Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 AGBEMEŊUTINYA

Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa—Yayra Siwo Mekpɔ Tso Eme

Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa—Yayra Siwo Mekpɔ Tso Eme

Ne meɖo ŋku ƒe 65 siwo mezã le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔa me dzi la, mate ŋu agblɔ be nye agbemeŋkekewo yɔ kple dzidzɔ sɔŋ. Esia mefia be nyemelé blanui alo dzi meɖe le ƒonye gbe aɖeke gbe kpɔ o. (Ps. 34:13; 94:19) Gake le wo katã me la, magblɔ be mekpɔ dzidzeme eye taɖodzinu vavã le nye agbe ŋu!

LE September 7, 1950 dzi la, mezu Brooklyn Betel-ƒomea me tɔ. Ɣemaɣi la, ame 355 ye nɔ Betel-ƒomea me, wotso dukɔ vovovowo me eye wonye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo xɔ tso ƒe 19 va se ɖe 80. Wo dometɔ geɖe nye Kristotɔ amesiaminawo.

ALE SI MEWƆ VA ZU YEHOWA SUBƆLA

Mexɔ nyɔnyrɔ esime mexɔ ƒe 10

Danye ye fia num tso “Mawu dzidzɔtɔ la” ŋu. (1 Tim. 1:11) Edze Yehowa subɔsubɔ gɔme esime menye ŋutsuvi dzaa ko. Mexɔ nyɔnyrɔ le July 1, 1939 dzi esime mexɔ ƒe 10, le nutometakpekpe (si míeyɔna egbea be nutome sue takpekpe) me le Columbus, Nebraska, U.S.A. Mí ame siwo anɔ abe alafa ɖeka ene míeƒo ƒu ɖe teƒe aɖe si míehaya henɔ Joseph Rutherford ƒe nuƒo si wolé ɖe mɔ̃ dzi si ƒe tanyae nye “Fasitɔnyenye alo Ablɔɖe” sem. Le nuƒoa ƒe domedome la, tsitretsiɖeŋulawo va ƒo ƒu ɖe gota. Wotsɔ akpasesẽ ge ɖe xɔa me, wogblẽ míaƒe kpekpea me henya mí de gbe. Míeyi ɖaƒo ƒu ɖe nɔvi aɖe ƒe agble si medidi boo tso dua gbɔ o me hese nuƒo susɔea. Le nudzɔdzɔ sia ta la, nyemeŋlɔ ŋkeke si mexɔ nyɔnyrɔ la be kpɔ o!

Danye dze agbagba ƒã nyateƒea ɖe menye. Togbɔ be fofonye nye ame nyui kple vifofo nyui hã la, metsi dzi ɖe subɔsubɔnyawo alo nufiafiam tso Mawu ŋu o. Dada kple Ðasefo bubu siwo le Omaha Hamea me de dzi ƒo nam geɖe.

NYE TAÐODZINUWO TRƆ

Esi wòsusɔ vie mawu sekɛndrisuku (lycée) nu la, eva hiã be matso nya me le nu si mawɔ le agbe me ŋu. Ne míeke mɔ le suku le dzomeŋɔliwo la, nye kple hanyetiwo míewɔa mɔkeke mɔɖeɖedɔ (si míeyɔna fifia be kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ).

Woɖo ɖekakpui eve siwo nye John Chimiklis kple Ted Jaracz, siwo wu Gilead Suku ƒe klass adrelia nu teti la ɖe míaƒe nutoa me be woawɔ mɔzɔzɔdɔa. Ewɔ nuku nam ŋutɔ esi mese be ƒe 20 kple nu vi aɖe koe woxɔ. Mexɔ ƒe 18 ɣemaɣi, eye wòsusɔ vie mawu suku nu. Megaɖoa ŋku gbe si gbe Nɔviŋutsu Chimiklis bia nu si medi be mawɔ le agbe me lam. Esi meɖo eŋu nɛ la, ede dzi ƒo nam be: “Ɛ̃, dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme enumake. Mènya yayra siwo gbegbe nàkpɔ tso eme o.” Aɖaŋuɖoɖo ma kple kpɔɖeŋu si nɔviŋutsu mawo ɖo la wɔ dɔ ɖe dzinye vevie. Eya ta  esi mewu suku nu la, medze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1948 me.

