Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèle Zɔzɔm Aduadu Kple Yehowa Ƒe Habɔbɔa?

Ðe Nèle Zɔzɔm Aduadu Kple Yehowa Ƒe Habɔbɔa?

“Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu.”—1 PET. 3:12.

1. Habɔbɔ kae Yehowa tia wòva xɔ ɖe Israel-dukɔ gbexɔse la teƒe? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia tame.)

YEHOWA ƒe ame siwo le anyigba dzi egbea la subɔnɛ le mɔ si dzea eŋu nu. Le blema la, Israel viwoe nye Mawu ƒe dukɔ tiatia. Gake emegbe Yehowa tia dukɔ yeye si me tɔwo nye Kristo yomedzelawo wova xɔ ɖe Israel-dukɔ gbexɔse la teƒe. Dukɔ yeye siae va zu habɔbɔ si zãm Yehowa le. Esi wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 M.Ŋ. me la, habɔbɔ ma ya metsrɔ̃ o. (Luka 21:20, 21) Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, habɔbɔ ma si wɔa nu le ɖoɖo nu la ŋue Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖo. Habɔbɔ mae akpɔtɔ anɔ anyi nenye be wotsrɔ̃ Satana ƒe xexea keŋkeŋ. (2 Tim. 3:1) Aleke míawɔ aka ɖe esia dzi?

2. Nya kae Yesu gblɔ tso “xaxa gã” la ŋu, eye aleke wòadze egɔmee?

2 Yesu gblɔ le eƒe anyinɔɣi si ŋku makpɔ o kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi ŋu be: “Xaxa gã ava, si tɔgbi meva kpɔ o, ao, meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magava ake o.” (Mat. 24:3, 21) Xaxa gã sia si tɔgbi meva kpɔ o la adze egɔme ne Yehowa tsrɔ̃ “Babilon Gã” si nye alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo la. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwoe Yehowa azã atsɔ atsrɔ̃e. (Nyaɖ. 17:3-5, 16) Nu kae akplɔ esia ɖo?

 SATANA ƑE AMEDZIDZEDZE AHE HARMAGEDON VƐ

3. Ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo vɔ la, nu kae adzɔ ɖe Yehowa ƒe amewo dzi?

3 Ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo vɔ la, Satana kple eƒe nuɖoanyia ƒe akpa vovovoawo adze Yehowa ƒe amewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Ŋɔŋlɔawo gblɔ le ‘Gog si tso Magog-nyigba dzi’ ŋu be: “Àho ava abe ahom ene, eye àva abe alilikpo ene, ànyè atsyɔ anyigba la, mia kple wò aʋakɔ blibo la, eye dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò.” Esi Yehowa Ðasefowo nye ŋutifafamewo eye asrafo siwo bla aʋakpa mele wo si o ta la, adze abe woate ŋu atsrɔ̃ wo bɔbɔe ene. Gake amedzidzela mawo kui wòɖuɖu!Eze. 38:1, 2, 9-12.

4, 5. Nu kae Yehowa awɔ ne Satana dze Eƒe amewo dzi?

4 Nu kae Mawu awɔ ne Satana dze Eƒe amewo dzi? Yehowa si nye Xexea Me Katã Ƒe Dziɖulagã axɔ na wo. Ne futɔwo ho ɖe Yehowa subɔlawo ŋu la, anɔ ko abe Yehowa ŋue wotso ɖo ene. (Mixlẽ Zaxarya 2:12.) Eya ta mía Fofo si le dziƒo la atso kpla axɔ na mí. Ɣemaɣi atsrɔ̃ Satana ƒe xexea le Harmagedon, si nye “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” la me.Nyaɖ. 16:14, 16.

5 Biblia ƒe nyagblɔɖi aɖe gblɔ le Harmagedon ŋu be: “Yehowa le avu wɔm kple dukɔwo, ele ʋɔnu drɔ̃m ŋutilãwo katã, eye wòatsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi, Yehowa ye gblɔe. Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, dzɔgbevɔ̃e tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ, eye wode zi ahom gã me le anyigba ƒe mlɔenu. Yehowa ƒe ame siwo wòwu le ŋkeke ma me la, woanɔ anyi tso anyigba ƒe mlɔenu ɖase ɖe anyigba ƒe mlɔenu; womafa na wo o, womaƒo wo nu ƒu o, eye womaɖi wo o, eye woazu [aɖu] le agble me.” (Yer. 25:31-33) Harmagedon ahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia va nuwuwu. Satana ƒe xexea nu ayi, gake Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi akpɔtɔ anɔ anyi.

