Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Mose Ƒe Xɔse

Srɔ̃ Mose Ƒe Xɔse

“Le xɔse me Mose, esime wòtsi la, egbe be woagayɔ ye be Farao vinyɔnuvi la ƒe vi o.”HEB. 11:24.

1, 2. (a) Esi Mose xɔ ƒe 40 la, tiatia kae wòwɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka tae Mose tiae be yeakpe fu kple Mawu ƒe dukɔ la?

MOSE nya ale si nuwo ava nɔ nɛ le Egipte. Ekpɔ hotsuitɔwo ƒe aƒe gã dzeaniwo. Fiaƒome mee eya ŋutɔ tso. ‘Wofia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã’ eyama—xɔtuɖaŋu, ɣletiviŋutinunya, akɔntabubu, dzɔdzɔmeŋutinunya kple bubuawo. (Dɔw. 7:22) Anɔ bɔbɔe be ga, ŋusẽ kple mɔnukpɔkpɔ si masu Egiptevi dzrowo si o la nasu esi!

2 Ke hã esi Mose xɔ ƒe 40 la, ewɔ tiatia aɖe si anya wɔ nuku na Egipte fiaƒome si xɔe nyi la. Menye ɖe wòtiae be yeanɔ agbe abe Egiptevi ‘dzro’ ene ko o, ke boŋ abe kluviawo dometɔ ɖeka ene! Nu ka tae? Xɔse si nɔ Mose si tae. (Mixlẽ Hebritɔwo 11:24-26.) Xɔse sia wɔe be Mose te ŋu kpɔ nu yi ŋgɔ wu nu siwo ƒo xlãe. Exɔ Yehowa, “Ame si womekpɔna o la” dzi se heka ɖe edzi be Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme.Heb. 11:27.

3. Biabia etɔ̃ kawo ŋue woaɖo le nyati sia me?

3 Ehiã be míawo hã míakpɔ nu ayi ŋgɔ wu nu siwo le egbexexea me. Ele be ‘xɔse nanɔ mía si.’ (Heb. 10:38, 39) Be míado ŋusẽ míaƒe xɔse la, mina míadzro nu si woŋlɔ tso Mose ŋu le Hebritɔwo 11:24-26 me. Ne míele eme dzrom la, di biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo: Aleke xɔse ʋã Mose wògbe nu le ŋutilãmenudzodzrowo gbɔ? Esi wodo vloe la, aleke xɔse kpe ɖe eŋu wòde  asixɔxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su esi la ŋu? Eye nu ka tae Mose ƒe “ŋku nɔ teƒeɖoɖofetu la ŋu tututu”?

EGBE NU LE ŊUTILÃMENUDZODZROWO GBƆ

4. Nu kae Mose kpɔ dze sii le “nu vɔ̃ ƒe vivisese” ŋu?

4 Mose tsɔ xɔseŋku kpɔe dze sii be ɣeyiɣi vi aɖe koe “nu vɔ̃ ƒe vivisese” nɔa anyi. Anɔ eme be ame aɖewo mabui nenema o, woagblɔ be togbɔ be trɔ̃subɔsubɔ kple gbɔgbɔyɔyɔ xɔ aƒe ɖe Egipte hã la, eva zu xexemeŋusẽ, esime Yehowa ƒe amewo ya nye kluviwo nɔ fu kpem! Ke hã Mose nyae be Mawu ate ŋu atrɔ nɔnɔmea. Togbɔ be edze abe ɖe nu le edzi dzem na ame siwo ti vivisese yome ene hã la, Mose xɔe se be ame vɔ̃ɖiwo ayrɔ ahaƒu abe gbe ene. Esia wɔe be ‘nu vɔ̃ ƒe vivisese ɣeyiɣi kpui aɖe ko’ ƒe mɔ̃ meɖee o.

5. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatsri ‘nu vɔ̃ ƒe vivisese ɣeyiɣi kpui aɖe ko’ la?

