Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Kpɔ Wo Ta Le Towo Ƒe Vɔvɔli Te

Yehowa Kpɔ Wo Ta Le Towo Ƒe Vɔvɔli Te

ESI nyɔnu aɖe do ɖe eƒe ʋɔtru nu ŋdi kanya la, ekpɔ nu bablɛ aɖe le eƒe xɔmɔnu. Etsɔe, tsa ŋku, gake mekpɔ ame aɖeke le mɔa dzi o. Ame aɖee anya dae ɖi le zã me. Eʋu nu bablɛa vie hekpɔ nu si le eme, eye wòwɔ kaba ge ɖe xɔa me hedo ʋɔa. Esia mewɔ nuku o, elabena Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo nu dziɖuɖua de se ɖo ye le eme! Etsɔ nu bablɛa ɖo akɔta, eye wòdo gbe kpui aɖe ɖa heda akpe na Yehowa ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu xɔasi sia ta.

Nu siawo tɔgbi dzɔ zi geɖe le Germany le ƒe 1930-awo me. Woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo dzi le dukɔa ƒe akpa gãtɔ tso esime Nazitɔwo dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1933 me. Nɔviŋutsu Richard Rudolph, * si xɔ wu ƒe 100 fifia la gblɔ be: “Míeka ɖe edzi bliboe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu axe mɔ na gbeƒãɖeɖe tso Yehowa kple eƒe ŋkɔa ŋu o. Biblia-srɔ̃gbalẽwoe nye nu vevi siwo kpena ɖe mía ŋu le míaƒe nusɔsrɔ̃ kple gbeƒãɖeɖedɔa me. Gake agbalẽawo kpɔkpɔ va sesẽ le esi woɖo asi dɔa dzi ta. Míenya ale si míayi dɔa dzii o.” Eteƒe medidi o, Richard lɔ̃ be yeana kpekpeɖeŋu le hiahiã sia gbɔ kpɔkpɔ me le mɔ wɔnuku aɖe nu. Woawɔ dɔ vevi sia le towo ƒe vɔvɔli te.—Ʋɔn. 9:36.

DEGBÃLAWO ƑE MƆWO

Ne èzɔ tɔdzimɔ heɖo ta Elbe (alo, Labe) tɔsisia ƒe dzɔƒe lɔƒo la, àva ke ɖe To Gã Nyadriawo (Krkonoše) ŋu. To siawoe ɖe liƒo na Czeck Rebuplic kple Poland egbea. Togbɔ be toawo ƒe kɔkɔme nye meta 1,600 aɖewo ko hã la, wotsɔ ŋkɔ nɛ be Artik-nyigba fafɛ dzi ƒukpo le Europa titina. Sno dzana ɖe togbaka sia tame wòkɔkɔna dea meta 3 eye wòxɔa toawo tame ɣleti ade sɔŋ le ƒea me. Yame ƒe nɔnɔme tea ŋu trɔna kpata, eye ame siwo mebua eŋu vevie o la tea ŋu va kpɔa wo ɖokui le afu alo ahũ babla kɔtɔɔ me le toawo tame.

Ƒe alafa geɖee nye esia si togbaka sia zu dzɔdzɔmeliƒo le nutowo, fiaɖuƒewo kple dukɔwo dome. Esi wòsesẽna na kpovitɔwo be woatsa le toawo dzi ta la, enye afi si nutoa me tɔ geɖe tsɔa adzɔnuwo gbãa de tonae tsã. Le ƒe 1930-awo me, esime  To Gã Nyadriawo nye liƒo le Czechoslovakia kple Germany dome la, Ðasefo dovevienuwo dze degbãlawo ƒe mɔ xoxoawo dzi toto gɔme. Kple susu ka? Be woatsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ xɔasiwo tso teƒe siwo wobɔ ɖo ato afi ma ayi afi si wohiã vevie le. Ðekakpui Richard hã nɔ Ðasefo siawo dome.

