Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Kpe Ðe Ŋunye Vavã

Yehowa Kpe Ðe Ŋunye Vavã

Nye kple srɔ̃nye Evelyn, si meɖe yeyee, míeɖi le keteke me le Hornepayne si nye kɔƒedu aɖe si le Ontario ƒe dziehe, le Canada. Vuvɔ nɔ wɔwɔm vevie ŋdi kanya ma. Nɔviŋutsu aɖe va kɔ mí yi aƒe me, eye esi míeɖu ŋdinu kple eya kple srɔ̃a kpakple viaŋutsu vɔ la, míezɔ to sno me ɖi ɖase tso aƒe me yi aƒe me. Le ɣetrɔ me la, meƒo dutoƒonuƒo gbãtɔ, eye mí ame atɔ̃a koe nye vavalawo. Aleae medze nutome sue dzikpɔkpɔdɔa gɔme!

LE NYATEƑE me la, meɖe fu nam kura be ame ʋɛ mawo koe va se nye nuƒo ma le ƒe 1957 me o. Nu si tae nye be, menye ame si ŋu kpena vevie. Le nye ɖevime ne amedzrowo va míaƒe aƒe me la, mesina bena zi geɖe, ne medze si amedzroawo gɔ̃ hã.

Gake awɔ nuku na wò be nàse be dɔ siwo wode asi nam le Yehowa ƒe habɔbɔa me la dometɔ akpa gãtɔ bia be maƒo nu kple ame gbogbowo—ame siwo menya nyuie kple ame siwo nyemenya kura o. Ke hã mekpɔtɔ le akɔ kpem kple ŋukpe kple kakaɖedzimanɔamesi va se ɖe fifia, eya ta nyemate ŋu aƒu asi akɔ le dɔdeasi siwo katã mewɔ dzidzedzetɔe la ta o. Ke boŋ mekpɔe be Yehowa ƒe ŋugbedodo sia va eme nam, be: “Mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.” (Yes. 41:10) Mɔ siwo dzi Yehowa to kpe ɖe ŋunye dometɔ vevi aɖee nye be, ezã hati Kristotɔwo wodo ŋusẽm. Mina magblɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo na mi. Madze egɔme tso nye ɖevime.

EZÃ BIBLIA KPLE AGBALẼVI YIBƆ AÐE

Le míaƒe ƒomea ƒe agblekɔƒea, le Ontario ƒe anyieheɣetoɖoƒe

Le ƒe 1940-awo me le Kwasiɖagbe ŋdi aɖe si ŋdɔ nɔ ʋuʋum nyuie la, Nɔvinyɔnu Elsie Huntingford va míaƒe agblekɔƒe le Ontario ƒe anyieheɣetoɖoƒe. Nɔnyee do yi egbɔ le ʋɔtrua nu esime nye kple tɔnye, si hã  kpea ŋu vevie, míenɔ xɔa me nɔ to ɖom. Esi Papa susu be nane dzram Nɔvinyɔnu Huntingford le eye medi be Dada naƒle naneke si mehiã mí o ta la, etso yi ʋɔtrua nu ɖagblɔ be míele nu si wòtsɔ vɛ dim o. Nɔvinyɔnu Huntingford biae be: “Ta miele Biblia nusɔsrɔ̃ dim oa?” Papa ɖo eŋu be: “Ema ya, míedii.”

Ɣeyiɣi si Nɔvinyɔnu Huntingford va mía gbɔ la sɔ nyuie ŋutɔ. Do ŋgɔ la, dzinyelawo nye Canada ƒe Ðekawɔwɔ Sɔleha me tɔ dovevienuwo, gake wodo le haa me tetie nye ema. Nu ka ta? Elabe nunɔlaa ɖo sɔlemeviwo ƒe ŋkɔwo ɖe ɖoɖo nu heklãe ɖe sɔlexɔa ƒe mɔnu, tso ame siwo dzɔ ga gã dzi, va se ɖe suetɔwo dzi. Esi dzinyelawo da ahe ta la, woƒe ŋkɔ nɔa ete ɖaa lɔƒo zi geɖe, eye hamemegãwo nɔa eƒom ɖe wo nu be woadzɔ ga geɖe. Nunɔla aɖe ʋu eme be yemexɔ nu siwo yefiana dzi se o gake esi yemedi be dɔ nage le ye si o tae yefiaa wo ɖo. Esiawoe na míedo le haa me. Gake míekpɔtɔ nɔ ale si míasubɔ Mawui la dim.

