Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woawɔ Woƒe Ŋutete Katã

Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woawɔ Woƒe Ŋutete Katã

“Maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.”PS. 32:8.

1, 2. Aleke Yehowa bua esubɔla siwo le anyigba dzi?

NE ÐEVIWO le fefem la, ewɔa nuku na dzilawo ne wokpɔ dzɔdzɔmeŋutete vovovo siwo le ɖeviawo si. Wò hã ànya kpɔ esia teƒe kpɔ! Ate ŋu adzɔ be ɖeviawo dometɔ aɖe bi ale be wòlɔ̃a kamedefefe gake bubu ya lɔ̃a asinudɔ kple aɖaŋudɔ kpakple fefe aɖewo. Ŋutete ka kee ɖale ɖeviawo si o, edzɔa dzi na dzilawo ŋutɔ be yewoakpe ɖe wo ŋu woawɔ nunana siawo ŋu dɔ bliboe.

2 Yehowa hã léa ŋku ɖe esubɔla siwo le anyigba dzi la ŋu. Ebua wo be wonye ‘dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo.’ (Hag. 2:7) Ebua wo alea le woƒe xɔse kple nuteƒewɔwɔ ta. Ke hã ɖewohĩ àde dzesii be, dzɔdzɔmeŋutete vovovowoe le hati Ðasefowo si. Nuƒoƒoŋutete le nɔviŋutsu aɖewo si, eye bubuwo hã bi ɖe ɖoɖowɔwɔ me. Nɔvinyɔnu geɖewo tea ŋu srɔ̃a gbe bubuwo kaba hezãa wo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Wo dometɔ aɖewo hã dea dzi ƒo na hamea me tɔwo eye woléa be na dɔnɔwo. (Rom. 16:1, 12) Ðe medzɔa dzi na mí ŋutɔ be nɔvi Kristotɔ siawo tɔgbi ƒo xlã mí le hamea me oa?

3. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Gake edze abe haxɔsetɔ aɖewo, siwo dome sɔhɛwo kple  nɔviŋutsu siwo xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o le, mekpɔ akpa vevi si wɔm wole le hamea me la dze sii haɖe o ene. Aleke míakpe ɖe wo ŋu woawɔ woƒe ŋutete katã? Nu ka tae wòle be míadze agbagba ade dzesi ŋutete nyui siwo le wo si ale be míabu wo abe ale si Yehowa bua wo ene?

YEHOWA KPƆA NƆNƆME NYUI SIWO LE MÍA SI

4, 5. Aleke Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:11-16 ɖee fia be Yehowa léa ŋku ɖe ŋutete siwo le esubɔlawo si ŋu?

4 Biblia me ŋutinya geɖe na wòdze ƒãa be Yehowa kpɔa nɔnɔme nyui siwo le subɔlawo si, eye wòléa ŋku ɖe ŋutete siwo le wo si hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu tia Gideon be wòaɖe yeƒe amewo tso Midiantɔwo si me la, anya wɔ nuku nɛ ŋutɔ esi mawudɔlaa gblɔ be: “Yehowa li kpli wò, wò ŋutsu kalẽtɔ!” Edze ƒãa be Gideon mebui kpɔ gbeɖe be yenye “kalẽtɔ” o. Ese le eɖokui me be yemate ŋu aɖe Mawu ƒe amewo o. Gake abe ale si dzeɖoɖoa ɖee fia ene la, Yehowa ya ƒe susu le Gideon ŋu to vovo. Ekpɔ ŋutete si le esi.Mixlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:11-16.

5 Yehowa ka ɖe edzi be Gideon aɖe Israel viwo elabena elé ŋku ɖe ŋutete siwo le esi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ƒe dɔlaa kpɔ ale si Gideon nɔ lu ƒom kple eƒe ŋusẽ katãe. Mawudɔlaa gakpɔ nu bubu aɖe hã. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, agbledelawo ƒoa agblemenukuwo le gbadzaƒe ale be ya nate ŋu alɔ tsroawo adzoe. Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gblɔ be, ‘Gideon nɔ lu ƒom le wainfiãƒe be Midiantɔwo nagakpɔ ye o.’ Medi be woava xɔ lua le ye si o. Edze aɖaŋu ŋutɔ! Le Yehowa gbɔ la, menye agbledela dzeaye koe Gideon nye o, ke edze aɖaŋu hã. Ɛ̃, Yehowa kpɔ ŋutete si le esi eye wòzãe.

