Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tu Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ Ðo

Tu Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ Ðo

“Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ.”MAT. 16:24.

1. Aleke Yesu ɖo ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi?

ESIME Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖo ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi. Etsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ, ke menye eya ŋutɔ ƒe didiwo kple nudzodzrowo o. (Yoh. 5:30) Ewɔ nuteƒe va se ɖe ku me le fuwɔametia ŋu heto esia dzi ɖee fia be yelɔ̃ be yeatsɔ ye ɖokui asa vɔ ɖe amewo ta le nu sia nu me.Flp. 2:8.

2. Aleke míaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ afia? Eye nu ka tae?

2 Esi míenye Yesu yomedzelawo ta la, ele be míawo hã míaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ afia. Nu kae nya sia fia? Kpuie ko la, efia be ame nalɔ̃ faa aɖe asi le eƒe didiwo ŋu ale be wòakpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne míagblɔe la, ɖokuitsɔtsɔsavɔ fia be amea media eɖokui tɔ o. (Mixlẽ Mateo 16:24.) Ðokuitɔmadimadi akpe ɖe mía ŋu be míabu amewo ƒe seselelãmewo ŋu gbã ahatsɔ woƒe didiwo aɖo ŋgɔ na mía tɔwo. (Flp. 2:3, 4) Le nyateƒe me la, Yesu fia nu be ɖokuitɔmadimadi nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe. Le mɔ ka nu? Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃, si nye nu si ʋãa mí míetsɔa mía ɖokuiwo saa vɔ, lae nye nu vevi si dea dzesi Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo. (Yoh. 13:34, 35) Azɔ hã, bu yayra gbogbo siwo  míekpɔna le esi míenye xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ fiana la me tɔwo ta ŋu kpɔ!

3. Nu kae ate ŋu agblẽ nu le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si le mía me ŋu?

3 Gake futɔ aɖe li si ate ŋu anɔ nu gblẽm le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si le mía me ŋu vivivi. Futɔ mae nye ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo. Bu ale si Adam kple Xawa wɔ nu ɖokuitɔdiditɔe ŋu kpɔ. Ðokuitɔdidie na Xawa ɖu atikutsetsea be yeanɔ abe Mawu ene. Eye ɖokuitɔdidie na Adam hã ɖui be yeadze ye srɔ̃ ŋu. (1 Mose 3:5, 6) Esi Abosam trɔ Adam kple Xawa ɖa tso tadedeagu vavãtɔa gbɔ megbe la, eyi edzi le amewo tem kpɔ be woanye ɖokuitɔdilawo. Etsɔ nu sia te Yesu kpɔ gɔ̃ hã. (Mat. 4:1-9) Le míaƒe ŋkekea me la, Satana te ŋu ble ame akpa gãtɔ ale be wodia wo ɖokui tɔ le mɔ geɖe nu. Eya ta ne míekpɔ nyuie o la, ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ si le xexea me ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi.Ef. 2:2.

4. (a) Ðe míate ŋu aɖe ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo ɖa keŋkeŋ egbea? Ðe eme. (b) Biabia kawo mee míadzro?

4 Míate ŋu atsɔ ɖokuitɔdidi asɔ kple ɣebia. Ne wogblẽ gayibɔ ɖe ya nu eye tsi le kɔkɔm ɖe edzi la, etea ŋu léa ɣebia. Afɔkua ŋutɔe nye be, ne womewɔ naneke tsɔ lé ɣebialélea nu o la, anɔ gayibɔa dome gblẽm vivivi va se ɖe esime ŋusẽ maganɔ eŋu wòalé naneke ɖe te o. Nenema ke togbɔ be míate ŋu aɖe blibomademade kple ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo ɖa keŋkeŋ egbea o hã la, ele be míayi edzi anɔ avu wɔm kpli wo. Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe wo ŋu be woagagblẽ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si le mía me la dome o. (1 Kor. 9:26, 27) Aleke míawɔ akpɔ ɖokuitɔdidi ƒe dzesiwo adze sii? Eye nu kae míawɔ be míaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ afia geɖe wu?

ZÃ BIBLIA NÀTSƆ ADI ÐOKUITƆDIDI ƑE DZESIWO

5. (a) Aleke míate ŋu azã Biblia abe ahuhɔ̃e ene? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Ne míedi be míanya ne míedia mía ɖokui tɔ la, nu kae wòle be míaƒo asa na?

