Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wɔ Ðe Sikasededea Dzi Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me

Wɔ Ðe Sikasededea Dzi Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me

“Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.”MAT. 7:12.

1. Ðe ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋu le gbeadzi le veviea? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia tame.)

ƑE ƲƐ aɖewoe nye esi va yi la, atsu kple asi Kristotɔ aɖe siwo le Fiji nɔ amewo kpem na Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Esi wonɔ nu ƒom na nyɔnu aɖe le gota la, tsi te dzadza. Nɔviŋutsua tsɔ xexi ɖeka na nyɔnua eye eya kple srɔ̃a hã wonɔ ɖeka te. Dzi dzɔ atsu kple asia ŋutɔ esi nyɔnua va Ŋkuɖodzia. Nyɔnua gblɔ be yemeɖo ŋku nya siwo Ðasefoawo gblɔ esi wova ye gbɔ la ƒe akpa gãtɔ dzi o. Gake nu si koŋ wɔ dɔ ɖe edzie nye ale si wowɔ nu ɖe eŋu, eye esiae ʋãe wòva Ŋkuɖodzia. Nu kae na atsu kple asia wɔ nu nenema? Agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose vevitɔ si míeyɔna be Sikasedede la dzie wowɔ ɖo.

2. Nu kae nye Sikasedede la? Aleke míate ŋu awɔ ɖe edzi?

2 Nu kae nye Sikasedede la? Eyae nye aɖaŋu si Yesu ɖo na mí be: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.” (Mat. 7:12) Aleke míate ŋu awɔ ɖe Sikasedede ma dzi? Míate ŋu awɔ esia le mɔ vevi eve nu. Gbã la, ele be nàbia ɖokuiwò ɣesiaɣi be: ‘Nenye nyee ɖe, aleke madi be ame kemɛa nawɔ nu ɖe ŋunye?’ Evelia, dze agbagba ɖe sia ɖe nàwɔ nu ɖe amea hã ŋu nenema ke.1 Kor. 10:24.

3, 4. (a) Ðe nu si tae menye nuwɔwɔ kple haxɔsetɔwo me koe míawɔ ɖe Sikasededea dzi le o la me. (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

 3 Zi geɖe la, míewɔna ɖe Sikasededea dzi le nuwɔwɔ kple haxɔsetɔwo me. Gake menye ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me ŋu koe Yesu gblɔ be míawɔ nu ɖo alea o. Le nyateƒe me la, esi wònɔ nu ƒom tso ale si wòle be míawɔ nu ɖe amewo katã—míaƒe futɔwo gɔ̃ hã—ŋu ye wòna mɔfiame vevi sia. (Mixlẽ Luka 6:27, 28, 31, 35.) Ne ele alea la, ke aleke gbegbe wòhiã be míawɔ ɖe Sikasededea dzi le nuwɔwɔ ɖe ame siwo míeɖia ɖase na, siwo dometɔ geɖe nye “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la ŋue nye esi!Dɔw. 13:48.

4 Azɔ mina míadzro biabia ene aɖewo siwo wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele gbeƒã ɖem la me: Ame ka ƒomevie mele nu ƒom na? Afi kae meke ɖe eŋu le? Ɣeyiɣi kae nye nyuitɔ si mayi amewo gbɔ? Aleke wòle be maƒo nu na wo? Abe ale si míakpɔe ene la, biabia siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míabu ame siwo míele gbeƒã ɖem na ƒe seselelãmewo ŋu ale be míanya ale si míawɔ nu ɖe wo ŋu.1 Kor. 9:19-23.

AME KA ƑOMEVIE MELE NU ƑOM NA?

5. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokuiwo?

5 Zi geɖe la, ame ɖekaɖekawoe míeƒoa nu na le gbeadzi. Ame sia ame kple eƒe kuxie, eye nu siwo me ame sia ame to la le vovo. (2 Kron. 6:29) Ne èle tetem ɖe ame aɖe ŋu be yeaɖe gbeƒã nɛ la, bia ɖokuiwò be: ‘Ne nyee nye aƒemenɔlaa la, aleke madi be wòawɔ nu ɖe ŋunye? Ðe wòavivi nam ne ebum abe nutoa me tɔ ɖe sia ɖe ko enea? Alo ɖe wòadzɔ dzi nam wu ne edi be yeanya ame si ƒomevi menyea?’ Ŋugbledede le biabia siawo tɔgbi ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu ɖe aƒemenɔla ɖe sia ɖe ŋu le eƒe nɔnɔme nu.