6, 7. (a) Aleke ale si Yehowa bu nyagblɔɖila Amos la to vovo tso Israel vi aɖewo tɔ gbɔe? (b) Nu kae ɖo kpe edzi be Amos menye ame si mele ɖeke me nyam o?

6 Nenema kee Yehowa kpɔ ŋutete si le nyagblɔɖila Amos si togbɔ be ame geɖe abui be mele ɖeke me o hã. Amos ŋutɔ gblɔ be alẽkplɔla kple gbotidola alo gbotigble dzi kpɔlae yenye. Wobua gbotsetse be enye ame dahewo ƒe nuɖuɖu. Esime Yehowa tia Amos be wòagblɔ ʋɔnudrɔ̃nya ɖe to-ewo-fiaɖuƒe si me tɔwo nɔ trɔ̃ subɔm ŋu la, Israel vi aɖewo anya susui be amee vɔ tae wotsɔ dɔa de asi na Amos maɖinu ma ɖo.Mixlẽ Amos 7:14, 15.

7 Kɔƒe totroe aɖe mee Amos tso, gake womate ŋu agblɔ be mele ɖeke me nyam o, elabe enya nu tso amewo ƒe dekɔnuwo kple dziɖula siwo nɔ anyi le woƒe ɣeyiɣia me ŋu nyuie. Anɔ eme be enya nɔnɔme siwo le Israel eye wòsrɔ̃ nu tso dukɔ siwo ƒo xlã wo hã ŋu tso asitsalawo gbɔ. (Amos 1:6, 9, 11, 13; 2:8; 6:4-6) Biblia ŋuti nunyala aɖewo kafu Amos ɖe eƒe nuŋɔŋlɔɖaŋu ta. Ezã nya siwo gɔme sese le bɔbɔe gake wowɔa dɔ ɖe ame dzi, eye wòzã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo kple nyamenyawo hã nyuie. Vavãe, ale si Amos ɖo nya ŋu na nunɔla Amazya dzideƒotɔe la ɖo kpe edzi be Yehowa mewɔ vodada esi wòtia Amos o, eye be ekpɔ ŋutete tɔxɛwo le eŋu si ame bubuwo manya kpɔ le gɔmedzedzea o.Amos 7:12, 13, 16, 17.

8. (a) Kakaɖedzi kae Yehowa na David? (b) Aleke Psalmo 32:8 de dzi ƒo na ame siwo susuna be ŋutete mele yewo si o?

8 Nyateƒee, Yehowa dea dzesi ŋutete si le esubɔla ɖe sia ɖe si. Eka ɖe edzi na Fia David be yeafia mɔe eye ‘yeƒe ŋku anɔ eŋu.’ (Mixlẽ Psalmo 32:8.) Èkpɔ nu si tae wòle be esia nade dzi ƒo na mía? Togbɔ be ɖewohĩ míekana ɖe mía ɖokui dzi o hã la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu siwo míeku drɔ̃e kura be míate ŋu  awɔ o la wòagbɔ edzi. Ale si ko dɔfiala nɔa mɔ fiam dɔsrɔ̃vi yeye henɔa kpekpem ɖe eŋui la, nenema kee Yehowa hã nɔa mɔ fiam mí henɔa kpekpem ɖe mía ŋu be míate ŋu awɔ míaƒe ŋutete katã le esubɔsubɔ me. Eye ate ŋu ato mía nɔviwo dzi awɔ esia. Le mɔ kawo nu?

LÉ ŊKU ÐE NƆNƆME NYUI SIWO LE AMEWO SI ŊU

9. Aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo na mí be míaƒe ‘ŋku nanɔ’ ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu la dzi?

