eye wòde asi nyaawo me wòɖe vi na Eƒe amewo. (Neh. 2:5, 6) Aleke gbegbe esia anya do ŋusẽ Nexemiya ƒe xɔsee nye esi!

13, 14. Nu kae wòle be míawɔ be ŋusẽ nakpɔtɔ anɔ míaƒe xɔse ŋu ale be Satana nagaɖe dzi le mía ƒo o?

13 Gbedodoɖa ɣeawokatãɣi abe Nexemiya ene kpena ɖe mía ŋu be ŋusẽ kpɔtɔ nɔa míaƒe xɔse ŋu. Satana nye nublanuimakpɔla eye zi geɖe la, edzea mía dzi ne míegbɔdzɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne míele avu wɔm kple dɔléle alo blanuiléle la, míava nɔ sesem le mía ɖokui me be ɣeyiɣi siwo míezãna le gbeadzi ɣleti sia ɣleti la meɖi naneke le Mawu ŋkume o. Ðewohĩ mía dometɔ aɖewo tsia dzodzodzoe le nu siwo me míeto va yi ta. Satana adi be míaxɔe ase be viɖe aɖeke mele mía ŋu o. Etrɔa asi le eƒe amedzidzedzeawo ŋu be wòaɖe dzi le mía ƒo ale be míaƒe xɔse nagbɔdzɔ. Gake ne ‘míenɔa ŋudzɔ hena gbedodoɖa’ la, ŋusẽ akpɔtɔ anɔ míaƒe xɔse ŋu. Ɛ̃, ‘xɔse ƒe akpoxɔnu gã la, akpe ɖe mía ŋu míatsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ bibiawo katã nu.’—Ef. 6:16.

Ne ‘míenɔa ŋudzɔ hena gbedodoɖa’ la, míate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ vovovowo nu (Kpɔ memama 13, 14)

14 Ne ‘míenɔa ŋudzɔ hena gbedodoɖa’ la, míaɖe ŋu ɖi ale be míana ta ne xɔse ƒe dodokpɔwo va mía dzi le vo me o. Ne dodokpɔwo kple tetekpɔwo va mía dzi la, mina míaɖo ŋku Nexemiya ƒe kpɔɖeŋua dzi eye míatrɔ ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me enumake. Yehowa koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu tetekpɔwo dzi ahado dzi le xɔse ƒe dodokpɔwo me dzidzedzetɔe.

DO GBE ÐA ÐE AME BUBUWO TA

15. Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo ku ɖe gbedodoɖa ɖe ame bubuwo ta ŋu?

15 Yesu ƒo koko ɖe Petro ta ale be apostoloa ƒe xɔse nu nagatsi o. (Luka 22:32) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ wɔnuteƒe si ŋkɔe nye Epafra srɔ̃ Yesu le go sia me,  eye wòdo gbe ɖa vevie ɖe nɔvi siwo le Kolose la ta. Paulo ŋlɔ bena: “Ele gbedodoɖa dzi ɖe mia ta vevie bene mianɔ te sesĩe eye miade blibo awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me.” (Kol. 4:12, Eʋegbe Biblia, ƒe 2010 tɔ) Eya ta anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe medoa gbe ɖa ɖe nɔvi siwo le xexea me godoo la ta veviea? Zi nenie meɖoa ŋku haxɔsetɔ siwo dzi dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ ɖo la dzi le nye gbedodoɖawo me? Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si medo gbe ɖa ɖe ame siwo si agbanɔamedzi kpekpewo le le Yehowa ƒe habɔbɔa me ta? Ðe medo gbe ɖa ɖe hamea me tɔ siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la ta le ŋkeke siawo mea?’

16. Ðe gbedodoɖa ɖe mía nɔviwo ta le veviea? Ðe eme.