5 Aleke nàwɔ atsri ‘nu vɔ̃ ƒe vivisese ɣeyiɣi kpui aɖe ko’ la? Mègaŋlɔ be gbeɖe be nu vɔ̃ ƒe vivisese nu va yina kaba o. Na wò xɔseŋkuwo nakpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be, ‘xexea va yina kple eƒe nudzodzrowo.’ (1 Yoh. 2:15-17) Bu nu si ava dzɔ ɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo dzi ŋu kpɔ. Wole ‘ɖiɖiƒe . . . eye wo nu ayi ŋɔdzitɔe!’ (Ps. 73:18, 19) Ne nu vɔ̃ ƒe tetekpɔ aɖe dze ŋgɔ wò la, bia ɖokuiwò be, ‘Aleke medi be nuwo nanɔ nam le etsɔme?’

6. (a) Nu ka tae Mose gbe be “woagayɔ ye be Farao vinyɔnuvi la ƒe vi o”? (b) Nu ka tae nèsusui be Mose ƒe nyametsotsoa nyo ŋutɔ?

6 Mose ƒe xɔse kpɔ ŋusẽ ɖe agbemedɔ si wòtia be yeawɔ hã dzi. “Le xɔse me Mose, esime wòtsi la, egbe be woagayɔ ye be Farao vinyɔnuvi la ƒe vi o.” (Heb. 11:24) Mose megblɔ be yeate ŋu akpɔtɔ anɔ nɔƒe gã le fiasã me ahanɔ Mawu subɔm ale be yeazã yeƒe ga kple ŋusẽ atsɔ akpe ɖe ye nɔvi Israel viwo ŋu o. Ke boŋ Mose ɖoe kplikpaa be yealɔ̃ Yehowa kple dzi blibo, luʋɔ blibo kple ŋusẽ katã. (5 Mose 6:5) Mose ƒe nyametsotsoa na wòƒo asa na fukpekpe geɖe. Eteƒe medidi o, kesinɔnu siwo gbɔ wògbe nu le la dometɔ geɖe va su Israel viwo si esime woha Egiptetɔwo! (2 Mose 12:35, 36) Mawu ɖi gbɔ Farao eye wòku le ƒua me. (Ps. 136:15) Gake Mose ya tsi agbe, eye Mawu zãe wòkplɔ Israel-dukɔ bliboa yi dedienɔƒe. Ekpɔ dzidzedze vavã le agbe me.

7. (a) Abe ale si Mateo 6:19-21 gblɔe ene la, nu ka tae wòle be míadzra etsɔme mavɔ ɖo? (b) Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ si ɖe vovototo si le ŋutilãmekesinɔnuwo kple gbɔgbɔmekesinɔnuwo dome fia.

7 Ne Yehowa subɔla si nye sɔhɛ ye nènye la, aleke xɔse ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtia agbemedɔ si nàwɔ? Nunya anɔ eme be nàwɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu. Gake ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi xɔxɔ se aʋã wò nàdzra etsɔme mavɔ ɖo na ɖokuiwò ke menye esi anɔ anyi ɣeyiɣi vi aɖe ko oa? (Mixlẽ Mateo 6:19-21.) Nyametsotso sia dze ŋgɔ Sophie, si bi ŋutɔ ɖe ɣeɖuɖu si woyɔna ballet (balee) la me. Habɔbɔ siwo doa balee ɣeɖuɖu ɖe ŋgɔ la na sukudede femaxee kple dɔ gãwo ƒe mɔnukpɔkpɔwoe le Amerika ƒe teƒe vovovowo. Egblɔ be: “Evivina nam ŋutɔ ne amewo le bubu dem ŋunye. Le nyateƒe me la, mese le ɖokuinye me be mele ŋgɔ na hanyetiwo. Gake nyemenɔ dzidzɔ kpɔm o.” Emegbe Sophie kpɔ video si nye Young People Ask—What Will I Do With My Life? (Les jeunes s’interrogentQue vais-je faire de ma vie ?) Egblɔ be: “Mede dzesii be xexea di be matsɔ Yehowa subɔsubɔ tso dzi blibo me aɖɔli dzidzedzekpɔkpɔ kple bubu siwo amewo ade ŋunye. Medo gbe ɖa vevie. Eyome meɖe asi le balee ɖuɖu ŋu.” Aleke wòse le eɖokui me ku ɖe eƒe nyametsotsoa ŋu? Egblɔ be: “Agbe si menɔ tsã megadzroam o. Egbea mele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ. Nye kple srɔ̃nye míele mɔɖeɖedɔa wɔm. Míexɔ ŋkɔ o, eye ŋutilãmenuwo mesɔ gbɔ ɖe mía si o. Gake Yehowae nye míaƒe gome, eye Biblia nusrɔ̃viwo  kple gbɔgbɔmetaɖodzinuwo hã le mía si. Tiatia si mewɔ mevem kura o.”

8. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo kawoe ate ŋu akpe ɖe sɔhɛ ŋu wòatia agbemedɔ si wòawɔ?

8 Yehowa nya nu si nyo na wò. Mose gblɔ be: “Yehowa, wò Mawu la, mele naneke dim tso asiwò o, negbe esia ko be, nàvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nàzɔ eƒe mɔwo katã dzi, nàlɔ̃e, eye nàsubɔ Yehowa, wò Mawu la, tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me; eye nàwɔ Yehowa ƒe se kple ɖoɖo, siwo megblɔ na wò egbe la dzi, bena wòanyo na wò.” (5 Mose 10:12, 13) Esi nèkpɔtɔ nye sɔhɛ la, tia agbemedɔ si akpe ɖe ŋuwò be nàlɔ̃ Yehowa eye nàsubɔe “tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me.” Àte ŋu aka ɖe edzi be esia wɔwɔ ana ‘eme nanyo na wò.’

EDE ASIXƆXƆ SUBƆSUBƆMƆNUKPƆKPƆ SIWO SU ESI ŊU

9. Ðe nu si tae wòanya sesẽ na Mose be wòalɔ̃ axɔ dɔ si wode esi la me.

9 Mose bu “ŋukpe si wodo Kristo la be enye kesinɔnu siwo ƒo Egipte ƒe nu xɔasiwo ta.” (Heb. 11:26) Mose ye woyɔ le ŋɔŋlɔ sia me be “Kristo” alo “Amesiamina” la, elabena Yehowa tiae be wòakplɔ Israel viwo adzoe le Egipte. Mose nyae be dɔ sia wɔwɔ asesẽ, eye wòana woado “ŋukpe” ye gɔ̃ hã. Do ŋgɔ la, Israel vi aɖe do vloe gblɔ be: “Ame kae ɖo wò amegã kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu?” (2 Mose 2:13, 14) Emegbe Mose ŋutɔ hã bia Yehowa be: ‘Aleke Farao aɖo tom?’ (2 Mose 6:12) Be Mose nadzra ɖo ahanɔ te ɖe vlodoameawo nu la, eɖe eƒe vɔvɔ̃wo kple dzimaɖitsitsiwo gblɔ na Yehowa. Aleke Yehowa kpe ɖe Mose ŋu wòte ŋu wɔ dɔdeasi sesẽ sia?

10. Aleke Yehowa kpe ɖe Mose ŋu wòte ŋu wɔ dɔ si wòde esi?

10 Gbã la, Yehowa ka ɖe edzi na Mose be: “Manɔ anyi kpli wò!” (2 Mose 3:12) Evelia, Yehowa de dzi ƒo nɛ esi wòɖe gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu la ƒe akpa aɖe me nɛ be: “Mava Nye Nu Si Metia Be Manye.” * (2 Mose 3:14, NW) Etɔ̃lia, ena ŋusẽ Mose be wòawɔ nukunuwo, eye esia aɖee afia be Mawue dɔe vavã. (2 Mose 4:2-5) Enelia, Yehowa tia Aron be wòanye Mose ƒe zɔhɛ kple nyanuɖela eye wòado alɔe le dɔa wɔwɔ me. (2 Mose 4:14-16) Kaka Mose ƒe kuɣi naɖo la, kakaɖedzi blibo su esi be Mawu naa nu siwo Esubɔlawo hiã be woawɔ dɔ siwo Wòde wo si la wo. Esia tae wògblɔ na Yosua ame si va xɔ ɖe eteƒe la be: “Yehowa ŋutɔ adze ŋgɔwò, eye wòanɔ anyi kpli wò, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o; mègavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o.”5 Mose 31:8.

