Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Se Yehowa Ƒe Gbe Le Afi Sia Afi Si Nèle

Se Yehowa Ƒe Gbe Le Afi Sia Afi Si Nèle

“Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si.”YES. 30:21.

1, 2. Mɔ kawo dzie Yehowa tona fiaa mɔ esubɔlawo?

LE Biblia ƒe ŋutinya katã me la, Yehowa to mɔ vovovowo dzi na mɔfiame amegbetɔwo. Mawu to mawudɔlawo, ŋutegawo alo drɔ̃ewo dzi ƒo nu na ame aɖewo heɖe nu si adzɔ le etsɔme fia wo, alo de dɔ aɖewo koŋ asi na wo. (4 Mose 7:89; Eze. 1:1; Dan. 2:19) Yehowa toa eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la me tɔ aɖewo hã dzi naa mɔfiame amewo. Mɔ ka ke dzie Yehowa to fia mɔ eƒe amewo o, eme nyona na ame siwo ɖoa to hewɔna ɖe edzi la godoo.

2 Egbea, Yehowa to Biblia, eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple hamea dzi le mɔ fiam eƒe amewo. (Dɔw. 9:31; 15:28; 2 Tim. 3:16, 17) Eƒe mɔfiafiawo me kɔna ale gbegbe be, ɖeko wòle abe ‘míaƒe towo le nya sia sem le mía megbe bena: Mɔ lae nye esi, mito edzi!’ ene. (Yes. 30:21) Le nyateƒe me la, Yehowa nana míesea Eƒe gbe to Yesu hã dzi. Eɖo Yesu be wòato ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la dzi afia mɔ hamea. (Mat. 24:45) Ele vevie ŋutɔ be míawɔ ɖe mɔfiafia sia dzi elabena míaƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ nɔ te ɖe toɖoɖo dzi.Heb. 5:9.

3. Nu kawoe ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míaɖo to Yehowa bliboe? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia tame.)

3 Satana Abosam nyae be mɔfiame si tso Yehowa gbɔ ana agbe mí, eya ta ele agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeana míagbe edziwɔwɔ. Míaƒe ‘dzi alakpatɔ’ la hã ate ŋu awɔe be míawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi bliboe o. (Yer. 17:9) Eya ta mina míadzro ale si míate ŋu aɖu mɔxenu siawo siwo nana wòsesẽna na mí be míaɖo to Mawu ƒe gbe la me. Eye míadzro ale si nuƒoƒo na Yehowa le gbedodoɖa me ɣesiaɣi ate ŋu akpɔ mía kplii dome ƒomedodoa ta, nɔnɔme ka ke me míeɖale o, hã me.

ƑO ASA NA SATANA ƑE MƆ̃TETREWO

4. Aleke Satana dzea agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe tamesusu dzi?

4 Satana dzea agbagba be yeato alakpanyawo kple ameflunyawo dzi akpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe tamesusu dzi. (Mixlẽ 1 Yohanes 5:19.) To nyadzɔdzɔgbalẽwo, radio, television kple Internet dzi la, nyatakakawo ɖoa ame sia ame kloe gbɔ le anyigba ƒe akpa sia akpa. Togbɔ be ɣeaɖewoɣi wotoa nyakakamɔnu siawo dzi gblɔa nya vevi aɖewo hã la, zi geɖe la, wodoa agbenɔnɔ kple nuwɔna siwo tsi tre ɖe Yehowa ƒe gɔmeɖosewo ŋu ɖe ŋgɔ. (Yer. 2:13) Le kpɔɖeŋu me, woƒoa nu le ame siwo si vidzinu ɖeka tɔgbi le ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu wòdzena abe naneke megblẽ le eŋu o ene, eye esia na ame geɖe va le sesem le wo ɖokui me be Biblia ƒe se si tsi tre ɖe nuwɔna siawo ŋu la me sẽ akpa.1 Kor. 6:9, 10.