Esi woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa nu le Canada ɣemaɣi ta la, Biblia kple agbalẽvi yibɔ aɖe si me Nɔvinyɔnu Huntingford ŋlɔ nya ʋɛ aɖewo ɖo koe wòzãna tsɔ srɔ̃a nu kple míaƒe ƒomea. Emegbe esi wòva ka ɖe edzi be míatsɔ ye ade asi na dziɖuɖumegãwo o ko hafi wòna Biblia-srɔ̃gbalẽwo mí. Míeɣlaa agbalẽawo nyuie le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe megbe. *

Dzinyelawo xɔ nyateƒea to aƒe me yi aƒe me ɖaseɖiɖidɔa dzi hexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1948 me

Nɔvinyɔnu Huntingford ɖe gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔe togbɔ be tsitretsiɖeŋu kple kplamatsɛdonuwo nɔ anyi hã. Eƒe dzonɔamemea ʋãm be nye hã mawɔ nyateƒea tɔnyee. Esi dzinyelawo xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo ƒe ɖeka megbe la, nye hã meɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ le February ƒe ŋkeke 27 lia dzi le ƒe 1949 me. Gagba gã aɖe si lãnyilawo zãna abe lãto ene la mee wonyrɔm le, esime mexɔ ƒe 17. Tso ekema dzi la, meɖoe be mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa.

YEHOWA KPE ÐE ŊUNYE DZI ÐO ƑONYE

Ewɔ nuku nam esi wokpem be mava subɔ le Betel, le ƒe 1952 me

Nyemedze mɔɖeɖedɔa gɔme enumake o. Megblɔ na ɖokuinye be ele be mawɔ dɔ akpɔ ga vie ale be mate ŋu akpɔ ɖokuinye dzi le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me, eya ta mewɔ dɔ le gadzraɖoƒe kple ɔfis aɖe hena ɣeyiɣi aɖe. Gake esi menye ɖekakpui si si nuteƒekpɔkpɔ mesu o ta la, kaka maxɔ fetu ko meɖu gaa vɔ xoxo. Eya ta nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye  Ted Sargent ɖo aɖaŋu nam be malé dzi ɖe ƒo eye maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (1 Kron. 28:10) Eƒe dzideƒonya mawo kpe ɖe ŋunye medze mɔɖeɖedɔa gɔme le November 1951 me. Ɣemaɣi la, dɔlar 40, gasɔ xoxo ɖeka, kple akpete yeye ɖeka koe nɔ asinye. Gake Yehowa kpɔa egbɔ ɣesiaɣi be nu siwo mehiã la sua asinye. Aleke gbegbe medaa akpee nye esi be Nɔviŋutsu Ted de dzi ƒo nam medze mɔɖeɖedɔa gɔme! Esia na mekpɔ yayra geɖe.

Gbe ɖeka fiẽ le August 1952 me la, woƒo ka nam tso Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Toronto, Canada, be mava subɔ le Betel tso September me. Togbɔ be ŋu kpeam, eye nyemeɖi tsa yi alɔdzedɔwɔƒea kpɔ o hã la, mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ, elabe mɔɖela bubuwo ɖo dze nam tso ale si Betel nye teƒe nyui aɖee ŋu. Esia na meɖe dzi ɖi enumake.

