Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Mawu Ðo Nu Sia Nu Ðe Ðoɖo Nu

Yehowa Mawu Ðo Nu Sia Nu Ðe Ðoɖo Nu

“Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.”1 KOR. 14:33.

1, 2. (a) Ame kae nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ, eye aleke Yehowa zãe? (b) Nu kae ɖee fia be mawudɔlawo le ɖoɖo nu?

YEHOWA, si nye dziƒo kple anyigba Wɔla la wɔa nu le ɖoɖo nu. Gbã la, ewɔ Yesu, si nye Via ɖekɛ la. Biblia yɔ Mawu ƒe gbɔgbɔmevi sia be “Nya la” elabena eyae nye Mawu ƒe nyanuɖela vevitɔ. Nya la subɔ Yehowa ƒe gbogbo manyaxlẽwo. Biblia gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, Nya la nɔ anyi, eye Nya la nɔ anyi kple Mawu.” Egblɔ kpee be: “Eya [Nya la] dzi nuwo katã to va dzɔ, eye eya manɔmee la, nu ɖeka pɛ hã meva dzɔ o.” Ƒe 2,000 kple edzivɔe nye esi va yi la, Mawu dɔ Nya la, si nye ame deblibo Yesu Kristo, ɖo ɖe anyigba dzi eye wòwɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu nuteƒewɔwɔtɔe.Yoh. 1:1-3, 14.

2 Hafi Vi la nava anyigba dzi la, enye Mawu ƒe “dɔnunɔla” bibi aɖe si subɔ nuteƒewɔwɔtɔe. (Lod. 8:30) Yehowa to edzi wɔ mawudɔla akpe teƒe akpe geɖewo le dziƒo. (Kol. 1:16) Biblia gblɔ tso mawudɔlawo ŋu be: “Ame akpe teƒe akpe le [Yehowa subɔm], eye ame akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ.” (Dan. 7:10) Woɖɔ mawudɔla gbogboawo be wonye Yehowa ƒe “aʋakɔwo,” si ɖee fia be woɖo wo ɖe ɖoɖo nyui aɖe nu.Ps. 103:21.

3. Ɣletivi kple ɣletinyigba nenie li, eye ɖoɖo ka nue wole?

 3 Esi Yehowa wɔ dziƒo gbahooa la, ewɔ ɣletivi kple ɣletinyigba gbogbo manyaxlẽwo. Ɣletivi nenie li? Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si wotana le Houston, Texas, (Chronicle) gblɔ be, esi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ numekuku yeye aɖe vɔ la, wogblɔ be ɣletivi kple ɣletinyigba miliɔn akpe teƒe miliɔn akpe teƒe akpe alafa etɔ̃ ye le dziƒo gbahoo la, si nye agbɔsɔsɔ si wosusu tsã la ƒe teƒe etɔ̃. (300,000,000,000,000,000,000,000) Ðe ɣletivi gbogbo mawo le ɖoɖo aɖe nua? Ɛ̃, woɖo ɣletiviwo ɖe ɣletivihatsotsowo me. Eye ɣletinyigba gbogbo aɖewo kple ɣletivi miliɔn akpewo, alo miliɔn teƒe miliɔn geɖewo gɔ̃ hã, ye le ɣletivihatsotso ɖeka me. Azɔ wogaɖo ɣletivihatsotsoawo hã ɖe ɣletivihatsotso ƒokpliwo me, eye esiawo hã gale ɣletivihatsotso ƒe ƒuƒoƒo gã nyadriwo me.

4. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu aɖo esubɔla siwo le anyigba dzi ɖe ɖoɖo nu?

4 Mawudɔlawo kple dziƒoŋunuwo siaa le ɖoɖo nyui wɔnuku aɖe nu. (Yes. 40:26) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo esubɔla siwo le anyigba dzi hã ɖe ɖoɖo nu. Eye edi be woawɔ nu ɖe ɖoɖo nyui nu elabena dɔ vevi aɖe li wòle be woawɔ. Ale si Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema kple esiwo li egbea siaa wɔa nu ɖe ɖoɖo nu la ɖo kpe edzi be ele megbe na eƒe amewo, eye be “menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.”Mixlẽ 1 Korintotɔwo 14:33, 40.

MAWU NA EƑE AMEWO NƆ ÐOÐO NU LE BLEMA

5. Nu kae na tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu meva eme enumake o?

5 Esi Yehowa wɔ amegbetɔ gbãtɔwo la, egblɔ na wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” (1 Mose 1:28) Yehowa di be amegbetɔwo nanɔ dzidzim ɖe edzi ɖe ɖoɖo nu ale be woanɔ Paradisoa kekem ɖe enu vivivi va se ɖe esime wòaxɔ anyigba bliboa dzi. Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖo na be Mawu ƒe tameɖoɖo sia meva eme enumake o. (1 Mose 3:1-6) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, “Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.” Esia na “xexea me gblẽ le Mawu ƒe ŋku me, eye nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.” Eya ta Mawu ɖoe be yeatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo katã.1 Mose 6:5, 11-13, 17.