NU SI TA YEHOWA ƑE HABƆBƆA LE TA KEKEM EGBEA

6, 7. (a) Afi kae “ameha gã” la me tɔwo tso? (b) Dzidziɖedzi ka kpɔm míele le ŋkeke siawo me?

6 Mawu ƒe habɔbɔa akpɔtɔ anɔ anyi eye wòakeke ta le anyigba dzi le esi Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe emenɔlawo ŋu ta. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kokoƒoƒo ŋu.” (1 Pet. 3:12) Ame dzɔdzɔe siawoe nye “ameha gã” siwo “do go tso xaxa gã la me.” (Nyaɖ. 7:9, 14) Menye “ameha” koe agbetsilawo nye o. Wonye “ameha gã” aɖe, si fia be wosɔ gbɔ ŋutɔ. Ðe nèkpɔa ɖokuiwò le ame siwo tsi agbe le “xaxa gã” la me domea?

7 Afi kae ameha gã la me tɔwo tso? Gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole egbea dzi tom wole le wo nu ƒom ƒu. Yesu gblɔe ɖi be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mat. 24:14) Esiae nye dɔ vevitɔ si wɔm Mawu ƒe habɔbɔa le le ŋkeke mamlɛ siawo me. Gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le la le kpekpem ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu be woade ta agu na Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yoh. 4:23, 24) Le kpɔɖeŋu me, le ƒe ewo ko me, si nye tso ƒe 2003 va se ɖe 2012 me la, ame siwo wu 2,707,000 sɔŋ ye xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi. Egbea Ðasefo siwo wu 7,900,000 ye le  xexea me, eye ame miliɔn bubu geɖe dea ha kpli wo ƒe sia ƒe, vevietɔ le Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɣi. Míetsɔa dzidziɖedzi sia ƒoa adegbee o, elabena ‘Mawue nana wòtsina.’ (1 Kor. 3:5-7) Dzi dzɔa mí ŋutɔ be ameha gã la me tɔwo le dzidzim ɖe edzi ƒe sia ƒe.

8. Nu ka gbɔe Yehowa ƒe habɔbɔa me tɔwo ƒe dzidziɖedzia tso?

8 Mawu subɔlawo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi nukutɔe elabena Yehowa ŋutɔe le megbe na eƒe Ðasefowo. (Mixlẽ Yesaya 43:10-12.) Wogblɔ dzidziɖedzi sia ŋu nya ɖi le Biblia me be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋɛwo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.” (Yes. 60:22) Ɣeaɖeɣi va yi la, amesiamina susɔeawo nye “ame suewo,” gake woƒe xexlẽme va dzi ɖe edzi esime Mawu kplɔ gbɔgbɔ me Israel vi bubu geɖewo va eƒe habɔbɔa me. (Gal. 6:16) Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Yehowa yi edzi le wo yram esi wòle ameha gã la me tɔwo nu ƒom ƒu.

NU SI DIM YEHOWA LE TSO MÍA SI

9. Nu kae wòle be míawɔ be etsɔme nyui si ŋugbe Mawu do le eƒe Nya la me nasu mía si?

9 Míeɖanye Kristotɔ amesiaminawo alo ameha gã la me tɔwo o, etsɔme nyui si ŋugbe Mawu do le eƒe Nya la me ate ŋu asu mía si. Gake ele be míawɔ nu si Yehowa di tso mía si hafi esia nate ŋu asu mía si. (Yes. 48:17, 18) Le kpɔɖeŋu me, Yehowa bia tso Israel viwo si be woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi. Sea ƒe taɖodzinu aɖee nye be wòakpɔ Israel viwo ta ahafia ale si woawɔ nuteƒe le srɔ̃ɖeɖe kple dɔwɔnyawo me, ale si woahe wo viwo, ale si woawɔ nu ɖe wo haviwo ŋu, kple bubuawo la wo. (2 Mose 20:14; 3 Mose 19:18, 35-37; 5 Mose 6:6-9) Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ɖea vi na míawo hã egbea, eye míebunɛ be eƒe seawo nye agba o. (Mixlẽ 1 Yohanes 5:3.) Le nyateƒe me la, abe ale si Sea kpɔ Israel viwo ta ene la, Yehowa Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ kpɔa míawo hã mía ta nenema ke, eye wònana ‘míenɔa te sesĩe le xɔse la me.’Tito 1:13.

10. Nu ka tae wòle vevie be míaɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ na Biblia sɔsrɔ̃ kple Ƒometadedeagu?

