Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Nye Nyɔnuwo Ƒe Wɔƒe Le Yehowa Ƒe Tameɖoɖo Me?

Nu Kae Nye Nyɔnuwo Ƒe Wɔƒe Le Yehowa Ƒe Tameɖoɖo Me?

‘Nyɔnu nya nyui gblɔlawo de ha kpaŋ.’PS. 68:12.

1, 2. (a) Nu kawoe Mawu na Adam? (b) Nu ka tae Mawu wɔ srɔ̃nyɔnu na Adam? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia tame.)

SUSU aɖe tae Yehowa wɔ anyigba la ɖo. “Ðe wòmèe, be woanɔ edzi.” (Yes. 45:18) Mawu wɔ ame gbãtɔ Adam wòde blibo, eye wòtsɔ Eden-bɔ si nya kpɔ ŋutɔ la nɛ be wòanye eƒe aƒe. Ati dodowo, tsi siwo nɔa sisim miɔɔ, kple lã vovovo siwo nɔa fefem la anya do dzidzɔ na Adam ŋutɔ! Gake nu vevi aɖe susɔ nɛ. Yehowa ŋutɔ de dzesi esia esi wògblɔ be: “Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.” Emegbe Mawu na Adam dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eɖe eƒe agbaƒuti ɖeka, eye wòtsɔ “agbaƒuti . . . la, wɔ nyɔnui.” Esi Adam nyɔ la, dzi dzɔe ale gbegbe! Adam gblɔ be: “Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ ame sia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe.”1 Mose 2:18-23.

2 Nyɔnu si Mawu wɔ na Adam nye nunana tɔxɛ elabena enye kpeɖeŋutɔ deblibo nɛ. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ asu nyɔnua hã si be wòadzi viwo. Adam ‘tsɔ ŋkɔ na srɔ̃a be Xawa, elabena eyae ava nye ame gbagbewo katã dada.’ (1 Mose 3:20) Nunana nyui ka gbegbee nye esi Mawu na atsu kple asi gbãtɔawo! Ena ŋutete wo be woadzi amegbetɔ deblibo bubuwo. Mɔnukpɔkpɔ asu woawo kple wo viwo si be woawɔ anyigba bliboa wòazu paradiso eye woakpɔ ŋusẽ ɖe nu gbagbe bubuawo katã dzi.1 Mose 1:27, 28.

3. (a) Nu kae wòle be Adam kple Xawa nawɔ hafi Mawu nayra wo? Gake nu kae dzɔ? (b) Biabia kawo mee míadzro?

3 Hafi yayra siwo Yehowa ɖo ɖi na Adam kple Xawa nasu wo si la, ehiã be woaɖo toe ahalɔ̃ ɖe edzi be eyae nye yewoƒe dziɖula. (1 Mose 2:15-17) Ema ko hafi tame si Mawu ɖo ɖe wo ŋu la ava eme na wo. Gake nublanuitɔe la, woɖe mɔ “da xoxo,” si nye Satana, ble wo wowɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu. (Nyaɖ. 12:9; 1 Mose 3:1-6) Nu kae do tso aglãdzedze sia me na nyɔnuwo? Nu kae nyɔnu mawuvɔ̃la aɖewo wɔ le blema? Nu ka tae woate ŋu agblɔ tso nyɔnu Kristotɔ siwo li egbea ŋu be ‘wode ha kpaŋ’?Ps. 68:12.

NU SI DO TSO AGLÃDZEDZEA ME

4. Ame kae Mawu bu fɔe ɖe atsu kple asi gbãtɔa ƒe nu vɔ̃ ta?

4 Esi Yehowa bia gbe Adam ku ɖe eƒe tomaɖomaɖoa ŋu la, etsɔ nya maɖinya sia do taflatsɛ be: “Nyɔnu, si nètsɔ nam la, eyae na atia ɖem meɖu.” (1 Mose 3:12) Menye ɖeko Adam melɔ̃ ɖe eƒe vodadaa dzi ko o, ke edze agbagba hã be yeada fɔbubua ɖe nyɔnu si Mawu wɔ nɛ kple Mawu, si nye Nunala lɔ̃ame la dzi! Adam kple Xawa siaae wɔ nu vɔ̃, gake Adam ye Mawu bu fɔe ɖe woƒe nu vɔ̃a ta. Esia tae apostolo Paulo gblɔ be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va.”Rom. 5:12.

