Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèbua Amegbetɔwo Ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Abe Ale Si Yehowa Bunɛ Enea?

Ðe Nèbua Amegbetɔwo Ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Abe Ale Si Yehowa Bunɛ Enea?

“Ŋutilã la ƒe ŋutinu siwo dze abe wogbɔdzɔ wu ene lae hiãna wu.”1 KOR. 12:22.

1, 2. Nu kae na Paulo se veve ɖe ame siwo gbɔdzɔ nu?

MÍ KATÃ míegbɔdzɔna ɣeaɖewoɣi. Ne míaƒe lãme mele kɔkɔm o la, etea ŋu dzɔna be míegbɔdzɔna ale gbegbe be naneke meganya wɔna na mí o. Azɔ tsɔe be ègbɔdzɔ, menye kwasiɖa ɖeka alo eve aɖewo ko o, ke boŋ ɣleti geɖewo madzudzɔmadzudzɔe. Ne edzɔ alea la, ɖe màdi be amewo nase nu gɔme na ye ahawɔ nu ɖe ye ŋu veveseɖeamenutɔe oa?

2 Ʋiʋli siwo nɔ hame la me kple esiwo tso egodo na apostolo Paulo se le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be yegbɔdzɔ. Ese le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be ewu tsɔtsɔ na ye. (2 Kor. 1:8; 7:5) Nɔnɔme sesẽ siwo me Paulo to le eƒe Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi ta na wògblɔ be: “Ame kae gbɔdzɔ, eye nyemegbɔdzɔ o?” (2 Kor. 11:29) Esi Paulo tsɔ Kristo hamea me tɔwo sɔ kple ŋutilã ƒe ŋutinu vovovowo la, egblɔ be ame siwo “dze abe wogbɔdzɔ wu ene lae hiãna wu.” (1 Kor. 12:22) Nu kae eƒe nya siawo fia? Nu ka tae wòle be míabu ame siwo wòdze abe wogbɔdzɔ wu ene la abe ale si Yehowa bua woe ene? Eye aleke esia aɖe vi na mí?

 ALE SI YEHOWA BUA AMEGBETƆWO ƑE GBƆDZƆGBƆDZƆWO

3. Nu kae ate ŋu awɔe be míava nɔ susu vɔ̃ bum ɖe hamea me tɔ siwo hiãa kpekpeɖeŋu la ŋu?

3 Le xexea me egbea la, ame geɖe dina be yewoaba ame siwo gbɔdzɔ kple ame siwo ŋu ŋusẽ mele o be yewoƒe asi nasu nu si dim yewole la dzi. Wosusuna be ele be ame nanye ɖekakpui alo ɖetugbui eye ŋusẽ nanɔ eŋu hafi nu nanyo nɛ. Míenyae be nɔnɔme ma mesɔ o, ke hã ne míekpɔ nyuie o la, ate ŋu adzɔ be míava nɔ susu vɔ̃ bum ɖe hamea me tɔ siwo hiãa kpekpeɖeŋu edziedzi ŋu. Gake nu kae akpe ɖe mía ŋu be míabu hamea me tɔ ɖe sia ɖe abe ale si Mawu bunɛ ene?

4, 5. (a) Aleke kpɔɖeŋu si le 1 Korintotɔwo 12:21-23 kpena ɖe mía ŋu be míabu amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo abe ale si Yehowa bunɛ ene? (b) Ne míekpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ ŋu la, vi kae wòaɖe na mí?

4 Kpɔɖeŋu si Paulo wɔ le Korintotɔwo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, ƒe ta 12 lia me akpe ɖe mía ŋu míase ale si Yehowa bua amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo gɔme. Paulo ɖo ŋku edzi na mí le afi ma be míaƒe ŋutinu siwo wòdze abe womenya kpɔ o alo wogbɔdzɔ wu ene la hã wɔa akpa vevi aɖe. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 12:12, 18, 21-23.) Ame aɖewo siwo xɔ amedzɔtsolãme ƒe nufiafiaa dzi se la gblɔna be ŋutilãa ƒe ŋutinu aɖewo li siwo mewɔa dɔ aɖeke o, eya ta womehiã mí o. * Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖewo mexɔe se be viɖe le afɔbidɛ suetɔ ŋu o. Gake fifia dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔe be míaƒe afɔbidɛ suetɔ wɔa akpa vevi aɖe be ameti bliboa nadzɔ kã.