9 Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo katã be woƒe ‘ŋku nenɔ’ haxɔsetɔwo ƒe nyonyo ŋu. (Mixlẽ Filipitɔwo 2:3, 4.) Nu si aɖaŋuɖoɖo ma fiae nye be míade dzesi nunana siwo le amewo si, eye míakafu wo ɖe wo ta. Aleke nèsena le ɖokuiwò me ne ame aɖe he susu yi ŋgɔyiyi nyui siwo wɔm nèle dzi? Zi geɖe la, esia aʋã wò be nàgado vevie nu geɖe wu. Nenema kee ne míena mía nɔviwo kpɔe be míedea asixɔxɔ wo ŋu la, esia ade dzi ƒo na wo be woawɔ geɖe le mawusubɔsubɔ me.

10. Ame kawo koŋ ŋue wòle be míalé ŋku ɖo?

10 Ame kawo koŋ ŋue wòle be míalé ŋku ɖo? Ele eme baa be ɣeaɖewoɣi la, ehiãna be amewo ƒe ŋku nanɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ke hã ɖekakpuiwo kple nɔviŋutsu siwo xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o lae wòhiã vevie be woakpɔe be yewole akpa vevi aɖe wɔm le hamea me. Esia akpe ɖe wo ŋu woakpɔe be wodea asixɔxɔ yewo ŋu le Mawu ƒe amewo dome. Gake ne mele alea o la, womadi be yewoaminya agbanɔmedzi geɖewo le hamea me o, evɔ nu siae Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na wo be woawɔ.1 Tim. 3:1.

11. (a) Aleke hamemetsitsi aɖe kpe ɖe ɖekakpui aɖe ŋu wòɖu ŋukpe dzi? (b) Nu kae nèsrɔ̃ tso Julien ƒe kpɔɖeŋua me?

11 Ludovic, si nye hamemetsitsi aɖe si ŋutɔ hã ŋu wokpe ɖo etɔxɛ esime wònye sɔhɛ la gblɔ be: “Ne metsɔ ɖe le eme na nɔviŋutsu aɖe vavã la, ewɔa ŋgɔyiyi kabakaba wu.” Ludovic gblɔ tso Julien si nye ɖekakpui aɖe si ŋu kpena la ŋu be: “Ne Julien di be yeawɔ geɖe le hamea me la, mekana ɖe eɖokui dzi o, eya ta enɔa nu wɔm ɖeƒomevii. Gake mekpɔe be efa tu ŋutɔ eye wòdina vevie be yeakpe ɖe hamea me tɔwo ŋu. Eya ta le esi mahe nya ɖe eŋu teƒe la, metsɔ susu ɖo eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu hedze agbagba be made dzi ƒo nɛ.” Eteƒe medidi o, Julien dze hezu subɔsubɔdɔwɔla eye fifia enye gbesiagbe mɔɖela.

KPE ÐE WO ŊU WOAWƆ WOƑE ŊUTETE KATÃ

12. Nu kae wòle be míawɔ be míate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Eme kɔ be hafi míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woawɔ woƒe ŋutete katã la, ele be míanɔ ŋku lém ɖe nu ŋu. Abe ale si Julien ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia ene la, ele be míakpɔ nu ayi ŋgɔ wu amewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ale be míade dzesi woƒe nɔnɔme nyuiwo kple dzɔdzɔmeŋutete siwo ŋu dɔ woate ŋu awɔ geɖe wu. Alea tɔgbie Yesu wɔ nu ɖe apostolo Petro ŋu. Togbɔ be edzena ɣeaɖewoɣi abe ɖe womate ŋu aka ɖe Petro dzi o ene hã la, Yesu gblɔ ɖi be ava li ke abe agakpe ene.Yoh. 1:42.

13, 14. (a) Aleke Barnaba ɖe nugɔmesese fia le Marko gome? (b) Aleke wokpe ɖe nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe ŋu abe Marko ke ene? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