6, 7. Ne aƒemenɔla aɖe do dziku alo da gbe ɖe mía gbɔ la, nu kae wòle be míawɔ?

6 Ame aɖeke madi be amewo nabu susu vɔ̃ ɖe ye ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, esi míenye Kristotɔwo ta la, míedzea agbagba wɔna ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be ‘míana míaƒe nya nadze to ɣesiaɣi’ la dzi. (Kol. 4:6) Gake esi míede blibo o ta la, míegblɔa nya aɖewo ɣeaɖewoɣi siwo va vea mí emegbe. (Yak. 3:2) Ne edzɔ be míeƒo nu na ame aɖe nyuie o le esi nuwo meyi na mí nyuie le ŋkekea me o ta la, mímadi be amea nabu mí be míenye “ame mabuame” alo “ameŋumabula” o. Míanɔ mɔ kpɔm be amea nase nu gɔme na mí. Ke ɖe mele be míawo hã míase nu gɔme na amewo nenema ke oa?

7 Ne aƒemenɔla aɖe do dziku alo da gbe ɖe mía gbɔ la, ɖe manyo be míatsɔe be ɖewohĩ esi nuwo meyi nɛ nyuie le ŋkekea me o tae oa? Ðe wòanye be ele nɔnɔme sesẽwo me tom le dɔme alo le sukua? Ðe lãmegbegblẽ le fu ɖem nɛa? Edzɔ zi geɖe be aƒemenɔla siwo do dziku ɖe mía ŋu zi gbãtɔ la dometɔ geɖe xɔ nya la emegbe le esi Yehowa ƒe amewo wɔ nu ɖe wo ŋu tufafatɔe hede bubu wo ŋu ta.Lod. 15:1; 1 Pet. 3:15.

8. Nu ka tae wòle be míagblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na ‘amewo katã ƒomevi’?

8 Míeɖea gbeƒã na ame ɖe sia ɖe ƒomevi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, wota ame 60 kple edzivɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe nyati si nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” me. Ame siwo ŋu nya wogblɔ le nyati mawo me la dometɔ aɖewo nye fiafiwo, ahamulawo, nu vlo wɔha me tɔwo, alo atike vɔ̃ɖi zãlawo tsã. Bubuwo nye dunyahelawo, subɔsubɔhakplɔlawo kple ame siwo vuna ɖe woƒe dɔwɔɖuiwo ko ŋu tsã. Wo dometɔ aɖewo hã nye agbe baɖa nɔlawo. Gake wo katã woɖo to nya nyuia, wolɔ̃ wosrɔ̃ Biblia kpli wo, wotrɔ  woƒe agbenɔnɔ, eye wova xɔ nyateƒea. Eya ta mele be míasusu be ame aɖewo ya mate ŋu axɔ Fiaɖuƒegbedeasia gbeɖe o. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:9-11.) Ke boŋ ele be míanyae be ‘amewo katã ƒomevi’ ate ŋu aɖo to nya nyui la.1 Kor. 9:22.

AFI KAE MEKE ÐE EŊU LE?

9. Ne míeyi amewo ƒe aƒewo me la, nu ka tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo?

9 Zi geɖe la, amewo ƒe aƒewo mee míeyina ɖaɖea gbeƒã na wo le. (Mat. 10:11-13) Esi míaƒe aƒewo kple nunɔamesiwo le vevie na mí ta la, míedina be amewo nade bubu nu siawo ŋu. Míedina be míanɔ dedie le míaƒe aƒewo me. Eya ta ne míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm la, anyo be míaɖɔ ŋu ɖo ale be míagawɔ naneke si aɖe fu na amewo le woƒe aƒewo me o.Dɔw. 5:42.