5. Nu kae amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu he vɛ, eye nu ka dzie esia ɖo kpee?

5 Satana ble atsu kple asi gbãtɔa woxɔe se be mehiã be Yehowa nanye yewoƒe Dziɖula o. Esia fɔ biabia vevi sia ɖe te: Ame kae dze aɖu amegbetɔwo dzi? Be Mawu naɖo nya sia ŋu zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la, eɖe mɔ na amegbetɔwo be woaɖu wo ɖokuiwo dzi hena ɣeyiɣi aɖe. Enya be womakpɔ dzidzedze o. Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia la, dzɔgbevɔ̃e sɔŋ koe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu he vɛ. Le ƒe alafa ɖeka siwo va yi ɖeɖe ko me la, ame siwo ade 100,000,000 sɔŋ ye ku le aʋawɔwɔ me. Ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖevi manyaɖeke miliɔn geɖewo hã le ame siawo dome. Eya ta kpeɖodzi geɖewo li xoxo be, ‘ŋutsu ƒe zɔzɔme la, menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.’ (Yer. 10:23) Nyateƒenya sia tae míelɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ye nye míaƒe Dziɖula.Mixlẽ Lododowo 3:5, 6.

6. Le dukɔ geɖewo me la, aleke wowɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋu?

6 Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le fu kpem ŋutɔ le xexe sia si le Satana ƒe ŋusẽ te me. (Nyagb. 8:9; 1 Yoh. 5:19) Nyɔnuwo ŋue wowɔa ŋutasẽnu vɔ̃ɖitɔwo kekeake ɖo. Le xexea me godoo la, woka nya ta be le nyɔnu 1 le 3 ɖe sia ɖe me la, wo srɔ̃ŋutsuwo alo woƒe ahiãviwo ƒoa wo alo wɔa nu vevi wo. Le nuto aɖewo me la, wodea asixɔxɔ ŋutsuwo ŋu wu nyɔnuwo, elabena wosusu be woawoe alé ƒomea ƒe ŋkɔ ɖe te ahakpɔ wo dzila tsitsiwo, wo tɔgbuiwo kple wo mamawo dzi. Le dukɔ aɖewo me la, wobunɛ be viɖe mele nyɔnuviwo ŋu o, eya ta ne wofɔ fu hekpɔ be nyɔnuvie la, woɖenɛ ƒua gbe wu ale si wòle le ŋutsuviwo gome.

7. Aleke Mawu na nuwo dze egɔme na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa?

7 Ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu medzea Mawu ŋu kura o. Mawu mekpɔa ame ŋkume le nuwɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋu me o; edea bubu wo ŋu. Esia dze le ale si Yehowa wɔ Xawa wòde blibo eye wòde nɔnɔme nyuiwo eme, si na wònye kpeɖeŋutɔ si sɔ na Adam, ke menye kluvi o la me. Esia hã nye susu si tae le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke adelia ƒe nuwuwu la, Mawu “kpɔ nu siwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.” (1 Mose 1:31) Ɛ̃, “nu siwo katã” Yehowa wɔ la ‘nyo ŋutɔ.’ Ena nuwo dze egɔme nyuie na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa!

NYƆNU SIWO ŊU YEHOWA KPƆ ŊUDZEDZE ÐO

8. (a) Aleke ame geɖe wɔa nui egbea? (b) Le amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya katã me la, ame kawo nue Mawu ve?

8 Le aglãdzedze le Eden-bɔa me megbe la, amegbetɔwo yi edzi gbe toɖoɖo Yehowa. Eye le ƒe alafa siwo va yi me la, egado fievo ɖe edzi. Biblia gblɔe ɖi be amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi adzi ɖe edzi “le ŋkeke mamlɛawo me.” Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do agbogbo ale gbegbe be míalɔ̃ ɖe edzi be ‘ɣeyiɣi sesẽwoe’ nye esia vavã. (2 Tim. 3:1-5) Le amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya katã me la, ‘Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa’ ve ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖo ŋu ɖe eŋu, wowɔ eƒe sewo dzi, eye wobɔbɔ ɖe eƒe dziɖuɖu te la nu.Mixlẽ Psalmo 71:5.