5 Abe ale si míate ŋu azã ahuhɔ̃e atsɔ akpɔ míaƒe dzedzeme ene la, nenema kee míate ŋu azã Biblia atsɔ akpɔ míaƒe amenyenye ale be míaɖɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo le mía ŋu la ɖo. (Mixlẽ Yakobo 1:22-25.) Ke hã, ne míezã ahuhɔ̃e nyuie ko hafi wòate ŋu aɖe vi na mí. Le kpɔɖeŋu me, ne míekpɔ ahuhɔ̃e me flui ko la, mímate ŋu akpɔ ɖi si le sue gake wònye nu ɖedzesi si amewo akpɔ bɔbɔe la o. Alo ne míeglɔ̃ ahuhɔ̃ea alo bii ɖe akpa ɖeka hafi le eme kpɔm la, anɔ eme be ame bubu si le mía xa boŋue míakpɔ le eme. Nenema kee hafi Biblia nakpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo abe ɖokuitɔdidi ene la, mele be míaxlẽe ato eme dzradzradzra ko alo atsɔe anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o.

6. Aleke ‘míenɔa se deblibo la dzi ɖaa’?

6 Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu anɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm gbe sia gbe gake mímanɔ ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ si le tsitsim le mía me la kpɔm dze sii o. Aleke esia ate ŋu adzɔe? Bu nya sia ŋu kpɔ: Le ahuhɔ̃e ƒe kpɔɖeŋu si Yakobo wɔ me la, menye ɖe amea mekpɔ ahuhɔ̃ea me nyuie o. Yakobo gblɔ be amea “le eƒe dzɔdzɔmemo kpɔm.” Le afi sia la, Yakobo zã Helagbe me nya si fia ŋkuléle ɖe nu ŋu nyuie. Eya ta nu kae nye amea ƒe kuxi? Yakobo yi edzi be: ‘Edzo, eye enumake eŋlɔ ame si ƒomevi wònye la be.’ Ɛ̃, amea dzo le ahuhɔ̃ea gbɔ evɔ mewɔ naneke tsɔ ɖɔ nu si wòkpɔ la ɖo o. Gake menye ɖeko ame si kpɔa dzidzedze la “léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu” o, ke ‘enɔa edzi ɖaa’ hã. Le esi wòaŋlɔ se deblibo si le Mawu ƒe Nya la me be teƒe la, eyia edzi wɔna ɖe eƒe nufiamewo dzi. Yesu hã ɖe susu ma ke fia esi wògblɔ be: “Ne mieyi edzi nɔ nye  nya la me la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã.”Yoh. 8:31.

7. Aleke míate ŋu azã Biblia atsɔ akpɔe ɖa be ɖe míedia mía ɖokui tɔ mahã?

7 Eya ta hafi nàte ŋu awɔ avu kple ɖokuitɔdidi la, gbã la, ele be nàxlẽ Mawu ƒe Nya la ŋuɖɔɖotɔe. Esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ afi siwo wòhiã be nàwɔ ɖɔɖɔɖo le. Gake ehiã be nàwɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Wɔ numekuku tso nu siwo nèxlẽ ŋu. Ne èxlẽ Biblia me ŋutinya aɖe la, bia ɖokuiwò be: ‘Ne nyee ɖo nɔnɔme sia me la, aleke mawɔ nui? Ðe mawɔ nu le mɔ nyuitɔ nua?’ Nu si gale vevie wue nye be, ne ède ŋugble le nu si nèxlẽ ŋu vɔ la, dze agbagba nàwɔ ɖe edzi. (Mat. 7:24, 25) Mina míadzro ale si míate ŋu azã Fia Saul kple apostolo Petro ƒe kpɔɖeŋuawo be woakpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ɖem fia me.

