Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Trɔ Gbɔ Va Ne Nàdo Ŋusẽ Nɔviwòwo’

‘Trɔ Gbɔ Va Ne Nàdo Ŋusẽ Nɔviwòwo’

PETRO yi ɖafa avi vevie esime wògbe nu le Yesu gbɔ. Togbɔ be ele be apostoloa naʋli vevie agali ke le gbɔgbɔ me hã la, Yesu di be yeazãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu. Eya ta Yesu gblɔ nɛ be: “Wò la, ne ètrɔ gbɔ ko la, do ŋusẽ nɔviwòwo.” (Luka 22:32, 54-62) Petro wɔ ŋgɔyiyi heva zu ƒe alafa gbãtɔ me Kristo hamea ƒe sɔtiwo dometɔ ɖeka. (Gal. 2:9) Egbea hã nɔviŋutsu siwo nye hamemetsitsiwo kpɔ va yi la agate ŋu atsɔ agbanɔamedzi ma ake ahakpɔ dzidzɔ le ŋusẽdodo haxɔsetɔwo me.

Woxɔ dɔ le nɔvi aɖewo siwo nye hamemetsitsiwo tsã la si, eye esia ate ŋu ana woase le wo ɖokuiwo me be yewodo kpo nu. Julio, * si nye hamemetsitsi tsã le Bolivia ƒe 20 sɔŋ la gblɔ be: “Nuƒowo dzadzraɖo, nɔviwo sasrãkpɔ, kple alẽwo kpɔkplɔ dɔa xɔ akpa vevi aɖe le nye agbe me! Gbe ɖeka mɔnukpɔkpɔ mawo katã nu yi, si na mese le ɖokuinye me be naneke wɔwɔ megale ŋunye o. Magblɔ be esia na metɔtɔ ale gbegbe.” Egbea wogaɖo Julio hamemetsitsi ake.

“MIBUI DZIDZƆ SƆŊ”

Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Nɔvinyewo, ne miedo go tetekpɔ vovovowo la, mibui dzidzɔ sɔŋ.” (Yak. 1:2) Yakobo nɔ nu ƒom tso tetekpɔ siwo vaa mía dzi le yometiti kple míawo ŋutɔwo míaƒe blibomademade ta ŋuti. Eyɔ ame ŋutɔ ƒe nudzodzrowo, nuwɔwɔ ameŋkumekpɔkpɔtɔe kple bubuawo. (Yak. 1:14; 2:1; 4:1, 2, 11) Ne Yehowa he to na mí la, míate ŋu axa nu vevie. (Heb. 12:11) Gake mele be tetekpɔ mawo natsi míaƒe dzidzɔ nu o.

Ne edzɔ be woxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe le mía si le hamea me la, míagate ŋu alé ŋku ɖe míaƒe xɔse ƒe nyonyome ŋu ahawɔ nu siwo aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa. Míate ŋu ade ŋugble le susu si tae míesubɔ mía nɔviwo tsã la ŋu. Ðe míeminya mɔnukpɔkpɔ ma le míawo ŋutɔwo ƒe viɖe ta loo, alo le esi míelɔ̃ Mawu heka ɖe edzi bliboe be etɔe hamea nye eye alẽha la hiã beléle tɔxɛ taa? (Dɔw. 20:28-30) Nɔviŋutsu siwo nye hamemetsitsiwo tsã, siwo yi edzi le subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe, la ɖoa kpe edzi na amewo katã, na Satana hã, be lɔlɔ̃ vavãe le yewo si na Yehowa.

Esi wohe to na Fia David ɖe nu vɔ̃ gã si wòwɔ ta la, elɔ̃ faa xɔ mokanamea, eye wotsɔe kee. David dzi ha be: “Woayra ame si wotsɔ eƒe dzidadawo kee, ame si ƒe nu vɔ̃wo dzi wotsyɔ nui. Woayra ame si Yehowa mebu vodada na o, eye eƒe gbɔgbɔ me la alakpa aɖeke meli o.” (Ps. 32:1, 2) Mokanamea ɖɔ David ƒe nɔnɔme ɖo, eye ɖikeke mele eme o be ena wòkplɔ Mawu ƒe amewo nyuie wu tsã.

Zi geɖe la, nɔviŋutsu siwo gazu hamemetsitsiwo ake la va zua alẽkplɔla nyuiwo wu tsã. Hamemetsitsi aɖe gblɔ be: “Fifia menya ale si malé be na nɔvi siwo wɔ vodada la nyuie wu.” Hamemetsitsi bubu gblɔ be: “Medea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su asinye be masubɔ nɔviawo la ŋu fifia wu tsã.”

ÀTE ŊU AGASUBƆA?

Hakpalaa gblɔ be, ‘Yehowa menɔa vodada dim le ame ŋu ɖaa o.’ (Ps. 103:9) Eya ta mele be míasusui be Mawu magaka ɖe ame si wɔ vodada gã va yi la dzi akpɔ o. Ricardo, si subɔ tsã abe hamemetsitsi ene ƒe geɖe la gblɔ be: “Mebu fɔ ɖokuinye vevie ɖe nye ŋutɔ nye vodada ta ƒe geɖe. Menɔ sesem le ɖokuinye me ɣeyiɣi didi aɖe be nyemedze o, eye esia nɔ mɔ xem nam be magasubɔ nɔvinyewo ake o. Mesusui be nyemagate ŋu ana amewo naka ɖe dzinye o. Gake esi kpekpe ɖe amewo ŋu dzɔa dzi nam ta la, metea ŋu wɔa Biblia nusɔsrɔ̃wo, dea dzi ƒo na nɔviwo le Fiaɖuƒe Akpata me hewɔa dɔ kpli wo le gbeadzi. Esiae kpe ɖe ŋunye kakaɖedzi gasu asinye, eye fifia megazu hamemetsitsi.”

Yehowa kpe ɖe nɔvi geɖe ŋu dzo gaɖo wo me be woaxɔ ŋgɔ le hamea me eye wole dzidzɔ geɖe kpɔm

Dzikuléleɖedɔme ate ŋu axe mɔ na nɔvi aɖe be magava zu hamemetsitsi ake o. Aleke gbegbe wòanyo wue nye esi be míanɔ abe Yehowa subɔla David ene, ame si wòle na be wòasi le Fia Saul ŋuʋãla la nu! David mebia hlɔ̃ na eɖokui o, togbɔ be mɔnukpɔkpɔwo su esi be wòaɖo eteƒe na Saul hã. (1 Sam. 24:5-8; 26:8-12) Esi Saul ku le aʋagbedzi la, David xa nu ale gbegbe, eye wòyɔ eya kple via Yonatan be wonye ‘ame malɔ̃nugbɔawo.’ (2 Sam. 1:21-23) Ɛ̃, David melé dziku ɖe dɔme o.

Ðe wòwɔna na wò be hamemetsitsiwo mese nu gɔme na ye o, alo womewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie oa? Mègana esia naxɔ susu me na wò eye nàlé dziku ɖe dɔme o. Le kpɔɖeŋu me, William nye hamemetsitsi ƒe 30 sɔŋ le Britain. Esi woxɔ dɔ le esi la, edo dziku ɖe hamemetsitsiawo dometɔ aɖewo ŋu vevie. Gake nu kae kpe ɖe William ŋu ale be eƒe dzi fa? Egblɔ be: “Hiob ƒe agbalẽa xexlẽ de dzi ƒo nam geɖe. Ne Yehowa kpe ɖe Hiob ŋu wòwɔ ŋutifafa kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo la, ke akpe ɖe nye hã ŋunye godoo be mawɔ ŋutifafa kple Kristotɔ hamemetsitsiwo!”Hiob 42:7-9.

MAWU YRAA AME SIWO GATRƆ XƆ AGBANƆAMEDZIWO

Ne wò ŋutɔe tiae be yeaɖe asi le Mawu ƒe alẽha la kpɔkplɔ ƒe agbanɔamedzia ŋu la, ke anyo be nàgade ŋugble le susu si tae ŋu. Wò ŋutɔ wò kuxi aɖewoe wu tsɔtsɔ na wòa? Nu bubu aɖewoe va xɔ nɔƒe vevitɔ le wò agbe mea? Nɔvi bubuwo ƒe blibomademadee ɖe dzi le ƒowòa? Nu ka kee wòɖanye o, ɖo ŋku edzi be mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nàkpe ɖe nɔvi geɖe ŋu le mɔ vovovowo nu esime nènye hamemetsitsi. Wò nuƒowo tua wo ɖo, wò kpɔɖeŋu nyui dea dzi ƒo na wo, eye wò sasrãkpɔwo kpena ɖe wo ŋu wodoa dzi le dodokpɔwo me. Dɔ siwo nèwɔ abe hamemetsitsi wɔnuteƒe ene la do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi, eye wòdo dzidzɔ na wò ŋutɔ hã.Lod. 27:11.

Kpɔ gome le subɔsubɔdɔ kɔkɔea me dzidzɔtɔe nàtsɔ aɖee afia be yelɔ̃ Yehowa

Yehowa kpe ɖe nɔvi geɖe ŋu dzo gaɖo wo me be woaxɔ ŋgɔ le hamea me eye wole dzidzɔ geɖe kpɔm. Ne wò ŋutɔe ɖe asi le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔa ŋu alo ɖe woxɔ dɔ le asiwò o, àgate ŋu ‘aminya dzikpɔladɔa’ ake. (1 Tim. 3:1) Paulo ‘medzudzɔ gbedodoɖa’ ɖe Kristotɔ siwo nɔ Kolose ta o. Eƒe didie nye be Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nayɔ wo fũu ale be ‘woazɔ ale si dze Yehowa, bene woadze eŋu bliboe.’ (Kol. 1:9, 10) Ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nàgasubɔ ake abe hamemetsitsi ene la, kpɔ Yehowa sinu be wòana ŋusẽ, dzigbɔɖi, kple dzidzɔ wò. Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, Mawu ƒe amewo hiã gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu tso alẽkplɔla lɔ̃amewo gbɔ vevie. Eya ta ɖe nàgate ŋu asubɔ nɔviwòwo akea, eye ɖe didia le mewò veviea?

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.