5. Nu kae míawɔ be Satana ƒe ameflunyawo nagakplɔ mí atrae o?

5 Nu kae ame siwo lɔ̃a Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo awɔ be Satana ƒe ameflunyawo nagakplɔ wo atrae o? Aleke woawɔ ade vovototo nu si nyo kple nu si menyo o dome? Biblia ɖo eŋu be: ‘Ne wokpɔ wo ɖokui dzi hezɔ ɖe Mawu ƒe Nya la nu.’ (Ps. 119:9) Mɔfiame veviwo le Mawu ƒe Nya la me siwo akpe ɖe mía ŋu míade dzesi nya siwo nye nyateƒe kple esiwo nye alakpa. (Lod. 23:23) Yesu yɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me esi wògblɔ be, “nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me” ŋue wòle be ‘ame nanɔ agbe ɖo.’ (Mat. 4:4) Ele be míasrɔ̃ ale si míazã Biblia me gɔmeɖosewo le míaƒe agbe me. Le kpɔɖeŋu me, ɣeyiɣi didi aɖe hafi Mose naŋlɔ Yehowa ƒe se si ku ɖe matrewɔwɔ ŋu la, ɖekakpui Yosef se egɔme be nuwɔna ma nye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Mawu ŋu. Esi Potifar srɔ̃ dze agbagba be yeable Yosef nu wòawɔ nu vɔ̃ la, meva susu me nɛ gɔ̃ hã be yeawɔ nu si ana yeada vo ɖe Yehowa ŋu o. (Mixlẽ 1 Mose 39:7-9.) Togbɔ be Potifar srɔ̃ ƒoe ɖe enu ɣeyiɣi didi hã la, Yosef tiae be yeaɖo to Mawu ƒe gbe, ke menye nyɔnua ƒe gbe o. Egbea la, ele vevie be míawo hã míaɖo to Yehowa ƒe gbe ahado toku Satana ƒe ameflunyawo.

6, 7. Nu kae wòle be míawɔ be míaƒo asa na Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo?

6 Xexea tɔtɔ le subɔsubɔnyawo gome ale gbegbe be ame geɖe susunɛ be manya wɔ be woake ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu o. Ke hã Yehowa na eƒe mɔfiamewo me kɔ nyuie na ame siwo di be yewoakpɔe. Ele be míatia ame si míaɖo toe. Esi manya wɔ be míaɖo to gbeɖiɖi eve le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me o ta la, ele be ‘míadze si Yesu ƒe gbe’ eye míaɖo toe. Eyae nye ame si Yehowa tia be wòakplɔ yeƒe alẽwo.Mixlẽ Yohanes 10:3-5.

7 Yesu gblɔ be: “Milé to ɖe nu si sem miele la ŋu nyuie.” (Marko 4:24) Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo me kɔ eye wole eteƒe, gake ele be míalɔ̃ faa awɔ ɖe nu si wògblɔ dzi tso dzi blibo me. Ne míekpɔ nyuie o la, míate ŋu ava wɔwɔm ɖe Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo dzi le esi míaɖo to Mawu ƒe nuxlɔ̃ame siwo me lɔlɔ̃ le la teƒe. Mègaɖe mɔ xexea ƒe hadzidziwo, videowo, television dzi ɖeɖefiawo, agbalẽwo, xɔlɔ̃wo, nufialawo alo yeaɖi nunyalawo nakpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi o.Kol. 2:8.

8. (a) Aleke míaƒe dzi ate ŋu ana míadze Satana ƒe mɔ̃tetrewo me? (b) Nu kae ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi ne míeŋe aɖaba ƒu dzesi siwo fia be nane le gbegblẽm le mía ŋu dzi?

8 Satana nyae be nu vɔ̃ mewoe míenye, eya ta edzea agbagba be yeana míaɖi kɔ na míaƒe dzodzro vɔ̃wo. Ne Satana tɔ ŋku mí alea la, esesẽna ŋutɔ be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. (Yoh. 8:44-47) Nu kae míawɔ anɔ te ɖe eƒe mɔ̃tetrewo nu? Bu ame aɖe si ƒo eɖokui ɖe dzidzɔdonameɖokuinu aɖe me ale gbegbe be wòva wɔ nu gbegblẽ aɖe si mebui kpɔ be yeate ŋu awɔ o la ŋu kpɔ. (Rom. 7:15) Nu kae kplɔe de nɔnɔme wɔnublanui sia me? Anɔ eme be amea nɔ toku dom Yehowa ƒe gbe vivivi. Ate ŋu anye be mete ŋu de dzesi nu siwo ɖee fia be nane nɔ gbegblẽm le eƒe dzi ŋu o, alo eɖoe koŋ ŋe aɖaba ƒu wo dzi. Ðewohĩ edzudzɔ gbedodoɖa, megadea gbeadzi edzidzi o, alo edaa kpekpeawo ƒuna. Mlɔeba la, mete ŋu ɖu eƒe dzodzrowo dzi o si na wòwɔ nu si eya ŋutɔ nya be menyo o. Gake míate ŋu aƒo asa na vodada gã mawo wɔwɔ ne míele ŋudzɔ ɖe dzesi siwo afia be nane le gbegblẽm le mía ŋu la ŋu heɖɔ wo ɖo enumake. Ne míeyi edzi ɖo to Yehowa ƒe gbe la, míaɖe mɔ ɖe xɔsegbela aɖeke ƒe nyawo ŋu o.Lod. 11:9.

