Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Yehowa Tena Ðe Mía Ŋu

Ale Si Yehowa Tena Ðe Mía Ŋu

“Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—YAK. 4:8.

1. Didi kae le mí amegbetɔwo me, eye ame kae ate ŋu akpɔ didi sia gbɔ na mí?

AME sia ame dina be yease le ye ɖokui me be ye kple amewo dome le nyuie. Ame siwo míenya nyuie helɔ̃ wo vevie la ŋue míedina be míate ɖo kplikplikpli. Edzɔa dzi na mí ne míekpɔe be míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo lɔ̃ mí vevie, wodea asixɔxɔ mía ŋu hesea nu gɔme na mí. Ke hã, Ame si wòle be mía kplii dome nanɔ kplikplikpli wue nye mía Wɔla Gã la.Nyagb. 12:1.

2. Ŋugbe kae Yehowa do na mí, gake nu ka tae ame geɖe mexɔ ŋugbedodo ma dzi se o?

2 Yehowa de dzi ƒo na mí le eƒe Nya la me be ‘míate ɖe ye ŋu’ eye wòdo ŋugbe be ne míewɔ esia la, ‘ye hã yeate ɖe mía ŋu.’ (Yak. 4:8) Dzidzɔnya kae nye esi! Ke hã, ame aɖewo susui be mesɔ be míaxɔe ase be Mawu di be yeate ɖe mía ŋu o; wosena le wo ɖokui me be yewomedze ate ɖe eŋu o alo be ele adzɔge tso mía gbɔ akpa. Ðe wòanya wɔ be míate ɖe Yehowa ŋu vavã?

3. Nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu ka dzie wòle be míaka ɖo?

3 Nyateƒe lae nye be, Yehowa “mele adzɔge tso mía dometɔ” ɖe sia ɖe si di be yeake ɖe eŋu la gbɔ hafi o; anya wɔ be míadze sii. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 17:26, 27; Psalmo 145:18.) Mía Mawu la ɖoe be ame madeblibowo gɔ̃ hã nate ɖe ye ŋu, eye wòle klalo helɔ̃ faa be yeabu wo ye xɔlɔ̃ veviwoe. (Yes. 41:8; 55:6) Nu siwo me hakpalaa to na wòte ŋu ŋlɔ tso Yehowa ŋu be: “Èɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi. Woayra ame si nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo!” (Ps. 65:3, 5) Mina míakpɔ ale si Yuda Fia Asa te ɖe Yehowa ŋu kple ale si Yehowa hã te ɖe eŋui ɖa le Biblia me. *

NU SI MÍATE ŊU ASRƆ̃ TSO BLEMA KPƆÐEŊU AÐE ME

4. Kpɔɖeŋu kae Fia Asa ɖo ɖi na Yuda dukɔa?

4 Fia Asa tsɔ dzo ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu. Eɖe gbolowɔwɔ kple trɔ̃subɔsubɔ si xɔ aƒe ɖe anyigbaa dzi ɣemaɣi la ɖa. (1 Fia. 15:9-13) Esia ta ete ŋu de dzi ƒo na dukɔ la bena, “woadi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, eye woawɔ eƒe nufiamewo kple eƒe sewo dzi.” Yehowa yra Asa ale be anyigba la kpɔ gbɔdzɔe le eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe ewo gbãtɔawo me. Nu ka gbɔe Asa gblɔ be tomefafa sia tso? Egblɔ na dukɔ la be: “Anyigba la ŋu vo na mí, elabena míedi Yehowa, mía Mawu la; esi míedii la, eya ta wòna gbɔdzɔe mí godoo.” (2 Kron. 13:23–14:6) Mina míakpɔ nu si dzɔ emegbe ɖa.