5 Kpɔɖeŋu si Paulo wɔ la na wòdze ƒãa be Kristo hamea me tɔ ɖe sia ɖe hiã vevie. Satana ye dina be míaxɔe ase be viɖe aɖeke mele mía ŋu o. Gake Yehowa ya bua esubɔlawo katã, siwo dome ame siwo gbɔdzɔ wu le la, be ‘wohiã vevie.’ (Hiob 4:18, 19) Ele be esia nakpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be wòade asixɔxɔ akpa si wɔm wòle le hamea me kple mɔnukpɔkpɔ si su esi be wònye Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi me tɔ la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, èɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si nède abɔ abɔme na ame tsitsi aɖe la dzia? Ðewohĩ ema abia be nàzɔ kplii ɖɔɖɔɖɔ ya, gake ɖe alɔdodoe alea meɖe vi nɛ hena wò hã nèkpɔ dzidzɔ oa? Ɛ̃, ne míekpe ɖe amewo ŋu la, enana míekpɔa dzidzɔ, míesrɔ̃a ale si míagbɔ dzi ɖi ahalɔ̃ ame, eye míetsina le gbɔgbɔ me. (Ef. 4:15, 16) Mía Fofo lɔ̃ame la bua hame si dea asixɔxɔ hamea me tɔ ɖe sia ɖe ŋu, metsɔ le woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me o, la be enye esi da sɔ helɔ̃a ame.

6. Nu ka tae Paulo ƒo nu tso ame siwo ‘gbɔdzɔ’ kple “ame siwo ŋu ŋusẽ le” ŋu?

6 Enye nyateƒe be Paulo zã nya ‘gbɔdzɔ’ kple “gbɔdzɔgbɔdzɔ” esi wònɔ nu ƒom tso hamea me tɔ aɖewo ŋu. Ezã nya siawo le esi dzimaxɔsetɔ aɖewo bua ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nenema ta. Gake menye ɖe wòle gbɔgblɔm be Kristotɔ aɖewo nyo wu wo nɔviwo o. Egblɔ tso eɖokui ŋu ɣeaɖeɣi be yegbɔdzɔ. (1 Kor. 1:26, 27; 2:3) Nenema kee esi Paulo ƒo nu tso “ame siwo ŋu ŋusẽ le” ŋu la, menye ɖe wògblɔe be Kristotɔ aɖewo nabu wo ɖokuiwo be yewonyo wu ame bubuwo o. (Rom. 15:1) Nu si wòwɔnɛ ye nye be, ele be Kristotɔ siwo si nuteƒekpɔkpɔ su wu la nagbɔ dzi ɖi na ame siwo meli ke sesĩe ɖe nyateƒea me haɖe o.

ÐE WÒHIÃ BE MÍAWƆ TƆTRƆ LE MÍAƑE NUŊUBUBU MEA?

7. Nu kae ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu?

7 Ne míekpe ɖe “hiãtɔ” aɖe ŋu la, efia be míele Yehowa srɔ̃m, eye esia ana wòakpɔ  ŋudzedze ɖe mía ŋu. (Ps. 41:2; Ef. 5:1) Gake ne susu nyui mele mía si ɖe ame siwo ŋu hiahiã aɖe le ŋu o la, esia ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míakpe ɖe wo ŋu. Alo ne míenya nya si tututu míagblɔ atsɔ ade dzi ƒo na ame siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom o la, ɖewohĩ míadi be míagogo wo o. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Cynthia, * ame si srɔ̃a dzo le egbɔ la, gblɔ be: “Ne nɔviwo medi be yewoagogo wò o alo womele nu wɔm abe ale si nèkpɔ mɔ be xɔlɔ̃ vavãwo nawɔe ene o la, etena ɖe ame dzi ŋutɔ. Ne èle xaxawo me tom la, ele be amewo nanɔ ŋuwò.” Ete ɖe Fia David hã dzi vevie esi exɔlɔ̃wo gblẽe ɖi.Ps. 31:13.

8. Nu kae ana míase veve ɖe mía nɔviwo ti geɖe wu?

8 Nu kae ana míase veve ɖe mía nɔvi siwo hiã kpekpeɖeŋu ti? Nenɔ susu me na wò be wo dometɔ geɖe le fu kpem le lãmegbegblẽ alo blanuiléle ta, alo le esi ƒomea me tɔ aɖewo mele nyateƒea me o ta. Ate ŋu adzɔ be míawo hã míava nɔ nɔnɔme ma tɔgbi me gbe ɖeka. Hafi Israel vi siwo da ahe eye wogbɔdzɔ tsã le Egipte-nyigba dzi la nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Yehowa ɖo ŋku edzi na wo be ‘woagasẽ dzime’ ɖe ame siwo hiã tu la o. Yehowa di be woakpe ɖe ame dahewo ŋu.5 Mose 15:7, 11; 3 Mose 25:35-38.

