GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 2014

Kpɔ mɔnu etɔ̃ siwo míate ŋu azã le gbeƒãɖeɖedɔa me be míaɖo nyabiase siwo ku ɖe nufiafia siwo me ɖeɖe sesẽ ŋu wòaɖo amewo ƒe dzi gbɔ. Nu ka tae wòle vevie be míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu ƒe habɔbɔa?

‘Nye Nuɖuɖue Nye Be Mawɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu’

Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nɔ vevie na Fia David, apostolo Paulo kple Yesu Kristo siaa. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be dzo nakpɔtɔ anɔ mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le anyigbamama sesẽwo me?

Ale Si ‘Míaɖo Nya Ŋu Na Ame Sia Ame’

Aleke míade ŋugble kple amewo le nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso nufiafia siwo me ɖeɖe sesẽ ŋu? Kpɔ mɔnu etɔ̃ siwo míate ŋu azã be míana ŋuɖoɖo siwo aɖo amewo ƒe dzi gbɔ.

Wɔ Ðe Sikasededea Dzi Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me

Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame sia ame si míedo goe le gbeadzi ŋu? Aleke aɖaŋuɖoɖo si le Mateo 7:12 kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi?

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Kpe Ðe Ŋunye Vavã

Kenneth Little gblɔ ale si Yehowa kpe ɖe eŋu wòɖu ŋukpe kple kakaɖedzimanɔamesi dzi. Kpɔ ale si Yehowa yra ɖe eƒe agbagbadzedzewo dzi le eƒe agbe me katã

Yehowa Mawu Ðo Nu Sia Nu Ðe Ðoɖo Nu

Aleke blema Israel viwo kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe ŋutinya ɖo kpe edzi be Yehowa aɖo esubɔla siwo le anyigba dzi egbea ɖe ɖoɖo nu?

Ðe Nèle Zɔzɔm Aduadu Kple Yehowa Ƒe Habɔbɔa?

Satana ƒe nuɖoanyi sia ava nuwuwu kpuie. Nu ka tae wòle vevie be míayi edzi awɔ nuteƒe na habɔbɔ si zãm Mawu le le anyigba dzi egbea?

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

“Nuŋeŋedɔ Geɖe Li Woawɔ”

Yehowa Ðasefo siwo wu 760,000 ye le Biblia me nyateƒea gblɔm le Brazil. Aleke Biblia Nusrɔ̃viwo dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le Anyiehe Amerika?