ALE SI MEWƆ YI BETEL

Le July 1950 me la, nye kple dzinyelawo míezɔ mɔ yi dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium le New York City. Mede kpekpe si wowɔna kple ame siwo di be yewoasubɔ le Betel la le takpekpe ma me, eye meɖo lɛta ɖa be adzɔ dzi nam be masubɔ le afi ma.

Togbɔ be Papa metsi tre ɖe nye mɔɖeɖedɔa wɔwɔ kple wo gbɔ nɔnɔ le aƒea me ŋu o hã la, egblɔ be manɔ ga aɖe ya teti xem ɖe nye nuɖuɖu kple xɔ si me mele ta. Eya ta gbe ɖeka le August ƒe ɣletia ƒe gɔmedzedze esi meyina dɔdiƒe la, metɔ ɖe míaƒe posuɖaka ŋu gbã. Mekpɔ lɛta si mexɔ tso Brooklyn la le eme. Nɔviŋutsu Nathan H. Knorr ye ŋlɔe. Egblɔ le eme be: “Míexɔ wò Betel subɔsubɔ ƒe dɔbiagbalẽvia. Meka ɖe edzi be àlɔ̃ be yeanɔ Betel va se ɖe esime Aƒetɔ la nakplɔ wò adzoe. Eya ta míedi be nàva Betel, le 124 Columbia Heights, Brooklyn, New York, le September 7, 1950 dzi.”

Esi Papa gbɔ tso dɔme gbe ma gbe la, megblɔ nɛ be mekpɔ dɔ. Egblɔ be, “Enyo ŋutɔ, afi kae nèkpɔ dɔa le?” Meɖo eŋu be, “Brooklyn Betel, eye woanam dɔlar 10 dzinukukui.” Ewɔ nuku nɛ vie, gake egblɔ nam be, ne emae medi be mawɔ ko la, malé be nɛ. Ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, fofonye xɔ nyɔnyrɔ le takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium le ƒe 1953 me!

Nye kple nye hadɔwɔla Alfred Nussrallah

Dzidzɔtɔe la, womia asi nye hadɔwɔla Alfred Nussrallah hã be wòava Betel le ɣeyiɣi ma ke me, eye míezɔ mɔ ɖekae yi. Eɖe srɔ̃ emegbe, eye eya kple srɔ̃a Joan wode Gilead Sukua eye woɖo wo ɖe Lebanon be woawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa, ema megbe wogatrɔ gbɔ va United States va wɔ mɔzɔzɔdɔa.

BETEL DƆDEASIWO

Gbã la, mewɔ dɔ le Agbalẽblaƒe, afi si míetsɔa ka léa agbalẽwo ɖekae le. Agbalẽ gbãtɔ si ŋu mewɔ dɔ le ye nye What Has Religion Done for Mankind? (La religion a-t-elle servi l’humanité ?) Esi mewɔ dɔ ɣleti enyi le Agbalẽblaƒea megbe la, wode dɔ asi nam le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea be mawɔ dɔ le Nɔviŋutsu Thomas J. Sullivan ƒe ɔfis. Dɔwɔwɔ kplii do dzidzɔ nam ŋutɔ, eye mawumenunya kple gɔmesese si su esi ƒe geɖewoe nye ema le eƒe dɔwɔwɔ kple habɔbɔa me la ɖe vi geɖe na nye hã.

