Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Ɣekaɣie Yesu ‘ɖe gbeƒã na gbɔgbɔ siwo le gaxɔ me’? (1 Pet. 3:19)

Edze abe ɣeyiɣi aɖe le Yesu fɔfɔ ɖe tsitre megbe ye, esime wògblɔ to si woava he na mawudɔla vɔ̃ɖiawo la na wo.—6/15, axa 23.

Ne edzɔ be èɖe srɔ̃ zi evelia la, nu etɔ̃ kawoe nàwɔ be wò srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze?

Woawoe nye: dze agbagba be nàgatsɔ srɔ̃ɖeɖe gbãtɔa anɔ sɔsɔm kple evelia o; nya ale si nàwɔ nui ne èle xɔ̃wò siwo menya srɔ̃wò yeyea o alo srɔ̃wòa xɔlɔ̃ siwo menya wò o la dome; ka ɖe srɔ̃wò yeyea dzi ne srɔ̃wò gbãtɔa mewɔ nuteƒe na wò o gɔ̃ hã.—7/1, axa 9-10.

Ɣekaɣie Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amewo be wonye alẽwo alo gbɔ̃wo? (Mat. 25:32)

Yesu awɔ esia ne eva be yeadrɔ̃ ʋɔnu amewo le xaxa gã la me, ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo vɔ megbe.—7/15, axa 6.

Ɣekaɣie sedzimawɔla siwo woyɔ le lu kple gbe wuwluiwo ŋuti kpɔɖeŋua me afa avi ahaɖu aɖukli vevie? (Mat. 13:36, 41, 42)

Woawɔ esia le xaxa gã la me ne wokpɔe be yewomate ŋu asi le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna nu o.—7/15, axa 13.

Ɣekaɣie nya siwo Yesu gblɔ tso kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa ŋu va eme? (Mat. 24:45-47)

Menye ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzie nyagblɔɖia te emevava o, ke boŋ le ƒe 1914 megbe. Le ƒe 1919 me la, Yesu ɖo kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la eƒe aƒemesubɔviwo, siwo nye Kristotɔ siwo nyim kluvia le la katã, nu.—7/15, axa 21-23.

Ɣekaɣie Yesu aɖo kluvi nuteƒewɔla la eƒe nuwo katã nu?

Awɔ esia le etsɔme, le xaxa gã la me, ne ame siwo ƒo ƒu nye kluvi nuteƒewɔla la xɔ woƒe dziƒofetua.—7/15, axa 25.

Ðe wòle be míaƒo nya ta be ame siwo ƒe ŋkɔ Biblia meyɔ o la nye ame baɖawo alo ame siwo mele bo aɖeke nu oa?

Ao. Biblia meyɔ ame geɖe siwo nye ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe ŋkɔwo o. (Rut 4:1-3; Mat. 26:18) Mawudɔla wɔnuteƒe eve pɛ ko ƒe ŋkɔwoe woyɔ le Biblia me.—8/1, axa 10.

Hekpe ɖe ŋusẽ si tso Mawu gbɔ ŋu la, nu kae kpe ɖe Ðasefo 230 ŋu wotsi agbe le kuzɔli si wozɔ tso Sachsenhausen fuwɔamegaxɔa me la me?

Togbɔ be dɔwuame kple dɔléle na gamenɔlaawo gbɔdzɔ hã la, woyi edzi nɔ dzi dem ƒo na wo nɔewo be woagana ta o.—8/15, axa 18.

Nu ka tae nuŋlɔɖi si ku ɖe ale si Israel viwo tso Yordan Tɔsisia yi Ŋugbedodonyigbaa dzi ŋu la dea dzi ƒo na mí?

Togbɔ be tsidzadza na tɔsisia ɖɔ gbagba hã la, Yehowa na tsi si nɔ sisim la nu tso, be eƒe amewo nate ŋu atsoe. Esia anya do ŋusẽ woƒe xɔse ahana woagaka ɖe Yehowa dzi wu, eye nuŋlɔɖi ma dea dzi ƒo na míawo hã.—9/15, axa 16.

Nu kae ale si Biblia yɔ nuwo ƒe amadedewo enuenu la ɖe fia?

Ale si Biblia yɔ nuwo ƒe amadedewo la ɖee fia be Mawu nya ale si wokpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe seselelãme dzii, eye be amadedewo kpena ɖe mía ŋu míeɖoa ŋku nuwo dzi bɔbɔe.—10/1, axa 14-15.

Aleke nyagblɔɖi si le Mixa 5:4 ku ɖe lãkplɔvi adre kple amegã enyi ŋu la le eme vam egbeae?

“Lãkplɔvi adre kple amegã enyi” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Mixa 5:4 la tsi tre ɖi na hamemetsitsi siwo woɖo be woado ŋusẽ Mawu ƒe amewo ɖe amedzidzedze si le ŋgɔ, si ŋu nya wogblɔ ɖi la ŋu.—11/15, axa 20.

Susu siwo tae míehiã Mawu la dometɔ aɖewo ɖe?

Míehiã mɔfiame nyuiwo eye ehiã be míanya nu si gbɔ agbemekuxiwo tso, eye Mawu gbɔe míakpɔ esiawo katã tsoe. Mawu di be eme nanyo na amegbetɔwo eye woakpɔ dzidzɔ le agbe me. Awɔ ɖe ŋugbe siwo katã wòdo le eƒe Nya la me dzi be esia nava eme.—12/1, axa 4-6.