9. Ame nenie tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me, eye nu ka tae?

9 Esi Mawu na Tsiɖɔɖɔ tsrɔ̃ blemaxexe vɔ̃ɖia le Noa ƒe ɣeyiɣiawo me la, ame ʋɛ aɖewo koe tsi agbe. Ne Noa nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo gakpɔtɔ nɔ agbe ɣemaɣi la, ke woawo hã wotsrɔ̃ le tsiɖɔɖɔa me. (1 Mose 5:30) Gake nyɔnu siwo tsi agbe le Tɔɖɔɖɔa me la ƒe xexlẽme sɔ kple ŋutsu siwo tsi agbe la tɔ. Agbetsilawoe nye Noa kple srɔ̃a, viaŋutsu etɔ̃awo kple wo srɔ̃wo. Wotsi agbe le esi wovɔ̃ Mawu hewɔ eƒe lɔlɔ̃nu ta. Ame enyi siawo siwo ŋu Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖo la mee amegbetɔ miliɔn akpe geɖe siwo li egbea dzɔ tso.1 Mose 7:7; 1 Pet. 3:20.

10. Nu ka tae Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe blemafofowo srɔ̃ mawuvɔ̃lawo ŋu?

10 Ƒe geɖe megbe la, Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe blemafofowo srɔ̃ mawuvɔ̃lawo hã ŋu. Manɔ alea ne ɖe nyɔnu siawo toa nyatoƒoe le esi nu medzea wo ŋu o ta o. (Yuda 16) Nyɔnu mawo dometɔ ɖekae nye Abraham srɔ̃ Sara. Meto nyatoƒoe esime wobia tso esi be wòaʋu le eƒe aƒe si me dzidzeme le me le Ur, si nye du si me kesinɔnuwo bɔ ɖo me, ayi aɖanɔ avɔgbadɔwo me le du bubu me o. Ke boŋ “Sara ɖoa to Abraham heyɔnɛ be ‘aƒetɔ.’” (1 Pet. 3:6) Bu Rebeka si nye Isak srɔ̃ hã ŋu kpɔ. Nunana wɔnuku aɖe wònye tso Yehowa gbɔ, eye wòva zu srɔ̃nyɔnu nyui aɖe. Mewɔ nuku o be srɔ̃a Isak ‘lɔ̃e ŋutɔ, eye Isak ƒe akɔ fa le dadaa si ku la ŋuti.’ (1 Mose 24:67) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be nyɔnu mawuvɔ̃la siwo le abe Sara kple Rebeka ene le mía dome egbea!

11. Aleke Hebritɔwo ƒe vixela eve ɖe dzinɔameƒo fiae?

11 Le ƒe siwo me Israel viwo nɔ kluvinyenye me le Egipte la, wova dzi ɖe edzi ale gbegbe be Farao de se be woawu Hebri-ŋutsuviwo katã le wo dziɣi. Ke hã bu Hebritɔwo ƒe vixela Sifra kple Pua, siwo ɖewohĩ wonɔ vixela bubuawo nu la ŋu kpɔ. Dzi nɔ wo ƒo wogbe be yewomawu vidzĩawo o elabena wovɔ̃a Yehowa. Eya ta emegbe la, Yehowa na vi geɖe nyɔnu siawo tsɔ ɖo eteƒe na wo.2 Mose 1:15-21.

12. Aleke Mawu zã Debora kple Yael?

12 Esime ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Israel dzi ɖum la, Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe nyɔnu nyagblɔɖila Debora ŋu. Debora de dzi ƒo na Ʋɔnudrɔ̃la Barak eye wòkpe ɖe Israel viwo ŋu wovo tso woƒe futɔwo ƒe ameteteɖeanyi me. Gake egblɔe ɖi be bubu si ado tso Kanaantɔwo dzi ɖuɖu me la mayi na Barak o. Ke boŋ “nyɔnu aɖe si mee” Mawu atsɔ Kanaantɔwo ƒe aʋafia Sisera adee. Nu ma tututue dzɔ esi Yael, si menye Israel-nyɔnu o la, wu Sisera.Ʋɔn. 4:4-9, 17-22.

13. Nya kae Biblia gblɔ na mí tso Abigail ŋu?

13 Abigail hã nye nyɔnu wɔnuteƒe aɖe si nɔ anyi ƒe 1,100 do ŋgɔ na Kristo ƒe vava. Edze nunya gake srɔ̃a Nabal ya nye ŋlɔmitɔ, yakame kple movitɔ. (1 Sam. 25:2, 3, 25) David kple eƒe amewo kpɔ Nabal ƒe nuwo ta hena ɣeyiɣi aɖe, gake esi David bia be wòana nuɖuɖu yewo la, “eda gbe ɖe wo gbɔ” eye mena naneke wo o. Esia ve dɔme na David ale gbegbe be wòɖoe be yeawu Nabal kple eƒemetɔwo katã. Esi Abigail se nyaa la, ewɔ kaba tsɔ nuɖuɖu kple tsi yi na David kple eŋumewo. Esia na David ƒo asa na ʋukɔkɔɖi. (1 Sam. 25:8-18) Emegbe David gblɔ nɛ be: “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si dɔ wò ɖa nèva kpem egbe!” (1 Sam. 25:32) Le Nabal ƒe ku megbe la, David ɖe Abigail wòzu srɔ̃a.1 Sam. 25:37-42.

14. Dɔ ka ŋue Salum vinyɔnuwo kpe asi ɖo, eye alekee nyɔnu Kristotɔwo le dɔ mawo tɔgbi wɔm egbea?

14 Esi Babilon-srafowo va tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, wowu ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖevi gbogbo aɖewo. Wogbugbɔ ɖo Yerusalem gliwo le ƒe 455 D.M.Ŋ. me le Nexemiya ƒe dzikpɔkpɔ te. Amegã Salum vinyɔnuwo hã kpe asi ɖe glia ɖoɖo ŋu. Wo fofo Salum nye Yerusalem nutowo ƒe afã ƒe amegã. (Neh. 3:12) Ke hã nyɔnu siawo lɔ̃ faa wɔ dɔ siwo amewo abu dɔ tsɛwoe. Aleke gbegbe míedea asixɔxɔ nyɔnu Kristotɔ geɖe siwo le asi kpem ɖe teokrasi xɔtudɔwo ŋu le mɔ vovovowo nu egbea la ŋue nye esi!

NYƆNU MAWUVƆ̃LA SIWO NƆ ANYI LE ƑE ALAFA GBÃTƆ ME

15. Mɔnukpɔkpɔ kae Mawu na nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Maria?

15 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. kple ɣeaɖeɣi do ŋgɔ na ema la, Yehowa na mɔnukpɔkpɔ nyuiwo nyɔnu aɖewo. Ðetugbui leaƒe Maria nye wo dometɔ ɖeka. Esi wodo eɖeɖe ƒe ŋugbe na Yosef la, efɔ fu nukutɔe le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ me. Nu ka tae Mawu tiae be wòanye Yesu dada? Ðikeke mele eme o be nɔnɔme nyui siwo dzea Mawu ŋu la nɔ esi, siwo akpe ɖe eŋu wòanyi Mawu ƒe vi deblibo la va se ɖe esime wòtsi. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi su esi be wòanye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ la dada!Mat. 1:18-25.

16. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖe ale si Yesu wɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋui fia.

16 Yesu wɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu dɔmenyotɔe. Le kpɔɖeŋu me, bu nyɔnu si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe 12 sɔŋ la ŋu kpɔ. Ezɔ to amehawo dome dzaa va ka asi Yesu ƒe awu ŋu. Yesu meblu ɖe eta o, ke boŋ egblɔ nɛ tufafatɔe be: “Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya. Heyi le ŋutifafa me, eye wò lãme nahaya tso dɔléle vɔ̃ɖi sia me.”Marko 5:25-34.

17. Nukunu kae dzɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi?

17 Nyɔnu aɖewo siwo nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ Yesu kple eƒe apostolowo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (Luka 8:1-3) Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkeke dzi la, ame siwo ade 120, siwo nye ŋutsuwo kple nyɔnuwo, xɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa le mɔ tɔxɛ aɖe nu. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 2:1-4.) Yehowa gblɔ esia ɖi do ŋgɔ be: “Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi . . . Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe kluviwo kple kosiviwo hã dzi ɣemaɣi.” (Yoel 3:1, 2) Nukunu sia si Mawu wɔ le Pentekoste-ŋkekea dzi ɖee fia be ekpɔ ŋudzedze ɖe ŋutsu kple nyɔnu siawo siwo va zu “Mawu ƒe Israel” la ŋu, eye wògbe Israel dukɔ si gbe xɔse la. (Gal. 3:28; 6:15, 16) Azɔ hã, nyanyuigblɔla Filipo vinyɔnu eneawo hã nɔ nyɔnu Kristotɔ siwo ɖe gbeƒã le ƒe alafa gbãtɔa me la dome.Dɔw. 21:8, 9.