9. Ne mía nɔvi aɖe gbɔdzɔ la, nu kae wòhiã vevie? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Le esi míanɔ fɔ bum mía nɔviwo ɖe woƒe kuxiwo ta alo anɔ susu vɔ̃ bum ɖe wo ŋu teƒe la, anyo be míafa akɔ na wo boŋ. (Hiob 33:6, 7; Mat. 7:1) Le kpɔɖeŋu me: Ne dzokekedola aɖe dze afɔku eye wokɔe yi kɔdzi afi si wokpɔa hiahiã kpatawo gbɔ le la, ɖe ɖɔktawo anɔ didim be yewoanya ne eyae wɔ vodada si na afɔkua dzɔa? Kura o! Nu si ŋu woatsi dzi ɖo boŋue nye kpekpeɖeŋu si woanae. Nenema kee ne míaƒe haxɔsetɔ aɖe ƒe kuxiwo na wògbɔdzɔ la, nu si ŋu wòle be míatsi dzi ɖoe nye kpekpeɖeŋu si míanae be wòagali ke.Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:14.

10. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ame siwo dze abe ɖe wogbɔdzɔ ene la nye “kesinɔtɔwo le xɔse me”?

10 Ate ŋu awɔ na mí abe ɖe mía nɔvi aɖewo gbɔdzɔ ene, gake ne míegbɔ dzi ɖi de ŋugble le woƒe nɔnɔmewo ŋu la, ɖewohĩ míakpɔe be menye ɖe wogbɔdzɔ o. De ŋugble le nɔvinyɔnu siwo le akɔ kpem kple wo srɔ̃wo ƒe tsitretsiɖeŋu ƒe geɖee nye esia ŋu kpɔ. Ðe mèkpɔe be xɔse sẽŋu aɖe le wo si oa? Ne èkpɔ vidadaɖekɛ aɖe si dzea agbagba kplɔa viawo vaa kpekpeawo ɣesiaɣi la, ɖe eƒe xɔse kple veviedodonu mewɔa dɔ ɖe dziwò oa? Ke ƒewuivi siwo lé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ togbɔ be wo hatiwo ƒoa nya ɖe wo nu vevie ya ɖe? Míalɔ̃ ɖe edzi be ame siawo siwo dze abe ɖe wogbɔdzɔ ene la nye “kesinɔtɔwo le xɔse me” abe mí ame siwo mele nɔnɔme mawo me o la ke ene.Yak. 2:5.

NA WÒ NUŊUBUBU NASƆ KPLE YEHOWA TƆ

11, 12. (a) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míabu amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo abe ale si Yehowa bua woe ene? (b) Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si Yehowa wɔ nu kple Aron me?

11 Biblia me kpɔɖeŋu siwo ku ɖe ale si Yehowa wɔ nu ɖe esubɔla aɖewo ŋui ŋu la me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míabu amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo abe ale si Yehowa bua woe ene. (Mixlẽ Psalmo 130:3.) Tsɔe be ènɔ eteƒe esime Aron nɔ nu me ɖem na Mose le nu si ta wòwɔ sikanyivia ŋu. Aleke nàbu Aron ɖe nya maɖinya siwo wòtsɔ nɔ taflatsɛ dom ta? (2 Mose 32:21-24) Alo aleke nàse le ɖokuiwò me esime Aron nɔvinyɔnu Miriam kpɔ ŋusẽ ɖe edzi woƒo nu tsi tre ɖe Mose ŋu ɖe dutanyɔnu si wòɖe ta? (4 Mose 12:1, 2) Aleke nàwɔ nui esime Aron kple Mose mekɔ Yehowa  ŋu le dukɔa ŋkume o esime Yehowa na tsi do tso agakpe aɖe me?4 Mose 20:10-13.