13 Barnaba hã ɖe nugɔmesese fia le Yohanes si wogayɔna be Marko gome. (Dɔw. 12:25) Le Paulo kple Barnaba ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me la, Marko nye woƒe “kpeɖeŋutɔ,” ɖewohĩ etsɔa dɔ na wo. Ke hã esi woɖo Pamfilia la, Marko trɔ le wo yome kpata. Eva hiã be Paulo kple Barnaba ɖeɖe nato nuto aɖe si me adzoblasuwo bɔ ɖo me azɔ mɔ ayi dzigbe gome. (Dɔw. 13:5, 13) Gake  edze ƒãa be Barnaba metsɔ susu ɖo Marko ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu o, ke boŋ eƒe susu nɔ eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu eye wòzã mɔnukpɔkpɔa emegbe tsɔ na hehee. (Dɔw. 15:37-39) Esia kpe ɖe Marko si nye ɖekakpui ŋu wòyi ŋgɔ va zu Yehowa subɔla si tsi le gbɔgbɔ me. Dzidzɔtɔe la, Marko nɔ Paulo ŋu le Roma esime wònɔ gaxɔ me, eye eya hã kpe ɖe eŋu woɖo gbedonamewo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Kolose hamea me; gawu la, apostoloa ƒo nu nyui tso eŋu. (Kol. 4:10) Wò ya bu ale si gbegbe Barnaba ƒe dzi adze emee esime Paulo ŋutɔ bia be Marko nava kpe ɖe ye ŋu la ŋu kpɔ.2 Tim. 4:11.

14 Alexandre si woɖo hamemetsitsi nyitsɔ laa ɖo ŋku ale si nɔviŋutsu aɖe kpe ɖe eŋui dzi eye wògblɔ be: “Esime nyemetsi alea o la, avu kple kɔe wònyena nam ne wobia tso asinye be mado gbe ɖa le dutoƒo. Hamemetsitsi aɖe fia ale si madzra ɖo ɖe gbedodoɖa ŋu ahaɖe dzi ɖi lam. Le esi wòagbe be yemagade gbedodoɖa asi nam o teƒe la, enaa mɔnukpɔkpɔm medoa gbe ɖa edziedzi le kpekpe hena gbeadziyiyi me. Eteƒe medidi o meva doa gbe ɖa kple kakaɖedzi.”

15. Aleke Paulo ɖee fia be yedea asixɔxɔ nɔviawo ŋu?

15 Ne míekpɔ nɔnɔme nyui aɖe le Kristotɔ aɖe ŋu la, ɖe míegblɔa ale si míedea asixɔxɔ nɔnɔme nyui ma ŋu la nɛa? Le Romatɔwo ta 16 lia me la, Paulo kafu nɔvi siwo wu 20 ɖe nɔnɔme nyui siwo le wo si, siwo tae wòlɔ̃ wo vevie la ta. (Rom. 16:3-7, 13) Le kpɔɖeŋu me, Paulo lɔ̃ ɖe edzi be Andronika kple Yunia wonye Kristo yomedzelawo ɣeyiɣi didi wu ye tsɔ te gbe ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe dzidodo dzi. Paulo ƒo nu tso Rufo dada hã ŋu vividoɖeameŋutɔe, ɖewohĩ enɔ susu hem yi ale si nɔvinyɔnu sia lé be nɛ do ŋgɔ la dzi.

Frédéric (miame) de dzi ƒo na Rico wòɖoe kplikpaa be yeasubɔ Yehowa (Kpɔ memama 16)

16. Ne míekafu sɔhɛwo la, nu kae ate ŋu ado tso eme?

16 Ne míekafua amewo tso dzi me la, nu nyuiwo ate ŋu ado tso eme. Bu Rico si nye ŋutsuvi dzaa aɖe le France ŋu kpɔ. Dzi ɖe le eƒo esi fofoa si menye Ðasefo o tsi tre ɖe eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu. Rico susui be ele be yealala va se ɖe esime yetsi xɔ ƒe 18 hafi yeate ŋu asubɔ Yehowa bliboe. Elé blanui le esi woɖua fewu le eŋu le suku ta. Frédéric si nye hamemetsitsi si si wobia tso be wòasrɔ̃ nu kple ŋutsuvi sia gblɔ be: “Mekafu Rico be tsitretsiɖeŋu siwo wòdoa goe ɖee fia be dzi le eƒo wòʋua eƒe xɔse me le suku.” Kafukafunya siawo de dzi ƒo na Rico wòɖoe kplikpaa be yeayi edzi aɖo kpɔɖeŋu nyui, eye esia na be eya kple fofoa dome va le nyuie wu. Rico xɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 12.