SRƆ̃ NU TSO FIA SAUL ƑE NUXLƆ̃AMEKPƆÐEŊUA ME

8. Nɔnɔme kae nɔ Saul si esi wòdze fiaɖuɖu gɔme? Eye aleke wòɖe esia fiae?

8 Ale si ɖokuitɔdidi ate ŋu agblẽ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si le mía me dome la dze le Israel Fia Saul ƒe ŋutinya me. Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, enye ame si bua eɖokui suetɔ eye wòbɔbɔa eɖokui. (1 Sam. 9:21) Melɔ̃ be yeahe to na Israel-vi siwo ƒo nu tsi tre ɖe eŋu o, togbɔ be dziɖuŋusẽ si Mawu nɛ la ŋue ameawo nɔ tsitre tsim ɖo hã. (1 Sam. 10:27) Fia Saul ɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa fia mɔe esi wònɔ ŋgɔ na Israel-viwo wowɔ aʋa kple Amonitɔwo. Esi woɖu aʋa dzi la, etsɔ kafukafua na Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe.1 Sam. 11:6, 11-13.

9. Aleke Saul va zu ɖokuitɔdila?

9 Emegbe la, Saul ɖe mɔ ɖokuitɔdidi kple dada gblẽ nu le eƒe dzi ŋu, abe ale si ɣebia gblẽa nui ene. Esi wòɖu Amalekitɔwo dzi la, etsi dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe didiwo ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbe. Saul lɔ aboyonuwo gbɔe ŋukeklẽtɔe le esi wòatsrɔ̃ wo abe ale si Mawu de se nɛ ene teƒe. Eye Saul ɖi ŋkuɖodzikpe na eɖokui dadatɔe gɔ̃ hã. (1 Sam. 15:3, 9, 12) Esi nyagblɔɖila Samuel gblɔ na Saul be eƒe nuwɔnaa medze Yehowa ŋu o la, edze agbagba be yeaʋli ye ɖokui ta. Ehe susu yi Mawu ƒe sededea ƒe akpa si dzi wòwɔ ɖo dzi, eye wòtsɔ eƒe vodada ƒe fɔbubua ya da ɖe ame bubuwo dzi. (1 Sam. 15:16-21) Gakpe ɖe eŋu la, dada wɔe be Saul tsi dzi ɖe bubu si le eŋu la ŋu wu Mawu ŋu dzedze. (1 Sam. 15:30) Aleke míate ŋu azã nuŋlɔɖi si ku Saul ŋu la abe ahuhɔ̃e ene be wòakpe ɖe mía ŋu míayi edzi aɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ afia?

10, 11. (a) Nu kae Saul ƒe kpɔɖeŋua fia mí ku ɖe ale si míayi edzi aɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ afia ŋu? (b) Aleke míawɔ aƒo asa na afɔ gbegblẽ si Saul ɖe?

10 Gbã la, Saul ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be mele be míaka ɖe mía ɖokui dzi fũu akpa ahasusui be ne míeɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ fia va yi ko la, ke efia be míayi edzi anɔ eɖem fia godoo o. (1 Tim. 4:10) Ðo ŋku edzi be Saul nɔ agbagba dzem nyuie, si na be Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu le gɔmedzedzea, gake mete ŋu ho ɖokuitɔdidi ƒe dzodzro siwo nɔ tsitsim ɖe eme la o. Mlɔeba la, Yehowa gbe Saul le eƒe tomaɖomaɖo ta.

11 Evelia, ele be míakpɔ nyuie be míaƒe susu naganɔ nu siwo míele wɔwɔm nyuie ko ŋu evɔ míaŋe aɖaba aƒu nu siwo ŋu wòhiã be míawɔ ɖɔɖɔɖo le dzi o. Ðeko esia anɔ abe awu yeye si míedo la kpɔkpɔ le ahuhɔ̃e me ahanɔ mía ɖokui kafum evɔ míakpɔ ɖi si le mo na mí ya o ene. Nenye be mímeva zu dadalawo heka ɖe mía ɖokui dzi abe Saul ene o hã la, ele be míadze agbagba aƒo asa na afɔɖeɖe ɖe sia ɖe si ana nɔnɔme gbegblẽ sia nasu mía si. Ne woɖo aɖaŋu na mí la, mele be míaʋli míaƒe nuwɔnaa ta alo ada fɔbubua ɖe ame bubu dzi abe ale si Saul wɔe ene o, ke boŋ  anyo wu be míalɔ̃ awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi.Mixlẽ Psalmo 141:5.

12. Ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, aleke ɖokuitsɔtsɔsavɔ akpe ɖe mía ŋu?