Esi mewɔ dɔ ƒe etɔ̃ kloe le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea megbe la, Nɔviŋutsu Max Larson, si nye agbalẽtaƒea dzikpɔla, gblɔ nam be Nɔviŋutsu Knorr di be yeakpɔm. Mebia ɖokuinye be ɖe mewɔ nane mahã. Nye dzi dze eme esi Nɔviŋutsu Knorr gblɔ be yedi be yeanya ne mele ɖoɖo wɔm be madzo le Betel kpuie. Enɔ ame dim be wòawɔ dɔ le yeƒe ɔfis hena ɣeyiɣi aɖe eye wòdi be yeanya ne mate ŋu awɔe. Megblɔ nɛ be nyemele dzodzo le Betel ŋu bum o. Eva dzɔ be mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ dɔ le eƒe ɔfis ƒe 20 sɔŋ.

Megblɔna zi geɖe be, nyemate ŋu axe fe ɖe hehe si gbegbe mexɔ esi menɔ dɔ wɔm kple Nɔviŋutsu Sullivan kple Knorr kpakple Betel dɔwɔla bubuwo abe Milton Henschel, Klaus Jensen, Max Larson, Hugo Riemer kple Grant Suiter ene la ta o. *

Nɔvi siwo mewɔ dɔ kplii la wɔa dɔ siwo habɔbɔa de wo si ɖe ɖoɖo nyui nu. Le kpɔɖeŋu me, Nɔviŋutsu Knorr wɔa dɔ madzudzɔmadzudzɔe eye wòdina be Fiaɖuƒedɔa nakpɔ ŋgɔgbedede gãtɔ kekeake. Nɔvi siwo wɔa dɔ le eƒe ɔfis la tea ŋu ɖoa dze kplii bɔbɔe. Ne woƒe susu mewɔ ɖeka kple etɔ le  nya aɖe ŋu o hã la, wotea ŋu gblɔnɛ faa eye wògakana ɖe wo dzi kokoko.

Gbe ɖeka la, Nɔviŋutsu Knorr ɖo dze kplim ku ɖe ale si wòhiã be ame nalɔ̃ faa awɔ dɔ si ame geɖe abu nu tsɛ aɖe ko la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be esime yenye agbalẽtaƒea dzikpɔla la, Nɔviŋutsu Rutherford tea ŋu ƒoa ka na ye hegblɔna na ye be: “Nɔviŋutsu Knorr, meɖe kuku ne ètso agbalẽtaƒea gbɔna nuɖuƒe la, tsɔ nu si wotsɔ tutua nuŋɔŋlɔ ɖa le agbalẽ dzi ɖe asi vɛ nam. Mahiã eƒe ɖewo.” Nɔviŋutsu Knorr gblɔ be, yeyia nudzraɖoƒea ɖatsɔa nututunua ɖewo dea kotoku me enumake. Eye ne eƒo ŋdɔ ga 12 ko la, yetsɔa wo yina na Nɔviŋutsu Rutherford le eƒe ɔfis. Esia dze nu sue aɖe gake ele vevie na Nɔviŋutsu Rutherford ya. Eyome Nɔviŋutsu Knorr gblɔ nam be: “Ŋdi sia ŋdi la, medi be nàkpa nuŋlɔtiawo ada ɖe kplɔ̃ dzi nam.” Tso ɣemaɣi la, mekpaa nuŋlɔtiawo nɛ hena ƒe geɖe.

Nɔviŋutsu Knorr ƒoa nu tso ale si wòle vevie be míalé to ɖe nya ŋu nyuie ne wole dɔ dem asi na mí ŋu. Gbe ɖeka egblɔ ale si mawɔ dɔ aɖewo nam eme kɔ, gake nyemeɖo to nyuie o. Esia wɔe be nane va dzɔ si na wòɖu ŋukpe. Ete ɖe dzinye ale gbegbe, eya ta meŋlɔ lɛta kpui aɖe tsɔ na wònya be nu si mewɔ la vem ŋutɔ eye mesusui be, ne woɖɔli dɔ nam la, anyo wu. Ŋdi ma ke la, Nɔviŋutsu Knorr va nye ɔfis. Egblɔ nam be: “Robert, mekpɔ wò lɛtaa. Èwɔ vodada. Meƒo nu tso eŋu na wò xoxo, eye meka ɖe edzi be tso fifia dzi yina la, àɖɔ ŋu ɖo geɖe wu. Azɔ na míayi dɔa dzi.” Mekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe ameŋububua ŋu ŋutɔ.

