GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2014

Tata sia dzro nudzɔdzɔ dodzidzɔname siwo le Psalmo 45 lia me la me. Ana míakpɔe be Yehowa Mawu nye Nunala, Ametakpɔla kple mía Xɔlɔ̃.

Kafu Kristo, Fia Si Wodo Ŋutikɔkɔe Na!

Gɔmesese vevi kae le nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Psalmo 45 lia me ŋu na mí egbea?

Kpɔ Dzidzɔ Le Alẽvi La Ƒe Srɔ̃ɖeɖe La Ta!

Ame kae nye ŋugbetɔ la, eye aleke Kristo le edzram ɖo hena srɔ̃ɖeɖea? Ame kawoe akpɔ dzidzɔ le Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea ta?

Woyra Ahosi Si Nɔ Zarpat Ðe Eƒe Xɔse Ta

Ahosi la ƒe vi fɔfɔ ɖe tsitre do ŋusẽ eƒe xɔse ale gbegbe. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ?

Yehowa—Nunala Kple Ametakpɔla

De bubu Yehowa Mawu, mía Fofo si le dziƒo ŋu. Kpɔ ale si nàna wò lɔlɔ̃ na Yehowa, Nunala Gãtɔ kple Ametakpɔla nagade to ɖe edzi.

Yehowa—Mía Xɔlɔ̃ Vevitɔ

Kpɔ kpɔɖeŋu si Abraham kple Gideon, siwo nye Yehowa Mawu xɔlɔ̃ veviwo, ɖo na mí ɖa. Nu kae míawɔ be míava zu Yehowa xɔlɔ̃wo?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Susu vevi kawo tae ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo “nɔ mɔkpɔkpɔ me” na Mesia la?

“Makpɔ Yehowa Ƒe Atsyɔ̃”

Blema Israel Fia David kpɔa ŋudzedze ɖe tadedeagu ƒe ɖoɖo siwo Mawu wɔ ŋu ɣesiaɣi. Aleke míakpɔ dzidzɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu egbea?

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

Sinima Si Tu Amewo Ƒe Xɔse Ðo La Xɔ Ƒe 100

Ƒe sia mee ‘Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia’ ƒe gbãtɔ la xɔ ƒe 100. Enye sinima si ŋu wotrɔ asi le be wòana amewo naxɔe ase be Mawu ƒe Nyae Biblia nye.