NYƆNUWO “DE HA KPAŊ”

18, 19. (a) Mɔnukpɔkpɔ kae Mawu na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le tadedeagu vavãtɔ me? (b) Nya kae hakpalaa gblɔ tso nyɔnu nya nyui gblɔlawo ŋu?

18 Le ƒe 1870-awo me la, ŋutsu kple nyɔnu ʋɛ aɖewo va tsɔ ɖe le tadedeagu vavãtɔ me vevie. Woawoe nye ame siwo na nya si Yesu gblɔ ɖi ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole egbea ŋu la te emevava. Yesu gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”Mat. 24:14.

19 Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue ma me tɔwo dzi ɖe edzi va zu Yehowa Ðasefo siwo anɔ abe 8,000,000 ene egbea. Ame bubu siwo wu 11,000,000 hã ɖee fia be yewotsɔ ɖe le Biblia me nyateƒea kple míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me esi wowɔ ɖeka kpli mí le Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si míeɖuna ƒe sia ƒe la me. Le dukɔ geɖe me la, vavalawo ƒe akpa gãtɔ nyea nyɔnuwo. Azɔ hã, ame 1,000,000 kple edzivɔ siwo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le xexea me katã la ƒe akpa gãtɔ nye nyɔnuwo. Vavãe, Mawu na mɔnukpɔkpɔ nyɔnu wɔnuteƒewo be woakpe asi ɖe nya siwo hakpalaa gblɔ ɖi la me vava ŋu, be: ‘Aƒetɔ la ƒo nu, eye wòna nyɔnu nya nyui gblɔlawo de ha kpaŋ.’Ps. 68:12.

Vavãe, nyɔnu nya nyui gblɔlawo “de ha kpaŋ” (Kpɔ memama 18, 19)

YAYRA GÃWO LE ŊGƆ NA NYƆNU MAWUVƆ̃LAWO

20. Ame kawo ŋue wòanyo be míasrɔ̃ nu tsoe?

20 Manya wɔ be míaƒo nu tso nyɔnu wɔnuteƒe siwo katã ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu o. Gake mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu axlẽ nu tso wo ŋu le Mawu ƒe Nya la kple nyati siwo wotana ɖe míaƒe agbalẽwo me la me. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ade ŋugble le Rut ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu. (Rut 1:16, 17) Biblia-gbalẽ si ŋu woyɔ Fianyɔnu Ester ƒe ŋkɔ ɖo kple nyati siwo wota ku ɖe Ester ŋu la xexlẽ ado ŋusẽ míaƒe xɔse. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso nyɔnu siawo ŋu le míaƒe Ƒometadedeagu fiẽsi me. Ne míawo ɖeɖe koe li hã la, míate ŋu awɔ esia ne míele ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm.

21. Alekee nyɔnu mawuvɔ̃lawo wɔ nuteƒe na Yehowa le nɔnɔme sesẽwo me?

21 Eme kɔ ƒãa be Yehowa yrana ɖe nyɔnu Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi eye wòkpena ɖe wo ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, nyɔnu mawuvɔ̃lawo wɔ nuteƒe le Nazi kple Kɔmiunisttɔwo ƒe dziɖuɣi, esime wowɔ fu wo dometɔ geɖe eye ɖewo bu woƒe agbe gɔ̃ hã le toɖoɖo Mawu ta. (Dɔw. 5:29) Abe ale si wònɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me ene la, mía nɔvinyɔnuwo kple wo hati tadeagulawo le Mawu ƒe dziɖulanyenye ta ʋlim. Ne míagblɔe la, abe ale si wònɔ le blema Israel viwo gome ene la, Yehowa ‘lé woƒe nuɖusi’ hele gbɔgblɔm be: “Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.”Yes. 41:10-13.

22. Mɔnukpɔkpɔ kawoe asu mía si le etsɔme?

22 Eteƒe madidi o, ŋutsu kple nyɔnu mawuvɔ̃lawo atrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso eye woakpe ɖe ame miliɔn gbogbo siwo woafɔ ɖe tsitre la ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu. Va se ɖe ɣemaɣi la, míeɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o, mina míade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míatsɔ “nusɔsɔ asubɔe” la ŋu.Zef. 3:9.