GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 2014

Le tata sia me la, àkpɔ ale si nàtu ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ɖo ahanɔ susu nyuiwo bum tso ɖokuiwò ŋu. Aleke míalé be na haxɔsetɔ kple dzila tsitsiwoe?

Na Nyateƒea Naɖo Wò Ƒometɔwo Ƒe Dzi Gbɔ

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe ƒometɔwo ŋu me? Aleke míaɖe míaƒe dzixɔsewo me na ƒometɔ siwo le xɔseha bubuwo me alo esiwo mele ɖeke me kura o?

Tu Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ Ðo

Futɔ aɖe li si ate ŋu anɔ nu gblẽm le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si le mía me ŋu vivivi. Nyati sia afia futɔ sia mí, eye wòana míakpɔ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ avu kplii.

Nɔ Susu Nyuiwo Bum Tso Ðokuiwò Ŋu

Nu ka tae ame geɖe le avu wɔm kple susu manyomanyowo bubu tso wo ɖokui ŋu? Nyati sia dzro ale si míazã Biblia be wòakpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ susu nyuiwo bum tso mía ɖokui ŋu la me.

Ƒometadedeagu—Àte Ŋu Ana Wòagavivi Wua?

Kpɔ ale si nɔvi siwo le dukɔ vovovowo me le woƒe ƒometadedeagua wɔm, be nàsrɔ̃ nu tso woƒe kpɔɖeŋu me.

Mide Bubu Ame Tsitsi Siwo Le Mia Dome Ŋu

Kpɔ ale si Mawu bua nuteƒewɔla tsitsiwo. Agba kae le vi tsitsiwo dzi le wo dzilawo gome? Aleke hamewo ate ŋu ade bubu ame tsitsi siwo le wo dome ŋu?

Beléle Na Dzila Tsitsiwo

Dzila tsitsiwo kple wo vi tsitsiwo ate ŋu ade adaŋu le nyametsotso kple dzadzraɖo siwo hiã ŋu hafi “ŋkeke vɔ̃wo nava.” Aleke woate ŋu akpe akɔ kple kuxi mawoe?

Wò Nyawo—‘Ðe Wonyea Ɛ̃, Ganyea Aoa’?

Ele be Kristotɔ vavãwo nawɔ ɖe woƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi eye mele be woƒe nyawo ‘nanye ɛ̃ aganye ao’ gbeɖe o. Ke ne eva hiã be míagli ɖoɖo aɖe ya ɖe? Srɔ̃ nu tso apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋu me.