Nɔvi siwo dzra ɖo abe todzitsaɖilawo ene la lɔa agbalẽwo toa To Gã Nyadriawo dzi yia Germany

“TODZITSAÐIÐI” SIWO ME AFƆKU LE

Richard gblɔ be: “Le kwasiɖanuwuwuwo la, míemana ɖe ƒuƒoƒo siwo me ɖekakpui adre alo esiwo wu nenema le me eye míedzrana ɖo abe ame siwo ɖia tsa le towo dzi ene heɖoa ta tonutoawo me. Ne míedze mɔ tso toa ƒe akpa si le Germany la, exɔna abe gaƒoƒo etɔ̃ ene hafi míeɖoa Špindlerův Mlýn—si le toa ƒe akpa kemɛ le Czech-nyigba dzi eye wòdidi kilometa 16.5. Germanytɔ geɖe nɔ nuto ma me ɣemaɣi. Wo dometɔ ɖekae nye agbledela aɖe si lɔ̃ be yeakpe ɖe nɔviawo ŋu. Tasiaɖam le ŋutsu sia si, si wòtsɔ kua mɔkekeɖulawo ɖia tsae. Eyia du si tsɔ wo gbɔ me ɖalɔa míaƒe agbalẽ siwo wode keteke tso Prague va ɖe kɔ ɖe afi ma la dea eƒe tasiaɖam la me. Etsɔa agbalẽawo gbɔna va ɣlana ɖe eƒe agblexɔe me. Agbalẽawo nɔa afi ma va se ɖe esime nɔvi siwo tso Germany va lɔa wo dzonae.

Richard gblɔ yi edzi be: “Ne míeɖo agble ma me la, míelɔa agbalẽawo le aƒla siwo wosia ɖe agblexɔa ta la te dea míaƒe akplowo me hekplaa wo ɖe dzimegbe. Wotrɔ asi le akploawo ŋu koŋ na agba kpekpewo tsɔtsɔ. Agba si mía dometɔ ɖe sia ɖe tsɔna la kpena abe kilogram 50 ene.” Be woagalé wo o la, wozɔa zã. Wodzea mɔ le ɣeɖoto eye woɖoa aƒe hafi ɣe dzena. Ernst Wiesner, si nye nutome sue dzikpɔla le Germany ɣemaɣi, ɖɔ nu siwo wowɔna be woagalé wo o; egblɔ be: “Nɔviŋutsu eve doa ŋgɔ, eye ne wodo go ame aɖe le mɔa dzi la, wotsɔa woƒe tɔtsi wɔa dzesi na ame susɔeawo enumake. Ne nɔvi siwo tsɔ agba kpekpeawo, siwo le wo yome, eye wo dome didi abe meta 100 ene, kpɔ dzesi sia ko la, woɣlana ɖe gbe me va se ɖe esime nɔvi eveawo va na dzesi bubu wo be woado go. Wonɔa dzesiawo ɖɔlim kwasiɖa sia kwasiɖa.” Gake menye Germany-kpovitɔ siwo nɔa awu blɔ me koe nye afɔku na wo o.

Richard gblɔ be: “Fiẽsi aɖe me la, eva hiã be mawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe, eya ta nɔvinyeawo dzo hafi  nye ya meva dze mɔ ɖo ta Czech. Zã do eye afu hã do, vuvɔ nɔ wɔwɔm vevie, eye tsi hã nɔ dzadzam si wɔe be menɔ ƒoƒom tititi. Meva bu ɖe ave dodoawo me, eye nyemete ŋu va tso mɔ o gaƒoƒo geɖe. Aleae wòdzɔnae be tsaɖila geɖewo kuna. Esi nɔvi bubuawo trɔ gbɔna le ŋufɔke hafi medo go wo.”

Nɔviŋutsu dzinɔameƒotɔwo ƒe ƒuƒoƒo sue sia nɔa toawo dzi yim kwasiɖa sia kwasiɖa anɔ abe ƒe etɔ̃ sɔŋ ene. Le vuvɔŋɔli la, wozãa nu siwo wodea afɔkpa te alo ʋuƒo siwo dzi wonɔna tsɔ zɔa mɔ to sno dzi la tsɔ zɔa mɔae. Ɣeaɖewoɣi la, ƒuƒoƒo siwo me nɔvi siwo ade 20 nɔna la toa mɔ siwo dzi sno xɔ, siwo wode dzesii da ɖi la le ŋkeke me. Be woabu wo abe todzitsaɖilawo ƒe ƒuƒoƒo dzro aɖe ko ene la, wonana nɔvinyɔnuwo hã yina kpli wo. Wo dometɔ aɖewo nɔa ŋgɔ eye ne wokpɔ nane si ate ŋu anye afɔku la, wodaa woƒe kukuwo ɖe yame tsɔ wɔa dzesi.