10. Aleke míaƒo asa na nu siwo aɖe fu na amewo le gbeadzi?

10 Le egbexexe si me nu vlo wɔwɔ xɔ aƒe ɖo me la, ame geɖe vɔ̃na na ame siwo womenya o. (2 Tim. 3:1-5) Eya ta ne míege ɖe aƒe aɖe me la, mele be míawɔ naneke si ana woabu susu vɔ̃ ɖe mía ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be míege ɖe aƒe aɖe me heƒo ʋɔa. Ne ame aɖeke meʋui o la, ɖewohĩ míadi be míado mo ɖe fesrea nu, alo atsa le aƒea me kpɔ be míakpɔ aƒemenɔlaa mahã. Le miaƒe nutoa me la, ɖe esia maɖe fu na aƒemenɔlaa oa? Nu kae aƒelikawo asusu? Ele eme be ehiã be míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa tsitotsito ya. (Dɔw. 10:42) Míedi vevie be amewo nase nya nyuia. (Rom. 1:14, 15) Ke hã, nunya anɔ eme be míatsri nu sia nu si ate ŋu aɖe fu na amewo le míaƒe anyigbamama me. Apostolo Paulo gblɔ be: “Míewɔa naneke si azu nukikli le mɔ aɖeke nu o, bene woagakpɔ vodada le míaƒe subɔsubɔdɔ la ŋu o.” (2 Kor. 6:3) Ne míeɖoa ŋku edzi be amewo ƒe aƒewo kple nunɔamesiwo le vevie na wo eye míedea bubu wo ŋu la, esia ate ŋu ahe wo dometɔ aɖewo ɖe nyateƒea ŋu.Mixlẽ 1 Petro 2:12.

Ele be míade bubu aƒemenɔlawo ŋu ɣesiaɣi eye míagawɔ naneke si aɖe fu na wo o (Kpɔ memama 10)

ƔEYIƔI KAE NYE NYUITƆ SI MAYI AMEWO GBƆ?

11. Nu ka tae wòdzɔa dzi na mí ne amewo de bubu míaƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu?

11 Vovo menɔa mí Kristotɔwo ŋu kura o. Be míawɔ nu siwo míeɖo be míawɔ la, míewɔa ɖoɖo nyuie ɖe ale si míazã míaƒe ɣeyiɣi ŋu hetsɔa nu siwo le vevie wu la ɖoa nɔƒe gbãtɔ. (Ef. 5:16; Flp. 1:10) Ne nane va gblẽ míaƒe ɖoɖoa me na mí la, etena ɖe mía dzi. Eya ta edzɔa dzi na mí ne amewo de bubu ɖoɖo si míewɔ ɖe míaƒe ɣeyiɣi ŋu la ŋuti, wosea nu gɔme na mí, eye womegblẽa ɣeyiɣi na mí o. Esi Sikasededea le susu me na mí la, aleke míaɖee afia be míedea bubu ame siwo míeɖia ɖase na ƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu?

12. Aleke míawɔ anya ɣeyiɣi nyuitɔ si míayi amewo gbɔ le míaƒe anyigbamama me?

12 Ele be míadze agbagba ade dzesi ɣeyiɣi nyuitɔ si míayi amewo gbɔ. Le míaƒe anyigbamama me la, ɣekaɣie amewo nɔa aƒe me zi geɖe? Ɣekaɣie woalɔ̃ be yewoaɖo to mí? Anyo be míatrɔ asi le míaƒe gbeadziyiɖoɖowo ŋu be míayi wo gbɔ le ɣeyiɣi mawo dzi. Le teƒe aɖewo la, tso aƒe me yi aƒe me dɔa ɖea vi wu ne míewɔe le ɣetrɔ alo fiẽ me. Ne nenemae nɔnɔmea le le miaƒe nutoa me la, ɖe manyo be nàwɔ ɖoɖo awɔ tso aƒe me yi aƒe me dɔa le ŋkekea ƒe gaƒoƒo mawo me oa? (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 10:24.) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe nu sia nu si míatsɔ asa vɔe be míaɖe gbeƒã le míaƒe anyigbamamawo me le ɣeyiɣi si sɔ na amewo dzi la dzi.