11. Nu ka tae Mose de asixɔxɔ gã eƒe dɔdeasia ŋu?

11 Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, Mose de asixɔxɔ gã eƒe dɔdeasi sesẽa ŋu hebui be “enye kesinɔnu siwo ƒo Egipte ƒe nu xɔasiwo ta.” Nyateƒee, dɔwɔwɔ na Farao meɖi naneke ne wotsɔe sɔ kple dɔwɔwɔ na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o. Asixɔxɔ kae le Egipte-fiavi nyenye ŋu ne wotsɔe sɔ kple Yehowa ƒe “Kristo” alo amesiamina nyenye? Woyra Mose geɖe le nɔnɔme nyui si nɔ esi ta. Eya kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli, eye wòna wòwɔ “ŋusẽnu kple nu tsu dziŋɔ” geɖewo esime wòkplɔ Israel viwo yina Ŋugbedodonyigbaa dzi.5 Mose 34:10-12.

12. Mɔnukpɔkpɔ kawoe Yehowa na mí?

12 Wode dɔ asi na míawo hã. Yehowa to Via dzi de subɔsubɔdɔ asi na mí abe ale si ko wònɔ le apostolo Paulo kple ame bubuwo gome ene. (Mixlẽ 1 Timoteo 1:12-14.) Mɔnukpɔkpɔ su mí katã si be míaɖe gbeƒã nya nyuia. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Ame aɖewo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me hã subɔa wo nɔviwo abe subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemetsitsiwo ene le hamea me. Ke hã ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo  kple ame bubuwo manya asixɔxɔ si le mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ siawo ŋu o, eye woate ŋu ahe nya ɖe ŋuwò esi nètsɔ ɖokuiwò sa vɔe alea ta. (Mat. 10:34-37) Ne wote ŋu ɖe dzi le ƒowò la, esia ana nàva nɔ susum be viɖe mele nu siwo yetsɔ sa vɔe ŋu o, alo be yemagate ŋu awɔ dɔ siwo wode ye si o. Ne amewo le dzi ɖem le ƒowò la, aleke xɔse akpe ɖe ŋuwò be màna ta o?

13. Aleke Yehowa le kpekpem ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzedze le wò teokrasi dɔdeasiwo me?

13 Ƒo koko na Yehowa le xɔse me be wòakpe ɖe ŋuwò. Gblɔ wò vɔvɔ̃wo kple dzimaɖitsitsiwo nɛ. Yehowa ŋutɔe de dɔa asi na wò, eye akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedze godoo. Aleke wòawɔ esiae? Akpe ɖe ŋuwò abe ale si ko wòkpe ɖe Mose ŋu ene. Gbã la, Yehowa ka ɖe edzi na wò be: “Mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.” (Yes. 41:10) Evelia, eɖo ŋku edzi na wò be kakaɖedzi le yeƒe ŋugbedodowo ŋu esi wògblɔ be: “Megblɔ nya, eye mana wòava eme hã, meɖo nu, eye mawɔe hã.” (Yes. 46:11) Etɔ̃lia, Yehowa ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la wò be nàwɔ wò subɔsubɔdɔa ade goe. (2 Kor. 4:7) Enelia, be mía Fofo lɔ̃ame la nakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi awɔ wò subɔsubɔdɔa la, ena nɔviwo ƒe habɔbɔ si me tɔwo nye tadeagula vavãwo la wò be ‘mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo ahanɔ mia nɔewo tum ɖo.’ (1 Tes. 5:11) Esi Yehowa le nu siwo nèhiã la nam wò be nàsu te na wò dɔdeasia wɔwɔ la, ale si nèxɔ edzi see hã me asẽ ɖe edzi, eye esia ana nàbu mɔnukpɔkpɔ siwo su asiwò le esubɔsubɔ me la be woxɔ asi sãsãsã wu anyigba dzi kesinɔnuwo.