12 Ke ne edzɔ be míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe ya ɖe? Saul di be yeakpɔ bubu si le ye ŋu la ta, eye esia na mete ŋu ɖɔ ƒomedodo si le eya kple Mawu dome ɖo o. Gake ɖokuitsɔtsɔsavɔ aʋã míawo ya be míalɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu nenye be esia ana míaɖu ŋukpe gɔ̃ hã. (Lod. 28:13; Yak. 5:14-16) Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe dze amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo kpɔkpɔ gɔme esime wòxɔ ƒe 12, eye wòyi esia wɔwɔ dzi le adza me ƒe ewo kple edzivɔ. Egblɔ be: “Esesẽ nam ŋutɔ be maʋu nu si wɔm menɔ me na srɔ̃nye kple hamemetsitsiwo. Gake fifia meʋu eme na wo, eye mese le ɖokuinye me be agba kpekpe aɖe ɖe ɖa le dzinye. Ete ɖe xɔ̃nye aɖewo dzi, eye wòwɔ na wo be medo ŋukpe yewo le esi woxɔ dɔ le asinye be nyemeganye subɔsubɔdɔwɔla o ta. Ke hã, menya be Yehowa le ŋudzedze kpɔm ɖe nye subɔsubɔdɔa ŋu fifia wu esime menɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm, eye ale si eya bua nuwoe ye le vevie wu.”

PETRO ÐU ÐOKUITƆDIDI DZI

13, 14. Aleke Petro wɔ nu ɖokuitɔdiditɔe?

13 Apostolo Petro ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ fia esime Yesu nɔ hehe namee. (Luka 5:3-11) Ke hã, eva hiã be wòawɔ avu kple ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo. Le kpɔɖeŋu me, dzi kui esime apostolo Yakobo kple Yohanes di be yewoanɔ nɔƒe kɔkɔ le Yesu ŋu le Mawu Fiaɖuƒea me. Ðewohĩ Petro susui be ele be nɔƒe mawo dometɔ ɖeka nanye ye tɔ, elabena Yesu gblɔ va yi be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe asu Petro si. (Mat. 16:18, 19) Yesu xlɔ̃ nu Yakobo, Yohanes kple Petro kpakple apostolo bubuawo katã ku ɖe didi be ‘yewoaɖu aƒetɔ ɖe’ yewo nɔviwo dzi ɖokuitɔdiditɔe ŋu.Marko 10:35-45.

14 Esi Yesu dze agbagba be yeaɖɔ Petro ƒe susu ɖo megbe gɔ̃ hã la, Petro gayi edzi nɔ nu wɔm ɖokuitɔdiditɔe kokoko. Esi Yesu gblɔ na apostoloawo be woagblẽ ye ɖi hena ɣeyiɣi kpui aɖe la, Petro da ehati apostolowo ɖe anyi esi wògblɔ be ye ɖeka yeawɔ nuteƒe. (Mat. 26:31-33) Gake mele be Petro naka ɖe eɖokui dzi fũu nenema hafi o, elabena zã ma ke me la, mete ŋu ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ fia o. Egbe nu le Yesu gbɔ  zi etɔ̃ sɔŋ esi wònɔ agbagba dzem be yeakpɔ ye ɖokui ta.Mat. 26:69-75.

15. Nu ka tae Petro ƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na mí?

15 Petro ʋlina vevie gake edo kpo nu zi geɖe. Ke hã, eƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na mí. Le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu kple Petro ŋutɔ ƒe agbagbadzedze me la, ete ŋu ɖu ɖokuitɔdidi dzi, eye wòva ɖe ɖokuidziɖuɖu kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fia. (Gal. 5:22, 23) Edo dzi le dodokpɔ siwo nu sẽ wu esiwo me wòdze anyi le do ŋgɔ la me. Eɖe ɖokuibɔbɔ fia le ale si wòwɔ nui esi apostolo Paulo ka mo nɛ le dutoƒo me. (Gal. 2:11-14) Eye Petro melé dziku ɖe dɔ me hesusui be Paulo ƒe mokanamea klo bubu le ye ŋu o. Petro yi edzi lɔ̃ Paulo. (2 Pet. 3:15) Petro ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ afia geɖe wu.