12 Le nudzɔdzɔ siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, Yehowa ate ŋu ahe to na Aron enumake hafi. Gake Yehowa kpɔe be togbɔ be Aron gbɔdzɔ le ɣeyiɣi mawo me hã la, menye ame vɔ̃ɖie wònye o. Edze abe Aron ɖe mɔ nɔnɔme siwo do mo ɖa kpakple ame bubuwo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi wòwɔ nu si mesɔ o ene. Gake Aron lɔ̃ ɖe eƒe vodadawo dzi enumake eye wòlɔ̃ faa xɔ Yehowa ƒe nuxlɔ̃amewo. (2 Mose 32:26; 4 Mose 12:11; 20:23-27) Aron ƒe xɔse kple eƒe dzimetɔtrɔ ŋue Yehowa nɔ ŋku lém ɖo. Le ƒe alafa geɖe megbe la, wogaɖoa ŋku Aron kple eƒe aƒe dzi be wonye ame siwo vɔ̃ Yehowa hewɔ nuteƒe nɛ.Ps. 115:10-12; 135:19, 20.

13. Aleke míawɔ atrɔ míaƒe nuŋububu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Hafi míatrɔ míaƒe nuŋububu wòasɔ kple Yehowa tɔ la, ele be míagbugbɔ alé ŋku ɖe ale si míebua nɔvi siwo dze abe ɖe wogbɔdzɔ ene ŋu. (1 Sam. 16:7, 8a) Le kpɔɖeŋu me, aleke nèwɔa nui ne ƒewuivi aɖe mewɔ tiatia nyui le modzakaɖeɖe me o, alo ne edze abe ewɔa nu ɖekematsɔlemetɔe ene? Le esi míatso nya me enumake be nɔnɔme nyui mele esi o teƒe la, ɖe manyo be míabu nu si míawɔ atsɔ akpe ɖe eŋu be wòanya ale si wòawɔ nyametsotso nyuiwo oa? Ne míegbɔ dzi ɖi kpe ɖe mía nɔviwo ŋu alea la, míawo ŋutɔ hã míawɔ ŋgɔyiyi le nugɔmesese kple lɔlɔ̃ɖeɖefia me.

14, 15. (a) Aleke Yehowa se le eɖokui me esi dzi ɖe le Eliya ƒo? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Eliya ƒe ŋutinya sia me?

14 Aleke Yehowa bua ame siwo lé blanui? De ŋugble le ale si wòkpe ɖe esubɔla siwo lé blanui ŋu kpɔ. Wo dometɔ ɖekae nye Eliya. Togbɔ be Eliya ɖu Baal ƒe nyagblɔɖila 450 dzi vɔvɔ̃manɔmee hã la, esi yi ɖabe esi wòse be Fianyɔnu Izebel le didim  be yeawu ye. Ezɔ afɔ kilometa 150 yi Beer-Seba, eye tso afi ma wòyi ɖabe ɖe gbedzi. Esi ŋdɔ ɖu nyagblɔɖila la eye nu te eŋu belibeli le eƒe mɔzɔzɔa me la, eyi ɖabɔbɔ nɔ anyi ɖe ati aɖe te eye “wòdi ku be, yeaku.”1 Fia. 18:19; 19:1-4.

Yehowa se nɔnɔme si me Eliya le gɔme nɛ eye wòdɔ mawudɔla aɖe wòyi ɖakpe ɖe eŋu (Kpɔ memama 14, 15)

15 Aleke Yehowa se le eɖokui me esi wòkpɔ be dzi ɖe le yeƒe nyagblɔɖila wɔnuteƒe la ƒo? Ðe wògbe esubɔla la le esi vɔvɔ̃ ɖoe eye wòlé blanui ta? Kura o! Yehowa se nɔnɔme si me Eliya le gɔme nɛ eye wòdɔ mawudɔla aɖe wòyi ɖakpe ɖe eŋu. Mawudɔlaa na nuɖuɖu Eliya zi eve wòɖu. Nuɖuɖu sia do ŋusẽe wòyi eƒe “mɔ didi” la dzi. (Mixlẽ 1 Fiawo 19:5-8.) Hafi Yehowa nana mɔfiafia eƒe nyagblɔɖilaa la, eɖo toe, eye wòɖe afɔ siwo hiã tsɔ do ŋusẽe.

16, 17. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu le beléle na mía nɔviwo me?

16 Aleke míate ŋu asrɔ̃ mía Mawu le beléle na mía nɔviwo me? Mele be míatsɔ dzitsitsi aɖo aɖaŋu na wo o. (Lod. 18:13) Nɔnɔme aɖewo ate ŋu awɔe be mía nɔvi aɖewo nanɔ sesem le wo ɖokui me be ‘bubu mele yewo ŋu o.’ Gbã la, anyo be míaɖo to wo ahana woakpɔe be míese veve ɖe wo nu. (1 Kor. 12:23) Ema ko hafi míate ŋu anya nu si tututu míawɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu.