“EƑE ŊKU NƆ TEƑEÐOÐOFETU LA ŊU TUTUTU”

14. Nu ka tae Mose ka ɖe edzi be woaɖo eteƒe na ye?

14 Mose ƒe “ŋku nɔ teƒeɖoɖofetu la ŋu tututu.” (Heb. 11:26) Togbɔ be Mose menya nu geɖe tso ale si etsɔme ava nɔ ŋu o hã la, ena nu sue si wònya la kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nyametsotsowo dzi. Abe tɔgbuia Abraham ene la, Mose ka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu afɔ kukuawo ɖe tsitre. (Luka 20:37, 38; Heb. 11:17-19) Ale si Mose ka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi la kpe ɖe eŋu be mebu ƒe 40 siwo wònɔ dzronyigba dzi kple ƒe 40 siwo wònɔ gbedzi la be enye ɣeyiɣi gbegblẽ o. Togbɔ be menya ale si tututu Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme o hã la, etsɔ xɔseŋku kpɔ teƒeɖoɖo siwo asu esi le etsɔme.

15, 16. (a) Nu ka tae wòle be míaƒe ŋku nanɔ teƒeɖoɖofetu la ŋu? (b) Yayra kawoe nèle mɔ kpɔm na vevie le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te?

 15 Ðe wò hã ‘wò ŋku le teƒeɖoɖofetu la ŋu tututua’? Abe Mose ene la, nu geɖe gakpɔtɔ li si míawo hã míenya tso Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, míenya “ɣekaɣie nye ɣeyiɣi ɖoɖi” si xaxa gã la ava o. (Marko 13:32, 33) Ke hã míenya nu geɖe tso Paradiso si gbɔna ŋu wu Mose. Togbɔ be míenya nu sia nu tsitotsito o hã la, ale si agbea anɔ le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la ŋuti ŋugbedodo geɖewo li siwo ŋu wòle be ‘míaƒe ŋku nanɔ.’ Ne míekpɔa ale si nuwo anɔ le xexe yeyea me le susu me la, esia aʋã mí be míadi Fiaɖuƒea gbã. Alekee? Bu nya sia ŋu kpɔ: Ðe nàlɔ̃ aɖe ga aƒle aƒe aɖe si ŋu mènya nu boo aɖeke tsoe oa? Kura o! Nenema kee míalɔ̃ be míazã míaƒe agbe atsɔ ati mɔkpɔkpɔ gbɔlowo yome o. Ele be xɔse nakpe ɖe mía ŋu be míanɔ ale si agbea anɔ le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la kpɔm nyuie le susu me.

Dzidzɔ ka gbegbe wòanye be míaɖo dze kple Mawu subɔla wɔnuteƒewo abe Mose ene! (Kpɔ memama 16)

16 Be nàkpɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea le susu me nyuie wu la, na wò ŋku nanɔ ale si nàse vivi na agbea le Paradisoa me ‘ŋu tututu.’ Wɔ wò nuŋububu ŋu dɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne èle nu srɔ̃m tso mawusubɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu la, de ŋugble le nya siwo nàdi be yeabia wo ne wofɔ wo ɖe tsitre la ŋu. Bu nya siwo woawo hã woate ŋu abia wò tso ale si nènɔ agbee le ŋkeke mamlɛawo me ŋu la hã ŋu. Kpɔ ale si nàkpɔ dzidzɔe ne èkpɔ ƒowòmetɔ siwo ku ƒe alafa geɖewoe nye esia eye nèle nu fiam wo tso nu siwo katã Mawu wɔ na wo ŋu la le susu me. Bu ale si nàkpɔ dzidzɔ ne èle nu srɔ̃m tso gbemelã gbogboawo ŋu le anyigba si dzi ŋutifafa xɔ aƒe ɖo ŋu kpɔ. De ŋugble tso ale si nàgate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu esime nèle blibodede gbɔ ɖom vivivi la hã ŋu.