Aleke Petro wɔ nui esi woɖɔe ɖo? Ðe míawo hã míawɔ nu nenema? (Kpɔ memama 15)

16. Aleke míate ŋu aɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ afia le nɔnɔme sesẽwo me?

16 Aleke nèwɔa nui le nɔnɔme sesẽwo me? Esi wolé Petro kple apostolo bubuawo de gaxɔ me eye emegbe woƒo wo le gbeƒãɖeɖedɔa ta hã la, wonɔ dzidzɔ kpɔm “elabena wobui be yewodze be woado vlo yewo le [Yesu ƒe] ŋkɔ la ta.” (Dɔw. 5:41) Wò hã àte ŋu abu yometiti be enye mɔnukpɔkpɔ na wò be nàsrɔ̃ Petro ƒe kpɔɖeŋua eye nàdze Yesu ƒe afɔɖoƒe yome ahaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ afia. (Mixlẽ 1 Petro 2:20, 21.) Nɔnɔme sia tutuɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne hamemetsitsiwo ɖo aɖaŋu na wò. Le esi nàdo dziku teƒe la, srɔ̃ Petro ƒe kpɔɖeŋu.Nyagb. 7:9.

17, 18. (a) Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui tso míaƒe taɖodzinuwo ŋu? (b) Nu kae míate ŋu awɔ ne míede dzesii be ɖokuitɔdidi ƒe dzodzro aɖe le mía me?

17 Petro ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na wò ne èɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na ɖokuiwò. Àte ŋu aɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ afia esi nèle wo minyam. Gake kpɔ nyuie be nàgaɖo taɖodzinu siawo le ŋkɔxɔxɔ ta o. Eya ta bia ɖokuiwò be, ‘Nu ka tae mele didim be mawɔ ŋgɔyiyi le Yehowa subɔsubɔ me? Abe Yakobo kple Yohanes ene la, esi medi be amewo nakafum alo be ɖoƒe gã nasu asinye taea?’

18 Ne ède dzesii be ɖokuitɔdidi ƒe dzodzro aɖe le mewò la, do gbe ɖa na Yehowa nàbiae be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖɔ wò susu kple seselelãmewo ɖo; eyome nàku kutri be yeawɔ nu si anye kafukafu na Yehowa ke menye na ye ŋutɔ o. (Ps. 86:11) Àte ŋu ati taɖodzinu siwo mahe amewo ƒe susu ava dziwò o hã yome. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu adze agbagba be yeatu gbɔgbɔ la ƒe kutsetsea ƒe akpa siwo ɖeɖe fia sesẽna na wò la ɖo geɖe wu. Alo ne èdzrana ɖo nyuie ɖe wò dɔdeasiwo ŋu evɔ mètsɔa ɖe le Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo me boo o la, àte ŋu aɖoe wò taɖodzinu be yeawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Romatɔwo 12:16 dzi.—Mixlẽe.

19. Ne míekpɔ mía ɖokui le Mawu ƒe Nya ƒe ahuhɔ̃ea me la, nu kae míawɔ be dzi nagaɖe le mía ƒo o?

19 Ne míelé ŋku ɖe mía ɖokui ŋu nyuie le Mawu ƒe Nya ƒe ahuhɔ̃ea me eye míekpɔe be gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo abe ɖokuitɔdidi ene le mía ŋu la, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo. Ne esia dzɔ ɖe dziwò la, ɖo ŋku ame si kpɔ dzidzedze le ahuhɔ̃e ƒe kpɔɖeŋu si Yakobo wɔ me la dzi. Yakobo meƒo nu tso ale si amea te ŋu ɖɔ kuxi si wòkpɔ ɖo, alo ne ete ŋu ɖɔ eƒe gbagbãƒewo katã ɖo ŋu o; ke ɖe wògblɔ boŋ be amea ‘nɔ edzi ɖaa.’ (Yak. 1:25) Eɖo ŋku nu siwo wòkpɔ le ahuhɔ̃ea me dzi eye wòyi edzi nɔ asi trɔm le wo ŋu be woanyo. Eya ta susu nyui nenɔ asiwò ɖe ɖokuiwò ŋu, eye nàɖo ŋku edzi be mí katã míede blibo o. (Mixlẽ Nyagblɔla 7:20.) Yi edzi nàlé ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu, eye nàdze agbagba anɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ɖem fia ɖaa. Ne èwɔ esia la, Yehowa akpe ɖe ŋuwò abe ale si ko wòle kpekpem ɖe nɔviwò geɖe siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo heyraa wo, togbɔ be wonye ame madeblibowo hã, ŋu ene.