17 Na míagatrɔ susu ɖe nɔvinyɔnu Cynthia si ƒe nya míegblɔ va yi ŋu. Esi srɔ̃a gblẽe ɖi la, eya kple vianyɔnu eveawo se le wo ɖokui me be yewotsi asi. Nu kae hamea me tɔwo wɔ? Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Esi míeƒo ka na nɔviwo gblɔ nu si dzɔ na wo la, mede miniti 45 hafi wova ɖo míaƒe aƒea me o. Wofa avi kpli mí. Womegblẽ mí ɖi o, wonɔ mía gbɔ le ŋkeke eve alo etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me. Esi nuɖuɖu megadzroa mí o eye míelé blanui vevie ta la, nɔviwo kplɔ mí yi woƒe aƒe me míenɔ wo gbɔ.” Ðewohĩ esia na nèɖo ŋku nya si Yakobo gblɔ dzi, be: ‘Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe li, awu mele esi o eye nuɖuɖu si asu nɛ le ŋkekea me hã mele esi o, evɔ mia dometɔ aɖe gblɔ nɛ be: “Heyi le ŋutifafa me, dzo naɖo lãme na wò, eye nàɖu nu aɖi ƒo,” ke miena nu siwo hiã eƒe ŋutilã lae o ɖe, viɖe kae wònye? Nenema kee xɔse hã, ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.’ (Yak. 2:15-17) Kpekpeɖeŋu si nɔviwo na nɔvinyɔnu sia kple viawoe nye nu si tututu wohiã. Le ɣleti ade ko megbe la, ŋusẽ gaɖo Cynthia kple vianyɔnu eveawo ŋu wowɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gɔ̃ hã.2 Kor. 12:10.

EÐEA VI NA AME GEÐE

18, 19. (a) Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ le ɣeyiɣi aɖe me ŋu? (b) Ne míekpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu la, ame kawoe wòɖea vi na?

18 Mí katã míenya be ɖe dɔléle sesẽwo dzona vivivi. Nenema kee axɔ ɣeyiɣi hafi ŋusẽ nagaɖo Kristotɔ si gbɔdzɔ le vodada alo nɔnɔme sesẽ aɖewo ta la ŋu le gbɔgbɔ me. Enye nyateƒe be ele be nɔvia ŋutɔ nato ɖokuisinusɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kple gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me dzi ado ŋusẽ eƒe xɔse ya. Gake ɖe manyo be míagbɔ dzi ɖi nɛ be wòagaɖo eɖokui me oa? Eye le ɣeyiɣi mawo katã me la, ɖe mele be míayi edzi anɔ lɔlɔ̃ ɖem fiae oa? Ðe míadze agbagba ɖe sia ɖe ana nɔvi siwo gbɔdzɔ le ɣeyiɣi aɖe me nase le wo ɖokui me be asixɔxɔ le yewo ŋu eye míelɔ̃ yewo vavã oa?2 Kor. 8:8.

19 Nenɔ susu me na mí be ne míekpe ɖe mía nɔviwo ŋu la, míekpɔa dzidzɔ si dona tsoa nunana me. Enana míesrɔ̃a veveseseɖeamenu kple dzigbɔɖi hã. Àkpɔe be menye míawo koe wòɖea vi na o. Enana lɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃wɔwɔ xɔa aƒe ɖe hame bliboa me. Ƒo wo katã ta la, míesrɔ̃a Yehowa, ame si dea asixɔxɔ ame ɖe sia ɖe ŋu. Ɛ̃, susu nyui geɖewo li siwo ta wòle be mí katã míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si nye be ‘míakpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ ŋu’ la dzi.Dɔw. 20:35.

^ mm. 4 Charles Darwin gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe (The Descent of Man) me be amegbetɔ ƒe ŋutinu geɖewo li siwo mehiã mí o. Ame bubu si hã doa amedzɔtsolãme ƒe nufiafiaa ɖe ŋgɔ gblɔ be amegbetɔ ƒe ŋutinu gbogbo aɖewo, siwo dome dɔkaa ƒe akpa aɖe (appendix) kple lãkusi gbabɛ si le akɔtaƒua godo (thymus) le la, mehiã kura o.

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔa.