Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa—Mía Xɔlɔ̃ Vevitɔ

Yehowa—Mía Xɔlɔ̃ Vevitɔ

‘Wova yɔ Abraham be Yehowa xɔlɔ̃.’—YAK. 2:23.

1. Esi Mawu wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ta la, ŋutete kawoe le mía si?

WOGBLƆNA zi geɖe be, “Akpa medzia adeɣe o.” Nyateƒee, ɖevi geɖe ɖia wo dzilawo. Esia mewɔ nuku o, elabena vifofoa kple vidadaa gbɔe ɖevia nyi nɔnɔme siwo le esi ƒe dome tsoe. Yehowa mía Fofo si le dziƒo gbɔe míaƒe agbe dzɔ tso. (Ps. 36:10) Eye mí amegbetɔwo míeɖii le mɔ geɖe nu. Esi wòwɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ta la, ŋutete le mía si be míabu tame, atso nya me ahadze xɔlɔ̃wo.1 Mose 1:26.

2. Nu kae ana Yehowa nazu mía Xɔlɔ̃?

2 Yehowa ate ŋu anye mía Xɔlɔ̃ vevitɔ. Lɔlɔ̃ si le Mawu si na mí kple ale si míexɔ eya kple Via dzi se ye ana xɔlɔ̃wɔwɔ sia nava nɔ mía kplii dome. Yesu gblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yoh. 3:16) Ame geɖe nɔ anyi siwo kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli. Mina míadzro esia ƒe kpɔɖeŋu eve me.

“XƆ̃NYE ABRAHAM”

3, 4. Aleke Yehowa kple Abraham dome xɔlɔ̃wɔwɔa to vovo na esi nɔ eƒe dzidzimeviwo kple Yehowa dome?

3 Yehowa yɔ blemafofo kple Israel viwo tɔgbui Abraham be, “xɔ̃nye Abraham.” (Yes. 41:8) Wogayɔ Abraham le 2 Kronika 20:7 be Mawu xɔlɔ̃. Nu kae na nuteƒewɔla sia kple  Wɔla la nye xɔlɔ̃ veviwo? Xɔse si nɔ Abraham si ye.1 Mose 15:6; mixlẽ Yakobo 2:21-23.

4 Abraham ƒe dzidzimeviwoe va zu blema Israel-dukɔa, eye le gɔmedzedzea la, Yehowa nye wo Fofo kple Xɔlɔ̃. Gake nublanuitɔe la, wo kple Mawu dome xɔlɔ̃wɔwɔa me va gblẽ. Nu ka tae? Elabena womegava xɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se o.

5, 6. (a) Nu ka wɔwɔe na Yehowa va zu Xɔ̃wò? (b) Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?

5 Zi ale si nèyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu la, zi nenemae wò xɔse asẽe, eye lɔlɔ̃ si le asiwò nɛ ade to ɖe edzi. Ðo ŋku ɣeyiɣi si me nèsrɔ̃e be Mawu nye Ame ŋutɔŋutɔ kple ame si ate ŋu azu xɔ̃wò la dzi. Èsrɔ̃e hã be wodzi mí katã ɖe nu vɔ̃ me le Adam ƒe tomaɖomaɖo ta. Èva se egɔme hã be amegbetɔƒomea me tɔ akpa gãtɔ ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga tso Mawu gbɔ. (Kol. 1:21) Èva kpɔe be mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo mele adzɔge tso mía gbɔ o, eye etsɔa ɖe le eme na mí. Esi míeva srɔ̃ nu tso ɖoɖo si Mawu wɔ ale be Yesu va xe fe ɖe mía ta ŋu eye míexɔ edzi se la, míeva te xɔlɔ̃dzedze Eyama.

6 Fifia ne míetrɔ kpɔ megbe la, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe nye kple Mawu dome xɔlɔ̃wɔwɔa le nyonyom ɖe edzia? Ðe ale si meka ɖe Xɔ̃nye vevitɔ Yehowa dzi kple lɔlɔ̃ si le asinye nɛ me le sesẽm ɖe edzi gbe sia gbea?’ Blematɔ bubu si hã kple Yehowa dome nɔ kplikplikplie nye Gideon. Mina míadzro eƒe kpɔɖeŋua me azɔ ne míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ ɖa.