6, 7. (a) Nu ka tae Yehowa ve Noa nu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu kae dzɔ ɖe Noa ŋɔlimetɔ mawɔnuteƒeawo dzi?

6 Gake “Yehowa ve Noa nu” elabena “Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome.” Esi “Noa zɔ kple Mawu” ta la, Yehowa gblɔ nɛ be wòakpa aɖakaʋu gã aɖe. (1 Mose 6:8, 9, 14-16) Woakpae be wòate ŋu aho ɖe tsi dzi ale be wòate ŋu akpɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa ƒe agbe ta. “Noa wɔe, abe ale si Mawu de se nɛ ene,” eye eƒe ƒomea kpe asi ɖe eŋu ale be wowu dɔa nu ɖe ɖoɖo nu. Esi wokplɔ lãwo yi aɖakaʋua me vɔ la, “Yehowa do ʋɔ” la.1 Mose 7:5, 16.

7 Le ƒe 2370 D.M.Ŋ. me la, Yehowa he Tsiɖɔɖɔa vɛ, eye ‘wòtsrɔ̃ nu sia nu si nɔ anyigba dzi,’ gake ekpɔ nuteƒewɔla Noa kple eƒe ƒomea ya ta le aɖakaʋua me. (1 Mose 7:23) Noa kple viaŋutsuwo kpakple wo srɔ̃wo mee ame sia ame si le anyigba dzi egbea dzɔ tso. Gake xɔsemanɔsitɔ siwo meyi ɖe aɖakaʋua me o la katã tsrɔ̃ le esi wogbe toɖoɖo  Noa, “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” la ta.2 Pet. 2:5.

Ame enyi tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me le esi wozɔ ɖe ɖoɖo nyui si wowɔ na wo dzi ta (Kpɔ memama 6, 7)

8. Esime Mawu gblɔ na blema Israel viwo be woayi Ŋugbedodonyigbaa dzi la, nu kae ɖee fia be ewɔ ɖoɖo nyuiwo na wo?

8 Ƒe 800 kple edzivɔ le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Mawu ɖo Israel-dukɔa anyi. Ena mɔfiamewo wo le woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa, vevietɔ ku ɖe woƒe tadedeagu, ŋu. Le kpɔɖeŋu me, eɖo nunɔlawo kple Lewi viwo kpakple “nyɔnu, siwo subɔna le Mawu ƒe agbadɔa nu.” (2 Mose 38:8) Gake esime Yehowa Mawu gblɔ na Israel viwo be woayi Kanaan-nyigba dzi la, dzidzime ma mewɔ nuteƒe o, eya ta Mawu gblɔ na wo be, “Miade anyigba, si ŋu meka atam ɖo na mi be, mianɔ edzi la dzi o, negbe Kaleb, Yefune vi, kple Yosua, Nun vi ko,” elabena woawoe he du nyui gbɔe esi woyi ɖatsa ŋku le Ŋugbedodonyigbaa dzi. (4 Mose 14:30, 37, 38) Emegbe Mawu gblɔ na Mose be wòade dɔ asi na Yosua be wòaxɔ ɖe eteƒe. (4 Mose 27:18-23) Hafi Yosua nakplɔ Israel viwo ayi Kanaan-nyigba dzi la, Mawu gblɔ nɛ be: ‘Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò o. Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afi sia afi, si nàyi ɖo.’Yos. 1:9.

9. Aleke Raxab bu Yehowa kple eƒe dukɔ lae?

9 Yehowa Mawu nɔ kple Yosua le afi sia afi si wòyi vavã. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ le ƒe 1473 D.M.Ŋ. esime Israel viwo gogo Kanaanitɔwo ƒe du Yerixo ŋu kpɔ. Yosua dɔ ŋkutsala eve ɖo ɖe Yerixo, eye ŋutsuawo yi ɖadze Raxab gbolo la gbɔ. Esi Yerixo-fia la dɔ amewo be woayi aɖalé ŋkutsalaawo vɛ la, Raxab tsɔ wo ɣla ɖe eƒe xɔta. Eyome Raxab gblɔ na Israel ŋkutsalaawo be: “Menyae bena, Yehowa le anyigba la tsɔ ge na mi . . . Elabena míese ale si Yehowa na Avaƒu la mie le mia ŋgɔ, . . . kpakple nu si miewɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo.” Egblɔ kpee be: “Yehowa, mia Mawu, enye Mawu le dziƒo afi mɛ kple anyigba dzi afii.” (Yos. 2:9-11) Esi Raxab kpe asi ɖe Yehowa ƒe dukɔ tiatiaa ŋu ta  la, Yehowa kpɔ eya kple eƒe ƒomea ta esime Israel viwo tsrɔ̃ Yerixo-dua. (Yos. 6:25) Raxab xɔ Yehowa dzi se, evɔ̃ Yehowa, eye wòde bubu eƒe dukɔ la ŋu.

ƑE ALAFA GBÃTƆ ME KRISTOTƆWO NƆ ÐOÐO NU

10. Nya kae Yesu gblɔ na Yuda-subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eŋɔli, eye nu ka tae?

10 Yosua nɔ ŋgɔ na Israel viwo woɖu du vovovowo dzi eye woxɔ Kanaan-nyigba la. Gake nu kae va dzɔ emegbe? Le ƒe 1,500 siwo kplɔe ɖo me la, Israel viwo gbe toɖoɖo Mawu enuenu. Kaka Yehowa nadɔ Via ɖe anyigba dzi la, woƒe tomaɖomaɖo Mawu kple eƒe nyagblɔɖilawo do fievo ale gbegbe be Yesu yɔ Yerusalemtɔwo be ame siwo “wu nyagblɔɖilawo.” (Mixlẽ Mateo 23:37, 38.) Mawu gbe Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo le esi womewɔ nuteƒe nɛ o ta. Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Woaxɔ Mawu fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe ku la.”Mat. 21:43.

11, 12. (a) Nu kae ɖo kpe edzi be Yehowa gbe Israel-dukɔa heɖo habɔbɔ yeye aɖe? (b) Ame kawoe nye habɔbɔ yeye si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo la me tɔwo?

11 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Yehowa gbe Israel-dukɔ mawɔnuteƒe la. Gake ema mefia be habɔbɔ si me esubɔla wɔnuteƒewo le maganɔ esi le anyigba dzi o. Tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, Yehowa ɖo habɔbɔ yeye aɖe si me tɔwo ɖoa to Yesu Kristo ƒe nufiafiawo. Le ŋkeke ma dzi la, Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo anɔ 120 ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem, ‘kasia wose nane ƒe ɖiɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ aɖe ene, eye wòxɔ aƒe si me wole la katã. Eye wokpɔ nane si le abe dzoƒaɖewo ene la va dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi ɖekaɖeka, eye gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo katã taŋ, eye wode asi gbe vovovowo dodo me, abe ale si gbɔgbɔ la dee nu na wo ene.’ (Dɔw. 2:1-4) Nu wɔnuku sia ɖo kpe edzi kɔtɛ be Yehowa le megbe na habɔbɔ yeye, si me tɔwo nye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo.

12 Gbe ma gbe la, ‘wotsɔ ame abe akpe etɔ̃ ene kpe’ ɖe Yesu yomedzelawo ŋu. Azɔ hã, “Yehowa yi edzi tsɔ ame siwo ɖem wonɔ la nɔ kpekpem ɖe wo ŋu tso ŋkeke yi ŋkeke.” (Dɔw. 2:41, 47) Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔ mawo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa kpɔ dzidzedze ale gbegbe be “Mawu ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme yi edzi nɔ dzidzim ɖe edzi ŋutɔ le Yerusalem.” ‘Nunɔlawo ƒe ha gã aɖe gɔ̃ hã va zu xɔsetɔwo.’ (Dɔw. 6:7) Eya ta dzianukwaretɔ geɖewo va xɔ nyateƒe si ƒe gbeƒã ɖem habɔbɔ yeye sia me tɔwo le. Emegbe Yehowa gaɖo kpe edzi be yele megbe na wo esime wòte “dukɔwo me tɔwo” kpɔkplɔ va Kristo hamea me.Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 10:44, 45.

13. Dɔ kae Mawu de asi na eƒe amewo?

13 Dɔ si Mawu de asi na Kristo yomedzelawo la dze ƒãa. Yesu ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu ɖi na wo, elabena tso esime wonyrɔe ɖe tsi me teti koe wòdze gbeƒãɖeɖe tso “dziƒofiaɖuƒe” la ŋu gɔme. (Mat. 4:17) Efia eyomedzelawo be woawɔ dɔ ma ke. Egblɔ na wo be: “Mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, eye va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Kristo yomedzela gbãtɔ mawo se nu si tututu wòle be woawɔ gɔme. Le kpɔɖeŋu me, le Antioxia si le Pisidia la, Paulo kple Barnaba gblɔ na Yudatɔ siwo tsi tre ɖe wo ŋu la vɔvɔ̃manɔmee be: “Ehiã be woagblɔ Mawu ƒe nya la na mi gbã. Gake esi miele asi tumee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be yewodze na agbe mavɔ o ta la, kpɔ ɖa! Míele tɔtrɔm ɖe dukɔwo  ŋu. Le nyateƒe me la, Yehowa de se na mí gblɔ be: ‘Meɖo wò abe dukɔwo ƒe kekeli ene, be nànye xɔxɔ na amewo va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.’” (Dɔw. 13:14, 45-47) Tso ƒe alafa gbãtɔ me ke la, Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la yi edzi le nu si Mawu wɔ hena amegbetɔƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la ŋu nya gblɔm na amewo.

MAWU SUBƆLAWO TSI AGBE

14. Nu kae dzɔ ɖe Yerusalem dzi le ƒe alafa gbãtɔ me, gake ame kawoe tsi agbe?

14 Yudatɔ akpa gãtɔ mexɔ nya nyuia o, eya ta afɔku gã aɖe nɔ ŋgɔ na wo, elabena Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi heɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema minyae be eƒe aƒedozuɣi gogo. Ekema ame siwo le Yudea nate sisi ayi towo dzi, eye ame siwo le dua me la nadzo, eye ame siwo le agbletawo la nagatrɔ ayi eme o.” (Luka 21:20, 21) Nya si Yesu gblɔ ɖi la va eme. Esi Yudatɔwo dze aglã ta la, Cestius Gallus nɔ ŋgɔ na Roma-srafowo woho va ɖe to ɖe Yerusalem le ƒe 66 M.Ŋ. me. Gake Roma-srafoawo trɔ dzo kpata, eye ema ʋu mɔ na Yesu yomedzelawo wosi dzo le Yerusalem kple Yudea. Ŋutinyaŋlɔla Eusebius gblɔ be, wo dometɔ geɖe tsò Yordan Tɔsisia hesi yi Pella, le Perea. Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Aʋafia Tito nɔ ŋgɔ na Roma-srafowo wotrɔ gbɔ va tsrɔ̃ Yerusalem. Gake Kristotɔ wɔnuteƒewo tsi agbe le esi wowɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi ta.

15. Esi nuwo nɔ bɔbɔe na Kristotɔwo tae woƒe dɔa kpɔ dzidzedze ɖoa? Ðe eme.

15 Togbɔ be woti Kristotɔwo yome eye woto xɔse ƒe dodokpɔ geɖewo me le ƒe alafa gbãtɔ me hã la, woƒe dɔa kpɔ dzidzedze eye ame geɖe va zu Kristotɔwo. (Dɔw. 11:19-21; 19:1, 19, 20) Nu ka tae? Elabena Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe Kristo hamea ŋu henɔ eyram.Lod. 10:22.

16. Nu kae wòhiã be Kristotɔawo nawɔ be nuwo nadze edzi na wo?

16 Be nuwo nadze edzi na Kristotɔawo le mawusubɔsubɔ me la, ele be woado vevie nu. Ehiã vevie be woasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo moveviɖoɖotɔe, woade hame ƒe kpekpewo edziedzi ahatsɔ dzo ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Nu siawo wɔwɔ na be Yehowa ƒe amewo sẽ ŋu le xɔse me eye wowɔ ɖeka ɣemaɣi, abe ale si wògale egbea hã ene. Ðoɖo nyui nɔ hame gbãtɔ mawo me. Eye dɔ sesẽ siwo dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo wɔ kple dzi faa la ɖe vi na hamea me tɔwo katã. (Flp. 1:1; 1 Pet. 5:1-4) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònyena na wo ne dzikpɔla mɔzɔlawo, abe Paulo ene, va kpɔ hameawo ɖa! (Dɔw. 15:36, 40, 41) Ale si gbegbe nu siwo míewɔna egbea le hameawo me la sɔ kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo tɔ la ɖe dzesi ŋutɔ. Dzi dzɔa mí ŋutɔ be Yehowa na esubɔlawo wɔ nu le ɖoɖo nu ɣemaɣi, eye wògale nenema egbea hã! *

17. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Le ŋkeke mamlɛ siawo me esi Satana ƒe xexea ƒe nuwuwu le aƒe tum la, Yehowa ƒe habɔbɔ gã la ƒe akpa si le anyigba dzi le ŋgɔ yim kabakaba wu tsã. Ðe nèle zɔzɔm aduadu kpliia? Wò hã èle ŋgɔyiyi wɔm le wò subɔsubɔ mea? Nyati si kplɔ esia ɖo afia ale si nàte ŋu awɔ esiae la wò.

^ mm. 16 Kpɔ nyati siwo nye “Kristotɔwo Dea Ta Agu Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me” kple “Woyia Edzi Zɔna Le Nyateƒea Me” le July 15, 2002 ƒe Gbetakpɔxɔ me. Wodzro ɖoɖo si nu Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi le egbea me tsitotsito le Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu). Kpɔ Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee, ta 15, kple Gbetakpɔxɔ, March 15, 2011, axa 17-20 hã.