10 Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi le ŋgɔ yim le mɔ geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, ale si míese Biblia me nyateƒea gɔmee la me le kɔkɔm ɖe edzi ɣesiaɣi. Míekpɔa mɔ na esia, elabena “ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi, va se ɖe esime ŋu kena keŋ ene.” (Lod. 4:18) Gake ele be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe mese numekɔkɔ yeye siwo wona mí ku ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe aɖewo ŋu la gɔme nyuiea? Ðe Biblia xexlẽ gbe sia gbe zu numame nama? Ðe agbalẽ yeye ɖe sia ɖe si wota na mí la xexlẽ doa dzidzɔ nam veviea? Ðe nye kple nye ƒomea míeléa kwasiɖa sia kwasiɖa Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖoa me ɖe asia?’ Mía dometɔ akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be nu siawo wɔwɔ menye nu sesẽ o. Zi geɖe la, ɣeyiɣi ɖoɖo ɖi kple emeléle ɖe asi koe hiã. Esi xaxa gã la tu aƒe alea la, aleke gbegbe wòle vevie ŋutɔ be Ŋɔŋlɔawo me sidzedze vavãtɔ nanɔ mía si sum, míanɔ wo dzi wɔm ahanɔ zɔzɔm aduadu kple Mawu ƒe habɔbɔa ye nye esi!

11. Nu ka tae Yehowa ƒe amewo dea kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo?

11 Míaƒe nyonyo tae Yehowa ƒe habɔbɔa dea dzi ƒo na mí be míawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe  ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, esi miekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom ta.” (Heb. 10:24, 25) Ŋkekenyui siwo Israel viwo ɖuna kple takpekpe bubu siwo wowɔna ƒe sia ƒe la tua woƒe xɔse ɖo. Gawu la, wɔna tɔxɛ mawo, abe Agbadɔŋkekenyui si woɖu le Nexemiya ƒe ŋkekea me ene la, nyea dzidzɔɣiwo na wo. (2 Mose 23:15, 16; Neh. 8:9-18) Wowɔ kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo ƒe ɖoɖowo na míawo hã egbea. Ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe be woagato mía ŋu o, elabena wokpena ɖe mía ŋu míegaxɔa Yehowa dzi sena geɖe wu, eye wonana míekpɔa dzidzɔ le mawusubɔsubɔ me.Tito 2:2.

12. Aleke wòle be míase le mía ɖokui me ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

12 Mɔnukpɔkpɔ su mí Mawu ƒe habɔbɔa me tɔwo si míekpɔa gome le “Mawu ƒe nya nyui la ƒe dɔ kɔkɔe la” me. (Rom. 15:16) “Dɔ kɔkɔe” sia wɔwɔ nana míezua Yehowa, “Kɔkɔetɔ” la, ƒe “hadɔwɔlawo.” (1 Kor. 3:9; 1 Pet. 1:15) Gbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna wɔa akpa aɖe le Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋuti kɔkɔ me. Vavãe, mɔnukpɔkpɔ gã aɖe wònye be wotsɔ “Mawu dzidzɔtɔ la ƒe ŋutikɔkɔe nya nyui” la de asi na mí!1 Tim. 1:11.

13. Nu kae ana míanɔ te sesĩe le xɔse me ahakpɔ agbe?

13 Mawu di be míaku ɖe ye ŋu goŋgoŋ ahakpe asi ɖe yeƒe habɔbɔa ŋu le nu sia nu me, ale be míanɔ te sesĩe le xɔse me. Mose gblɔ na Israel viwo be: “Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eya ta mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye nàku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nànɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo be, yeatsɔ na fofowòwo, Abraham, Isak kple Yakob la dzi.” (5 Mose 30:19, 20) Míaƒe agbekpɔkpɔ nɔ te ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, eyama lɔlɔ̃ kple dzi blibo, toɖoɖoe le nu sia nu me kple kuku ɖe eŋu goŋgoŋ dzi.

14. Nya kae nɔviŋutsu aɖe gblɔ tso Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si wokpɔna ŋu?

14 Nɔviŋutsu Pryce Hughes, si wɔ nuteƒe na Mawu eye wòzɔ aduadu kple eƒe habɔbɔa gblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mesrɔ̃ nyateƒea henya Yehowa ƒe tameɖoɖowo le ƒe siwo do ŋgɔ na ƒe 1914 me . . . Nu si nɔ vevie nam wue nye be mazɔ le akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si wokpɔna. Nu siwo teƒe mekpɔ tso gɔmedzedzea me na mesrɔ̃e be nunya manɔ eme be maɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe nuŋububu ŋu o. Esia na meɖoe kplikpaa be mazɔ kple habɔbɔ wɔnuteƒe la. Ðe menye esiae ana Yehowa nave mía nu ahayra mí oa?”

