GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 2014

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 29 va se ɖe October 26, 2014 la le tata sia me.

Èle ‘Nuɖuɖu Xɔm Ðe Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzia’?

Ðe wòle be nyati siwo katã kluvi nuteƒewɔlaa tana nasu ame si hafi wòate ŋu ali ke le nyateƒea mea?

Nu Kae Nye Nyɔnuwo Ƒe Wɔƒe Le Yehowa Ƒe Tameɖoɖo Me?

Kpɔ nu si do tso aglãdzedze le Eden bɔa me la me na ŋutsuwo kple nyɔnuwo. Xlẽ nu tso nyɔnu nuteƒewɔla aɖewo siwo nɔ anyi le blema ŋu. Eye kpɔ ale si nyɔnu Kristotɔ aɖewo le asi kpem ɖe Mawu ƒe dɔa ŋu egbea hã.

Zã Mawu Ƒe Nya La—Ele Agbe!

Yehowa Ðasefowo katã dina be yewoakpɔ dzidzedze le ɖaseɖiɖidɔa me. Kpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwò be nàzã Mawu ƒe Nya si ŋu ŋusẽ le kple míaƒe traktwo nyuie le nya nyuia gbɔgblɔ me la ɖa.

Ale Si Yehowa Tena Ðe Mía Ŋu

Ele vevie be míate ɖe Yehowa ŋu. Kpɔ ale si Yesu ƒe vɔsaa kple Biblia la ɖo kpe edzi na mí be Yehowa tea mí ɖe eɖokui ŋu.

Se Yehowa Ƒe Gbe Le Afi Sia Afi Si Nèle

Nyati sia ana míakpɔ nu si ta wòle vevie be míaɖo to Yehowa ahanɔ gbe dom ɖa nɛ. Míakpɔ nu si míawɔ be Satana kple míaƒe dzodzro vɔ̃wo nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi be míagbe toɖoɖo Yehowa o.

‘Trɔ Gbɔ Va Ne Nàdo Ŋusẽ Nɔviwòwo’

Ne nɔviŋutsu aɖe nye hamemetsitsi tsã gake mɔnukpɔkpɔ ma do le esi la, ɖe wòagate ŋu ‘aminya dzikpɔladɔa’ akea?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi Yesu gblɔ be ame siwo woafɔ ɖe tsitre “meɖea srɔ̃ o, eye wometsɔa wo nana be woaɖe hã o” la, anyigba dzi tsitretsitsia ŋue wònɔ nu ƒom tsoea?

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

“Eureka Drama” La Na Ame Geɖe Ke Ðe Biblia Me Nyateƒea Ŋu

Wowɔ “Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” la ƒe totoɖeme sia be woate ŋu aɖee afia amewo le kɔƒenuto siwo me elɛktrikŋusẽ mele o gɔ̃ hã me.