Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Makpɔ Yehowa Ƒe Atsyɔ̃”

“Makpɔ Yehowa Ƒe Atsyɔ̃”

Nɔnɔme donuxaxanamewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã ɖe mía dzi. Woate ŋu axɔ míaƒe susu me, woate ŋu ana míagbɔdzɔ, eye woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua agbee dzi gɔ̃ hã. Blema Israel Fia David to fukpekpe geɖe me le agbe me. Aleke wòwɔ do dzi? David ŋutɔ ɖo eŋu le eƒe psalmo wɔdɔɖeamedzi aɖe me be: “Metsɔ nye gbe do ɣli na Yehowa, nye gbe metsɔ ƒo koko na Yehowa. Metrɔa nye nuxaxa kɔna ɖe eŋkume, eye meɖea nye hiãwo fiana le eŋkume. Ne nu te nye gbɔgbɔ ŋu la, ènyaa tonyeƒe.” Esia fia be David doa gbe ɖa biaa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ɖokuibɔbɔtɔe.Ps. 142:2-4.

Le ɣeyiɣi sesẽwo me la, David do gbe ɖa bia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ɖokuibɔbɔtɔe

David dzi ha le psalmo bubu me be: “Nu ɖeka mebia Yehowa—eyae mele mɔ kpɔm na, be manɔ Yehowa ƒeme le nye agbemeŋkekewo katã me, ne makpɔ Yehowa ƒe atsyɔ̃, eye makpɔ ŋudzedze ɖe eƒe gbedoxɔ la ŋu.” (Ps. 27:4, NW) Menye Lewi vie David nye o, gake bu eŋu kpɔ ko be, eyae nye ema tɔ ɖe gbedoxɔ si me wodea ta agu na Mawu vavã la le ƒe xɔxɔnu kɔkɔea. Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tadeaguƒea ŋu yɔ David ƒe dzi me ale gbegbe be wòdi be yeanɔ afi ma le yeƒe agbemeŋkekewo katã me ale be ‘yeakpɔ Yehowa ƒe atsyɔ̃.’

Nya “atsyɔ̃” do ƒome kple ‘nu si nyo alo dze ame ŋu henaa dzidzeme ame, alo nu si nya kpɔna na ŋku.’ David kpɔa ŋudzedze ɖe tadedeagu ƒe ɖoɖo siwo Mawu wɔ ŋu ɣesiaɣi. Anyo be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe nye hã mesena le ɖokuinye me abe David enea?’

‘KPƆ ŊUDZEDZE’ ÐE MAWU ƑE ÐOÐOWO ŊU

Le míaƒe ŋkekea me la, Yehowa meɖo teƒe aɖe koŋ ɖi be afi mae míayi hafi ate ɖe ye ŋu o. Ke boŋ Mawu ɖo eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã anyi—eyae nye tadedeagu vavãtɔ ƒe ɖoɖo kɔkɔe la. * Ne ‘míekpɔa ŋudzedze’ ɖe ɖoɖo sia ŋu la, ekema míawo hã míate ŋu ‘akpɔ Yehowa ƒe atsyɔ̃.’

Bu numevɔsamlekpui si wotsɔ akɔbli wɔ si nɔ takpegbadɔa ƒe mɔnu ŋu kpɔ. (2 Mose 38:1, 2; 40:6) Vɔsamlekpui ma tsi tre ɖi na ale si Mawu lɔ̃ faa be yeaxɔ Yesu ƒe amegbetɔ ƒe agbe abe vɔsa ene. (Heb. 10:5-10) Wò ya kpɔ ale si gbegbe esia ɖea vi na míi ɖa! Apostolo Paulo gblɔ be: “Woto Via ƒe ku me dzra mía kple Mawu dome ɖo esime míenye eƒe futɔwo.” (Rom. 5:10) Ne míexɔ Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖe anyi dzi se la, ekema Mawu ave mía nu ahaka ɖe mía dzi abe exɔlɔ̃wo ene. Eye esia ana Yehowa nabɔ ha kpli mí.Ps. 25:14.

Esi ‘wotutua míaƒe nu vɔ̃wo ɖa’ ta la, míekpɔa ‘dzidzemeɣiwo tso Yehowa gbɔ.’ (Dɔw. 3:19) Míaƒe nɔnɔmea le abe gamenɔla si wotso kufia na, si se veve ɖe nu gbegblẽ siwo wòwɔ ta, eye wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ esi wòle lalam be woawui la ene. Esi ʋɔnudrɔ̃la dɔmenyolaa kpɔ esia la, eɖe nu gbegblẽ siwo wòwɔ ƒe fɔbubu le edzi—eye wòte fli ɖe kufia si wòtso nɛ me. Aleke gbegbe gamenɔla ma ƒe dzi adze eme eye wòakpɔ dzidzɔe nye esi! Abe ʋɔnudrɔ̃la ma ene la, Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amegbetɔ trɔdzimewo ŋu eye wòkpɔa nublanui na wo heɖea ku ƒe fɔbuamea ɖa le wo dzi.

