Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ðe Toƒe Dzɔdzɔe Na Wò Afɔwo” Ne Nàyi Ŋgɔ

“Ðe Toƒe Dzɔdzɔe Na Wò Afɔwo” Ne Nàyi Ŋgɔ

ESI Mawu ƒe amewo dzo le Babilon le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, mɔ si woato atrɔ ayi Yerusalem la nɔ vevie na Yehowa. Egblɔ na wo be: “Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔ la; mido mɔ, mido mɔ; miɖe kpewo ɖa!” (Yes. 62:10) Bu ale si Yudatɔ aɖewo anya wɔ esiae ŋu kpɔ. Anɔ eme be Israel vi aɖewo do ŋgɔ yi ɖaɖe mɔwo, ɖewohĩ woxe ʋewo hezrɔ̃ teƒe glidzaglidzawo dzi. Dɔ sia si ŋgɔdolaawo wɔ la aɖe vi geɖe na wo nɔvi siwo le wo yome hetrɔ yina wo denyigba dzi.

Nenema kee míawo hã míetoa mɔ aɖe koŋ dzi be míaɖo taɖodzinu siwo le mía si le mawusubɔsubɔ me gbɔ. Yehowa di vevie be ye subɔlawo katã naɖe mɔxenuwo ɖa le mɔa dzi. Exlɔ̃ nu mí le eƒe Nya la me be: “Ðe toƒe dzɔdzɔe na wò afɔwo, eye wò mɔwo katã [asɔ] ɖe eteƒe.” (Lod. 4:26) Èɖanye sɔhɛ alo ame si tsi vie o, àte ŋu akpɔe be nunya le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo ma me.

WƆ TIATIA NYUIWO NÀTSƆ ADZRA MƆ DZI ÐO

Ðewohĩ èsee amewo gblɔ nya siawo tɔgbi tso sɔhɛ aɖe ŋu kpɔ, be: ‘Nu ava de ɖetugbui sia dzi ŋutɔ,’ alo ‘Ðekakpui sia ava zu ame gbe aɖe gbe.’ Zi geɖe la, sɔhɛwo nɔa lãmesẽ me, woƒe susu ɖea abla, eye wodina vevie be nuwo nadze edzi na yewo le agbe me. Biblia gblɔe wòsɔ be: “Ðekakpuiwo ƒe atsyɔ̃ enye woƒe ŋusẽ.” (Lod. 20:29) Sɔhɛ siwo zãa woƒe ŋutete kple ŋusẽ le Yehowa subɔsubɔ me la ate ŋu aɖo woƒe taɖodzinuwo gbɔ ahakpɔ dzidzɔ vavãtɔ le agbe me.

Ànya de dzesii be ame siwo menye Ðasefowo o kpɔa ŋudzedze ɖe ŋutete tɔxɛ siwo le míaƒe sɔhɛwo si la ŋu ŋutɔ. Sukuɖaŋuɖolawo, nufialawo, alo sukuhatiwo tea ŋu ƒoa nya ɖe sɔhɛ Ðasefo siwo dzea agbagba le suku la nu be woade suku kɔkɔ ale be nu nadze edzi na wo le xexea me. Alo ame siwo  doa kamedefefewo ɖe ŋgɔ ate ŋu anɔ eƒom ɖe nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu sɔhɛ siwo si ŋutete tɔxɛwo le la nu be woatsɔ kamedefefe awɔ woƒe agbemedɔe. Èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme ma tɔgbi me kpɔa, alo ènya sɔhɛ aɖe si nu wole nya ƒom ɖo alea? Nu kae akpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woawɔ tiatia siwo sɔ?

Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míato mɔ nyuitɔ kekeake dzi le agbe me. Nyagblɔla 12:1 gblɔ be: “Ðo ŋku wɔwòla [Wɔwòla Gã la, NW] dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.” Aleke wò ŋutɔ alo xɔ̃wò sɔhɛ bubu ate ŋu ‘aɖo ŋku Wɔla Gã la dzi’?

Bu Eric * si le Ɣetoɖoƒe Afrika afi sia ŋu kpɔ. Bɔlƒoƒo dzɔa dzi nɛ ale gbegbe. Kaka Eric naxɔ ƒe 15 la, wotiae be wòanɔ dukɔa ƒe bɔlƒoha aɖe me. Ema fia be eteƒe madidi o, mɔnukpɔkpɔ asu esi be wòaxɔ hehe le Europa ava zu bɔlƒola bibi aɖe. Gake aleke wòawɔ ‘aɖo ŋku Wɔla Gã la dzi’? Eye nufiame kae le eƒe kpɔɖeŋua me na wò alo xɔ̃wò sɔhɛwo?

Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Eric esime wònɔ suku dem. Esia na wòsrɔ̃e be mía Wɔla la ava kpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ tegbee. Eric va kpɔ ale si wòle vevie be wòazã eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ le Mawu subɔsubɔ me la dze sii. Eya ta Eric tso nya me be yemati ŋkɔxɔxɔ le bɔlƒoƒo me yome o. Eɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ eye wòƒo eɖokui ɖe Yehowa subɔsubɔ me bliboe. Eteƒe medidi o, eva zu subɔsubɔdɔwɔla, eye emegbe wokpee wòde Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃sukua.

Ne ɖe Eric tiae be yeazu bɔlƒola bibi la, anye ne axɔ ŋkɔ ahazu kesinɔtɔ hã. Gake ekpɔe be nya si Biblia gblɔ la nye nyateƒe, be: “Kesinɔtɔ ƒe nuwo nye eƒe du sesẽ, eye wòbuna be, gli kɔkɔwo wonye.” (Lod. 18:11) Le nyateƒe me la, ga flua ame, eye menaa dedienɔnɔ vavã ame o. Gawu la, ame siwo dina vevie be yewoazu kesinɔtɔwo la ‘tsɔa vevesese geɖe ŋɔa wo ɖokuiwo flofloflo.’1 Tim. 6:9, 10.

Dzidzɔtɔe la, sɔhɛ geɖe ƒo wo ɖokuiwo ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me eye esia nana wokpɔa dzidzɔ kple dedienɔnɔ vavãtɔ. Eric gblɔ be: “Mewɔ ɖeka kple Yehowa subɔla siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe ‘ha’ la. Emae nye ha nyuitɔ kekeake si me mate ŋu anɔ; medaa akpe na Yehowa be efia mɔ nyuitɔ si dzi mato akpɔ dzidzɔ vavãtɔ le agbe me eye eme nanyo nam lam.”

Ke wò ya? Ðe manyo be nàna “wò mɔwo” nali ke le Yehowa ŋkume to mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me tsɔ wu be nàti xexea ƒe taɖodzinuwo yome oa?—Kpɔ aɖaka si nye “ Viɖe Siwo Womate Ŋu Akpɔ Le Yunivɛsiti O.”

ÐE MƆXENUWO ÐA LE WÒ MƆ DZI

Gbe ɖeka esi atsu kple asi aɖe ɖi tsa yi alɔdzedɔwɔƒe si le United States la, wokpɔe be Betel-ƒomea me tɔwo le dzidzɔ kpɔm ŋutɔ. Nɔvinyɔnua gblɔ emegbe be: “Míenɔ vevie dom nu kura o, ɖeko míevo.” Atsu kple asia tso nya me be yewoazã yewoƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu geɖe wu.

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, atsu kple asia see le wo ɖokui me be tɔtrɔ siwo wòhiã be yewoawɔ la lolo akpa. Gake gbe ɖeka la, ŋkekea ƒe mawunyakpukpui si me wodzro lae nye Yohanes 8:31, afi si Yesu gblɔ le be, “Ne mieyi edzi nɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã.” Esi wode ŋugble le mawunyakpukpui ma ŋu la, wogblɔ na wo ɖokuiwo be: “Nu sia nu si míetsɔ sa vɔe be míanɔ agbe tsɛ la mazu dzodzro o.” Eya ta wodzra aƒe gã si me wonɔ la, woɖe asi le nu siwo mehiã o ŋu, eye woʋu yi hame aɖe si hiã kpekpeɖeŋu me. Fifia wonye mɔɖelawo, eye wokpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu ŋu hewɔa lɔlɔ̃nu faa dɔwo le nutome gã takpekpewo me. Aleke wole sesem le wo ɖokui me fifia? Wogblɔ be: “Dzidzɔ si gbegbe kpɔm míele le agbe tsɛ nɔnɔ me, esi míele nu si Yehowa ƒe habɔbɔa de dzi ƒo na mí wɔm la, wɔa nuku na mí.”

NƆ MƆ LA DZI

Salomo gblɔ be: “Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe, eye wò aɖabawo nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò.” (Lod. 4:25) Abe ʋukulawo ene la, ele be míanɔ ŋgɔ kpɔm tẽe, eye míaƒo asa na susuhenu siwo ate ŋu axe mɔ na mí be míagaɖo taɖodzinuwo le mawusubɔsubɔ me ahaminya wo o la.

Taɖodzinu kawoe nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò? Taɖodzinu nyui ɖeka si nàte ŋu aminyae nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Bubue nye be  nàyi aɖasubɔ le hame si hiã gbeƒãɖela bibiwo be woate ŋu akpe woƒe anyigbamama gã la ɖo me. Alo ɖewohĩ gbeƒãɖela bibi geɖewo le hame aɖe me, evɔ hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo mesɔ gbɔ o. Ðe nàte ŋu aʋu ayi aɖana kpekpeɖeŋua? Ðe manyo ŋutɔ be nàɖo dze tso eŋu kple nutome sue dzikpɔlaa kpɔ be àte ŋu akpe asi ɖe hame aɖe ŋu mahã oa? Ne edzro wò be nàsubɔ le didiƒe la, àte ŋu abia axɔ nyatakakawo tso hame siwo gbɔ didi siwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu. *

Fifia mina míagatrɔ susu ɖe nudzɔdzɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 62:10 ŋu ake. Yudatɔ aɖewo anya wɔ dɔ sesĩe le mɔ si Mawu ƒe amewo ato atrɔ ayi wo denyigba dzi la dzi dzadzraɖo me. Ne èle kutri kum be yeaɖo taɖodzinu siwo le ye si le mawusubɔsubɔ me gbɔ la, ke alɔ megaku wò o. Mawu akpe ɖe ŋuwò nàɖo wo gbɔ. Yi edzi nàbia Yehowa wòana nunya wò esi nèle mɔxenu ɖe sia ɖe ɖem ɖa le ŋgɔwò. Akpe ɖe ŋuwò le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi be ‘nàɖe toƒe dzɔdzɔe na wò afɔwo.’Lod. 4:26.

^ mm. 8 Míetrɔ ŋkɔa.

^ mm. 18 Kpɔ Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ, axa 111-112.