“YEHOWAE NYE ŊUTIFAFA”

7-9. (a) Nu ɖedzesi ka teƒee Gideon kpɔ, eye nu kae do tso eme? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Aleke míawɔ be míadze xɔlɔ̃ Yehowa?

7 Ʋɔnudrɔ̃la Gideon subɔ Yehowa le ɣeyiɣi siwo me Israel viwo ɖo nɔnɔme sesẽwo me le Ŋugbedodonyigbaa dzi. Ʋɔnudrɔ̃lawo ta 6 lia ka nya ta be, Yehowa ƒe dɔla va Gideon gbɔ le Ofra. Ɣemaɣi la, Midiantɔwo nye Israel viwo ƒe futɔ siwo nɔa fu ɖem na wo vevie. Eya ta Gideon yi ɖanɔ lu ƒom le wainfiãƒe le esi wòaƒoe le eƒe agble me teƒe, ale be wòate ŋu aɣla nukuawo kaba ne futɔwo gbɔna. Esi dɔla la do ɖe Gideon dzi heyɔe be “ŋutsu kalẽtɔ” la, ewɔ nuku nɛ, eye wòbia be ɖe Yehowa, ame si ɖe Israel tso Egipte, ɖoe be yeaɖe yewo azɔa? Mawudɔlaa ƒo nu ɖe Wɔla la nu heka ɖe edzi na Gideon be Yehowa li kplii vavã.

8 Gideon bia be aleke yeawɔ ‘aɖe Israel tso Midiantɔwo si me’? Yehowa ɖo eŋu nɛ tẽe be: “Manɔ anyi kpli wò kokoko, eye àsi Midiantɔwo abe ŋutsu ɖeka ene.” (Ʋɔn. 6:11-16) Ðewohĩ esi Gideon menya ale si tututu esia ava emee o ta la, ebia be wòana dzesi ye. De dzesii be le dzeɖoɖo sia me la, Gideon ƒe nyawo ɖee fia be eka ɖe edzi bliboe be Yehowa nye Ame ŋutɔŋutɔ.

9 Nu si dzɔ kplɔe ɖo la do ŋusẽ Gideon ƒe xɔse eye wòtee ɖe Mawu ŋu geɖe wu. Gideon ɖa nu eye wòtsɔe ɖo mawudɔlaa kɔme. Esi mawudɔlaa tsɔ eƒe atikplɔ tɔ nuɖuɖua eye enumake wòlé dzo hefiã la, Gideon kpɔe dze sii be Yehowae dɔ eƒe dɔla ɖa nyateƒe. Vɔvɔ̃ lé Gideon eye wòdo ɣli be: “Alele, Aƒetɔ Yehowa! Elabena mekpɔ Yehowa ƒe dɔla ŋku me kple ŋku me.” (Ʋɔn. 6:17-22) Ðe nudzɔdzɔ ma wɔe be Gideon megadina be yeate ɖe Mawu ŋu oa? Kura o! Ðe wòna Gideon ganya Yehowa ɖe edzi eye wòkpɔe be yele ŋutifafa me kplii boŋ. Ŋkɔ si Gideon na vɔsamlekpui si wòɖi ɖe teƒe ma—si nye “Yehowa-Salom”—la ɖe esia fia. Ŋkɔ ma gɔmee nye “Yehowae nye ŋutifafa.” (Mixlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:23, 24) Ne míedea ŋugble le nu siwo Yehowa wɔna na mí gbe sia gbe ŋu la, míekpɔnɛ be enye Xɔlɔ̃ vavã. Gbedodoɖa na Mawu  edziedzi nana míekpɔnɛ be míele ŋutifafa me kplii, eye wònana mía kplii dome xɔlɔ̃wɔwɔa me gasẽna ɖe edzi.

AME KA ‘ADZE YEHOWA ƑE AGBADƆ ME’?