KPƆ DZIDZƆ ÐE TADEDEAGU VAVÃTƆ ŊU

Tadedeagu ƒe wɔna siwo teƒe David kpɔ le Yehowa ƒe aƒe me dometɔ aɖewoe nye Israel viwo ƒe  ƒuƒoƒo le ha me, Sea xexlẽ kple emedzodzro le dutoƒo, dzudzɔ ʋeʋĩ dodo kple subɔsubɔdɔ kɔkɔe si nunɔlawo kple Lewi viwo wɔna. (2 Mose 30:34-38; 4 Mose 3:5-8; 5 Mose 31:9-12) Tadedeagu ƒe wɔna siwo wowɔ le blema Israel la tɔgbiwo yia edzi egbea hã.

Egbea la, ‘aleke wònyo, eye wòvivinae nye esi, ne nɔviwo le afi ɖeka’ abe ale si ko wònɔ le blema ene! (Ps. 133:1) Míaƒe xexea me katã ƒe “nɔviwo ƒe habɔbɔ” la dzi ɖe edzi ale gbegbe. (1 Pet. 2:17) Woxlẽa Mawu ƒe Nya la heɖea eme le dutoƒo le míaƒe kpekpewo me. Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi wɔ nufiafia ƒe ɖoɖo nyuiwo na mí. Wotaa agbalẽ geɖe siwo me Biblia ƒe nufiame gbogbo aɖewo le siwo míazã le ɖokuisi kple ƒome nusɔsrɔ̃wo me. Dɔdzikpɔha me tɔ ɖeka gblɔ be: “Ŋugbledede tso Yehowa ƒe Nya la ŋu, gɔmesese si le eŋu ŋu bubu kpakple nunya kple gɔmesese didi na gbɔgbɔmekesinɔnuwo bɔ ɖe asinye kpaŋ, eye nye dzi dzea eme ne mefɔ.” Vavãe, ‘sidzedze ate ŋu avivi míaƒe luʋɔ nu.’Lod. 2:10.

Egbea, gbe siwo Mawu subɔlawo dona ɖa na Yehowa la dea dzi gbe sia gbe. Gbedodoɖa mawo le na Yehowa abe dzudzɔ ʋeʋĩ si ʋẽna lilili ɖee ene. (Ps. 141:2) Aleke gbegbe wòdzɔa dzi na míe nye esi be Yehowa Mawu kpɔa ŋudzedze gã aɖe ɖe mía ŋu ne míete ɖe eŋu hedo gbe ɖa nɛ le ɖokuibɔbɔ me!

Mose do gbe ɖa be: “Aƒetɔ, mía Mawu, ƒe dɔmenyo nanɔ mía dzi, eye wòana míaƒe asinudɔwo nali ke zã na mí.” (Ps. 90:17) Ne míewɔa subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe la, Yehowa yrana ɖe míaƒe asinudɔwo dzi. (Lod. 10:22) Ðewohĩ míekpe ɖe ame aɖewo ŋu wova srɔ̃ nyateƒea. Alo ɖewohĩ míedo dzi le subɔsubɔdɔa wɔm ƒe geɖee nye esia togbɔ be amewo metsɔa ɖeke le nya la me o, lãmegbegblẽ ɖea fu na mí, míaƒe dzi gbãna, alo wotia mía yome hã. (1 Tes. 2:2) Ke hã, ɖe míekpɔ “Yehowa ƒe atsyɔ̃” hede dzesii be mía Fofo si le dziƒo la kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋu geɖe ŋutɔ oa?

David dzi ha be: “Yehowa enye nye domenyinu kple nye kplu me nu; èlé nye dzidzenu ɖe asi. Dzidzenu la dze nyuiaƒe nam.” (Ps. 16:5, 6) David da akpe ɖe eƒe “domenyinu,” si nye ƒomedodo nyui si le eya kple Yehowa dome kple mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòasubɔe, la ta. Abe David ene la, míetea ŋu toa fukpekpe geɖe me, gake gbɔgbɔmeyayra geɖewo su mía si. Eya ta mina míayi edzi akpɔ dzidzɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu, eye míakpɔ “ŋudzedze ɖe” Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ la ŋu ɣesiaɣi.

^ mm. 6 Kpɔ July 1, 1996, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 14-24.