DIDI BE MAÐE SRƆ̃

Le ƒe enyi gbãtɔ siwo me mewɔ dɔ le Betel la, meva susu me nam be madzo le Betel o. Gake nye susu va trɔ. Le dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium kple Polo Grounds, le ƒe 1958 me la, mekpɔ Lorraine Brookes, nɔvinyɔnu aɖe si medo go le ƒe 1955 me esime wònɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Montreal, Canada. Nɔnɔme si nɔ esi ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu kple ale si wòlɔ̃ faa be yeayi afi sia afi si Yehowa ƒe habɔbɔa ɖo ye ɖo la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Lorraine ƒe taɖodzinue nye be yeade Gilead Sukua. Esi wòxɔ ƒe 22 la, wokpee be wòade Gilead Sukua ƒe klass 27 lia le ƒe 1956 me. Esi wòwu sukua nu la, woɖoe ɖe Brazil abe dutanyanyuigblɔla ene. Le ƒe 1958 me la, medo ɖeɖeŋugbe na Lorraine eye wòlɔ̃ ɖe edzi. Míeɖoe be míaɖe mía nɔewo le ƒe si kplɔe ɖo me henɔ mɔ kpɔm be míawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ɖekae.

Esi megblɔe na Nɔviŋutsu Knorr la, edoe ɖa be ne anyo la, míalala ƒe etɔ̃, emegbe míaɖe mía nɔewo ale be míasubɔ le Brooklyn Betel. Ɣemaɣi la, hafi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖe nakpɔtɔ anɔ Betel le woƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, ele be wo dometɔ ɖeka nasubɔ le Betel ƒe ewo alo esi wu nenema eye ame evelia nanɔ Betel ƒe etɔ̃ ya teti. Eya ta  Lorraine lɔ̃ subɔ le Brazil Betel ƒe eve, emegbe eva subɔ le Brooklyn Betel ƒe ɖeka hafi míeɖe mía nɔewo mlɔeba.

Lɛtaŋɔŋlɔ dzi koe míete ŋu to ɖo dze kple mía nɔewo le míaƒe ŋugbedodo ƒe ƒe eve gbãtɔawo me. Kaƒoƒo xɔ asi akpa eye e-mail hã menɔ anyi ɣemaɣi o! Le míaƒe srɔ̃ɖegbe le September 16, 1961 dzi la, mɔnukpɔkpɔ su mía si be Nɔviŋutsu Knorr ƒo míaƒe srɔ̃ɖenuƒoa. Vavãe, ƒe ʋɛ siwo me míenɔ lalam le la didi na mí ŋutɔ. Gake fifia ne míetrɔ kpɔ megbe la, míekpɔnɛ be míaƒe dzigbɔɖia mezu dzodzro o, elabena míele dzidzɔ kple dzidzeme kpɔm le srɔ̃ɖeɖe me ƒe 50 kple edzivɔe nye esia!

Míaƒe srɔ̃ɖegbe. Tso miame: Nathan H. Knorr, Patricia Brookes (Lorraine nɔvinyɔnu), Lorraine kple nye, Curtis Johnson, Faye kple Roy Wallen (dzinyelawo)

SUBƆSUBƆMƆNUKPƆKPƆWO

Le ƒe 1964 me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye meyi dukɔ geɖe me ɖasubɔ abe alɔdzewo dzikpɔla ene. Ɣemaɣiwo la, womeɖea mɔ na srɔ̃nyɔnuwo be woazɔ mɔ sia kple wo srɔ̃wo o. Gake le ƒe 1977 me la, wowɔ asitɔtrɔ le eŋu, eye woɖe mɔ na srɔ̃nyɔnuwo be woayi kple wo srɔ̃wo. Le ƒe ma me la, nye kple Lorraine kpakple Nɔviŋutsu Grant Suiter kple srɔ̃a Edith míeyi alɔdzedɔwɔƒe siwo le Germany, Austria, Greece, Cyprus, Turkey kple Israel. Ne míetsɔ wo katã ƒo ƒu la, meyi ɖasubɔ le dukɔ 70 me le xexea me godoo.