10. Le Psalmo 15:3, 5 ƒe nya nu la, nu kae Yehowa bia be míawɔ hafi anye exɔlɔ̃wo?

10 Gake hafi Yehowa nanye mía Xɔlɔ̃ la, ele be míaɖo nudidi aɖewo gbɔ. David gblɔ nudidi siwo gbɔ wòle be míaɖo hafi míate ŋu ‘adze Yehowa ƒe agbadɔ me,’ si fia be míanye Mawu xɔlɔ̃wo, la le Psalmo 15 lia me. (Ps. 15:1) Mina míalé ŋku ɖe nudidi siawo dometɔ eve ŋu. Gbãtɔe nye be míaƒo asa na amegɔmezɔzɔ. Evelia, míaɖi anukware le nu sia nu me. David gblɔ tso ame si di be yeadze Yehowa ƒe agbadɔ me ŋu be: “Metsɔa eƒe aɖe zɔa ame gɔmee o . . . Mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋu o.”Ps. 15:3, 5.

11. Nu ka tae wòle be míaƒo asa na amegɔmezɔzɔ?

11 David gaxlɔ̃ nu mí le psalmo bubu me be: “Kpɔ wò aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu.” (Ps. 34:14) Ne mímewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia si tso gbɔgbɔ me dzi o la, míate ŋu anye mía Fofo dzɔdzɔe si le dziƒo la xɔlɔ̃wo o. Le nyateƒe me la, Yehowa ƒe futɔ gãtɔ Satana ƒe nɔnɔmee amegɔmezɔzɔ nye. Helagbe me nya si gɔme woɖe be “Abosam” la fia “amegɔmezɔla.” Ne míekpɔa míaƒe aɖe dzi le nya siwo míegblɔna le amewo ŋu me la, esia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ƒomedodo nyui si le mía kple Yehowa dome ta. Míaƒe aɖe dzi kpɔkpɔ le vevie, vevietɔ le ale si míewɔa nu ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me ŋu me.Mixlẽ Hebritɔwo 13:17; Yuda 8.

12, 13. (a) Nu ka tae wòle be míaɖi anukware le nu sia nu me? (b) Dɔ kae míaƒe anukwareɖiɖi wɔna ɖe amewo dzi?

12 Nɔnɔme bubu si hã ɖea dzesi le Yehowa subɔlawo ŋue nye anukwareɖiɖi, ke menye amebaba o. Apostolo Paulo gblɔ be: “Minɔ gbedodoɖa dzi ɖe mía ta, elabena míeka ɖe edzi be dzitsinya anukwaretɔ le mía si, elabena míedina be míawɔ nu le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me.” (Heb. 13:18) Esi míeɖoe kplikpaa be “míawɔ nu le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me” ta la, míebaa mía nɔvi Kristotɔwo o. Le kpɔɖeŋu me, ne míexɔ wo wole dɔ wɔm na mí la, ele be míawɔ nu ɖe wo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe, eye míaxe fe si dzi míeda asi ɖo la na wo pɛpɛpɛ. Ele be mí Kristotɔwo míaɖi anukware le nuwɔwɔ kple míaƒe dɔwɔviwo kple ame bubuwo siaa me. Eye ne míawo hã míele dɔ wɔm na mía nɔvi Kristotɔ aɖe la, mele be míanɔ dɔa wɔm ɖewoɖewoe ahanɔ mɔ kpɔm be wòawɔ nu ɖe mía ŋu etɔxɛ o.

13 Ame siwo menye Ðasefowo o kafua mí ɖe míaƒe anukwareɖiɖi ta. Le kpɔɖeŋu me, xɔtudɔwɔƒe gã aɖe ƒe amegã de dzesii be Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe woƒe ŋugbedodowo dzi. Egblɔ be: “Miewɔna ɖe dɔwɔɖoɖo si dzi mielɔ̃ ɖo la dzi ɣesiaɣi.” (Ps. 15:4) Anukwareɖiɖi alea kpena ɖe mía ŋu míeléa xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Yehowa dome la me ɖe asi. Ƒo wo katã ta la, enyea kafukafu na mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo.

KPE ÐE AMEWO ŊU WOAVA ZU YEHOWA XƆLƆ̃WO

Míekpena ɖe amewo ŋu be woava zu Yehowa xɔlɔ̃wo (Kpɔ memama 14, 15)

14, 15. Aleke míakpe ɖe amewo ŋu woava zu Yehowa xɔlɔ̃wo?