16 Gbe siwo míedona ɖa na Yehowa Mawu ɖe mía nɔviwo ta la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu vavã. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 1:11.) Togbɔ be menye dzizizie wònye na Yehowa be wòaɖe afɔ aɖe le esi esubɔla gbogbo aɖewo le gbe dom ɖa le nane ŋuti ta o hã la, edea dzesi nu si me wo katã wotsɔ ɖe le, eye wòbua nu si ŋu wotsi dzi ɖo vevie anukwaretɔe ŋu ne ele woƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom. Eya ta ele be míabu mɔnukpɔkpɔ kple agba si le mía dzi be míado gbe ɖa ɖe mía nɔviwo ta la ŋkubiãnyae. Abe Epafra ene la, ele be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔtsɔ le eme na mía nɔvi Kristotɔwo afia to gbedodoɖa vevie ɖe wo ta me. Esia ana míagakpɔ dzidzɔ geɖe wu, elabena “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔw. 20:35.

“MÍAƑE ÐEÐEKPƆKPƆ GOGO”

17, 18. Vi kae wòaɖe na mí ne ‘míenɔa ŋudzɔ hena gbedodoɖa’?

17 Do ŋgɔ hafi Paulo nagblɔ be “zã do eteƒe didi; ŋkeke gogo” la, egblɔ be: “Mienya ɣeyiɣi ɖoɖi la, be gaƒoƒo la de xoxo be mianyɔ tso alɔ̃ me, elabena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ gogo fifia wu ale si wònɔ le ɣeyiɣi si me míezu xɔsetɔwo la.” (Rom. 13:11, 12) Xexe yeye si ŋugbe Mawu do la tu aƒe, eye míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ gogo wu ale si míesusui. Mele be míanɔ alɔ̃ dɔm le gbɔgbɔ me o, eye mele be míaɖe mɔ gbeɖe xexe sia ƒe susuhenuwo naxe mɔ na mí be míagakpɔ vovo ado gbe ɖa na Yehowa o. Ke boŋ mina ‘míanɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa.’ Esia wɔwɔ ana míaƒo mía ɖokui ɖe “agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me” esi míele Yehowa ƒe ŋkekea lalam. (2 Pet. 3:11, 12) Ekema míaƒe agbenɔnɔ anɔ eɖem fia be míele ŋudzɔ le gbɔgbɔ me eye be míeka ɖe edzi vavã be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ ɖo vɔ. Eya ta mina míanɔ “gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe.” (1 Tes. 5:17) Mina míasrɔ̃ Yesu eye míadi ɣeyiɣi ne míawo ɖeɖe míanɔ gbe dom ɖa. Ne míegbɔa dzi ɖi ɖe míaƒe gbedodoɖawo na Yehowa ŋu la, ana míayi edzi anɔ tetem ɖe eŋu ɖaa. (Yak. 4:7, 8) Yayra ka gbegbee nye esi esia anye!

18 Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Le Kristo ƒe ŋutilãmenɔnɔŋkekewo me la, eto ɣlidodo sesẽwo kple aɖatsiwo me nɔ kokoƒoƒowo kple kukuɖeɖewo dzi na Ame si te ŋu ɖee tso ku me la, eye wòɖo toe le eƒe mawuvɔvɔ̃ ta.” (Heb. 5:7) Yesu nɔ kokoƒoƒo kple kukuɖeɖe na Mawu dzi, eye wòyi edzi wɔ nuteƒe nɛ va se ɖe eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe nuwuwu. Esia ta Yehowa ɖe Via malɔ̃nugbɔa tso ku me eye wòtsɔ makumakugbenɔnɔ le dziƒo ɖo eteƒe nɛ. Míawo hã míate ŋu awɔ nuteƒe na mía Fofo si le dziƒo, tetekpɔ kple dodokpɔ ka kee ɖava mía dzi le etsɔme o. Ɛ̃, ne ‘míenɔa ŋudzɔ hena gbedodoɖa’ ko hafi agbe mavɔ ƒe nunana ate ŋu asu mía si.