“NA NƆVIAWO NAKPƆE BE NÈTSƆA ÐE LE EME NA YEWO”

Esi meva ɖo Betel ƒe eve megbe la, wotiam be maxɔ ɖe Nɔviŋutsu Bill Yacos teƒe anye hamesubɔla (si woyɔna fifia be hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla) le Toronto hameawo dometɔ ɖeka me. Ƒe 23 koe mexɔ, eye mese le ɖokuinye me be kɔƒetɔ si mele ɖeke me nyam o koe menye. Gake Nɔviŋutsu Yacos fia ale si mawɔ dɔae lam ɖokuibɔbɔtɔe le lɔlɔ̃ me. Eye Yehowa hã kpe ɖe ŋunye vavã.

Nɔviŋutsu Yacos, si nye ame titri si koa alɔgbɔnu ɣesiaɣi la, tsɔa ɖe le eme na amewo ŋutɔ. Elɔ̃ nɔviawo, eye woawo hã wolɔ̃e. Eyia wo gbɔ le woƒe aƒewo me enuenu, menye ne wole kuxiwo me tom ko o. Bill Yacos de dzi ƒo nam be mawɔ nenema ke, eye made gbeadzi kple nɔvi vovovowo. Egblɔ nam be: “Ken, na nɔviawo nakpɔe be nètsɔa ɖe le eme na yewo. Esia atsyɔ vodada geɖe dzi.”

SRƆ̃NYE ƑE NUTEƑEWƆWƆ

Yehowa gakpe ɖe ŋunye le mɔ tɔxɛ aɖe nu tso January 1957 me. Ɣleti ma mee meɖe Evelyn, si do le Gilead Sukua ƒe klass 14 lia. Do ŋgɔ na míaƒe srɔ̃ɖeɖea la, enɔ subɔsubɔm le Fransegbedolawo ƒe nuto aɖe me le Quebec. Ɣemaɣiwo la, Roma Katolikoha la kpɔ ŋusẽ ɖe Quebec nutoa dzi vevie. Eya ta gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le afi ma menɔ bɔbɔe na Evelyn o, gake elé eme ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe, eye wòku ɖe Yehowa hã ŋu.

Meɖe Evelyn le ƒe 1957 me

Evelyn ku ɖe nye hã ŋunye nuteƒewɔwɔtɔe. (Ef. 5:31) Le nyateƒe me la, wodo eƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ esi míenya ɖe srɔ̃ teti ko! Míeɖoe be míazɔ mɔ ayi aɖaɖu mɔkeke le Florida, Amerika, gake le míaƒe srɔ̃kpegbe ƒe ŋufɔke la, alɔdzedɔwɔƒea bia tso asinye be made kwasiɖa ɖeka ƒe kpekpe tɔxɛ si woawɔ le Canada Betel. Togbɔ be kpekpe sia gblẽ ɖoɖo si míewɔ ɖe mɔkekeyiyi ŋu me hã la, míaƒe didie nye be míawɔ nu sia nu si Yehowa bia tso mía si. Eya ta míete fli ɖe srɔ̃ɖemɔkekea yiyi me. Kwasiɖa ma me la, Evelyn nɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le alɔdzedɔwɔƒea gbɔ lɔƒo. Togbɔ be anyigbamama ma to vovo kura na Quebec hã la, ewɔ etɔ sinua.

Le kwasiɖa ma ƒe nuwuwu la, wode dɔ yeye asi nam—si nyemenɔ mɔ kpɔm na kura o—be mawɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa le Ontario ƒe dziehe. Ðeko meɖe srɔ̃ tetie nye ema, ƒe 25 koe mexɔ, eye nuteƒekpɔkpɔ boo mesu asinye o, gake míedze mɔ  heɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Ɣemaɣi la, vuvɔŋɔli ɖo eƒe sesẽaƒe le Canada esi mía kple dzikpɔla mɔzɔla bibi siwo trɔ yina woƒe dɔdeasiwo gbɔ la míeɖo keteke si azɔ mɔ zã bliboa. Nɔvi mawo de dzi ƒo na mí ale gbegbe! Nɔviŋutsu ɖeka si xe fe ɖe xɔdɔme ta le ketekea me la tsɔ eƒe xɔdɔmea na mí ale be míaganɔ zikpui me zã bliboa o. Le ŋufɔke, si nye ŋkeke 15 pɛ ko tso esime míeɖe srɔ̃ la, míeɖo ƒuƒoƒo sue si le Hornepayne la gbɔ hedze nutome sue dzikpɔkpɔdɔa gɔme, abe ale si megblɔe le ŋgɔdonyaa me ene.