14 Togbɔ be ame geɖe siwo míedoa go le gbeadzi xɔe se be Mawu li hã la, womebua eyama be enye yewo Xɔlɔ̃ vevitɔ o. Aleke míakpe ɖe wo ŋu? De dzesi mɔfiame si Yesu na eƒe nusrɔ̃la 70-awo esi wònɔ wo dɔm eveve be woaɖaɖe gbeƒã. Egblɔ na wo be: “Afi sia afi si miege ɖe aƒe aɖe me le la, gbã la, migblɔ be, ‘Ŋutifafa na aƒe sia.’ Eye ne ŋutifafalɔ̃la aɖe le afi ma la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi. Gake ne ɖeke meli o la, ekema agbugbɔ ava na mi.” (Luka 10:5, 6) Míate ŋu ahe amewo  ɖe nyateƒea ŋu ne míewɔa nu ɖe wo ŋu xɔlɔ̃tɔe. Esia ate ŋu ana tsitretsiɖeŋulawo gɔ̃ hã ƒe dzi nabɔbɔ eye woalɔ̃ aɖo to mí ɣebubuɣi.

15 Ne míedo go ame siwo nyrɔ wo ɖokuiwo ɖe alakpasubɔsubɔ me alo wɔa kɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la, ele be míawɔ nu ɖe woawo hã ŋu xɔlɔ̃tɔe ahanye ŋutifafawɔlawo. Ele be míaxɔ ame siwo katã vaa míaƒe kpekpeawo la atuu, vevietɔ ame siwo le hũu ɖem le xexea me ƒe nɔnɔmewo ta eye wodi be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu si subɔm míele ŋu. Ame siawo tɔgbi ƒe kpɔɖeŋu geɖewo dzena le nyati si nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” me.

DƆWƆWƆ KPLE MÍA XƆLƆ̃ VEVITƆ LA

16. Gɔmesese ka nue míenyea Yehowa xɔlɔ̃wo kple eƒe “hadɔwɔlawo” siaa le?

16 Ame siwo wɔa dɔ ɖekae la va zua xɔlɔ̃ veviwo zi geɖe. Mɔnukpɔkpɔ sua ame siwo katã ɖe adzɔgbe na Yehowa si be woava nye exɔlɔ̃wo kple eƒe “hadɔwɔlawo.” (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 3:9.) Le nyateƒe me la, gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nana míegasea mía Fofo si le dziƒo ƒe nɔnɔme wɔnukuawo gɔme ɖe edzi. Míekpɔa ale si eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le kpekpem ɖe mía ŋu le nya nyui gbɔgblɔ dɔ si wode asi na mí la wɔwɔ me.

17. Aleke gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo wonana mí le takpekpe gãwo kple suewo me ɖenɛ fiana be Yehowa nye mía Xɔlɔ̃?

17 Zi ale si míele geɖe wɔm le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me la, zi nenemae míekpɔnɛ be míele tetem ɖe Yehowa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míekpɔ ale si Yehowa gblẽa tsitretsiɖeŋulawo ƒe tameɖoɖo me la teƒe. Ne míebu nu siwo dzɔ le ƒe ʋɛ siwo va yi me ŋu la, ɖe míekpɔa ale si Mawu le mɔ fiam mí la kɔtɛ oa? Gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo siwo nam wole mí ɣesiaɣi wɔa nuku na mí. Míaƒe takpekpe gãwo kple suewo nana míekpɔnɛ be Yehowa sea míaƒe kuxiwo gɔme eye wònya míaƒe nuhiahiãwo. Ƒome aɖe gblɔ le lɛta si woŋlɔ tsɔ da akpe ɖe takpekpe aɖe si wode ta me be: “Takpekpea me nyawo de dzi gbɔ na mí ŋutɔ. Míekpɔ ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖe hedi vevie be nu nadze edzi na mí la dze sii.” Esi atsu kple asi aɖe siwo tso Germany de nutome gã takpekpe tɔxɛ aɖe le Ireland la, woɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe ale si nɔviwo xɔ wo helé be na woe ŋu eye wogblɔ kpee be: “Gake míaƒe akpedada gãtɔ yi na Yehowa kple Fia Yesu Kristo si wòɖo la. Elabena wokpe mí be míava nɔ Mawu ƒe dukɔ sia si me ɖekawɔwɔ vavã le la me. Menye ɖeko míeƒoa nu tso ɖekawɔwɔ ŋu o, ke míele vivi sem le eme gbe sia gbe. Nu siwo teƒe míekpɔ le takpekpe tɔxɛ sia me le Dublin ana míanɔ ŋku ɖom mɔnukpɔkpɔ gã si wònye na mí  be míawɔ ɖeka kpli mi katã le mía Mawu gã la subɔsubɔ me la dzi.”