13. Aleke míade bubu aƒemenɔlawo ŋu?

13 Mɔ bubu ka dzie míate ŋu ato ade bubu aƒemenɔlawo ŋu? Ne aƒemenɔla  aɖe xɔ mí la, ele be míaɖi ɖase nɛ nyuie, gake mele be míanɔ egbɔ wòadidi fũu akpa o. Ðewohĩ amea ɖo ɣeyiɣi ma ɖi na nu bubu aɖe si le vevie nɛ wɔwɔ. Ne aƒemenɔlaa gblɔ be yemevo o la, míate ŋu ana wòanya be nya kpui aɖe koe míedi be míagblɔ nɛ, eye míawɔ míaƒe ŋugbedodoa dzi. (Mat. 5:37) Hafi míawu dzeɖoɖoa nu la, anyo be míabia amea be ɣekaɣie wòadi be míagava egbɔ ake mahã. Gbeƒãɖela aɖewo kpɔe be eɖea vi ne yewogblɔ be: “Madi vevie be magava gbɔwò. Ðe wòadzɔ dzi na wò be maƒo ka na wò alo aɖo message ɖe wò hafi avaa?” Ne míetrɔ míaƒe ɖoɖowo wòsɔ ɖe amewo ƒe ɖoɖowɔɖiwo nu la, ke míele Paulo, ame si ‘media eya ŋutɔ ƒe nyonyo o, ke boŋ ame geɖewo tɔ, bene woakpɔ ɖeɖe’ la, ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m.1 Kor. 10:33.

ALEKE WÒLE BE MAƑO NU NA WO?

14-16. (a) Nu ka tae wòhiã be míagblɔ susu si tae míeva aƒemenɔlaa gbɔ eme nakɔ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Mɔnu kae dzikpɔla mɔzɔla aɖe kpɔ be eɖea vi?

14 Tsɔe be gbe ɖeka la, ame aɖe ƒo ka na wò. Esi nèse eƒe gbe la, èkpɔe be yemenya amea o. Gake amea le nya biam wò ku ɖe nuɖuɖu si dzɔa dzi na wò ŋu. Àtsi dzi le ɖokuiwò me le ame si le kaa ƒom kple nu si tututu dim wòle ŋu. Anɔ eme be esi nèdi be yeade bubu eŋu ta la, àƒo nu kplii vie, gake ɖewohĩ àtso dzeɖoɖoa dzi kaba. Ke hã tsɔe be ame si ƒo ka na wò la ɖe eɖokui nu enumake be nuɖuɖuŋutinunyalae yenye, eye be aɖaŋu nyui aɖewo le ye si yedi be yeaɖo na wò. Anɔ eme be àlɔ̃ aɖo toe. Le nyateƒe me la, edzɔa dzi na mí ne amewo meɣla ame siwo wonye ɖe mí o eye woƒo nu na  mí ŋuɖɔɖotɔe. Aleke míate ŋu ade bubu amewo ŋu nenema le gbeadzi?

15 Le nuto geɖe me la, ehiã be míagblɔ susu si tae míeva aƒemenɔlaa gbɔ la eme nakɔ. Enye nyateƒe be nya vevi aɖewo le mía si si ŋu aƒemenɔlaa menya nu tsoe o, gake tsɔe be míeɖe ame siwo míenye fia aƒemenɔlaa o, ɖeko míebia nya sia enumake tsɔ dze dzeɖoɖoa gɔmee, be: “Ne àte ŋu aɖɔ kuxi siwo le xexea me ɖo la, wo dometɔ kae nàɖɔ ɖo?” Míenyae be susu si tae míebia nya ma ɖoe nye be míanya amea ƒe susu le nya ma ŋu eye eyome míazã Biblia atsɔ aɖo nyaa ŋu nɛ. Ke hã aƒemenɔlaa abia eɖokui be: ‘Ame kae ame sia nye, eye nu ka tae wòle nya sia biamem? Nya sia gɔme ɖe?’ Eya ta ele be míadze agbagba be míana aƒemenɔlaa navo le eɖokui me. (Flp. 2:3, 4) Aleke míate ŋu awɔ esia?

