Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èle ‘Nuɖuɖu Xɔm Ðe Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzia’?

Èle ‘Nuɖuɖu Xɔm Ðe Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzia’?

MÍELE ɣeyiɣi sesẽtɔ me le amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya me. (2 Tim. 3:1-5) Wodoa lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple tame si míeɖo be míawɔ eƒe se dzɔdzɔeawo dzi la kpɔ gbe sia gbe. Yesu nyae be míaƒe ɣeyiɣiawo me nɔnɔ asesẽ eye wòka ɖe edzi na eyomedzelawo be yeana dzideƒo si wohiã be woado dzi va se ɖe nuwuwu la wo. (Mat. 24:3, 13; 28:20) Eya ta eɖo kluvi nuteƒewɔla la be wòana gbɔgbɔ me “nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi” be wòado ŋusẽ wo.Mat. 24:45, 46.

Tso esime woɖo kluvi nuteƒewɔlaa le ƒe 1919 me la, woƒo “aƒemesubɔvi” miliɔn geɖe siwo tso gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me nu ƒu ɖe Mawu ƒe habɔbɔa me, eye wole nu fiam wo tso Mawu ŋu. (Mat. 24:14; Nyaɖ. 22:17) Ke hã menye míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo katãe wota ɖe gbegbɔgblɔwo katã me o, eye menye ame sia amee ate ŋu akpɔ míaƒe agbalẽwo le kɔmpiuta dzi o. Le kpɔɖeŋu me, míaƒe video kple nyati siwo le míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org ɖeɖe ko dzi la mele ame geɖe si o. Ðe esia fia be gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo míehiã be míali ke le xɔse me la ƒe ɖewo le ame siawo ŋu toma? Be míakpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo la, mina míadzro nyabiase vevi ene me.

1. Nu kae nye nu vevitɔ le nuɖuɖu si Yehowa nana mí me?

Esi Satana te Yesu kpɔ be wòatrɔ kpe wòazu abolo la, Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Mele be ame nanɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me ŋu.” (Mat. 4:3, 4) Biblia mee woŋlɔ Yehowa ƒe nyawo ɖo. (2 Pet. 1:20, 21) Eya ta Biblia lae nye nu vevitɔ le nuɖuɖu si Yehowa nana mí me.2 Tim. 3:16, 17.

Yehowa ƒe habɔbɔa ta Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 120 me, eye wotanɛ ɖe gbe bubuwo me ƒe sia ƒe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wota Biblia gɔmeɖeɖe bubu geɖewo ɖe gbegbɔgblɔ akpe geɖe me. Ðewo nye Biblia bliboa eye ɖewo hã nye eƒe akpa aɖe. Dɔ gã sia si wowɔ dzidzedzetɔe la nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, ale “be woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Tim. 2:3, 4) Esi wònye be “nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla le Mawu ŋkume o” ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be ahe “ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” ava eƒe habɔbɔa me, eye wòana Ŋɔŋlɔawo me nufiame si wohiã la wo.Heb. 4:13; Mat. 5:3, 6; Yoh. 6:44; 10:14.

2. Akpa kae míaƒe agbalẽwo wɔna le gbɔgbɔmenuɖuɖu nana me?

Hafi xɔse sẽŋu nasu ame si la, abia be wòawɔ nu geɖe wu Biblia xexlẽ ko. Ele be wòase nu si xlẽm wòle la gɔme ahanɔ edzi wɔm. (Yak. 1:22-25) Etiopia-megã aɖe kpɔ esia dze sii le ƒe alafa gbãtɔ me. Enɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm esime nyanyuigblɔla Filipo biae be: “Èle nu si xlẽm nèle la gɔme sem ŋutɔŋutɔa?” Amegã la ɖo eŋu be: “Aleke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke mefiam o?” (Dɔw. 8:26-31) Esi wògblɔ nya sia la, Filipo kpe ɖe eŋu wòse Mawu ƒe Nya la gɔme. Nu si ŋutsua srɔ̃ la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòxɔ nyɔnyrɔ. (Dɔw. 8:32-38) Nenema kee míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo le kpekpem ɖe mía ŋu be nyateƒea ƒe sidzedze le mía si sum. Wo me nyawo wɔa dɔ ɖe mía dzi, eye wòʋãa mí míewɔa nu siwo míesrɔ̃ dzi.Kol. 1:9, 10.