5. Nudzɔdzɔ kae do Asa ƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu kpɔ, nu kae do tso eme?

5 Tsɔe be wòe nye Asa. Etiopiatɔ (alo, Kusitɔ) Zerax kplɔ ŋutsu 1,000,000 woho aʋa ɖe Yuda ŋu kple tasiaɖam 300. (2 Kron. 14:7-9) Aleke nàwɔ nui ne èkpɔ aʋakɔ nyadri ma le zɔ ɖem gbɔna wò fiaɖuƒea dzi dze ge? Aʋawɔla 580,000 koe le asiwò! Zerax ƒe aʋakɔa nye tɔwòa ƒe teƒe eve kloe; ɖe nàbia ɖokuiwò be, nu ka tae Mawu ɖe mɔ ɖe nu sia ŋua? Ðe nàɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò nunya ŋua? Nu si Asa wɔ la ɖe ale si wòte ɖe Yehowa ŋu kple ale si wòka ɖe edzii la fia. Asa ƒo koko na Yehowa be: “Yehowa, mía Mawu, xɔ na mí, elabena wòe míede mee, eye le wò ŋkɔ me míeho aʋa ɖe ame gbogbo siawo ŋu; Yehowa, wòe nye mía Mawu, eye amegbetɔ aɖeke mate ŋu axe mɔ na wò o.” Aleke Mawu ɖo Asa ƒe kokoƒoƒo si tso dzi blibo me la ŋu? ‘Yehowa si Etiopiatɔwo.’ Futɔ ɖeka hɔ̃ hã metsi agbe le aʋa ma me o!2 Kron. 14:10-12.

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Asa gbɔ?

6 Nu kae na Asa ɖo ŋu ɖe Mawu ƒe mɔfiame kple ametakpɔkpɔ ŋu bliboe? Biblia gblɔ be “Asa wɔ nu si nyo le Yehowa ŋku me,” eye be eƒe “dzi nɔ Yehowa ŋu bliboe.” (1 Fia. 15:11, 14) Ele be míawo hã míasubɔ Mawu kple dzi blibo. Esia wɔwɔ le vevie ŋutɔ ne míedi be mía kplii dome nanɔ kplikplikpli fifia kple etsɔme siaa. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be Yehowa wɔ afɔɖeɖea gbã be yeahe mí ɖe ye ɖokui ŋu eye be yeakpe ɖe mía ŋu ƒomedodo nyui nanɔ mía kplii dome! Mina míabu mɔ eve siwo dzi Mawu to wɔ esiae la ŋu kpɔ.

YEHOWA HE MÍ ÐE EÐOKUI ŊU TO YESU ƑE VƆSAA DZI

7. (a) Nu kawoe Yehowa wɔ tsɔ te mí ɖe eɖokui ŋu? (b) Mɔ vevitɔ ka dzie Mawu to te mí ɖe eɖokui ŋu?

7 Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ amegbetɔƒomea esi wòwɔ anyigba nyui sia na mí. Eyi edzi le lɔlɔ̃ ɖem fia mí esi wònaa míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo mí tsɔ léa míaƒe agbe ɖe te. (Dɔw. 17:28; Nyaɖ. 4:11) Esi gale vevie wue nye be, Yehowa kpɔa míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na mí. (Luka 12:42) Eka ɖe edzi na mí be ne míedo gbe ɖa na ye la, yeasee. (1 Yoh. 5:14) Ke hã, mɔ vevitɔ si dzi Mawu to te mí ɖe eɖokui ŋu eye míawo hã míete ɖe eŋu lae nye ale si wòɖe lɔlɔ̃ fia mí to tafe ƒe ɖoɖo si wòwɔ la dzi. (Mixlẽ 1 Yohanes 4:9, 10, 19.) Yehowa dɔ eƒe “Tenuvi la” ɖa ale be wòaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me.Yoh. 3:16.

8, 9. Akpa kae Yesu wɔna le Yehowa ƒe tameɖoɖo me?

8 Yehowa wɔ Kristo ƒe vɔsa la ƒe viɖe ŋu dɔ na ame siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristo la gɔ̃ hã. Tso esime Yehowa do Ðela si ava ƒe ŋugbe ko la, le Mawu ƒe susu nu la, ɖeko wòle abe ɖe woxe tafea xoxo ene, elabena enyae be yeƒe tameɖoɖo mado kpo emevava o. (1 Mose 3:15) Ƒe alafa aɖewo megbe la, apostolo Paulo da akpe ɖe ale si Mawu to “tafe si Kristo Yesu xe dzi na ablɔɖe” mí la ta. Paulo gblɔ kpee be, Mawu tsɔ “nu vɔ̃ siwo wowɔ tsã, esime Mawu nɔ dzi gbɔm ɖi la, nɔ kekem.” (Rom. 3:21-26) Eya ta míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu Yesu manɔmee o!

9 Yesu dzi koe ɖokuibɔbɔlawo ato ava nya Yehowa eye wo kplii dome nanɔ kplikplikpli. Aleke Ŋɔŋlɔawo te gbe ɖe nyateƒenya sia dzi? Paulo gblɔ be: “Gake Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ na mí fia le esia me be, esime míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Rom. 5:6-8) Menye esi míedze na Yesu ƒe vɔsa la tae wòva ku ɖe mía ta o, ke boŋ esi wolɔ̃ mí tae. Yesu gblɔ be: ‘Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo la hee vɛ.’ Ɣebubuɣi la, egagblɔ be: “Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yoh. 6:44; 14:6) Gbɔgbɔ kɔkɔea ye Yehowa zãna tsɔ hea amewo ɖe eɖokui ŋu to Yesu dzi, eye wòkpena ɖe wo ŋu ƒomedodo nɔa wo kplii dome be woayi edzi anɔ Eƒe lɔlɔ̃ la me be woakpɔ agbe mavɔ. (Mixlẽ Yuda 20, 21.) Mina míagakpɔ mɔ bubu si dzi Yehowa tona hea mí ɖe eɖokui ŋu la ɖa.

YEHOWA HEA MÍ ÐE EÐOKUI ŊU TO BIBLIA DZI

10. Aleke Biblia la kpena ɖe mía ŋu míetena ɖe Mawu ŋui?

10 Va se ɖe afi sia la, míeyɔ mawunyakpukpuiwo tso Biblia-gbalẽ vovovo 14 me. Biblia manɔmee la, aleke míawɔ anya be míate ŋu ate ɖe mía Wɔla la ŋu? Ne ɖe Biblia mele mía si o la, aleke míawɔ anya nu tso tafea kple ale si Yehowa he mí ɖe eɖokui ŋu to Yesu dzi la ŋu? Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ ʋã amewo woŋlɔ Biblia la si ɖe eƒe nɔnɔme nyoameŋuwo kple eƒe tameɖoɖo na amegbetɔwo fia mí. Le kpɔɖeŋu me, le 2 Mose 34:6, 7 la, Yehowa ɖɔ eɖokui na Mose be yenye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, ame si gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, ame si dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada, kple nu vɔ̃ kena.” Ame kae madi be yeate ɖe ame ma ƒomevi ŋu o? Yehowa nyae be zi ale si míele nu srɔ̃m tso ye ŋu le Biblia me la, zi nenemae yeanye ame ŋutɔŋutɔ na mí eye zi nenemae míase le mía ɖokui me be mía kplii dome le nyuie.

11. Nu ka tae wòle be míaku kutri asrɔ̃ nu tso Mawu ƒe nɔnɔme nyuiwo kple eƒe mɔwo ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

11 Esi wonɔ ale si míawɔ ate ɖe Mawu ŋu me ɖem le Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa me la, ŋgɔdonya la gblɔ be: “Le xɔlɔ̃wɔwɔ ɖe sia ɖe me la, amea nyanya, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe nɔnɔme tɔxɛwo ŋu kple asixɔxɔ dede wo ŋu dzie ƒomedodoa nɔa te ɖo. Eya ta Mawu ƒe nɔnɔmewo kple ale si wòwɔa nui, siwo woɖe fia le Biblia me, nye nu vevi siwo ŋu wòle be míasrɔ̃ nu tsoe.” Míedaa akpe na Yehowa be ena woŋlɔ eƒe Nya la le mɔ si nu mí amegbetɔwo míate ŋu ase egɔme le!

12. Nu ka tae Yehowa zã amegbetɔwo woŋlɔ Biblia?

12 Yehowa ate ŋu ana mawudɔlawo naŋlɔ Biblia hafi. Ne èbu eŋu kpɔ la, wolɔ̃ mí vevie eye wotsɔ ɖe le nu siwo míewɔna me. (1 Pet. 1:12) Ðikeke mele eme o be mawudɔlawo ate ŋu aŋlɔ Mawu ƒe gbedeasia hafi. Gake ɖe woate ŋu abu nuwo ŋu abe ale si amegbetɔwo bua nuwo ŋui enea? Ðe woate ŋu ase míaƒe nuhiahiãwo, gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple didiwo gɔmea? Kura o. Yehowa nya be womate ŋui o. Esi Yehowa na amegbetɔwo ŋlɔ Biblia la, ena be emenyawo wɔa dɔ ɖe mía dzi wu. Míate ŋu ase Biblia ŋlɔlawo kple ame siwo ŋkɔ woyɔ le Ŋɔŋlɔawo me la ƒe seselelãmewo kple tamebubuwo gɔme. Míate ŋu ase woƒe mɔkpɔkpɔbuɖeame, ɖikekewo, vɔvɔ̃wo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo gɔme, eye nenema kee míate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo na wokpɔ dzidzɔ la ta. Abe nyagblɔɖila Eliya ene la, Biblia ŋlɔlawo katã ƒe “seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo.”Yak. 5:17.

Aleke ale si Yehowa wɔ nu ɖe Yona kple Petro ŋu la te wò ɖe Eyama ŋui? (Kpɔ memama 13, 15)

13. Aleke Yona ƒe gbedodoɖaa na nèse le ɖokuiwò me?

13 Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu de dɔ vevi aɖe asi na Yona la, esi dzo. Ne mawudɔlae aŋlɔ ŋutinya sia la, ɖe wòate ŋu aɖe Yona ƒe seselelãmewo afia nyuiea? Ðe menyo ŋutɔ be Yehowa na Yona ŋutɔ ŋlɔ eƒe ŋutinya la kple gbe si wòdo ɖa na Yehowa vevie tso dzi me le atsiaƒu titina la oa? Yona gblɔ be: “Esi nu te nye luʋɔ ŋu le menye la, meɖo ŋku Yehowa dzi.”Yona 1:3, 10; 2:2-10.

14. Nu ka tae míate ŋu ase nya siwo Yesaya ŋlɔ tso eɖokui ŋu la gɔme?

14 Bu nu si Yehowa na Yesaya ŋlɔ tso eya ŋutɔ ɖokui ŋu la hã ŋu kpɔ. Esi nyagblɔɖila la kpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le ŋutega me la, ekpɔ ale si gbegbe wònye nu vɔ̃ mee la dze sii eye wògblɔ be: “Alele, evɔ nam! Elabena ame nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome; elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.” (Yes. 6:5) Ðe mawudɔla aɖe ate ŋu agblɔ nya mawo tso eɖokui ŋua? Ao, gake Yesaya te ŋu gblɔe, eye míate ŋu ase eƒe seselelãmea gɔme.

15, 16. (a) Nu ka tae míate ŋu ase ame bubuwo ƒe seselelãmewo gɔme? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu?

15 Ðe mawudɔla ate ŋu agblɔ be ‘yemedze o’ abe ale si Yakob gblɔe enea, alo agblɔ be “nu vɔ̃ wɔla” yenye abe ale si Petro se le eɖokui me enea? (1 Mose 32:11; Luka 5:8) “Vɔvɔ̃” maɖo mawudɔlawo abe ale si wòdzɔ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dzi ene o, alo mawudɔla dzɔdzɔeawo mado go tsitretsiɖeŋu si tae wòava hiã be ‘dzi naɖo’ wo ƒo hafi woagblɔ nya nyuia abe ale si wònɔ le Paulo kple ame bubuwo gome ene o. (Yoh. 6:19; 1 Tes. 2:2) Nu si tae nye be, mawudɔlawo de blibo le go sia go me eye wotri akɔ wu amegbetɔwo. Gake ne amegbetɔ madeblibowo ɖe woƒe seselelãmewo gblɔ alea la, míesea egɔme enumake elabena amegbetɔ ko míawo hã míenye. Ne míele Mawu ƒe Nya la xlẽm la, ‘míekpɔa dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm; míefaa avi kple ame siwo le avi fam.’Rom. 12:15.