9. Nu ka tae wòle vevie be míade dzesi dzodzro vɔ̃ siwo le mía me la kaba?

9 Ne wokpɔ dɔ si lém ame aɖe le kaba la, woate ŋu ada dɔa nɛ. Nenema kee míate ŋu aƒo asa na afɔkuwo ne míede dzesi dzodzro vɔ̃ siwo ate ŋu akplɔ mí ade tetekpɔ me la kaba. Ne míede dzesi dzodzro vɔ̃ mawo ko la, nunya anɔ eme be míaɖe afɔ kaba hafi ‘Satana nava lé mí agbagbee míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.’ (2 Tim. 2:26.) Nu kae míawɔ ne míede dzesii be míaƒe susuwo kple didiwo mesɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu o? Ele be míatrɔ ɖe Yehowa ŋu enumake, míaxɔ eƒe mɔfiafia, eye míawɔ edzi bliboe. (Yes. 44:22) Ele be míanyae be ne míewɔ nyametsotso si mesɔ o la, emetsonuwo ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu vevie fifia, ne míegatrɔ va Yehowa gbɔ gɔ̃ hã. Aleke gbegbe wòanyo wue nye esi be míaɖoe kplikpaa be míagate ɖa le Yehowa ŋu o!

Aleke nu siwo ana míasẽ ŋu le gbɔgbɔ me la ate ŋu ana míaƒo asa na Satana ƒe mɔ̃tetrewo? (Kpɔ memama 4-9)

ƑO ASA NA DADA KPLE ŊUKEKLẼ

10, 11. (a) Aleke dadala wɔa nui? (b) Nu kae míesrɔ̃ tso Korax, Datan kple Abiram ƒe nuwɔna me?

10 Ele be míanyae be míaƒe dzi ate ŋu akplɔ mí atrae. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le ŋusẽ gã si dada kple ŋukeklẽ ate ŋu akpɔ ɖe mía dzi la ŋu kpɔ. Nɔnɔme siawo ate ŋu awɔe be míagava nɔ to ɖom Yehowa o, eye wòate ŋu akplɔ mí ade afɔku me. Dadala bua eɖokui be yenyo wu ame bubuwo. Esusuna be yeate ŋu awɔ nu sia nu si dze ye ŋu eye be ame aɖeke mate ŋu aɖo nu na ye o. Eya ta ate ŋu agbe mɔfiame xɔxɔ tso hati Kristotɔwo, hamemetsitsiwo alo Mawu ƒe habɔbɔa gɔ̃ hã gbɔ. Esia ate ŋu ana wòate ɖe aga tso Yehowa gbɔ ale gbegbe be Yehowa ƒe gbe magaɖi nyuie le eƒe to me o.

11 Esime Israel viwo nɔ mɔ zɔm le gbedzi la, Korax, Datan kple Abiram dze aglã ɖe Mose kple Aron ŋu. Dada wɔe be aglãdzela mawo tiae be yewoade ta agu na Yehowa ale si yewodii. Nu kae Yehowa wɔ? Etsrɔ̃ wo. (4 Mose 26:8-10) Nufiame vevi aɖe le ŋutinya sia me na mí! Aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu hea afɔku vanɛ. Mina míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be “dada doa ŋgɔ na gbegblẽ.”Lod. 16:18; Yes. 13:11.

12, 13. (a) Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖe ale si ŋukeklẽ ate ŋu akplɔ ame ade afɔku me fia. (b) Ðe ale si ŋukeklẽ ate ŋu ava xɔ aƒe ɖe ame me ne womeɖu edzi o me.

12 Afɔku le ŋukeklẽ hã me. Zi geɖe la, ŋuklẽla susuna be Yehowa ƒe sewo mebla ye o eye wòwɔa nu si mesɔ be wòawɔ o. Esi nyagblɔɖila Elisa da Siriatɔwo ƒe asrafomegã Naeman ƒe kpodɔa nɛ la, ena nunana aɖewo Elisa, gake egbe wo xɔxɔ. Ke hã nunana mawo biã ŋu na Elisa ƒe subɔvi Gexazi. Gexazi gblɔ na eɖokui be: “Meta Yehowa ƒe agbe: Ne nyemaƒu du adze [Naeman yome] aɖaxɔ nane le esi o fĩ!” Eto Elisa megbe ƒu du dze Naeman yome yi ɖaxɔ “klosalo talento ɖeka kple awu eve.” Nu kae dzɔ ɖe Gexazi dzi le esi wòwɔ nu sia heda alakpa na Yehowa ƒe nyagblɔɖila? Enumake ŋuklẽla sia dze anyidɔ!2 Fia. 5:20-27.

13 Ŋukeklẽ dzea egɔme vivivi, gake ne míeɖu edzi o la, ate ŋu ava xɔ aƒe ɖe mía me. Biblia ŋutinya si ku ɖe Axan ŋu la ɖo kpe nu si gbegbe ŋukeklẽ hena vɛ dzi. De dzesi ale si ŋukeklẽ si nɔ Axan me la tsi kabakabae. Egblɔ be: “Mekpɔ Sinear-tɔwo ƒe awu ʋlaya nyui aɖe kple klosalo sekel alafa eve kpakple sikakpɔti ɖeka, si ƒe kpekpeme le sekel blaatɔ̃ la le aboyonuawo dome, wobiã ŋu nam, eye metsɔ wo.” Le esi teƒe be Axan naɖu dzodzro vɔ̃a dzi la, nuawo biã ŋu nɛ wòfi wo yi ɖaɣla ɖe eƒe agbadɔ me. Esi Axan ƒe nu vɔ̃a va dze gaglã la, Yosua gblɔ nɛ be Yehowa ahe vɔ̃ ava edzi. Woƒu kpe Axan kple eƒe ƒomea woku gbe ma gbe. (Yos. 7:11, 21, 24, 25) Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu azu ŋuklẽla abe Axan ene. Eya ta mina ‘míakpɔ nyuie, eye míanɔ ŋudzɔ ɖe ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu.’ (Luka 12:15) Togbɔ be susu vɔ̃wo ate ŋu ava míaƒe tame ɣeaɖewoɣi hã la, ele vevie be míakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusuwo dzi eye míagaɖe mɔ míaƒe dzodzrowo nakplɔ mí ade nu vɔ̃ me o.Mixlẽ Yakobo 1:14, 15.

14. Nu kae wòle be míawɔ ne míede dzesi dada alo ŋukeklẽ aɖe le mía me?

14 Edze ƒãa be dada kple ŋukeklẽ ate ŋu akplɔ ame ade afɔku me. Ne míebu nu si ate ŋu ado tso nu gbegblẽ aɖe wɔwɔ me ŋu la, akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na nu mawo wɔwɔ ale be míayi edzi aɖo to Yehowa ƒe gbe. (5 Mose 32:29) Le Biblia me la, menye ɖeko Mawu vavã la fiaa mɔ nyuitɔ mí ko o, ke egblɔ viɖe siwo ado tso eme ne míeɖo to, kple nu siwo ado tso eme ne míegbe toɖoɖo. Ne míaƒe dzi ble mí be míawɔ nu gbegblẽ aɖe le dada alo ŋukeklẽ ta la, nunya anɔ eme be míade ŋugble le emetsonuwo ŋu vevie! Ele be míabu ale si nu gbegblẽ wɔwɔa agblẽ nu le míawo ŋutɔwo, míaƒe lɔlɔ̃tɔwo kple vevietɔ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋu la ŋu.

YI EDZI NÀNƆ DZE ÐOM KPLE YEHOWA

15. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ?