Afɔku nɔa To Gã Nyadriawo dzi toto me le esi sno xɔa wo tame zi geɖe ta

Nu kae wowɔna ne agbatsɔla siawo trɔ gbɔ tso woƒe zãmɔzɔzɔa me? Wowɔ ɖoɖowo ɖe agbalẽawo mama enumake ŋu. Aleke wowɔnɛ? Woblaa agbalẽawo abe adzalẽ ene, eye wolɔa wo yia ketekedzeƒe le Hirschberg. Eyome woɖoa agbalẽawo ɖe Germany ƒe teƒeteƒewo, eye nɔviwo tsɔa aɖaŋudzedze maa wo na haxɔsetɔwo, abe ale si míegblɔe le nyatia ƒe gɔmedzedze ene. Agbalẽwo mama le bebeme ƒe mɔnuawo de nu wo nɔewo me ale gbegbe be, ne wolé ame ɖeka ko la, esia agblẽ nu geɖe. Gbe ɖeka nane dzɔ si míenɔ mɔ kpɔm na kura o, si va he míaƒe dɔa ɖe megbe.

Le ƒe 1936 me la, woke ɖe míaƒe agbalẽdaɖoƒe aɖe ŋu le Berlin gbɔ lɔƒo. Wokpɔ agbalẽbabla etɔ̃ siwo ame aɖe ɖo ɖa tso Hirschberg. Womenya ame si ɖoe ɖa o. Kpovitɔwo zã mɔnu aɖe tsɔ di ame si ƒe asinuŋɔŋlɔ le nubablɛa dzi eye woke ɖe degbãlaawo ƒe ame vevi aɖe ŋu helée. Emegbe kpuie la, wogalé ame eve siwo wosusu be wonya nane tso eŋu, siwo dometɔ ɖekae nye Richard Rudolph. Esi nɔvi siwo wolé la lɔ̃ xɔ fɔbubu ɖe sia ɖe ta la, nɔvi bubuawo yi mɔzɔzɔ sia si me afɔkuwo nɔ dzidzim ɖe edzi le la dzi.

NUSƆSRƆ̃ SIWO LE EME NA MÍ

Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo wolɔna toa To Gã Nyadri mawo dzie nye agbalẽ siwo Germany Ðasefowo zãna la ƒe akpa gãtɔ. Gake menye To Gã Nyadriawo koe nye mɔ si dzi wotona agbalẽawo ɖoa afi ma o. Mɔ mawo tɔgbi nɔ dukɔ eve siawo ƒe liƒo ŋu va se ɖe ƒe 1939 me, esime Germany-srafowo xɔ Czechoslovakia. Nenema kee Ðasefo siwo nɔ dukɔ bubu siwo do liƒo kple Germany, abe France, Netherlands kple Switzerland ene, kpakple nɔvi siwo le Germany la de woƒe agbe afɔku me tsɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu yina na haxɔsetɔ siwo yome tim wonɔ.

Egbea, ele bɔbɔe be mía dometɔ akpa gãtɔ nakpɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ agbɔsɔsɔ si míehiã, eɖanye esiwo wota loo alo esiwo wolé ɖe mɔ̃ dzi o. Ne Fiaɖuƒe Akpata mee nèxɔ agbalẽ yeyeawo le alo míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org ye nèwɔ eƒe kɔpiwo le o, ɖe manyo be nàbu nu si gbegbe nɔviwo tsɔ sa vɔe hafi wòsu asiwò ŋu oa? Ðewohĩ megasesẽ de to siwo tame sno xɔ la lialia le zãtiƒe nu o ya, ke hã dɔ sesẽ wɔm míaƒe haxɔsetɔ geɖe siwo tsɔ wo ɖokuiwo naa faa la le hafi nu siawo sua asiwò ɣesiaɣi.

^ mm. 3 Nɔviŋutsu sia nɔ Hirschberg Hamea me le Silesia. Hirschberg-du siae woyɔna fifia be Jelenia Góra, eye wòle Poland ƒe anyieheɣetoɖoƒe.