XƆLƆ̃WO ÐOA DZE

18. Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui ku ɖe ale si mía kple Yehowa dome le ŋu?

18 Xɔlɔ̃wɔwɔ nyona ɖe edzi ne xɔlɔ̃wo ɖoa dze. Internet dzi hahoo kadodowo kple nyawo ɖoɖo ɖe amewo to asitelefon dzi va bɔ le mɔ̃ɖaŋununya ƒe xexe sia me. Ke aleke mía kple Yehowa si nye mía Xɔlɔ̃ vevitɔ ya dome kadodo le? Enye nyateƒe be enye ‘Gbedodoɖasela.’ (Ps. 65:3) Gake ɖe míeɖoa dze kplii edziedzia?

19. Ne ele sesẽm na mí be míagblɔ míaƒe dzimenyawo na mía Fofo si le dziƒo la, kpekpeɖeŋu kae li na mí?

19 Menɔa bɔbɔe na Mawu subɔla aɖewo be woagblɔ woƒe dzimenyawo na ame aɖe o. Gake nu ma tututue Yehowa di be míawɔ ne míele gbe dom ɖa na ye. (Ps. 119:145; Kony. 3:41) Ne míaƒe dzimenyawo gbɔgblɔ le sesẽm na mí gɔ̃ hã la, kpekpeɖeŋu li na mí. Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma be: “Nu si wòle be míado gbe ɖa abia, abe ale si wòhiã be míawɔe ene la, míenyae o, gake gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa míaƒe ŋeŋe siwo míeɖe gblɔ o la, ɖe akɔ. Ke hã, ame si dzroa dziwo me kpɔ la nya gbɔgbɔ la ƒe taɖodzinu, elabena exɔa ame kɔkɔewo ƒe nya ɖe akɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.” (Rom. 8:26, 27) Ŋugbledede le nya siwo le Biblia gbalẽ siwo nye Hiob, Psalmowo kple Lododowo me ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖe míaƒe seselelãme ememetɔwo agblɔ na Yehowa.

20, 21. Akɔfafa kae míekpɔna tso nya siwo Paulo gblɔ le Filipitɔwo 4:6, 7 me?

20 Ne nɔnɔme sesẽwo dze ŋgɔ mí la, mina míawɔ ɖe aɖaŋu si gbɔgbɔ ʋã Paulo wòɖo na Filipitɔwo dzi be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo.” Ne míeɖo dze kple mía Xɔlɔ̃ vevitɔa alea la, afa akɔ na mí ahana gbɔdzɔe mí, elabena Paulo gblɔ kpee be: “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.” (Flp. 4:6, 7) Mina míada akpe ɖe “Mawu ƒe ŋutifafa” si ɖeke mesɔ kplii o, si dzɔa míaƒe dziwo kple míaƒe tamesusuwo ŋu la ta ɣesiaɣi.

Aleke gbedodoɖa nana xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Mawu dome nyona ɖe edzi? (Kpɔ memama 21)

21 Gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu míetua xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Yehowa dome ɖo. Eya ta mina míanɔ “gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe.” (1 Tes. 5:17) Neva eme be nusɔsrɔ̃ sia nado ŋusẽ ƒomedodo xɔasi si le mía kple Mawu dome ahana míaɖoe kplikpaa wu be míawɔ ɖe eƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi. Mina míadi ɣeyiɣi ade ŋugble tso yayra siwo kpɔm míele le esi Yehowa nye mía Fofo, mía Mawu kple mía Xɔlɔ̃ vavã ta la ŋu.