15 Yehowa dia míaƒe nyonyo. (Ps. 1:1-3) Enaa mɔfiame mí ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Mixlẽ Hebritɔwo 4:16.) Togbɔ be Yesu de blibo hã la, eɖoa dze kple Yehowa eye wòdoa gbe ɖa nɛ madzudzɔmadzudzɔe. Yehowa kpe ɖe Yesu ŋu hefia mɔe le mɔ wɔnukuwo nu. Edɔ mawudɔlawo wova na kpekpeɖeŋui, etsɔ Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽe, eye wòfia mɔe le eƒe apostolo 12-awo tiatia me. Yehowa ƒe gbe ɖi tso dziƒo gɔ̃ hã esi wògblɔ be yekpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ŋu. (Mat. 3:17; 17:5; Marko 1:12, 13; Luka 6:12, 13; Yoh. 12:28) Abe Yesu ene la, ehiã be míado gbe ɖa na Mawu ɣesiaɣi tso dzi me. (Ps. 62:8, 9; Heb. 5:7) Gbedodoɖa alea ate ŋu ate mí ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli eye míayi edzi anɔ agbe si ade bubu eŋu.

16. Nu kae míawɔ be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu míayi edzi aɖo to eƒe gbe?

16 Togbɔ be Yehowa naa mɔfiamewo mí ɣesiaɣi hã la, mezia ame aɖeke dzi be wòawɔ ɖe wo dzi o. Ele be míanɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea biam be wòakpe ɖe mía ŋu, eye ana mí le agbɔsɔsɔ me. (Mixlẽ Luka 11:10-13.) Gake ele vevie be ‘míalé ŋku ɖe ale si míeɖoa toe ŋu nyuie.’ (Luka 8:18) Le kpɔɖeŋu me, anye alakpanuwɔwɔ ne míele Yehowa biam be wòakpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na matrewɔwɔ alo ahasiwɔwɔ evɔ míayi edzi anɔ amamaɖeɖenuwɔnawo alo anɔ film siwo me agbe ƒaƒã nɔnɔ bɔ ɖo la kpɔm. Ehiã be míanɔ teƒe siwo Yehowa ƒe gbɔgbɔ le eye míaƒo asa na nɔnɔme siwo awɔe be eƒe gbɔgbɔa nadzo le mía dzi. Míenyae be eƒe gbɔgbɔa nɔa hamea ƒe kpekpewo me. Yehowa subɔla geɖe ƒo asa na afɔku esi woɖo to Yehowa le kpekpewo me ta. Esia na wova de dzesi dzodzro vɔ̃ siwo le woƒe dzi me eye wowɔ tɔtrɔwo.Ps. 73:12-17; 143:10.

YI EDZI NÀNƆ TO LÉM ÐE YEHOWA ƑE GBE ŊU

17. Nu ka tae afɔku le eme be míaɖo ŋu ɖe mía ɖokuiwo ŋu?

17 Bu blema Israel Fia David ŋu kpɔ. Esi wònye ŋutsuvi dzaa ko la, eɖu Filistitɔ ame dzɔtsu Goliat dzi. David va zu asrafo, fia, ametakpɔla kple nyametsola na dukɔa. Gake esi David ɖo ŋu ɖe eɖokui ŋu la, eƒe dzi blee wòwɔ nu vɔ̃ gã kple Bat-Seba, eye wòna wowu Bat-Seba srɔ̃ Uriya gɔ̃ hã. Gake esi Yehowa ɖɔ David ɖo la, ebɔbɔ eɖokui lɔ̃ ɖe eƒe vodadawo dzi eye esia na wògava nɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa.Ps. 51:6, 8, 12, 13.

18. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi aɖo to Yehowa ƒe gbe?

18 Mina míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le 1 Korintotɔwo 10:12 dzi, eye míagaka ɖe mía ɖokuiwo dzi fũu akpa o. Esi wònye be míate ŋu ‘afia mɔ mía ɖokuiwo o’ ta la, ele be míatiae be míaɖo to Yehowa loo alo aɖo to eƒe Futɔ Satana. (Yer. 10:23) Neva eme be míanɔ gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe, míaɖe mɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔa nafia mɔ mí, eye míaɖo to Yehowa ƒe gbe ɣesiaɣi.