Jérôme (ɖusime) kpe ɖe Ryan ŋu wòzu dutanyanyuigblɔla (Kpɔ memama 17)

17. (a) Aleke míate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo ŋu woawɔ ŋgɔyiyi? (b) Aleke dutanyanyuigblɔla aɖe tsɔ ɖe le eme na nɔviŋutsu ɖekakpuiwo, eye nu kae do tso eme?

17 Ɣesiaɣi si míekafu mía nɔvi aɖe ɖe dɔdeasi nyui si wòwɔ alo agbagba si wòdze ta la, eʋãnɛ be wòawɔ eƒe ŋutete geɖe wu le Yehowa subɔsubɔ me.  Nɔvinyɔnu Sylvie, * si le subɔsubɔm le Betel le France ƒe geɖee nye esia gblɔ be nɔvinyɔnuwo hã ate ŋu akafu nɔviŋutsuwo. Ede dzesi be, nɔvinyɔnuwo tea ŋu dea dzesi nanewo nyuie wu eya ta woate ŋu akafu nɔviŋutsuwo ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. To esia dzi la, woƒe dzideƒonyawo naa kpekpeme ganɔa nɔviŋutsu kpɔnuteƒewo ƒe nyawo ŋu. Egblɔ kpee be: “Nye ya mekpɔe be enye míaƒe dɔdeasi be míakafu amewo.” (Lod. 3:27) Jérôme, dutanyanyuigblɔla aɖe si le French Guiana (Guyane française) kpe ɖe nɔviŋutsu ɖekakpui geɖewo ŋu wozu dutanyanyuigblɔlawo. Egblɔ be: “Mede dzesii be ne mekafu nɔviŋutsu ɖekakpuiwo ɖe nane si wowɔ nyuie le subɔsubɔdɔa me alo ɖe nyaŋuɖoɖo nyuie ta la, dzo gaɖoa wo me. Esia wɔnɛ be wowɔa woƒe ŋutetewo geɖe wu.”

18. Nu ka tae wònyo be míawɔ dɔ kple nɔviŋutsu sɔhɛwo?

18 Míate ŋu ade dzi ƒo na míaƒe haxɔsetɔwo be woawɔ ŋgɔyiyi ne míewɔa dɔ kpli wo ɖekae. Hamemetsitsi ate ŋu abia tso nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si nya kɔmpiuta zazã si be wòata nyati aɖewo siwo ate ŋu ade dzi ƒo na nɔvi tsitsi siwo si kɔmpiuta mele o la tso jw.org. Alo ne miele Fiaɖuƒe Akpata me dzram ɖo la, ɖe nàte ŋu ana nɔvi sɔhɛ aɖe nawɔ dɔ kpli wòa? Esia wɔwɔ ana mɔnukpɔkpɔ nasu asiwò nàde dzesi ŋutete siwo le esi, akafui ahakpɔ nu nyui siwo ado tso eme.Lod. 15:23.

TU WO ÐO ÐE ETSƆME ŊU

19, 20. Nu ka tae wòle be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi?

19 Esi Yehowa tia Yosua be wòakplɔ Israel viwo la, ede se na Mose be ‘wòade dzi ƒo’ na Yosua eye ‘wòado ŋusẽe.’ (Mixlẽ 5 Mose 3:28.) Ame geɖewo le zi ƒom ɖe xexea me katã ƒe hamea ŋu. Kristotɔ kpɔnuteƒewo katã ate ŋu akpe ɖe nɔviŋutsu sɔhɛwo kple ame yeyewo ŋu be woawɔ woƒe ŋutete katã le mawusubɔsubɔ me, ke menye hamemetsitsiwo ɖeɖe ko o. To esia dzi la, wo dometɔ geɖe wu aƒo wo ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me eye “woadze nyuie be woafia nu ame bubuwo” hã.2 Tim. 2:2.

20 Eya ta hame si woɖo anyi xoxo alo ƒuƒoƒo si azu hame kpuie mee míeɖale o, mina míatu mía nɔewo ɖo ɖe etsɔme ŋu. Nu vevitɔ si akpe ɖe mía ŋue nye be míasrɔ̃ Yehowa, ame si léa ŋku ɖe nu nyui siwo esubɔlawo wɔna la ŋu ɣesiaɣi.

^ mm. 17 Míetrɔ ŋkɔa.