Tɔtrɔ geɖe ganɔ ŋgɔ na nye kple Evelyn. Esi míenɔ nutome gã dzikpɔkpɔdɔa wɔm le ƒe 1960-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, wokpem be made Gilead Sukua ƒe klass 36 lia. Suku sia axɔ ɣleti ewo eye woadze egɔme le ƒe 1961 ƒe February ƒe gɔmedzedze le Brooklyn, New York. Dzi dzɔm ya, gake nyateƒe si wònye be womekpe Evelyn hã o la te ɖe dzinye. Abe ale si srɔ̃nyɔnu siwo srɔ̃wo wokpe be woade sukua wɔnɛ ene la, wobia tso Evelyn si be wòaŋlɔ lɛta ana yewoanya nenye be eda asi ɖe edzi be ye srɔ̃ nadzo le ye gbɔ ɣleti ewo ya teti. Evelyn fa avi, gake míeda asi ɖe edzi be made sukua, eye ekpɔ dzidzɔ be maxɔ hehe siwo aɖe vi na mí la le Gilead.

Le ɣeyiɣi mawo me la, Evelyn nɔ dɔ wɔm le Canada alɔdzedɔwɔƒea. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su esi be eya kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃a Margaret Lovell si nye amesiamina wonɔ xɔ ɖeka me. Le nyateƒe me la, Evelyn susuam vevie eye nye hã mesusunɛ. Gake to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míaƒe susu trɔ ɖe dɔdeasi yeyeawo ŋu eye míeɖe dzi ɖi. Ale si wòlɔ̃ faa be yeatsɔ ɣeyiɣi siwo míatsɔ anɔ anyi ɖekae asa vɔe ale be Yehowa kple eƒe habɔbɔa nazã mí geɖe wu la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

Ɣleti etɔ̃ le Gilead Sukua ƒe gɔmedzedze megbe la, Nɔviŋutsu Nathan Knorr si nɔ ŋgɔ xɔm na xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɣemaɣi la tsɔ amekpekpe wɔmoya aɖe ɖo ŋkunyeme. Ebiam be, malɔ̃ adzudzɔ Gilead Sukua atrɔ ayi Canada ƒe alɔdzedɔwɔƒea aɖafia nu le Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua hena ɣeyiɣi aɖe mahã. Nɔviŋutsu Knorr gblɔ nam hã be menye dzizizi wònye nam be malɔ̃ o. Ne medii la, mate ŋu ayi Gilead Sukua dzi awu enu eye ɖewohĩ eyome woaɖom dutanyanyuigblɔla. Egagblɔ nam hã be ne metiae be matrɔ ayi Canada la, ke ɖewohĩ mɔnukpɔkpɔ magasu asinye be made Gilead o, eye emegbe la, anɔ eme be woana mayi ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Canada. Egblɔ hã be maɖo dze tso eŋu na srɔ̃nye eye emegbe matso nya me.

Esi Evelyn gblɔ ale si wòbua teokrasi dɔdeasiwoe nam xoxo ta la, megblɔ na Nɔviŋutsu Knorr enumake be: “Míele klalo awɔ dɔ sia dɔ si Yehowa ƒe habɔbɔa adi be míawɔ la kple dzidzɔ.” Míegblɔna na mía ɖokuiwo ɣesiaɣi be, ele be míaɖe asi le míawo ŋutɔwo ƒe didiwo ŋu alɔ̃ axɔ dɔ ɖe sia ɖe si Yehowa ƒe habɔbɔ de asi na mí.