17. Aleke teƒeɖoɖo si míaxɔ le etsɔme la kpɔkpɔ le susu me nyuie kpena ɖe mía ŋu egbea?

17 Ne míekpɔa teƒeɖoɖo si míaxɔ le etsɔme le susu me nyuie la, ekpena ɖe mía ŋu míedoa dzi, míenɔa dzidzɔ kpɔm, eye míewɔa tiatia nyuiwo esi míenyae be míava nɔ agbe tegbee ta. Paulo ŋlɔ na Kristotɔ amesiaminawo be: ‘Ne míele mɔ kpɔm na nu si míekpɔna o la, míetsɔa dzidodo nɔa elalam vevie.’ (Rom. 8:25) Esia yi na Kristotɔ siwo katã si agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la hã. Togbɔ be míexɔ teƒeɖoɖoa haɖe o hã la, míexɔ edzi se vevie, si wɔe be míele mɔ kpɔm na “teƒeɖoɖofetu la” dzigbɔɖitɔe. Abe Mose ene la, míebua ƒe siwo zãm míele le Yehowa subɔsubɔ me be wonye ɣeyiɣi gbegblẽ kura o. Ke boŋ míeka ɖe edzi be “nu siwo wokpɔna la nɔa anyi ɣeyiɣi vi aɖe ko, gake nu siwo womekpɔna o ya nɔa anyi tegbee.”Mixlẽ 2 Korintotɔwo 4:16-18.

18, 19. (a) Nu ka tae wòle vevie be míaʋli sesĩe alé míaƒe xɔse me ɖe asi? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

18 Xɔse nana míekpɔa ‘kpeɖodzi si dze ƒãa be nu siwo kpɔm míele o la li ŋutɔŋutɔ.’ (Heb. 11:1) Ŋutilãmeme mekpɔa asixɔxɔ gã si le Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Gbɔgbɔmekesinɔnuwo nye “bometsitsi” na eyama. (1 Kor. 2:14) Gake míawo ya míele mɔ kpɔm be míava nɔ agbe tegbee, eye míakpɔ eteƒe woafɔ kukuawo ɖe tsitre. Esiawo katã nye nu siwo xexea ya mekpɔna o. Abe xexemenunyala siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ɣeyiɣia me, siwo yɔ Paulo be ‘nu kpoloe ƒola’ ene la, ame geɖe susu egbea be mɔkpɔkpɔ si míeɖea gbeƒãe la nye nu gbɔlo.Dɔw. 17:18.

19 Esi xɔse mele ame siwo ƒo xlã mí si o ta la, ele be míaʋli sesĩe be míalé míaƒe xɔse la me ɖe asi. Ƒo koko na Yehowa be “wò xɔse nu nagatsi o.” (Luka 22:32) Mègaŋlɔ nu vɔ̃ me tsonuwo be o, na wò ŋku nanɔ asixɔxɔ gã si le Yehowa subɔsubɔ kple wò agbe mavɔ mɔkpɔkpɔa ŋu la ŋu. Ke hã menye nu siawo koe Mose ƒe xɔse na wòte ŋu kpɔ o, ekpɔ nu si yi ŋgɔ sãsãsã wu emawo. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro ale si xɔse kpe ɖe Mose ŋu wòkpɔ “Ame si womekpɔna o” la me.Heb. 11:27.

^ mm. 10 Biblia ŋuti nunyala aɖe ɖe Mawu ƒe nya si dze le 2 Mose 3:14 me be efia be: “Naneke maxe mɔ nɛ wòado kpo eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ o . . . Ŋkɔ [Yehowa] nye Israel ƒe mɔ́ sesẽ, mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa tsoƒe mavɔ.”