16 Ne míede ŋugble le nu si Biblia gblɔ tso ale si Yehowa wɔ nu ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ŋu le blema ŋu la, míasrɔ̃ nu nyui geɖe tso mía Mawu, ame si lɔlɔ̃ ʋã wòte ɖe amegbetɔ madeblibo mawo ŋu dzigbɔɖitɔe la ŋu. Esia awɔe be míava nya Yehowa nyuie eye míalɔ̃e vevie ahate ɖe eŋu kplikplikpli wu.Mixlẽ Psalmo 25:14.

NA MIA KPLE MAWU DOME NANƆ KPLIKPLIKPLI

17. (a) Aɖaŋu nyui kae Azarya ɖo na Asa? (b) Aleke Asa gbe aɖaŋuɖoɖoa dzi wɔwɔ, eye nu kae do tso eme?

17 Esi Fia Asa ɖu Etiopiatɔwo ƒe aʋakɔa dzi megbe la, Mawu ƒe nyagblɔɖila Azarya ɖo aɖaŋu aɖewo na eya kple eteviwo. Azarya gblɔ be: “Yehowa nɔ kpli mi, elabena mienɔ eŋu. Ne miedii la, ana be, miakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.” (2 Kron. 15:1, 2) Gake le ƒe aɖewo megbe la, Asa mewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui ma dzi o. Esi Israel ƒe dziehe to-ewo-fiaɖuƒea ho aʋa ɖe wo ŋu la, Asa di kpekpeɖeŋu tso Siriatɔwo gbɔ. Le esi teƒe be wòagayɔ Yehowa ake hena kpekpeɖeŋu la, ebla nu kple trɔ̃subɔlawo boŋ. Esɔ ŋutɔ be Yehowa gblɔ na Asa be: “Èwɔ bometsinu; eya ta tso fifi la aʋa anɔ dowòme.” Nu sia tututue dzɔ ɖe Asa dzi le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe mamlɛawo me. (2 Kron. 16:1-9) Nu kae míesrɔ̃ tso eme?

18, 19. (a) Nu kae wòle be míawɔ ne mía kple Mawu dome megale kplikplikpli abe tsã ene o? (b) Aleke míawɔ ate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli?

18 Mele be míate mía ɖokui ɖa le Yehowa ŋu gbeɖe o. Ne mía kple Yehowa dome megale kplikplikpli abe tsã ene o la, ele be míawɔ nu wòasɔ kple nya si le Hosea 12:7 be: “Trɔ ɖe wò Mawu ŋu; dzra lɔlɔ̃ kple se la ɖo, eye nàɖo dzi ɖe wò Mawu ŋu ɖaa!” Eya ta mina míanɔ ŋugble dem le tafevɔsaa ŋu, anɔ Yehowa ƒe Nya Biblia la srɔ̃m veviedodotɔe, ale be míayi edzi anɔ tetem ɖe eŋu ɖaa.Mixlẽ 5 Mose 13:5.

19 Hakpalaa gblɔ be: “Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ.” (Ps. 73:28) Neva eme be mí katã míayi edzi anɔ nu yeyewo srɔ̃m tso Yehowa ŋu. Esia ana míayi edzi anɔ elɔ̃m geɖe wu. Eye neva eme be Yehowa hã nayi edzi anɔ tetem ɖe mía ŋu tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me!

^ mm. 3 Kpɔ nyati si dze le August 15, 2012, ƒe Gbetakpɔxɔ me ku ɖe Asa ŋu, si ƒe tanyae nye “Fetu Li Na Miaƒe Dɔwɔwɔ La!