16 Dzikpɔla mɔzɔla aɖe kpɔe be mɔnu si gbɔna ɖea vi. Ne edo gbe na aƒemenɔlaa vɔ la, etsɔa trakt si nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? nanɛ hegblɔna be: “Míele agbalẽvi sia nam ame sia ame le nutoa me egbea. Edzro nyabiase ade siwo amewo lɔ̃a biabia la me. Tɔwòe nye esia.” Nɔviŋutsua gblɔ be ame geɖe ɖea dzi ɖi vie ne wonya susu si tae míeva wo gbɔ ɖo. Le esia megbe la, enɔa bɔbɔe be woayi dzeɖoɖoa dzi. Eyome dzikpɔla mɔzɔlaa biaa aƒemenɔlaa be: “Ède ŋugble le biabia siawo dometɔ aɖe ŋu kpɔa?” Ne aƒemenɔlaa tɔ asi wo dometɔ aɖe dzi la, nɔviŋutsua ʋua trakt la eye wodzroa nu si Biblia gblɔ tsɔ ɖo nya ma ŋu me. Ne metia nyabiaseawo dometɔ aɖeke o la, dzikpɔlaa ŋutɔ tiaa ɖeka heyia dzeɖoɖoa dzi be aƒemenɔlaa nagatsi dzimaɖi o. Ke hã mɔ bubu geɖewo li siwo dzi míato adze dzeɖoɖo gɔme kple amewo. Le nuto aɖewo me la, aƒemenɔlawo kpɔa mɔ be míawɔ nanewo siwo woƒe dekɔnuwo bia hafi agblɔ susu si tae míeva ɖo. Nu vevitɔa ye nye be, míatrɔ asi le míaƒe ŋgɔdonyawo ŋu wòasɔ ɖe ale si nutoa me tɔwo kpɔa mɔ be amewo naƒo nu na yewo la nu.

YI EDZI NÀNƆ WƆWƆM ÐE SIKASEDEDEA DZI LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME

17. Mɔ kawo dzie míate ŋu ato awɔ ɖe Sikasededea dzi le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

17 Va se ɖe afi sia la, mɔ kawo dzie míetona wɔna ɖe agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose vevitɔ, alo Sikasededea, dzi le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me? Míewɔa nu ɖe aƒemenɔla ɖe sia ɖe ŋu le eƒe nɔnɔme nu. Míeɖoa ŋku edzi be amewo ƒe aƒewo kple nunɔamesiwo le vevie na wo eye míedea bubu wo ŋu. Míedzea agbagba be míayi amewo gbɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ si míatu wo eye woalɔ̃ be yewoaɖo to mí la dzi. Míetrɔa asi le míaƒe ŋgɔdonyawo ŋu be wòasɔ ɖe ale si nutoa me tɔwo kpɔa mɔ be amewo naƒo nu na yewo la nu.

18. Nu nyui kawoe dona tsoa eme ne míewɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si míadi be woawɔ nu ɖe mía ŋu ene?

18 Nu nyui geɖe dona tsoa eme ne míewɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si míadi be woawɔ nu ɖe mía ŋu ene. Ne míewɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie ameŋububutɔe la, ke míena míaƒe kekeli le keklẽm, míele eɖem fia be míewɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo dzi, eye míele ŋutikɔkɔe tsɔm na mía Fofo si le dziƒo. (Mat. 5:16) Neva eme be ale si míeƒoa nu na amewo le gbeadzi nahe wo ɖe nyateƒea ŋu. (1 Tim. 4:16) Amewo ɖaxɔ Fiaɖuƒegbedeasia loo alo womeɖaxɔe o, míaƒe dzi dzea eme esi míenyae be míele mía tɔ sinua wɔm be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe. (2 Tim. 4:5) Mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ apostolo Paulo, ame si gblɔ be: ‘Nya nyui la tae mewɔa nuwo katã ɖo, ale be mate ŋu agblɔe na amewo.’ (1 Kor. 9:23) Eya ta mina mí katã míawɔ ɖe Sikasededea dzi le gbeƒãɖeɖedɔa me ɣesiaɣi.