To agbalẽ siawo dzi la, wonaa nuɖuɖu kple nunono gbogbo aɖewo Yehowa subɔlawo. (Yes. 65:13) Le kpɔɖeŋu me, Gbetakpɔxɔ si le gbegbɔgblɔ siwo wu 210 me la ɖea Biblia me nyagblɔɖiwo me, ekpena ɖe mía ŋu míesea nyateƒenya goglowo gɔme, eye wòʋãa mí míenɔa agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu. Nyɔ! si wotana ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 100 me la nana míesea nu geɖe gɔme ku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu, eye wòfiaa mí ale si míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wòaɖe vi na mí. (Lod. 3:21-23; Rom. 1:20) Kluvi nuteƒewɔla la taa Biblia-srɔ̃gbalẽwo na mí le gbegbɔgblɔ siwo wu 680 sɔŋ me! Ðe nèɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ tsɔ xlẽa Biblia gbe sia gbea? Ðe nèxlẽa magazine yeye ɖe sia ɖe kple agbalẽ yeye ɖe sia ɖe si woɖena ɖe go na mí ƒe sia ƒea?

Tsɔ kpe ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ŋu la, Yehowa ƒe habɔbɔa gatrɔa asi le nuƒogbalẽ siwo wozãna le míaƒe kpekpewo, takpekpe gãwo kple suewo me hã ŋu. Ðe nuƒowo, dramawo, wɔwɔfiawo kple gbebiame siwo wowɔna le kpekpe kple takpekpe siawo me dzɔa dzi na wòa? Vavãe, Yehowa ɖoa gbɔgbɔmekplɔ̃ gã aɖe na mí ɣesiaɣi!Yes. 25:6.

3. Ne agbalẽ siwo wotana na mí ƒe ɖewo mele mia degbe me o la, ɖe gbɔgbɔmenunyiame si hiã wò la atsi ŋuwòa?

Ŋuɖoɖoae nye ao! Eye mele be wòawɔ nuku na mí be gbɔgbɔmenuɖuɖu geɖe ate ŋu asu Yehowa subɔla aɖewo si wu ɖewo o. Nu ka tae? Na míabu apostoloawo ŋu kpɔ. Woxɔ mɔfiame geɖe wu nusrɔ̃la bubu siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me. (Marko 4:10; 9:35-37) Ke hã nufiame si nusrɔ̃la bubuawo hiã la meto wo ŋu kura o.Ef. 4:20-24; 1 Pet. 1:8.

Ele be míade dzesii hã be, menye nya siwo katã Yesu gblɔ, kple nu siwo katã wòwɔ lae woŋlɔ ɖe Nyanyuigbalẽawo me na mí o. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Le nyateƒe me la, nu bubu geɖewo gali, siwo Yesu wɔ, si ne ɖe woŋlɔ wo ɖi tsitotsito la, mesusu be xexea ŋutɔ mate ŋu akpɔ teƒe na agbalẽ xatsaxatsa siwo woaŋlɔ la o.” (Yoh. 21:25) Togbɔ be Yesu yomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me nya nu geɖe tso ame deblibo Yesu ŋu wu mí hã la, womete nu si míehiã la mí o. Yehowa kpɔ egbɔ be míenya nu ale si nu míehiã tso Yesu ŋu ale be míate ŋu adze eƒe afɔɖoƒe yome.1 Pet. 2:21.