Le míaƒe mɔzɔzɔ yi Brazil le ƒe 1980 me la, míeva do ɖe Belém—du si me Lorraine wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le kpɔ—si le anyigbamemaflia dzi. Míetɔ le mɔ dzi yi ɖakpɔ nɔvi siwo le Manaus hã ɖa. Esi nɔviwo ƒo ƒu ɖe bɔlƒoƒe aɖe hena nuƒo aɖe sese la, míekpɔ be nɔvi aɖewo nɔ anyi heɖe wo ɖokui ɖe vovo; nɔviŋutsuawo mele asi nam nɔviŋutsu bubuwo o, eye nɔvinyɔnuwo hã mele alɔgo gbugbɔm na nɔvinyɔnu bubuwo abe ale si Braziltɔwo doa gbe na wo nɔewo ene o. Nu ka tae?

Nɔvi siawo nye Ðasefo siwo tso kpodɔlélawo ƒe nuto aɖe si le Amazon ƒe avetsuwo me la me. Eya ta esi womedi be yewoaba dɔ na nɔvi bubuwo o tae woɖe wo ɖokui ɖe vovo tso vavalawo dome ɖo. Ke hã woƒe nu wɔ dɔ ɖe mía dzi, eye míaŋlɔ dzidzɔ si yɔ mo na wo la be gbeɖe o. Aleke gbegbe nya siwo dze le Yesaya ƒe agbalẽa me nye nyateƒee nye esi: “Nye dɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta.”Yes. 65:14.

MEKPƆ DZIDZEME EYE TAÐODZINU VAVÃ LE NYE AGBE ŊU

Nye kple Lorraine míedea ŋugble le ƒe blaade kple edzivɔ siwo míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa hele esubɔm la ŋu edziedzi. Míekpɔa dzidzɔ geɖe le yayra siwo Yehowa dudu kɔ ɖe mía dzi esi míeɖe mɔ nɛ wòfia mɔ mí to eƒe habɔbɔa dzi ta. Togbɔ be nyemegatea ŋu zɔa mɔ yia xexea ƒe akpa vovovowo abe tsã ene o hã la, mete ŋu le asi kpem ɖe Dɔdzikpɔha la ŋu hele dɔ wɔm kple Zimenɔlawo Ƒe Kɔmiti la kpakple Subɔsubɔ Kɔmitia. Mekpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su asinye be mele akpa sue aɖe wɔm le asikpekpe ɖe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu me la ŋuti ale gbegbe. Egakpɔtɔ wɔa nuku na mí ne míekpɔ ɖekakpui kple ɖetugbui gbogbo siwo ƒo wo ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, eye woɖe nɔnɔme si sɔ kple Yesaya tɔ fia esi wògblɔ be: “Nyee nye esi, dɔm!” (Yes. 6:8) Nɔvi gbogbo siawo ɖo kpe nya si nutome sue dzikpɔlaa gblɔ nam ƒe gbogbo aɖewoe nye esi va yi la dzi be: “Dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme enumake. Mènya yayra siwo gbegbe nàkpɔ tso eme o.”

^ mm. 20 Àte ŋu akpɔ nɔviŋutsu siawo dometɔ aɖewo ƒe agbemeŋutinya le yevugbe me Gbetakpɔxɔ siwo gbɔna me: Thomas J. Sullivan (August 15, 1965); Klaus Jensen (October 15, 1969); Max Larson (September 1, 1989); Hugo Riemer (September 15, 1964); kple Grant Suiter (September 1, 1983).