YI EDZI NÀNƆ ZƆZƆM ADUADU KPLE MAWU ƑE HABƆBƆA

15. Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu kae ɖe ale si wòle be míabu asitɔtrɔ siwo wowɔ le ale si míese Biblia me nya aɖewo gɔmee ŋu la fia?

15 Hafi Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu ahayra mí la, ele be míakpe asi ɖe eƒe habɔbɔa ŋu eye míalɔ̃ axɔ Ŋɔŋlɔawo me numekɔkɔ yeye siwo wonaa mí. Bu esia ŋu kpɔ: Le Yesu ƒe ku megbe la, enɔ sesẽm na Kristotɔ siwo nye Yudatɔwo dometɔ akpe geɖe be woaɖe asi le Mose ƒe Se si ŋu woku ɖo goŋgoŋ la ŋu. (Dɔw. 21:17-20) Gake Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo kpe ɖe wo ŋu wova lɔ̃ ɖe edzi be “Yesu Kristo ƒe ŋutilã, si wotsɔ na zi ɖeka  ɖe ɣeyiɣiawo katã nu” lae kɔ yewo ŋu, ke menye ‘vɔ siwo wosana le Sea te’ ye o. (Heb. 10:5-10) Ðikeke mele eme o be Kristotɔ siwo nye Yudatɔwo dometɔ akpa gãtɔ trɔ woƒe susu eye wowɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Ele be míawo hã míasrɔ̃ Biblia kple míaƒe agbalẽwo veviedodotɔe, eye ne Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ asitɔtrɔ aɖe la, ele be míatrɔ ɖe eŋu ɖokuibɔbɔtɔe.

16. (a) Yayra kawoe ana agbenɔnɔ le xexe yeyea me navivi? (b) Nu kae nèle mɔ kpɔm na vevie le xexe yeyea me?

16 Ame sia ame si yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa kple eƒe habɔbɔa akpɔ eƒe yayrawo ɖaa. Mɔnukpɔkpɔ gã wɔnuku aɖe asu amesiamina wɔnuteƒewo si be woaɖu fia kple Kristo le dziƒo. (Rom. 8:16, 17) Ne anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ye le mía si la, ekema kpɔ ale si agbenɔnɔ le Paradisoa me avivii ɖa! Aleke gbegbe dzi dzɔa mí Yehowa ƒe habɔbɔa me tɔwoe nye esi ne míele xexe yeye si ŋugbe Mawu do la ŋu nya gblɔm na amewo! (2 Pet. 3:13) Psalmo 37:11 gblɔ be: “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Amewo ‘atu xɔ anɔ eme,’ eye ‘woaɖu woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo.’ (Yes. 65:21, 22) Ameteteɖeanyi, hiãkame, kple dɔwuame maganɔ anyi o. (Ps. 72:13-16) Babilon Gã la magaflu ame aɖeke ake o, elabena maganɔ anyi akpɔ o. (Nyaɖ. 18:8, 21) Woafɔ kukuawo ɖe tsitre eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woanɔ agbe tegbee. (Yes. 25:8; Dɔw. 24:15) Nu dodzidzɔname kawo gbegbee nye esi le ame miliɔn geɖe siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa la lalam! Gake abe ame ɖekaɖekawo ene la, hafi Ŋɔŋlɔawo me ŋugbedodo mawo nava eme na mí la, ele be míayi edzi awɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ahazɔ aduadu kple Mawu ƒe habɔbɔa.

Èle ɖokuiwò kpɔm ɖaa le Paradisoa mea? (Èle ɖokuiwò kpɔm ɖaa le Paradisoa mea 16)

17. Aleke wòle be míase le mía ɖokui me le Yehowa subɔsubɔ kple eƒe habɔbɔa ŋu?

17 Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu gogo ŋutɔ ta la, mina míasẽ ŋu le xɔse me, eye míakpe asi ɖe tadedeagu vavã si Mawu ɖo anyi ŋu ahakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Míesena le mía ɖokui me abe hakpala David ene, ame si gblɔ be: “Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpɔ Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbedoxɔ me.” (Ps. 27:4) Neva eme be mía dometɔ ɖe sia ɖe naku ɖe Mawu ŋu goŋgoŋ, míawɔ ɖeka kple eƒe amewo ahayi edzi azɔ aduadu kple eƒe habɔbɔa.