Azɔ na míabu lɛta siwo apostoloawo ŋlɔ na ƒe alafa gbãtɔ me hameawo hã ŋu kpɔ. Ne mede ɖeke o la, wometsɔ lɛta siwo Paulo ŋlɔ na hameawo dometɔ ɖeka kpe ɖe Biblia ŋu o. (Kol. 4:16) Ðe míagblɔ be Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame siwo le mía si mesu o le esi wometsɔ lɛta ma kpe ɖe Biblia ŋu na mí o ta? Kura o! Yehowa nya nu siwo míehiã eye wònaa nu siwo asu mí be míali ke le nyateƒea me la mí.Mat. 6:8.

Yehowa nya nu siwo míehiã eye wònaa nu siwo asu mí be míali ke le nyateƒea me la mí

Egbea la, gbɔgbɔmenuɖuɖu sɔ gbɔ ɖe Yehowa subɔla aɖewo si wu wo nɔvi bubuwo. Biblia-srɔ̃gbalẽ ʋɛ aɖewo koe le mia degbe mea? Ne nenemae gɔ̃ hã la, nyae be Yehowa tsɔ ɖe le eme na wò. Srɔ̃ agbalẽ siwo le asiwò eye ne anya wɔ la, de kpekpewo le gbe si nèse me. Eye ka ɖe edzi be Yehowa alé wò ɖe te.Ps. 1:2; Heb. 10:24, 25.

4. Ne mɔnukpɔkpɔa mesu asiwò be nàwɔ nyatakaka siwo wodana ɖe jw.org dzi ŋu dɔ o la, ɖe wò xɔse agbɔdzɔa?

Míedaa míaƒe magazinewo kple Biblia-srɔ̃gbalẽ bubuwo ɖe míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea. Míedaa nyati siwo kpena ɖe srɔ̃tɔwo, ƒewuiviwo kple dzila siwo si ɖevi suewo le ŋu hã ɖe afi ma. Aɖe vi na ƒomewo ŋutɔ ne wodzroa nyati siawo me le woƒe Ƒometadedeagu me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wokaa nya ta tso wɔna tɔxɛwo abe Gilead sukunuwuwu wɔnawo kple ƒe sia ƒe takpekpewo ene ŋu, eye wodaa nyatakaka siwo ku ɖe dzɔdzɔmefɔkuwo kple senya siwo lɔ Yehowa ƒe amewo ɖe eme hã ŋu ɖe míaƒe nyatakakadzraɖoƒea be wòaɖe vi na nɔviwo ƒe habɔbɔ si le xexea me godoo. (1 Pet. 5:8, 9) Nyatakakadzraɖoƒea nye dɔwɔnu vevi aɖe si míezãna be nya nyuia naɖo ame gbogbotɔ gbɔ, le dukɔ siwo me woxe mɔ ɖe dɔa nu alo woɖo asi edzi le me gɔ̃ hã.

Mɔnukpɔkpɔ ɖasu asiwò nèzãa míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea alo mesu asiwò o, àte ŋu ali ke le nyateƒea me. Kluvia ku kutri vevie ta agbalẽ gbogbo aɖewo siwo ate ŋu anyi aƒemesubɔvi ɖe sia ɖe le gbɔgbɔ me. Eya ta mele be nàbui be ele kokoko be yeaƒle asitelefon alo kɔmpiuta si dzi Internet le le jw.org ta o. Ame aɖewo ate ŋu atiae be yewoata nyati aɖe le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea atsɔ ana ame siwo si Internet mele o, gake menye hamea ƒe agbae wònye be woanɔ esia wɔm o.

Míeda akpe na Yesu be ewɔ ɖe ŋugbe si wòdo dzi be yeana nu si míehiã be míate ŋu ali ke le gbɔgbɔ me la mí. Esi ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo ƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi anɔ gbɔgbɔ me ‘nuɖuɖu nam mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.’