Eya ta le April 1961 me la, medzo le Brooklyn eye metrɔ yi Canada ɖafia nu le Fiaɖuƒe Subɔsubɔ  Sukua. Emegbe míezu Betel-ƒomea me tɔwo le afi ma. Eyome ewɔ nuku na mí ŋutɔ esi wokpem be mava de Gilead Suku ƒe klass 40 lia, si gɔme woadze le ƒe 1965 me. Ele be Evelyn nagaŋlɔ lɛta ake ana woanya ne eda asi ɖe edzi be ye srɔ̃ nadzo le ye gbɔ. Gake le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, wokpe eya hã be wòade sukua kplim, si na míekpɔ dzidzɔ ale gbegbe.

Esi míeva ɖo Gilead Sukua la, Nɔviŋutsu Knorr gblɔ na mí be woaɖo mí sukuvi siwo le sukua dem le Fransegbe me la ɖe Afrika. Gake le míaƒe sukunuwuwu ƒe wɔnaa me la, wogblɔ be wogbugbɔ ɖo mí ɖe Canada! Wotiam be manye alɔdzedɔwɔƒea dzikpɔla (si woyɔna fifia be Alɔdzekɔmitia ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla). Ƒe 34 koe mexɔ ɣemaɣi, eya ta megblɔ na Nɔviŋutsu Knorr be, “ɖekakpuivi ko menye.” Gake ede dzi ƒo nam. Eye tso ɣemaɣi la, medzea agbagba dea adaŋu kple nɔviŋutsu tsitsi siwo le Betel, siwo si nuteƒekpɔkpɔ le wum, hafi wɔa nyametsotso veviwo.

MESRƆ̃ NU GEÐE LE BETEL EYE NYE HÃ MEFIA NU

Subɔsubɔ le Betel ʋu mɔ nam mesrɔ̃ nu geɖe tso ame bubuwo gbɔ. Medea bubu Alɔdzekɔmitia me tɔ mamlɛawo ŋu eye mekpɔa dzidzɔ ɖe dɔ si wɔm wole ŋu ŋutɔ. Mesrɔ̃ nu geɖe tso Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu akpe geɖe—tsitsiawo kple sɔhɛwo siaa—siwo le alɔdzedɔwɔƒe afi sia kple hame vovovo siwo me míenɔ me la gbɔ.

Mele ŋdi subɔsubɔ wɔnawo dzi kpɔm le Canada Betel

Subɔsubɔ le Betel na mɔnukpɔkpɔm hã be mafia nu amewo ahado ŋusẽ woƒe xɔse. Apostolo Paulo gblɔ na Timoteo be: “Yi edzi nànɔ nu siwo nèsrɔ̃ . . . la me.” Egblɔ kpee be: “Nu siwo nèse le gbɔnye, siwo dzi ɖasefo geɖewo hã ɖo kpee la, tsɔ nu siawo de asi na nuteƒewɔlawo, ekema woawo hã woadze nyuie afia nu ame bubuwo.” (2 Tim. 2:2; 3:14) Ɣeaɖewoɣi la, hati Kristotɔwo biaam be, nu kae mesrɔ̃ le ƒe 57 siwo mesubɔ le Betel la me mahã. Meɖoa eŋu na wo kpuie be, “Lɔ̃ faa nàwɔ nu sia nu si Yehowa ƒe habɔbɔa bia tso asiwò la kaba, eye nàka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò.”

Ewɔna nam abe etsɔ ɖeka koe meva ɖo Betel abe ɖekakpuivi si ŋu kpena, si si nuteƒekpɔkpɔ boo mesu o la ene. Gake le ƒe siawo katã me la, Yehowa ‘lé nye nuɖusi ɖe asi.’ Ewɔ esia vevietɔ to haxɔsetɔwo ƒe beléname kple kpekpeɖeŋu si wonana ɖe ɣeyiɣi dzi la dzi hele gbɔgblɔm nam be: “Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.”Yes. 41:13

^ mm. 10 Canada dziɖuɖua ɖe mɔxeɖenua ɖa le May 22 lia dzi le ƒe 1945 me.